Nehemiah 13 (BOECS)

1 Gbe ma gbe ke esi wonɔ Mose ƒe Seawo xlẽm la, wokpɔ be woŋlɔ ɖi be womaɖe mɔ na Amonitɔwo alo Moabtɔwo woasubɔ Mawu le gbedoxɔ la me o, 2 elabena womewɔ xɔlɔ̃ kple Israel o. Wotsɔ Balaam be woaƒo fi ade Israelviwo, ke Mawu trɔ fiƒode la wòzu yayra. 3 Esi wose se sia la, wonya amedzrowo katã le Israel dome. 4 Hafi nya sia nadzɔ la, Nunɔla Eliasib, ame si kpɔa gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo dzi, eye wònye Tobia xɔlɔ̃ vevi aɖe la, 5 trɔ nudzraɖoxɔawo dometɔ ɖeka wòzu amedzrodzeƒe nyui aɖe na Tobia. Tsã la, wodzraa nuɖuvɔsanuwo, atike ʋeʋĩwo, gagbɛwo kple bli, aha yeye kple ami ƒe ewoliawo ɖo ɖe xɔ sia me. Mose de se be nu siawo nye Levitɔwo, hadzihamenɔlawo kple agbonudzɔlawo tɔ, eye nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo nye nunɔlawo tɔ. 6 Nyemenɔ Yerusalem ɣe ma ɣi o. Megbugbɔ yi Babilonia le Fia Artazerses ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-evelia me. Emegbe la, mebia mɔfiala, 7 eye megbugbɔ va Yerusalem. Esi mese nu vɔ̃ɖi si Eliasib wɔ, be wòwɔ amedzrodzeƒe ɖe gbedoxɔ me na Tobia la, 8 medo dɔmedzoe, eye mefɔ Tobia ƒe nuwo le xɔ la me ƒu gbe. 9 Mena wokɔ xɔ la ŋu nyuie, eye megbugbɔ gbedoxɔ la ƒe agbawo, nuɖuvɔsanuwo kple atike ʋeʋĩwo de xɔ la me. 10 Kpe ɖe esia ŋu la, mese be womele nu siwo nye Levitɔwo tɔ la tsɔm na wo o, ale woawo kple hadzihamenɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le sɔlemedede me la gbugbɔ yi ɖanɔ dɔ wɔm le woƒe agblewo me. 11 Meka mo na kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miegblẽ gbedoxɔ la ɖi ɖo?” Meyɔ Levitɔwo vɛ, eye mena wogade asi woƒe dɔwo wɔwɔ me. 12 Ale Yudatɔwo katã gade asi woƒe bli, wain yeye kple ami ƒe ewoliawo tsɔtsɔ va gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒewo me. 13 Metsɔ Selemia, nunɔla la kple Zadok, agbalẽfiala la kple Pedaya, Levitɔ la ɖo avawo dzi kpɔkpɔ nu, eye mena Hanan, Zakur ƒe vi kple Matania ƒe tɔgbuiyɔvi zu woƒe kpeɖeŋutɔ. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋkɔ nyui nɔ, eye woƒe dɔdeasie nye be woama nuawo na wo nɔvi Levitɔwo abe ale si dze ene. 14 O! Nye Mawu, ɖo ŋku dɔ nyui sia si mewɔ la dzi, eye mègaŋlɔ nu siwo katã mewɔ le gbedoxɔ la ŋu be o. 15 Le ɣe ma ɣiwo me la, mekpɔ amewo wonɔ wain fiam le Dzudzɔgbe la dzi, eye wonɔ ƒu ƒom woƒe lu bablawo kple wain tsetsewo kple gbotsetsewo kple agblemenu vovovowo nɔ agba dom na woƒe tedziwo, eye wotsɔ nu siawo katã gbɔna Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi, eya ta mede se na wo le nudzadzra le ŋkeke ma dzi la ŋuti. 16 Tirotɔ aɖewo hã nɔ Yerusalem, ame siwo nɔ tɔmelã kple adzɔnu vovovowo dzram le Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi. 17 Meka mo na Yuda ƒe kplɔlawo, eye mebia wo be, “Nu ka ta miele kɔ gblẽm ɖo na Dzudzɔgbe la? 18 Mia fofowo wɔ nu sia tɔgbi, eye wohe dzɔgbevɔ̃e siwo li fifia la va miawo ŋutɔ kple miaƒe du la dzi. Ɖe esia mesɔ gbɔ na mi oa? Ke azɔ la, miegale Mawu ƒe dɔmedzoe flam ɖe Israelviwo ŋu ɖe edzi, to ɖiƒoƒo Dzudzɔgbe la to mɔ sia dzi me!” 19 Ale mede se be tso gbe ma gbe dzi la, ne ɣe ɖo to le Fiɖagbe ko la, woatu agboawo katã, eye womagaʋu wo o va se ɖe esime Dzudzɔgbe la nava yi. Meɖo nye subɔla aɖewo ɖa be woadzɔ agboawo ŋu, ale be ame aɖeke magatsɔ adzɔnu aɖeke ava Yerusalem le Dzudzɔgbe la dzi o. 20 Asitsala aɖewo va tɔ ɖe dua godo zi eve aɖewo, 21 ke meƒo nu na wo kple adã be, “Nu ka dim miele hafi va tsi gli la godo dɔ? Ne miegawɔe azɔ la, malé mi.” Eyae nye zi mamlɛtɔ si wova le Dzudzɔgbe la dzi. 22 Azɔ la, meɖe gbe na Levitɔwo be woakɔ wo ɖokui ŋuti, woadzɔ agboawo ŋu, eye woakpɔ egbɔ be ame sia ame wɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe. O! Nye Mawu, ɖo ŋku nye wɔna sia hã dzi! Ve nunye le wò lɔlɔ̃ sɔ gbɔ la nu. 23 Le ɣe ma ɣi ke la, mede dzesii be Yuda ŋutsu geɖewo ɖe srɔ̃ tso Asdod, Amon kple Moab, 24 eye wo viwo dometɔ geɖewo gblɔa Asdod gbe alo dzrogbe bubuwo, eye wometea ŋu gblɔa Yuda gbe kura o. 25 Ale mehe nya kple dzila siawo, meƒo fi de wo, meƒo wo dometɔ aɖewo, menyɔ woƒe taɖa, eye mena woka atam le Mawu ŋkume gblɔ be, “Míagatsɔ mía vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo woaɖe o, alo míaɖe wo vinyɔnuwo na mía viŋutsuwo o, alo míawo ŋutɔ míaɖe wo o. 26 Alo menye srɔ̃ sia tɔgbiwo ɖeɖee na be Israel fia Solomo wɔ nu vɔ̃ oa? Le dukɔ geɖewo me la, fia aɖeke mede enu o. Mawu lɔ̃ eya amea, eye wòɖoe fiae ɖe Israel katã dzi, gake dzronyɔnuwo blee de nu vɔ̃ me. 27 Ke azɔ la, ɖe míase be miawo hã miele nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi wɔm, eye miele nuteƒe wɔm na Mawu o to dzronyɔnuwo ɖeɖe mea?” 28 Yoiada, Eliasib, nunɔla la ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka ɖe Sanbalat, Horonitɔ la ƒe vinyɔnu, ale menyae le gbedoxɔ la me. 29 O! Nye Mawu, ɖo ŋku wo dzi, elabena wogblẽ kɔ ɖo na nunɔlawo ƒe dɔ kple nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe nubabla. 30 Ale mekɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ŋu tso dzronuwo me, eye mena dɔ wo, ame sia ame kple etɔ. 31 Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu.

In Other Versions

Nehemiah 13 in the ANGEFD

Nehemiah 13 in the ANTPNG2D

Nehemiah 13 in the AS21

Nehemiah 13 in the BAGH

Nehemiah 13 in the BBPNG

Nehemiah 13 in the BBT1E

Nehemiah 13 in the BDS

Nehemiah 13 in the BEV

Nehemiah 13 in the BHAD

Nehemiah 13 in the BIB

Nehemiah 13 in the BLPT

Nehemiah 13 in the BNT

Nehemiah 13 in the BNTABOOT

Nehemiah 13 in the BNTLV

Nehemiah 13 in the BOATCB

Nehemiah 13 in the BOATCB2

Nehemiah 13 in the BOBCV

Nehemiah 13 in the BOCNT

Nehemiah 13 in the BOGWICC

Nehemiah 13 in the BOHCB

Nehemiah 13 in the BOHCV

Nehemiah 13 in the BOHLNT

Nehemiah 13 in the BOHNTLTAL

Nehemiah 13 in the BOICB

Nehemiah 13 in the BOILNTAP

Nehemiah 13 in the BOITCV

Nehemiah 13 in the BOKCV

Nehemiah 13 in the BOKCV2

Nehemiah 13 in the BOKHWOG

Nehemiah 13 in the BOKSSV

Nehemiah 13 in the BOLCB

Nehemiah 13 in the BOLCB2

Nehemiah 13 in the BOMCV

Nehemiah 13 in the BONAV

Nehemiah 13 in the BONCB

Nehemiah 13 in the BONLT

Nehemiah 13 in the BONUT2

Nehemiah 13 in the BOPLNT

Nehemiah 13 in the BOSCB

Nehemiah 13 in the BOSNC

Nehemiah 13 in the BOTLNT

Nehemiah 13 in the BOVCB

Nehemiah 13 in the BOYCB

Nehemiah 13 in the BPBB

Nehemiah 13 in the BPH

Nehemiah 13 in the BSB

Nehemiah 13 in the CCB

Nehemiah 13 in the CUV

Nehemiah 13 in the CUVS

Nehemiah 13 in the DBT

Nehemiah 13 in the DGDNT

Nehemiah 13 in the DHNT

Nehemiah 13 in the DNT

Nehemiah 13 in the ELBE

Nehemiah 13 in the EMTV

Nehemiah 13 in the ESV

Nehemiah 13 in the FBV

Nehemiah 13 in the FEB

Nehemiah 13 in the GGMNT

Nehemiah 13 in the GNT

Nehemiah 13 in the HARY

Nehemiah 13 in the HNT

Nehemiah 13 in the IRVA

Nehemiah 13 in the IRVB

Nehemiah 13 in the IRVG

Nehemiah 13 in the IRVH

Nehemiah 13 in the IRVK

Nehemiah 13 in the IRVM

Nehemiah 13 in the IRVM2

Nehemiah 13 in the IRVO

Nehemiah 13 in the IRVP

Nehemiah 13 in the IRVT

Nehemiah 13 in the IRVT2

Nehemiah 13 in the IRVU

Nehemiah 13 in the ISVN

Nehemiah 13 in the JSNT

Nehemiah 13 in the KAPI

Nehemiah 13 in the KBT1ETNIK

Nehemiah 13 in the KBV

Nehemiah 13 in the KJV

Nehemiah 13 in the KNFD

Nehemiah 13 in the LBA

Nehemiah 13 in the LBLA

Nehemiah 13 in the LNT

Nehemiah 13 in the LSV

Nehemiah 13 in the MAAL

Nehemiah 13 in the MBV

Nehemiah 13 in the MBV2

Nehemiah 13 in the MHNT

Nehemiah 13 in the MKNFD

Nehemiah 13 in the MNG

Nehemiah 13 in the MNT

Nehemiah 13 in the MNT2

Nehemiah 13 in the MRS1T

Nehemiah 13 in the NAA

Nehemiah 13 in the NASB

Nehemiah 13 in the NBLA

Nehemiah 13 in the NBS

Nehemiah 13 in the NBVTP

Nehemiah 13 in the NET2

Nehemiah 13 in the NIV11

Nehemiah 13 in the NNT

Nehemiah 13 in the NNT2

Nehemiah 13 in the NNT3

Nehemiah 13 in the PDDPT

Nehemiah 13 in the PFNT

Nehemiah 13 in the RMNT

Nehemiah 13 in the SBIAS

Nehemiah 13 in the SBIBS

Nehemiah 13 in the SBIBS2

Nehemiah 13 in the SBICS

Nehemiah 13 in the SBIDS

Nehemiah 13 in the SBIGS

Nehemiah 13 in the SBIHS

Nehemiah 13 in the SBIIS

Nehemiah 13 in the SBIIS2

Nehemiah 13 in the SBIIS3

Nehemiah 13 in the SBIKS

Nehemiah 13 in the SBIKS2

Nehemiah 13 in the SBIMS

Nehemiah 13 in the SBIOS

Nehemiah 13 in the SBIPS

Nehemiah 13 in the SBISS

Nehemiah 13 in the SBITS

Nehemiah 13 in the SBITS2

Nehemiah 13 in the SBITS3

Nehemiah 13 in the SBITS4

Nehemiah 13 in the SBIUS

Nehemiah 13 in the SBIVS

Nehemiah 13 in the SBT

Nehemiah 13 in the SBT1E

Nehemiah 13 in the SCHL

Nehemiah 13 in the SNT

Nehemiah 13 in the SUSU

Nehemiah 13 in the SUSU2

Nehemiah 13 in the SYNO

Nehemiah 13 in the TBIAOTANT

Nehemiah 13 in the TBT1E

Nehemiah 13 in the TBT1E2

Nehemiah 13 in the TFTIP

Nehemiah 13 in the TFTU

Nehemiah 13 in the TGNTATF3T

Nehemiah 13 in the THAI

Nehemiah 13 in the TNFD

Nehemiah 13 in the TNT

Nehemiah 13 in the TNTIK

Nehemiah 13 in the TNTIL

Nehemiah 13 in the TNTIN

Nehemiah 13 in the TNTIP

Nehemiah 13 in the TNTIZ

Nehemiah 13 in the TOMA

Nehemiah 13 in the TTENT

Nehemiah 13 in the UBG

Nehemiah 13 in the UGV

Nehemiah 13 in the UGV2

Nehemiah 13 in the UGV3

Nehemiah 13 in the VBL

Nehemiah 13 in the VDCC

Nehemiah 13 in the YALU

Nehemiah 13 in the YAPE

Nehemiah 13 in the YBVTP

Nehemiah 13 in the ZBP