Leviticus 11 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena, 2 “Migblɔ na Israelviwo be, ‘Le lã siwo katã nɔa anyigba dzi la, esiawoe nye esiwo miaɖu. 3 Miate ŋu aɖu lã sia lã si ƒe afɔkli me fe, eye wòdzɔa nu gaɖuna. 4 “ ‘Lã aɖewo li siwo dzɔa nu gaɖuna alo woƒe afɔkli me koe fe, gake migaɖu wo o. Togbɔ be kposɔ ɖua nu, dzonɛ gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye lã makɔmakɔ na mi. 5 Xɔfie, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Enye la makɔmakɔ na mi. 6 Fɔmizi, togbɔ be edzɔa nu gaɖuna hã la, eƒe afɔkli me mefe o. Lã makɔmakɔ wònye na mi. 7 Ha, togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Lã makɔmakɔ wònye na mi. 8 Mele be miaɖu eƒe lã loo alo aka asi eƒe kukua teti hã ŋu o. Nu makɔmakɔ wònye na mi. 9 “ ‘Le tɔmelãwo katã gome la, miekpɔ mɔ aɖu ɖe sia ɖe si ŋu adza kple tsro le, ne woɖe wo tso tɔsisiwo me loo alo atsiaƒu me. 10 Ke lã siwo katã le atsiaƒu me alo tɔ me esiwo ŋu adza alo tsro mele o, woɖale lã siwo katã ƒua tsi dome alo nu gbagbe bubu siwo katã le tɔ me dome o, wonye ŋunyɔnu na mi. 11 Esi wònye be wonye ŋunyɔnuwo na mi ta la, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua hã nanyɔ ŋu na mi. 12 Nu gbagbe ɖe sia ɖe si le tɔ me, esi ŋu tsro kple adza mele o la nanye ŋunyɔnu na mi. 13 “ ‘Xe siawo nanyɔ ŋu na mi, eye miaɖu wo o, elabena wonye ŋunyɔnuwo: hɔ̃, akaga, akpo, 14 aʋako dzĩtɔwo kple yibɔtɔwo, 15 akpaviã ƒomevi vovovoawo, 16 adzexe si to dzo ɖe ta, adzexe ŋutɔ, golo, tsalɛ̃, aʋako, 17 ʋlukuku, tsimese, kple aŋɔɣi, 18 favieʋuto, aluge kple akaga, 19 damixe, ako ƒomeviwo, agudzixe kple agutɔ. 20 “ ‘Nudzodzoe siwo katã zɔna le afɔ ene dzi, woanye ŋunyɔnu na mi. 21 Ke nudzodzoe aɖewo li siwo zɔna le afɔ ene dzi, esiwo miate ŋu aɖu. Esiawoe nye esiwo te afɔwo le hena kpotiti le anyigba. 22 Esiwo miaɖu woe nye ʋetsuvi tɔgbiwo katã, gbagblami kple abɔ ƒomeviwo katã. 23 Miekpɔ mɔ aɖu nu bubu siwo katã dzona, eye woto afɔ ene la dometɔ aɖeke o. 24 “ ‘Ame sia ame si aka asi woƒe kukua ŋu la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ, 25 eye ele nɛ be wòanya eƒe awuwo enumake. Ele nɛ hã be wòaɖe eɖokui ɖe aga va se ɖe fiẽ abe ame si ŋuti mekɔ o ene. 26 “ ‘Ame si ka asi lã si ƒe afɔkli me mefe tututu o, alo lã si medzɔa nu gaɖuna o ŋu la hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ. 27 Miekpɔ mɔ aɖu lã afɔene siwo ƒe afɔwo nu fetsu le o. Ame si ka asi woƒe kukua ŋu hã ŋuti mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 28 Ele be ame si atsɔ eƒe kukua aƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ, elabena mede se na mi tso wo ŋu. 29 “ ‘Lã siwo zɔna le anyigba, eye wo ŋu mekɔ na mi o la woe nye, adɔ, afi kple adoglo ƒomeviwo, 30 xɔmenyatri, ve, adoglo, atɔ kple agama. 31 Ame sia ame si ka asi nu siawo ƒe kukuawo ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. 32 Nu sia nu si dzi nu siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ge dze la ŋu mekɔ o. Ne ege dze nu si wowɔ kple ati, avɔ, ɖovu alo kotoku aɖe dzi la, ele be woaklɔe kple tsi alo anyae, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Le esia megbe la, woagate ŋu awɔ eŋu dɔ. 33 Ne ege dze agba aɖe si wome kple tsu me la, nu sia nu si le agba la me la ŋu mekɔ o, eye ele be woagbã agba la. 34 Ne tsi si wotsɔ klɔ nu makɔmakɔ aɖe ŋu hlẽ ɖe nuɖuɖu aɖe ŋu la, nuɖuɖu la ŋu mekɔ o. Nunono si le agba makɔmakɔ aɖe me hã ŋu mekɔ o. 35 Ne lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ka abolokpo aɖe ŋu la, abolokpo la hã ŋu mekɔ o, eya ta ele be woagbãe. 36 Ne nu siawo ƒe kuku aɖe ge ɖe tɔʋu alo tsigago aɖe si me tsi le la me la, tsi la menye tsi makɔmakɔ o, gake ame si ɖe nu kukua le tsia me ya la ŋu mekɔ o. 37 Ne nu kukua ka nuku aɖe si ƒã ge wole ŋu la, nuku la mezu nuku makɔmakɔ o. 38 Ke ne nukua ƒo tsi hafi nu kuku la ge ɖe edzi la, ekema nuku ƒotsi la ŋu mekɔ o. 39 “ ‘Ne dɔléle wu lã aɖe si ŋu woɖe mɔ le be woaɖu la, ame si ka asi lã la ƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. 40 Gawu la, ele be ame si ɖu eƒe lã alo tsɔe yi ɖaƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. 41 “ ‘Nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba dzi la nye nu si woatsri; womaɖui o. 42 Migaɖu nu gbagbe si tana le anyigba le eƒe ƒodo dzi alo wòzɔna kple afɔ ene loo alo le afɔ geɖewo dzi la o. Enye nu si woatsri. 43 Migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka wo ŋu me o. 44 Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Minɔ dzadzɛe le nu siawo ŋuti, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. Eya ta migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka nu siwo tana le anyigba la dometɔ aɖeke ŋu me o. 45 Elabena nyee nye Yehowa si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be manye miaƒe Mawu. Ele na mi be mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. 46 “ ‘Esiawoe nye se siwo ku ɖe lãwo, xewo kple nu siwo katã ƒua tsi alo tana le anyigba la ŋu. 47 Esiawoe nye vovototo siwo le nu siwo ŋuti kɔ, eye woaɖu wo kple nu siwo ŋuti mekɔ o, eye womaɖu wo o le nu gbagbe siwo nye lãwo le anyigba dzi la dome.’ ”

In Other Versions

Leviticus 11 in the ANGEFD

Leviticus 11 in the ANTPNG2D

Leviticus 11 in the AS21

Leviticus 11 in the BAGH

Leviticus 11 in the BBPNG

Leviticus 11 in the BBT1E

Leviticus 11 in the BDS

Leviticus 11 in the BEV

Leviticus 11 in the BHAD

Leviticus 11 in the BIB

Leviticus 11 in the BLPT

Leviticus 11 in the BNT

Leviticus 11 in the BNTABOOT

Leviticus 11 in the BNTLV

Leviticus 11 in the BOATCB

Leviticus 11 in the BOATCB2

Leviticus 11 in the BOBCV

Leviticus 11 in the BOCNT

Leviticus 11 in the BOGWICC

Leviticus 11 in the BOHCB

Leviticus 11 in the BOHCV

Leviticus 11 in the BOHLNT

Leviticus 11 in the BOHNTLTAL

Leviticus 11 in the BOICB

Leviticus 11 in the BOILNTAP

Leviticus 11 in the BOITCV

Leviticus 11 in the BOKCV

Leviticus 11 in the BOKCV2

Leviticus 11 in the BOKHWOG

Leviticus 11 in the BOKSSV

Leviticus 11 in the BOLCB

Leviticus 11 in the BOLCB2

Leviticus 11 in the BOMCV

Leviticus 11 in the BONAV

Leviticus 11 in the BONCB

Leviticus 11 in the BONLT

Leviticus 11 in the BONUT2

Leviticus 11 in the BOPLNT

Leviticus 11 in the BOSCB

Leviticus 11 in the BOSNC

Leviticus 11 in the BOTLNT

Leviticus 11 in the BOVCB

Leviticus 11 in the BOYCB

Leviticus 11 in the BPBB

Leviticus 11 in the BPH

Leviticus 11 in the BSB

Leviticus 11 in the CCB

Leviticus 11 in the CUV

Leviticus 11 in the CUVS

Leviticus 11 in the DBT

Leviticus 11 in the DGDNT

Leviticus 11 in the DHNT

Leviticus 11 in the DNT

Leviticus 11 in the ELBE

Leviticus 11 in the EMTV

Leviticus 11 in the ESV

Leviticus 11 in the FBV

Leviticus 11 in the FEB

Leviticus 11 in the GGMNT

Leviticus 11 in the GNT

Leviticus 11 in the HARY

Leviticus 11 in the HNT

Leviticus 11 in the IRVA

Leviticus 11 in the IRVB

Leviticus 11 in the IRVG

Leviticus 11 in the IRVH

Leviticus 11 in the IRVK

Leviticus 11 in the IRVM

Leviticus 11 in the IRVM2

Leviticus 11 in the IRVO

Leviticus 11 in the IRVP

Leviticus 11 in the IRVT

Leviticus 11 in the IRVT2

Leviticus 11 in the IRVU

Leviticus 11 in the ISVN

Leviticus 11 in the JSNT

Leviticus 11 in the KAPI

Leviticus 11 in the KBT1ETNIK

Leviticus 11 in the KBV

Leviticus 11 in the KJV

Leviticus 11 in the KNFD

Leviticus 11 in the LBA

Leviticus 11 in the LBLA

Leviticus 11 in the LNT

Leviticus 11 in the LSV

Leviticus 11 in the MAAL

Leviticus 11 in the MBV

Leviticus 11 in the MBV2

Leviticus 11 in the MHNT

Leviticus 11 in the MKNFD

Leviticus 11 in the MNG

Leviticus 11 in the MNT

Leviticus 11 in the MNT2

Leviticus 11 in the MRS1T

Leviticus 11 in the NAA

Leviticus 11 in the NASB

Leviticus 11 in the NBLA

Leviticus 11 in the NBS

Leviticus 11 in the NBVTP

Leviticus 11 in the NET2

Leviticus 11 in the NIV11

Leviticus 11 in the NNT

Leviticus 11 in the NNT2

Leviticus 11 in the NNT3

Leviticus 11 in the PDDPT

Leviticus 11 in the PFNT

Leviticus 11 in the RMNT

Leviticus 11 in the SBIAS

Leviticus 11 in the SBIBS

Leviticus 11 in the SBIBS2

Leviticus 11 in the SBICS

Leviticus 11 in the SBIDS

Leviticus 11 in the SBIGS

Leviticus 11 in the SBIHS

Leviticus 11 in the SBIIS

Leviticus 11 in the SBIIS2

Leviticus 11 in the SBIIS3

Leviticus 11 in the SBIKS

Leviticus 11 in the SBIKS2

Leviticus 11 in the SBIMS

Leviticus 11 in the SBIOS

Leviticus 11 in the SBIPS

Leviticus 11 in the SBISS

Leviticus 11 in the SBITS

Leviticus 11 in the SBITS2

Leviticus 11 in the SBITS3

Leviticus 11 in the SBITS4

Leviticus 11 in the SBIUS

Leviticus 11 in the SBIVS

Leviticus 11 in the SBT

Leviticus 11 in the SBT1E

Leviticus 11 in the SCHL

Leviticus 11 in the SNT

Leviticus 11 in the SUSU

Leviticus 11 in the SUSU2

Leviticus 11 in the SYNO

Leviticus 11 in the TBIAOTANT

Leviticus 11 in the TBT1E

Leviticus 11 in the TBT1E2

Leviticus 11 in the TFTIP

Leviticus 11 in the TFTU

Leviticus 11 in the TGNTATF3T

Leviticus 11 in the THAI

Leviticus 11 in the TNFD

Leviticus 11 in the TNT

Leviticus 11 in the TNTIK

Leviticus 11 in the TNTIL

Leviticus 11 in the TNTIN

Leviticus 11 in the TNTIP

Leviticus 11 in the TNTIZ

Leviticus 11 in the TOMA

Leviticus 11 in the TTENT

Leviticus 11 in the UBG

Leviticus 11 in the UGV

Leviticus 11 in the UGV2

Leviticus 11 in the UGV3

Leviticus 11 in the VBL

Leviticus 11 in the VDCC

Leviticus 11 in the YALU

Leviticus 11 in the YAPE

Leviticus 11 in the YBVTP

Leviticus 11 in the ZBP