Numbers 19 (BOECS)
1 Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be, 2 “Esiae nye se si Yehowa de. Migblɔ na Israelviwo be woatsɔ nyinɔ dzĩ si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la vɛ na mi. 3 Mitsɔe na nunɔla Eleazar, miana wòahee ayi asaɖa la godo, eye wòana ame aɖe nawui le eŋkume. 4 Ekema nunɔla Eleazar ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre ɖe Agbadɔ la ƒe mɔnu lɔƒo. 5 Le esia megbe la, wòana woatɔ dzo nyinɔ la, eƒe agbalẽ, eƒe lã, eƒe ʋu kple eƒe afɔdzi siaa le eŋkume. 6 Nunɔla Eleazar atsɔ sedati kple kakle ƒe alɔdze kple ka dzĩ ada ɖe dzo la me. 7 Le esia megbe la, nunɔla anya eƒe awuwo, ale tsi, atrɔ ayi asaɖa la me, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. 8 Ame si tɔ dzo lã la hã anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eya hã ŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. 9 “Ekema ame si ŋu kɔ la, aƒo nyinɔ la ƒe afi nu ƒu, eye woadae ɖe teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo afi si woadzrae ɖo na Israelviwo abe afi si woaku tsi le ene hena nuŋukɔkɔ ƒe wɔnawo na nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa. 10 Ame si ƒo ƒu nyinɔ la ƒe afi la anya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Esia nye se na Israelviwo kple amedzro siwo le wo dome la tegbetegbe. 11 “Ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la ŋuti makɔ o ŋkeke adre. 12 Ele be wòakɔ eɖokui ŋuti le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbe kple tsi, si tso nyinɔ la ƒe afi me. Ekema eŋuti akɔ. Ne mewɔ esia le ŋkeke etɔ̃lia dzi o la, ekema eƒe ŋutimakɔmakɔ la ayi edzi adze le ŋkeke adrelia gɔ̃ hã ŋu. 13 Ame sia ame si aka asi ame kuku aɖe ŋu, eye mekɔ eɖokui ŋu le mɔ sia dzi o la gblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe agbadɔ la, eye woaɖee ɖa le Israelviwo dome. Womehlẽ tsi kɔkɔe la ɖe eŋu o, eya ta makɔmakɔnyenye la gale eŋu ko. 14 “Se siwo dzi woawɔ ne ŋutsu aɖe ku le agbadɔ aɖe me la woe nye esiawo: Ame sia ame si ge ɖe agbadɔ la me kple ame siwo nɔ agbadɔ la me ɣe ma ɣi la ŋuti mekɔ o ŋkeke adre. 15 Nu sia nu si nu nutunu mele o la ŋuti mekɔ o. 16 “Ne ame aɖe le gbedzi, eye wòka asi ame si wowu le aʋa me alo ame si ku le mɔ bubu aɖe nu ƒe kukua ŋuti alo ka asi ame kuku aɖe ƒe ƒu alo yɔdo ŋu la, eŋuti mekɔ o ŋkeke adre. 17 “Hena amea ŋuti kɔkɔ la, woatsɔ dzowɔ tso nyinɔ la ƒe numevɔsa ƒe dzowɔ me ade tsi dzidzi ƒe tsi me le tsiɖonu me. 18 Ekema ame si ŋuti kɔ la, atsɔ kakle ƒe alɔdzewo ade tsi la me, eye wòahlẽ tsi la ɖe agbadɔ la kple ze kple gagbɛ siwo katã nɔ agbadɔ la me kple ame si ƒe agbadɔ la me nɔnɔ alo eƒe asikaka ameƒu alo ame kuku aɖe alo yɔdo aɖe ŋu na be eŋuti mekɔ o la ŋu. 19 Woawɔ nu sia le ŋkeke etɔ̃lia kple adrelia gbewo. Emegbe la, amea anya eƒe awuwo, ale tsi, eye eŋuti akɔ le fiẽ. 20 “Ke ne ame aɖe ŋuti mekɔ o, gake wògbe be yemakɔ ye ɖokui ŋuti o la, woaɖee ɖa le ha me, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la, eye esi womehlẽ ameŋukɔtsi la ɖe eŋu o ta la, eŋuti mekɔ o. 21 Esia nye se na mi tegbetegbe. Ele be ame si hlẽ tsi kɔkɔe la ɖe amea ŋu la nanya eƒe awuwo emegbe. Ame sia ame si ka asi tsi la ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. 22 Nu sia nu si ŋu ame si ŋuti mekɔ o la ka asii la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.”
In Other Versions
Numbers 19 in the ANGEFD
Numbers 19 in the ANTPNG2D
Numbers 19 in the AS21
Numbers 19 in the BAGH
Numbers 19 in the BBPNG
Numbers 19 in the BBT1E
Numbers 19 in the BDS
Numbers 19 in the BEV
Numbers 19 in the BHAD
Numbers 19 in the BIB
Numbers 19 in the BLPT
Numbers 19 in the BNT
Numbers 19 in the BNTABOOT
Numbers 19 in the BNTLV
Numbers 19 in the BOATCB
Numbers 19 in the BOATCB2
Numbers 19 in the BOBCV
Numbers 19 in the BOCNT
Numbers 19 in the BOGWICC
Numbers 19 in the BOHCB
Numbers 19 in the BOHCV
Numbers 19 in the BOHLNT
Numbers 19 in the BOHNTLTAL
Numbers 19 in the BOICB
Numbers 19 in the BOILNTAP
Numbers 19 in the BOITCV
Numbers 19 in the BOKCV
Numbers 19 in the BOKCV2
Numbers 19 in the BOKHWOG
Numbers 19 in the BOKSSV
Numbers 19 in the BOLCB
Numbers 19 in the BOLCB2
Numbers 19 in the BOMCV
Numbers 19 in the BONAV
Numbers 19 in the BONCB
Numbers 19 in the BONLT
Numbers 19 in the BONUT2
Numbers 19 in the BOPLNT
Numbers 19 in the BOSCB
Numbers 19 in the BOSNC
Numbers 19 in the BOTLNT
Numbers 19 in the BOVCB
Numbers 19 in the BOYCB
Numbers 19 in the BPBB
Numbers 19 in the BPH
Numbers 19 in the BSB
Numbers 19 in the CCB
Numbers 19 in the CUV
Numbers 19 in the CUVS
Numbers 19 in the DBT
Numbers 19 in the DGDNT
Numbers 19 in the DHNT
Numbers 19 in the DNT
Numbers 19 in the ELBE
Numbers 19 in the EMTV
Numbers 19 in the ESV
Numbers 19 in the FBV
Numbers 19 in the FEB
Numbers 19 in the GGMNT
Numbers 19 in the GNT
Numbers 19 in the HARY
Numbers 19 in the HNT
Numbers 19 in the IRVA
Numbers 19 in the IRVB
Numbers 19 in the IRVG
Numbers 19 in the IRVH
Numbers 19 in the IRVK
Numbers 19 in the IRVM
Numbers 19 in the IRVM2
Numbers 19 in the IRVO
Numbers 19 in the IRVP
Numbers 19 in the IRVT
Numbers 19 in the IRVT2
Numbers 19 in the IRVU
Numbers 19 in the ISVN
Numbers 19 in the JSNT
Numbers 19 in the KAPI
Numbers 19 in the KBT1ETNIK
Numbers 19 in the KBV
Numbers 19 in the KJV
Numbers 19 in the KNFD
Numbers 19 in the LBA
Numbers 19 in the LBLA
Numbers 19 in the LNT
Numbers 19 in the LSV
Numbers 19 in the MAAL
Numbers 19 in the MBV
Numbers 19 in the MBV2
Numbers 19 in the MHNT
Numbers 19 in the MKNFD
Numbers 19 in the MNG
Numbers 19 in the MNT
Numbers 19 in the MNT2
Numbers 19 in the MRS1T
Numbers 19 in the NAA
Numbers 19 in the NASB
Numbers 19 in the NBLA
Numbers 19 in the NBS
Numbers 19 in the NBVTP
Numbers 19 in the NET2
Numbers 19 in the NIV11
Numbers 19 in the NNT
Numbers 19 in the NNT2
Numbers 19 in the NNT3
Numbers 19 in the PDDPT
Numbers 19 in the PFNT
Numbers 19 in the RMNT
Numbers 19 in the SBIAS
Numbers 19 in the SBIBS
Numbers 19 in the SBIBS2
Numbers 19 in the SBICS
Numbers 19 in the SBIDS
Numbers 19 in the SBIGS
Numbers 19 in the SBIHS
Numbers 19 in the SBIIS
Numbers 19 in the SBIIS2
Numbers 19 in the SBIIS3
Numbers 19 in the SBIKS
Numbers 19 in the SBIKS2
Numbers 19 in the SBIMS
Numbers 19 in the SBIOS
Numbers 19 in the SBIPS
Numbers 19 in the SBISS
Numbers 19 in the SBITS
Numbers 19 in the SBITS2
Numbers 19 in the SBITS3
Numbers 19 in the SBITS4
Numbers 19 in the SBIUS
Numbers 19 in the SBIVS
Numbers 19 in the SBT
Numbers 19 in the SBT1E
Numbers 19 in the SCHL
Numbers 19 in the SNT
Numbers 19 in the SUSU
Numbers 19 in the SUSU2
Numbers 19 in the SYNO
Numbers 19 in the TBIAOTANT
Numbers 19 in the TBT1E
Numbers 19 in the TBT1E2
Numbers 19 in the TFTIP
Numbers 19 in the TFTU
Numbers 19 in the TGNTATF3T
Numbers 19 in the THAI
Numbers 19 in the TNFD
Numbers 19 in the TNT
Numbers 19 in the TNTIK
Numbers 19 in the TNTIL
Numbers 19 in the TNTIN
Numbers 19 in the TNTIP
Numbers 19 in the TNTIZ
Numbers 19 in the TOMA
Numbers 19 in the TTENT
Numbers 19 in the UBG
Numbers 19 in the UGV
Numbers 19 in the UGV2
Numbers 19 in the UGV3
Numbers 19 in the VBL
Numbers 19 in the VDCC
Numbers 19 in the YALU
Numbers 19 in the YAPE
Numbers 19 in the YBVTP
Numbers 19 in the ZBP