Joshua 6 (BOECS)

1 Wotu Yeriko ƒe agbowo goŋgoŋgoŋ le vɔvɔ̃ na Israelviwo ta, eye womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòado go alo age ɖe eme o. 2 Yehowa gblɔ na Yosua be, “Mieɖu Yerikotɔwo kple woƒe fia kple woƒe aʋawɔla sesẽwo katã dzi xoxo, elabena metsɔ wo de asi na mi! 3 Nu si miawɔe nye, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã Yeriko du la zi ɖeka gbe sia gbe hena ŋkeke ade. 4 Na nunɔla adre ɖe sia ɖe natsɔ lãdzokpẽwo ɖe asi, eye woadze ŋgɔ na nubablaɖaka la. Le ŋkeke adrelia gbe la, wò kple wò aʋawɔlawo katã miazɔ aƒo xlã du la zi adre le esime nunɔlaawo anɔ kpẽawo kum. 5 Ne nunɔlaawo ku kpẽawo zi ɖeka sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe la, ameawo katã nado ɣli sesĩe. Dua ƒe gliwo amu adze anyi ekema miato teƒe sia teƒe age ɖe dua me.” 6 Yosua, Nun ƒe vi, yɔ nunɔlaawo hegblɔ na wo be, “Mikɔ nubablaɖaka la; mia dometɔ adre nakɔ woƒe kpẽwo, eye miadze Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ.” 7 Ale wòɖe gbe na ameawo be, “Mizɔ yi ŋgɔ! Mizɔ ƒo xlã du la. Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la nedze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la.” 8 Esi Yosua ƒo nu na ameawo vɔ la, nunɔla adre siwo lé kpẽ adre ɖe asi le Yehowa ŋkume la zɔ ɖe ŋgɔgbe henɔ woƒe kpẽawo kum, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la kplɔ wo ɖo. 9 Ame siwo lé aʋawɔnuwo ɖe asi la dze ŋgɔ na nunɔla siwo nɔ kpeawo kum, eye ame mamlɛawo dze nubablaɖaka la yome. Kpẽawo nɔ ɖiɖim esi wonɔ nu siawo katã wɔm. 10 Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Migado aʋaɣli o, migakɔ miaƒe gbewo dzi o, eye migagblɔ nya aɖeke o va se ɖe gbe si gbe magblɔ na mi be mido ɣli, ekema miado ɣli!” 11 Ale wòna wokɔ Yehowa ƒe aɖaka la ƒo xlã du la zi ɖeka. Tete ameawo gbugbɔ yi asaɖa la me, eye wotsi afi ma dɔ. 12 Yosua fɔ ŋdi kanya, nunɔlaawo kɔ nubablaɖaka la, 13 eye nunɔla adre siwo si kpẽawo le la, dze ŋgɔ na Yehowa ƒe nubablaɖaka la, eye wonɔ kpẽawo kum. Aʋawɔla aɖewo dze ŋgɔ na nunɔlaawo, eye mamlɛawo kplɔ nubablaɖaka la ɖo, le esime kpẽawo ganɔ ɖiɖim ko. 14 Ale wozɔ ƒo xlã du la zi ɖeka le ŋkeke evelia gbe, eye wogatrɔ yi asaɖa la me. Wowɔ alea ŋkeke ade. 15 Le ŋkeke adrelia ƒe fɔŋli la, wogadze mɔ, ke azɔ ya la, womegaƒo xlã du la zi ɖeka ko o, ke boŋ woƒo xlãe zi adre. 16 Esi woƒo xlã du la zi adrelia la, nunɔlaawo ku kpẽawo sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe. Yosua ɖe gbe na ameawo be, “Ɣli neɖi! Yehowa tsɔ du sia na mí!” 17 Yosua gblɔ na ameawo do ŋgɔ be, “Miwu ame sia ame negbe Rahab, gbolo la kple ame sia ame si anɔ eƒe aƒe me la ko, elabena exɔ na míaƒe ŋkutsalawo. 18 Migaha naneke o, elabena ele be miatsrɔ̃ nu sia nu gbidigbidi. Ne miewɔ alea o la, dzɔgbevɔ̃e ava Israel dukɔ blibo la dzi. 19 Ke woƒe klosalo kple sika katã kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ la, woakɔ wo ŋu na Yehowa, eya ta mitsɔ wo va de Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la me.” 20 Esi ameawo se kpẽawo ƒe ɖiɖi sesĩe la, wodo ɣli sesĩe abe ale si woate ŋui ene. Tete Yeriko ƒe gliwo mu dze anyi, eye wokaka le wo ŋkume. Israelviwo ge ɖe du la me bibibi to afi sia afi, eye woxɔ du la. 21 Wotsrɔ̃ nu sia nu le dua me, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo, alẽwo kple tedziwo. Wotsrɔ̃ nu sia nu keŋkeŋkeŋ. 22 Yosua gblɔ na ŋkutsala eveawo be, “Miwɔ miaƒe ŋugbedodo dzi. Miyi miaxɔ Rahab, gbolo la kple ame siwo katã le eƒe aƒe me la ɖe agbe.” 23 Ŋkutsalawo yi ɖatu Rahab, eye woxɔe ɖe agbe kpe ɖe fofoa, dadaa, nɔviawo kple ame siwo katã nɔ egbɔ la ŋu. Wona ame siawo nɔ Israelviwo ƒe asaɖa la godo. 24 Wotɔ dzo du la kple nu siwo katã le eme la negbe klosalo kple sika kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ ko wolɔ yi ɖada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe. 25 Ale Yosua na Rahab, gbolo la kple eƒe ƒometɔ siwo nɔ egbɔ le eƒe aƒe me la tsi agbe, eye wotsi Israelviwo dome va se ɖe egbe, elabena Rahab ɣla ŋkutsala eve siwo Yosua ɖo ɖe Yeriko. 26 Ɣe ma ɣi la, Yosua ka atam vevi sia be,“Ame si agbugbɔ Yeriko du sia atso la,fiƒode sia ava edzi le Yehowa ŋkume.Atsɔ Via ŋutsu ŋgɔgbetɔ aɖo eƒe gɔmeɖokpewoe,eye wòatsɔ via ɖevitɔ ƒe agbe atsɔ ade agbowo du la nu.” 27 Ale Yehowa nɔ kple Yosua, eye eƒe ŋkɔxɔxɔ kaka ɖe anyigba blibo la dzi.

In Other Versions

Joshua 6 in the ANGEFD

Joshua 6 in the ANTPNG2D

Joshua 6 in the AS21

Joshua 6 in the BAGH

Joshua 6 in the BBPNG

Joshua 6 in the BBT1E

Joshua 6 in the BDS

Joshua 6 in the BEV

Joshua 6 in the BHAD

Joshua 6 in the BIB

Joshua 6 in the BLPT

Joshua 6 in the BNT

Joshua 6 in the BNTABOOT

Joshua 6 in the BNTLV

Joshua 6 in the BOATCB

Joshua 6 in the BOATCB2

Joshua 6 in the BOBCV

Joshua 6 in the BOCNT

Joshua 6 in the BOGWICC

Joshua 6 in the BOHCB

Joshua 6 in the BOHCV

Joshua 6 in the BOHLNT

Joshua 6 in the BOHNTLTAL

Joshua 6 in the BOICB

Joshua 6 in the BOILNTAP

Joshua 6 in the BOITCV

Joshua 6 in the BOKCV

Joshua 6 in the BOKCV2

Joshua 6 in the BOKHWOG

Joshua 6 in the BOKSSV

Joshua 6 in the BOLCB

Joshua 6 in the BOLCB2

Joshua 6 in the BOMCV

Joshua 6 in the BONAV

Joshua 6 in the BONCB

Joshua 6 in the BONLT

Joshua 6 in the BONUT2

Joshua 6 in the BOPLNT

Joshua 6 in the BOSCB

Joshua 6 in the BOSNC

Joshua 6 in the BOTLNT

Joshua 6 in the BOVCB

Joshua 6 in the BOYCB

Joshua 6 in the BPBB

Joshua 6 in the BPH

Joshua 6 in the BSB

Joshua 6 in the CCB

Joshua 6 in the CUV

Joshua 6 in the CUVS

Joshua 6 in the DBT

Joshua 6 in the DGDNT

Joshua 6 in the DHNT

Joshua 6 in the DNT

Joshua 6 in the ELBE

Joshua 6 in the EMTV

Joshua 6 in the ESV

Joshua 6 in the FBV

Joshua 6 in the FEB

Joshua 6 in the GGMNT

Joshua 6 in the GNT

Joshua 6 in the HARY

Joshua 6 in the HNT

Joshua 6 in the IRVA

Joshua 6 in the IRVB

Joshua 6 in the IRVG

Joshua 6 in the IRVH

Joshua 6 in the IRVK

Joshua 6 in the IRVM

Joshua 6 in the IRVM2

Joshua 6 in the IRVO

Joshua 6 in the IRVP

Joshua 6 in the IRVT

Joshua 6 in the IRVT2

Joshua 6 in the IRVU

Joshua 6 in the ISVN

Joshua 6 in the JSNT

Joshua 6 in the KAPI

Joshua 6 in the KBT1ETNIK

Joshua 6 in the KBV

Joshua 6 in the KJV

Joshua 6 in the KNFD

Joshua 6 in the LBA

Joshua 6 in the LBLA

Joshua 6 in the LNT

Joshua 6 in the LSV

Joshua 6 in the MAAL

Joshua 6 in the MBV

Joshua 6 in the MBV2

Joshua 6 in the MHNT

Joshua 6 in the MKNFD

Joshua 6 in the MNG

Joshua 6 in the MNT

Joshua 6 in the MNT2

Joshua 6 in the MRS1T

Joshua 6 in the NAA

Joshua 6 in the NASB

Joshua 6 in the NBLA

Joshua 6 in the NBS

Joshua 6 in the NBVTP

Joshua 6 in the NET2

Joshua 6 in the NIV11

Joshua 6 in the NNT

Joshua 6 in the NNT2

Joshua 6 in the NNT3

Joshua 6 in the PDDPT

Joshua 6 in the PFNT

Joshua 6 in the RMNT

Joshua 6 in the SBIAS

Joshua 6 in the SBIBS

Joshua 6 in the SBIBS2

Joshua 6 in the SBICS

Joshua 6 in the SBIDS

Joshua 6 in the SBIGS

Joshua 6 in the SBIHS

Joshua 6 in the SBIIS

Joshua 6 in the SBIIS2

Joshua 6 in the SBIIS3

Joshua 6 in the SBIKS

Joshua 6 in the SBIKS2

Joshua 6 in the SBIMS

Joshua 6 in the SBIOS

Joshua 6 in the SBIPS

Joshua 6 in the SBISS

Joshua 6 in the SBITS

Joshua 6 in the SBITS2

Joshua 6 in the SBITS3

Joshua 6 in the SBITS4

Joshua 6 in the SBIUS

Joshua 6 in the SBIVS

Joshua 6 in the SBT

Joshua 6 in the SBT1E

Joshua 6 in the SCHL

Joshua 6 in the SNT

Joshua 6 in the SUSU

Joshua 6 in the SUSU2

Joshua 6 in the SYNO

Joshua 6 in the TBIAOTANT

Joshua 6 in the TBT1E

Joshua 6 in the TBT1E2

Joshua 6 in the TFTIP

Joshua 6 in the TFTU

Joshua 6 in the TGNTATF3T

Joshua 6 in the THAI

Joshua 6 in the TNFD

Joshua 6 in the TNT

Joshua 6 in the TNTIK

Joshua 6 in the TNTIL

Joshua 6 in the TNTIN

Joshua 6 in the TNTIP

Joshua 6 in the TNTIZ

Joshua 6 in the TOMA

Joshua 6 in the TTENT

Joshua 6 in the UBG

Joshua 6 in the UGV

Joshua 6 in the UGV2

Joshua 6 in the UGV3

Joshua 6 in the VBL

Joshua 6 in the VDCC

Joshua 6 in the YALU

Joshua 6 in the YAPE

Joshua 6 in the YBVTP

Joshua 6 in the ZBP