Joshua 9 (BOECS)

1 Ale si Israelviwo ɖu dukɔwo dzi la va ɖo to me na fia aɖewo. Fia siawo ƒe dukɔwoe nye esiwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe, dukɔ siwo nɔ towo kple togbɛwo dzi, esiwo nɔ Domeƒu la ŋu kple esiwo nɔ dzigbeme heyi keke Lebanon. Dukɔ siawoe nye Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo. 2 Dukɔ siawo ƒe aʋakɔwo wɔ ɖeka enumake hena aʋawɔwɔ kple Yosua kple Israelviwo. 3 Ke Gibeontɔwo, ame siwo nye Hivitɔwo la se nu si Yosua wɔ Yeriko kple Ai. 4 Eya ta woɖo be yewoaflu Yosua. Wodo agba na woƒe tedziwo kple kotoku xoxowo kple waingolo vuvuwo. 5 Wodo awu vuvuwo kple afɔkpa siwo te vuvu wogbugbɔ tɔ, eye abolo si wotsɔ ɖe asi hã ƒu hedze fufu. 6 Esi wova ɖo Israelviwo ƒe asaɖa me le Gilgal la, wogblɔ na Yosua kple Israelviwo be, “Míetso teƒe didi aɖe; míedi be míawɔ ŋutifafa kpli mi.” 7 Israelviwo gblɔ na Hivitɔ siawo be, “Aleke míawɔ hafi anya be menye teƒe kpui aɖee mietso o? Ne mietso kpuiƒe la, míate ŋu awɔ ŋutifafa kpli mi o.” 8 Woɖo eŋu be, “Míazu miaƒe kluviwo.”Yosua bia be, “Ame kawoe mienye eye afi ka mietso?” 9 Woɖo eŋu na Yosua be, “Wò dɔlawo tso anyigba didi aɖe dzi. Míese nu tso Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe ŋusẽ kple nu siwo katã wòwɔ le Egipte 10 kpakple nu si wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo, Sixɔn, Hesbon fia kple Ɔg, Basan fia si nɔ Astarot ŋu, 11 eya ta míaƒe ametsitsiwo kple míaƒe amewo gblɔ na mí be, ‘Midzra ɖo na mɔ didi aɖe zɔzɔ. Miyi Israelviwo gbɔ, eye miatsɔ míaƒe dukɔ na wo, ale be míazu woƒe subɔlawo, eye miabia ŋutifafa.’ 12 Woɖe abolo sia dzodzoe tso abolokpo me teti ko míedze mɔ, ke fifia la, abe ale si miawo ŋutɔ miakpɔe ene la, eƒu hedze fufu. 13 Waingolo siawo nye nu yeyewo, ke fifia la, wodo xoxo hevuvu. Míaƒe awuwo kple afɔkpawo vuvu le mɔzɔzɔ la ƒe didi kple sesẽ ta.” 14 Amedzroawo na nuɖuɖu Israelviwo, eye woxɔe abe ɖekawɔwɔ ƒe dzesi ene le esime womebia Yehowa gbã tso eŋu o. 15 Yosua wɔ ŋutifafa ƒe nubabla kple Gibeontɔwo, eye wòna be woatsi agbe. Israelviwo ƒe kplɔlawo do ŋugbe be yewoawɔ ɖe nubabla la dzi. 16 Nyateƒe la va dze go le ŋkeke etɔ̃ megbe be Gibeontɔwo ƒe nɔƒe te ɖe Israelviwo ŋu kpokploe. 17 Israelviwo ƒe aʋakɔ dze mɔ enumake be yeaku nya la gɔme, eye woɖo woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe. Woƒe duwo ƒe ŋkɔwoe nye: Gibeon, Kefira, Beerot kple Kiriat Yearim, 18 Ke Israelviwo metsrɔ̃ duawo o le adzɔgbe si Israelviwo ƒe kplɔlawo ɖe le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me la ta. Israelviwo do dɔmedzoe ɖe woƒe kplɔlawo ŋu le ŋutifafa ƒe nubabla la ta. 19 Kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeka atam le Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ me be míawɔ nuvevi wo o, eya ta míaka asi wo ŋu hã o. 20 Ele be míana woanɔ agbe, elabena ne mietu míaƒe atam la la, Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu.” 21 Ale Gibeontɔwo zu kluviwo na Israelviwo, wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na wo. 22 Yosua yɔ Gibeon ƒe kplɔlawo, eye wòbia wo be, “Nu ka ta mieble mí be miaƒe anyigba le didiƒe, le afi aɖe ke, le esime wònye ele kpuiƒe, afi sia ko le mía dome ɖo? 23 Fifia la, fiƒode ava mia dzi; tso egbe sia dzi la, miazu subɔlawo na mí. Ɣe sia ɣi miafɔ nake, adu tsi na mí hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Mawu.” 24 Gibeontɔwo ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeble mi nenema, elabena míese be Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose be wòaɖu anyigba blibo la dzi, eye wòatsrɔ̃ ameawo katã le anyigba la dzi. Ale míevɔ̃ mi, ɖe míaƒe agbe ta, eya ta míeble mi nenema ɖo. 25 Ke azɔ la, míele miaƒe asi me, miwɔ nu si dze mia ŋu la kpli mí.” 26 Yosua meɖe mɔ na Israelviwo be woawu Gibeontɔwo o, 27 ke boŋ wozu nakefɔlawo kple tsidulawo na Israelviwo. Woawoe adu tsi na Yehowa ƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ le afi sia afi si woawɔ subɔsubɔdɔ le ko. Ɖoɖo sia gale edzi kokoko va se ɖe egbe.

In Other Versions

Joshua 9 in the ANGEFD

Joshua 9 in the ANTPNG2D

Joshua 9 in the AS21

Joshua 9 in the BAGH

Joshua 9 in the BBPNG

Joshua 9 in the BBT1E

Joshua 9 in the BDS

Joshua 9 in the BEV

Joshua 9 in the BHAD

Joshua 9 in the BIB

Joshua 9 in the BLPT

Joshua 9 in the BNT

Joshua 9 in the BNTABOOT

Joshua 9 in the BNTLV

Joshua 9 in the BOATCB

Joshua 9 in the BOATCB2

Joshua 9 in the BOBCV

Joshua 9 in the BOCNT

Joshua 9 in the BOGWICC

Joshua 9 in the BOHCB

Joshua 9 in the BOHCV

Joshua 9 in the BOHLNT

Joshua 9 in the BOHNTLTAL

Joshua 9 in the BOICB

Joshua 9 in the BOILNTAP

Joshua 9 in the BOITCV

Joshua 9 in the BOKCV

Joshua 9 in the BOKCV2

Joshua 9 in the BOKHWOG

Joshua 9 in the BOKSSV

Joshua 9 in the BOLCB

Joshua 9 in the BOLCB2

Joshua 9 in the BOMCV

Joshua 9 in the BONAV

Joshua 9 in the BONCB

Joshua 9 in the BONLT

Joshua 9 in the BONUT2

Joshua 9 in the BOPLNT

Joshua 9 in the BOSCB

Joshua 9 in the BOSNC

Joshua 9 in the BOTLNT

Joshua 9 in the BOVCB

Joshua 9 in the BOYCB

Joshua 9 in the BPBB

Joshua 9 in the BPH

Joshua 9 in the BSB

Joshua 9 in the CCB

Joshua 9 in the CUV

Joshua 9 in the CUVS

Joshua 9 in the DBT

Joshua 9 in the DGDNT

Joshua 9 in the DHNT

Joshua 9 in the DNT

Joshua 9 in the ELBE

Joshua 9 in the EMTV

Joshua 9 in the ESV

Joshua 9 in the FBV

Joshua 9 in the FEB

Joshua 9 in the GGMNT

Joshua 9 in the GNT

Joshua 9 in the HARY

Joshua 9 in the HNT

Joshua 9 in the IRVA

Joshua 9 in the IRVB

Joshua 9 in the IRVG

Joshua 9 in the IRVH

Joshua 9 in the IRVK

Joshua 9 in the IRVM

Joshua 9 in the IRVM2

Joshua 9 in the IRVO

Joshua 9 in the IRVP

Joshua 9 in the IRVT

Joshua 9 in the IRVT2

Joshua 9 in the IRVU

Joshua 9 in the ISVN

Joshua 9 in the JSNT

Joshua 9 in the KAPI

Joshua 9 in the KBT1ETNIK

Joshua 9 in the KBV

Joshua 9 in the KJV

Joshua 9 in the KNFD

Joshua 9 in the LBA

Joshua 9 in the LBLA

Joshua 9 in the LNT

Joshua 9 in the LSV

Joshua 9 in the MAAL

Joshua 9 in the MBV

Joshua 9 in the MBV2

Joshua 9 in the MHNT

Joshua 9 in the MKNFD

Joshua 9 in the MNG

Joshua 9 in the MNT

Joshua 9 in the MNT2

Joshua 9 in the MRS1T

Joshua 9 in the NAA

Joshua 9 in the NASB

Joshua 9 in the NBLA

Joshua 9 in the NBS

Joshua 9 in the NBVTP

Joshua 9 in the NET2

Joshua 9 in the NIV11

Joshua 9 in the NNT

Joshua 9 in the NNT2

Joshua 9 in the NNT3

Joshua 9 in the PDDPT

Joshua 9 in the PFNT

Joshua 9 in the RMNT

Joshua 9 in the SBIAS

Joshua 9 in the SBIBS

Joshua 9 in the SBIBS2

Joshua 9 in the SBICS

Joshua 9 in the SBIDS

Joshua 9 in the SBIGS

Joshua 9 in the SBIHS

Joshua 9 in the SBIIS

Joshua 9 in the SBIIS2

Joshua 9 in the SBIIS3

Joshua 9 in the SBIKS

Joshua 9 in the SBIKS2

Joshua 9 in the SBIMS

Joshua 9 in the SBIOS

Joshua 9 in the SBIPS

Joshua 9 in the SBISS

Joshua 9 in the SBITS

Joshua 9 in the SBITS2

Joshua 9 in the SBITS3

Joshua 9 in the SBITS4

Joshua 9 in the SBIUS

Joshua 9 in the SBIVS

Joshua 9 in the SBT

Joshua 9 in the SBT1E

Joshua 9 in the SCHL

Joshua 9 in the SNT

Joshua 9 in the SUSU

Joshua 9 in the SUSU2

Joshua 9 in the SYNO

Joshua 9 in the TBIAOTANT

Joshua 9 in the TBT1E

Joshua 9 in the TBT1E2

Joshua 9 in the TFTIP

Joshua 9 in the TFTU

Joshua 9 in the TGNTATF3T

Joshua 9 in the THAI

Joshua 9 in the TNFD

Joshua 9 in the TNT

Joshua 9 in the TNTIK

Joshua 9 in the TNTIL

Joshua 9 in the TNTIN

Joshua 9 in the TNTIP

Joshua 9 in the TNTIZ

Joshua 9 in the TOMA

Joshua 9 in the TTENT

Joshua 9 in the UBG

Joshua 9 in the UGV

Joshua 9 in the UGV2

Joshua 9 in the UGV3

Joshua 9 in the VBL

Joshua 9 in the VDCC

Joshua 9 in the YALU

Joshua 9 in the YAPE

Joshua 9 in the YBVTP

Joshua 9 in the ZBP