Leviticus 5 (BOECS)
1 “ ‘Ne ame aɖe se be woɖe gbeƒã be woava ɖi ɖase le nu vɔ̃ si ame bubu aɖe wɔ la ŋu si wòkpɔ alo nya nu le eŋu, gake meɖi ɖase le eŋuti o la, ekema ewɔ nu vɔ̃. 2 “ ‘Alo ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu abe lã maɖumaɖua aɖe ƒe kukua ŋu, alo gbemelã alo aƒemelã alo nutata siwo ŋuti mekɔ o ene ŋu la, ewɔ nu vɔ̃, ne eya ŋutɔ menya be yeka asi nu makɔmakɔ ŋu o hã. 3 Alo ne ede asi ame ƒe nu makɔmakɔ aɖe, nu sia nu si ana wòagblẽ kɔ ɖo la ŋu, togbɔ be menyae hafi o hã la, ne eva nya la, aɖi fɔ. 4 Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ. 5 Le go siawo dometɔ ɖe sia ɖe me la, ele be wòaʋu eƒe nu vɔ̃ me, 6 eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Nunɔla la alé avu ɖe enu, ekema Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee, eye mele be wòagawɔ ɖe atam si wòka la dzi o. 7 “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu akpɔ alẽ alo gbɔ̃ vɛ na Yehowa o la, ekema ana akpakpa eve alo ahɔnɛ fɛ̃ eve abe eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ene. Xeviawo dometɔ ɖeka anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye evelia anye eƒe numevɔsa. 8 Nunɔla la atsɔ xevi eveawo dometɔ si wotsɔ nɛ gbã la, asa nu vɔ̃ vɔsae. Atro kɔ le xevi la nu, gake mana eƒe kɔ naɖe le enu o. 9 Nunɔla la ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Esiae nye nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 10 Nunɔla la atsɔ xevi evelia awɔ numevɔsae to mɔ siwo woɖo da ɖi la dzi. Ale nunɔla la alé avu ɖe amea nu le eƒe nu vɔ̃ ta, eye Mawu atsɔe akee. 11 “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu atsɔ akpakpawo alo ahɔnɛ fɛ̃wo asa nu vɔ̃ vɔe o la, ekema ana wɔ memee kilogram ɖeka. Mele be woakɔ ami ɖe edzi loo alo atsakae kple dzudzɔdonu o, elabena nu vɔ̃ vɔsae. 12 Atsɔe vɛ na nunɔla la; nunɔla la aɖe wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka ɖe wɔ blibo la teƒe, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe dzovɔsa bubu ɖe sia ɖe na Yehowa ene. Esiae anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. 13 Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖe sia ɖe ta, eye Mawu atsɔe akee. Wɔ la ƒe mamlɛa azu nunɔla la tɔ abe ale si wowɔna le nuɖuvɔsa gome ene.’ ” 14 Yehowa gblɔ na Mose be, 15 “Ne ame aɖe gblẽ kɔ ɖo, eye wòwɔ nu vɔ̃ le manyamanya me, ku ɖe Yehowa ƒe nu kɔkɔewo dometɔ aɖe ŋu la, abe tohehe ene la, alé agbo ɖeka le lãhawo dome vɛ na Yehowa, esi ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la, eye eƒe home sɔ kple klosalo si wòle be wòana le Kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Enye fɔɖivɔsa na Yehowa. 16 Kpe ɖe esia ŋu la, ele nɛ be wòaɖo nu si mete ŋu wɔ o la teƒe ku ɖe nu kɔkɔeawo ŋuti, agatsɔ nu si wòle be wòana la ƒe akpa atɔ̃lia akpe ɖe nuawo ŋu, eye wòatsɔ wo katã vɛ na nunɔla la, ame si atsɔ agbo la alé avui abe fɔɖivɔsa ene. Ale woatsɔe akee. 17 “Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye wòwɔ nu si wogbe be womawɔ o le Yehowa ƒe ɖoɖowo dometɔ aɖe me, ne eya ŋutɔ menyae o gɔ̃ hã la, eɖi fɔ eye woabui nu vɔ̃e nɛ. 18 Ele be wòatsɔ agbo ɖeka si de blibo, eye asixɔxɔ si dze la le eŋu la tso eƒe alẽwo dome vɛ na nunɔla la abe eƒe fɔɖivɔsa ene. Ale nunɔla la alé avu ɖe enu ɖe nu vɔ̃ si meɖo wɔ o la ta, eye woatsɔe akee. 19 Ele be wòatsɔe ana abe fɔɖivɔsa ene, elabena eɖi fɔ le Yehowa ŋkume.”
In Other Versions
Leviticus 5 in the ANGEFD
Leviticus 5 in the ANTPNG2D
Leviticus 5 in the AS21
Leviticus 5 in the BAGH
Leviticus 5 in the BBPNG
Leviticus 5 in the BBT1E
Leviticus 5 in the BDS
Leviticus 5 in the BEV
Leviticus 5 in the BHAD
Leviticus 5 in the BIB
Leviticus 5 in the BLPT
Leviticus 5 in the BNT
Leviticus 5 in the BNTABOOT
Leviticus 5 in the BNTLV
Leviticus 5 in the BOATCB
Leviticus 5 in the BOATCB2
Leviticus 5 in the BOBCV
Leviticus 5 in the BOCNT
Leviticus 5 in the BOGWICC
Leviticus 5 in the BOHCB
Leviticus 5 in the BOHCV
Leviticus 5 in the BOHLNT
Leviticus 5 in the BOHNTLTAL
Leviticus 5 in the BOICB
Leviticus 5 in the BOILNTAP
Leviticus 5 in the BOITCV
Leviticus 5 in the BOKCV
Leviticus 5 in the BOKCV2
Leviticus 5 in the BOKHWOG
Leviticus 5 in the BOKSSV
Leviticus 5 in the BOLCB
Leviticus 5 in the BOLCB2
Leviticus 5 in the BOMCV
Leviticus 5 in the BONAV
Leviticus 5 in the BONCB
Leviticus 5 in the BONLT
Leviticus 5 in the BONUT2
Leviticus 5 in the BOPLNT
Leviticus 5 in the BOSCB
Leviticus 5 in the BOSNC
Leviticus 5 in the BOTLNT
Leviticus 5 in the BOVCB
Leviticus 5 in the BOYCB
Leviticus 5 in the BPBB
Leviticus 5 in the BPH
Leviticus 5 in the BSB
Leviticus 5 in the CCB
Leviticus 5 in the CUV
Leviticus 5 in the CUVS
Leviticus 5 in the DBT
Leviticus 5 in the DGDNT
Leviticus 5 in the DHNT
Leviticus 5 in the DNT
Leviticus 5 in the ELBE
Leviticus 5 in the EMTV
Leviticus 5 in the ESV
Leviticus 5 in the FBV
Leviticus 5 in the FEB
Leviticus 5 in the GGMNT
Leviticus 5 in the GNT
Leviticus 5 in the HARY
Leviticus 5 in the HNT
Leviticus 5 in the IRVA
Leviticus 5 in the IRVB
Leviticus 5 in the IRVG
Leviticus 5 in the IRVH
Leviticus 5 in the IRVK
Leviticus 5 in the IRVM
Leviticus 5 in the IRVM2
Leviticus 5 in the IRVO
Leviticus 5 in the IRVP
Leviticus 5 in the IRVT
Leviticus 5 in the IRVT2
Leviticus 5 in the IRVU
Leviticus 5 in the ISVN
Leviticus 5 in the JSNT
Leviticus 5 in the KAPI
Leviticus 5 in the KBT1ETNIK
Leviticus 5 in the KBV
Leviticus 5 in the KJV
Leviticus 5 in the KNFD
Leviticus 5 in the LBA
Leviticus 5 in the LBLA
Leviticus 5 in the LNT
Leviticus 5 in the LSV
Leviticus 5 in the MAAL
Leviticus 5 in the MBV
Leviticus 5 in the MBV2
Leviticus 5 in the MHNT
Leviticus 5 in the MKNFD
Leviticus 5 in the MNG
Leviticus 5 in the MNT
Leviticus 5 in the MNT2
Leviticus 5 in the MRS1T
Leviticus 5 in the NAA
Leviticus 5 in the NASB
Leviticus 5 in the NBLA
Leviticus 5 in the NBS
Leviticus 5 in the NBVTP
Leviticus 5 in the NET2
Leviticus 5 in the NIV11
Leviticus 5 in the NNT
Leviticus 5 in the NNT2
Leviticus 5 in the NNT3
Leviticus 5 in the PDDPT
Leviticus 5 in the PFNT
Leviticus 5 in the RMNT
Leviticus 5 in the SBIAS
Leviticus 5 in the SBIBS
Leviticus 5 in the SBIBS2
Leviticus 5 in the SBICS
Leviticus 5 in the SBIDS
Leviticus 5 in the SBIGS
Leviticus 5 in the SBIHS
Leviticus 5 in the SBIIS
Leviticus 5 in the SBIIS2
Leviticus 5 in the SBIIS3
Leviticus 5 in the SBIKS
Leviticus 5 in the SBIKS2
Leviticus 5 in the SBIMS
Leviticus 5 in the SBIOS
Leviticus 5 in the SBIPS
Leviticus 5 in the SBISS
Leviticus 5 in the SBITS
Leviticus 5 in the SBITS2
Leviticus 5 in the SBITS3
Leviticus 5 in the SBITS4
Leviticus 5 in the SBIUS
Leviticus 5 in the SBIVS
Leviticus 5 in the SBT
Leviticus 5 in the SBT1E
Leviticus 5 in the SCHL
Leviticus 5 in the SNT
Leviticus 5 in the SUSU
Leviticus 5 in the SUSU2
Leviticus 5 in the SYNO
Leviticus 5 in the TBIAOTANT
Leviticus 5 in the TBT1E
Leviticus 5 in the TBT1E2
Leviticus 5 in the TFTIP
Leviticus 5 in the TFTU
Leviticus 5 in the TGNTATF3T
Leviticus 5 in the THAI
Leviticus 5 in the TNFD
Leviticus 5 in the TNT
Leviticus 5 in the TNTIK
Leviticus 5 in the TNTIL
Leviticus 5 in the TNTIN
Leviticus 5 in the TNTIP
Leviticus 5 in the TNTIZ
Leviticus 5 in the TOMA
Leviticus 5 in the TTENT
Leviticus 5 in the UBG
Leviticus 5 in the UGV
Leviticus 5 in the UGV2
Leviticus 5 in the UGV3
Leviticus 5 in the VBL
Leviticus 5 in the VDCC
Leviticus 5 in the YALU
Leviticus 5 in the YAPE
Leviticus 5 in the YBVTP
Leviticus 5 in the ZBP