Joshua 24 (BOECS)

1 Yosua yɔ Israelviwo katã, woƒe ƒomewo ƒe ametsitsiwo, tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo siaa ƒo ƒu ɖe Sekem le Mawu ŋkume. 2 Yosua gblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la be, ‘Mia tɔgbuiwo, Tera, Abraham kple Nahor fofo wonɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, eye wosubɔ mawu bubuwo. 3 Ke mekplɔ Abraham, mia tɔgbui, tso anyigba ma dzi, na wòtso tɔsisi la, eye mekplɔe va Kanaanyigba dzi. Mena eƒe dzidzimeviwo sɔ gbɔ to via Isak dzi. 4 Isak ƒe vi siwo menae la woe nye, Yakob kple Esau. Metsɔ anyigba si ƒo xlã Seir to la na Esau, ke Yakob kple viawo yi Egipte. 5 “ ‘Meɖo Mose kple Aron ɖa be woahe dɔvɔ̃ dziŋɔwo va Egipte dzi, eye mekplɔ nye ameawo dzoe abe ablɔɖemewo ene. 6 Ke esi woɖo Ƒu Dzĩ la nu la, Egiptetɔwo kplɔ wo ɖo kple tasiaɖamwo kple sɔwo, 7 ale Israelviwo do ɣli yɔm, eye mena viviti do ɖe woawo kple Egiptetɔwo dome. Mena atsiaƒu la ŋe dze Egiptetɔwo dzi, eye wonyrɔ ɖe tsi la me, miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ. Le esia megbe la, Israelviwo nɔ gbegbe la ƒe geɖe. 8 “ ‘Mlɔeba la, mekplɔ mi va Amoritɔwo ƒe anyigba dzi le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa kemɛ. Afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi, ke metsrɔ̃ wo, eye metsɔ woƒe anyigba la na mi. 9 Emegbe la, Fia Balak ho aʋa ɖe Israel ŋu, eye wòbia tso Balaam, Beor ƒe vi, si be wòaƒo fi ade mi, 10 ke nyemeɖo toe o, ke boŋ mena wòyra mi boŋ. Ale meɖe Israel tso eƒe asi me. 11 “ ‘Mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieva Yeriko, afi ma tɔwo wɔ aʋa kpli mi abe ale si Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hititɔwo, Girgasitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo siaa wɔ ene. Wowɔ aʋa kpli mi ɖeka ɖeka, gake metsrɔ̃ wo katã. 12 Meɖo nudzodzoe teamewo ɖe mia ŋgɔ be woanya Amoritɔwo ƒe fia eveawo kple woƒe amewo. Menye miaƒe yiwo alo aŋutrɔwoe he dziɖuɖu vɛ na mi o! 13 Metsɔ anyigba si ŋu mieku kutri le o kple du siwo mietso o, du siwo me miele fifia la na mi. Metsɔ waingblewo kple amitiwo na mi hena miaƒe nuɖuɖu togbɔ be menye miawoe de woƒe agblewo o hã.’ 14 “Eya ta mivɔ̃ Yehowa, eye miasubɔe kple dzi blibo le nyateƒe me. Miɖe asi le mawu siwo mia tɔgbuiwo subɔ esime wonɔ Frat tɔsisi la godo kple Egipte la ŋu. Misubɔ Yehowa ɖeɖe ko. 15 Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!” 16 Ameawo ɖo eŋu be, “Míagblẽ Yehowa ɖi gbeɖe asubɔ mawu bubuwo o, 17 elabena Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe mía fofowo tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi. Eyae nye Mawu si wɔ nukunu gãwo le Israelviwo ŋkume esi míezɔ mɔ to gbedzi, eye wòɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me esi míeto woƒe anyigbawo dzi. 18 Yehowae nya Amoritɔwo kple dukɔ bubu siwo nɔ anyigba sia dzi. Ɛ̃, míetia Yehowa, elabena eya ɖeka koe nye Mawu.” 19 Yosua ɖo eŋu na ameawo be, “Miate ŋu asubɔ Yehowa o, elabena Mawu le kɔkɔe, eye wòʋãa ŋu, matsɔ miaƒe aglãdzedze kple nu vɔ̃wo ake mi o. 20 Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, atso ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi togbɔ be ekpɔ mia dzi ɣeyiɣi didi sia hã.” 21 Ameawo ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Yehowa ko miasubɔ.” 22 Yosua yi edzi be, “Miawo ŋutɔ miese nu si miegblɔ. Mielɔ̃ be yewoasubɔ Yehowaa?”Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míenye ɖasefowo.” 23 Yosua gblɔ be, “Enyo, ekema miɖe asi le mawu siwo katã le mia si fifia la ŋu, eye miaɖo to Aƒetɔ, Yehowa, Israel ƒe Mawu la.” 24 Ameawo ɖo eŋu na Yosua be, “Ɛ̃, míasubɔ, eye míaɖo to, Yehowa míaƒe Mawu ko!” 25 Ale Yosua bla nu kple wo gbe ma gbe le Sekem, eye wòtsɔ wo de nubabla mavɔ me kple Mawu. 26 Yosua ŋlɔ ameawo ƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe Segbalẽ la me, eye wòmli kpe gã aɖe da ɖe logoti si le Yehowa ƒe Agbadɔ la gbɔ la te abe ŋkuɖodzinu ene. 27 Eye Yosua gblɔ na ameawo katã be, “Kpe sia se nu siwo katã Yehowa gblɔ, eya ta anye ɖasefo atsi tsitre ɖe mia ŋu ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbe dzi o.” 28 Yosua ɖe asi le ameawo ŋu, eye ame sia ame yi eƒe anyigba dzi. 29 Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe ko la, Nun vi Yosua ku. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. 30 Woɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi le Timnat Sera, le Efraim ƒe tonyigba la dzi, le Gaas toawo ƒe anyiehe lɔƒo. 31 Israel subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi bubu siwo kpɔ nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ na Israel teƒe la le woƒe agbenɔɣiwo. 32 Woɖi Yosef ƒe ƒu siwo Israel tsɔ vɛ tso Egiptenyigba dzi la ɖe Sekem, le anyigba si Yakob ƒle le Hamor ƒe viwo si la dzi. Teƒe sia le anyigba si woma na Yosef ƒe viwo la me. 33 Eleazar, Aron ƒe vi hã ku, eye woɖii ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi le Gibea, du si wotsɔ na via Finehas la me.

In Other Versions

Joshua 24 in the ANGEFD

Joshua 24 in the ANTPNG2D

Joshua 24 in the AS21

Joshua 24 in the BAGH

Joshua 24 in the BBPNG

Joshua 24 in the BBT1E

Joshua 24 in the BDS

Joshua 24 in the BEV

Joshua 24 in the BHAD

Joshua 24 in the BIB

Joshua 24 in the BLPT

Joshua 24 in the BNT

Joshua 24 in the BNTABOOT

Joshua 24 in the BNTLV

Joshua 24 in the BOATCB

Joshua 24 in the BOATCB2

Joshua 24 in the BOBCV

Joshua 24 in the BOCNT

Joshua 24 in the BOGWICC

Joshua 24 in the BOHCB

Joshua 24 in the BOHCV

Joshua 24 in the BOHLNT

Joshua 24 in the BOHNTLTAL

Joshua 24 in the BOICB

Joshua 24 in the BOILNTAP

Joshua 24 in the BOITCV

Joshua 24 in the BOKCV

Joshua 24 in the BOKCV2

Joshua 24 in the BOKHWOG

Joshua 24 in the BOKSSV

Joshua 24 in the BOLCB

Joshua 24 in the BOLCB2

Joshua 24 in the BOMCV

Joshua 24 in the BONAV

Joshua 24 in the BONCB

Joshua 24 in the BONLT

Joshua 24 in the BONUT2

Joshua 24 in the BOPLNT

Joshua 24 in the BOSCB

Joshua 24 in the BOSNC

Joshua 24 in the BOTLNT

Joshua 24 in the BOVCB

Joshua 24 in the BOYCB

Joshua 24 in the BPBB

Joshua 24 in the BPH

Joshua 24 in the BSB

Joshua 24 in the CCB

Joshua 24 in the CUV

Joshua 24 in the CUVS

Joshua 24 in the DBT

Joshua 24 in the DGDNT

Joshua 24 in the DHNT

Joshua 24 in the DNT

Joshua 24 in the ELBE

Joshua 24 in the EMTV

Joshua 24 in the ESV

Joshua 24 in the FBV

Joshua 24 in the FEB

Joshua 24 in the GGMNT

Joshua 24 in the GNT

Joshua 24 in the HARY

Joshua 24 in the HNT

Joshua 24 in the IRVA

Joshua 24 in the IRVB

Joshua 24 in the IRVG

Joshua 24 in the IRVH

Joshua 24 in the IRVK

Joshua 24 in the IRVM

Joshua 24 in the IRVM2

Joshua 24 in the IRVO

Joshua 24 in the IRVP

Joshua 24 in the IRVT

Joshua 24 in the IRVT2

Joshua 24 in the IRVU

Joshua 24 in the ISVN

Joshua 24 in the JSNT

Joshua 24 in the KAPI

Joshua 24 in the KBT1ETNIK

Joshua 24 in the KBV

Joshua 24 in the KJV

Joshua 24 in the KNFD

Joshua 24 in the LBA

Joshua 24 in the LBLA

Joshua 24 in the LNT

Joshua 24 in the LSV

Joshua 24 in the MAAL

Joshua 24 in the MBV

Joshua 24 in the MBV2

Joshua 24 in the MHNT

Joshua 24 in the MKNFD

Joshua 24 in the MNG

Joshua 24 in the MNT

Joshua 24 in the MNT2

Joshua 24 in the MRS1T

Joshua 24 in the NAA

Joshua 24 in the NASB

Joshua 24 in the NBLA

Joshua 24 in the NBS

Joshua 24 in the NBVTP

Joshua 24 in the NET2

Joshua 24 in the NIV11

Joshua 24 in the NNT

Joshua 24 in the NNT2

Joshua 24 in the NNT3

Joshua 24 in the PDDPT

Joshua 24 in the PFNT

Joshua 24 in the RMNT

Joshua 24 in the SBIAS

Joshua 24 in the SBIBS

Joshua 24 in the SBIBS2

Joshua 24 in the SBICS

Joshua 24 in the SBIDS

Joshua 24 in the SBIGS

Joshua 24 in the SBIHS

Joshua 24 in the SBIIS

Joshua 24 in the SBIIS2

Joshua 24 in the SBIIS3

Joshua 24 in the SBIKS

Joshua 24 in the SBIKS2

Joshua 24 in the SBIMS

Joshua 24 in the SBIOS

Joshua 24 in the SBIPS

Joshua 24 in the SBISS

Joshua 24 in the SBITS

Joshua 24 in the SBITS2

Joshua 24 in the SBITS3

Joshua 24 in the SBITS4

Joshua 24 in the SBIUS

Joshua 24 in the SBIVS

Joshua 24 in the SBT

Joshua 24 in the SBT1E

Joshua 24 in the SCHL

Joshua 24 in the SNT

Joshua 24 in the SUSU

Joshua 24 in the SUSU2

Joshua 24 in the SYNO

Joshua 24 in the TBIAOTANT

Joshua 24 in the TBT1E

Joshua 24 in the TBT1E2

Joshua 24 in the TFTIP

Joshua 24 in the TFTU

Joshua 24 in the TGNTATF3T

Joshua 24 in the THAI

Joshua 24 in the TNFD

Joshua 24 in the TNT

Joshua 24 in the TNTIK

Joshua 24 in the TNTIL

Joshua 24 in the TNTIN

Joshua 24 in the TNTIP

Joshua 24 in the TNTIZ

Joshua 24 in the TOMA

Joshua 24 in the TTENT

Joshua 24 in the UBG

Joshua 24 in the UGV

Joshua 24 in the UGV2

Joshua 24 in the UGV3

Joshua 24 in the VBL

Joshua 24 in the VDCC

Joshua 24 in the YALU

Joshua 24 in the YAPE

Joshua 24 in the YBVTP

Joshua 24 in the ZBP