Numbers 28 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “De se sia na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Mikpɔ egbɔ be, le ɣeyiɣi ɖoɖo la dzi la, mietsɔ nye nuɖuɖu si nye dzovɔsa, si nye nu si ʋẽna lĩlĩlĩ, eye wòdzea ŋunye la nam.’ 3 Ne miedi be yewoasa dzovɔ nam la, miwɔ alẽvi siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la ŋu dɔ. Woatsɔ alẽvi eve asa vɔe nam gbe sia gbe. 4 Woatsɔ alẽvi ɖeka asa vɔe le ŋdi me, eye woatsɔ evelia asae le fiẽ me. 5 Woatsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee kilogram ɖeka si wobaka kple ami lita ɖeka. 6 Esia nye dzovɔsa si meɖo na mi le Sinai to la dzi be miatsɔ wo nam le ɣeyiɣi ɖoɖoawo dzi, wòanye dzovɔ si wosa na Yehowa, eye wòʋẽna lĩlĩlĩ. 7 Woatsɔ nunovɔsanu, si nye wain sesẽ lita ɖeka la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woatrɔ wain la le kɔkɔeƒe le Yehowa ŋkume. 8 Mitsɔ alẽvi evelia sa vɔe le fiẽ me, eye miatsɔ nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ma ke akpe ɖe eŋu. Esia hã nye dzovɔsa si ʋẽna lĩlĩlĩ la na Yehowa. 9 “Le Dzudzɔgbe la dzi la, tsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka, eye wode blibo le go ɖe sia ɖe me la sa vɔe kpe ɖe eƒe nunovɔsa kple nuɖuvɔsa ŋu. Nuɖuvɔsa la nanye wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami. 10 Esia nye Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe ƒe numevɔsa hekpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa ŋu.” 11 “Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woagasa numevɔ bubu na Yehowa kpe ɖe esi wosana gbe sia gbe la ŋu. Woasa vɔ sia kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye lã si de blibo le go ɖe sia ɖe me. 12 Nu siwo woatsɔ akpe ɖe vɔsalã siawo ŋu lae nye: wɔ memee lita ade kple afã, si wobaka kple ami lita ene kple afã abe nuɖuvɔsa ene kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu; wɔ memee kilogram eve si wobaka kple ami kilogram eve abe nuɖuvɔsa ene nazɔ kple agbo la, 13 eye woatsɔ wɔ memee si wobaka kple ami lita eve abe nuɖuvɔsa ene la akpe ɖe alẽvi ɖe sia ɖe ŋu. Woame vɔsa sia; ado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ. 14 Woatsɔ nunovɔsa si nye wain lita eve la akpe ɖe nyitsu la ŋu, atsɔ lita ɖeka kple afã akpe ɖe agbo la ŋu, eye woatsɔ lita ɖeka akpe ɖe agbovi ɖe sia ɖe ŋu. Esiae nye nunovɔsa si woawɔ ɣleti sia ɣleti to ƒe blibo la me. 15 “Emegbe la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, miana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa si miesana la ŋuti. 16 “Woaɖu Yehowa ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia gbe le ƒe ɖe sia ɖe me. Miaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la atsɔ ɖo ŋku gbe si gbe mawudɔla la dze to Israelviwo ƒe viŋutsu gbãtɔwo ŋu, eye mewu wo o la dzi. 17 Ne ŋu ke la, ŋkeke adre ƒe dzidzɔŋkekenyui aɖe adze egɔme, ke womaɖu abolo ʋaʋã aɖeke o. 18 Le ŋkekenyui sia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, àƒo ameawo nu ƒu hena mawusubɔsubɔ, eye miawɔ dɔ aɖeke o. 19 Miatsɔ nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko la asa numevɔ na Yehowa. Lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe nanye esi de blibo. 20 Misa numevɔ kple wɔ memee lita ade kple afã si wobaka kple ami la kpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ memee lita ene kple afã si wobaka kple ami la asa vɔe kpe ɖe alẽvi la ŋu, 21 eye miatsɔ wɔ ma lita eve akpe ɖe alẽviawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 22 Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka hã asa nu vɔ̃ ŋuti vɔe, ale be mialé avu ɖe mia ɖokuiwo ta. 23 Vɔsa siawo akpe ɖe gbe sia gbe ƒe vɔ siwo miesana la ŋuti. 24 Miasa vɔ sia ke le Ŋkekenyui la ƒe ŋkeke adreawo ɖe sia ɖe gbe. Woadze Yehowa ŋu ŋutɔ. 25 Le ŋkeke adrea gbe la, ameawo katã agawɔ takpekpe kɔkɔe aɖe. Womawɔ dɔ sesẽ aɖeke gbe ma gbe o. 26 “Le kutsetse gbãtɔwo ƒe Ŋkekenyui si woyɔna be Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui alo Pentekoste ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, ameawo katã awɔ takpekpe kɔkɔe, atso aseye le nuŋeŋe yeye la ta. Gbe ma gbe la, ele be miatsɔ nuku yeye siwo mieŋe la ƒe gbãtɔ na Yehowa abe nuɖuvɔsa ene. Ame aɖeke mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke le ŋkeke ma dzi o. 27 Woasa numevɔ tɔxɛ si adze Yehowa ŋu ŋutɔ la gbe ma gbe kple nyitsuvi eve, agbo ɖeka kple agbovi adre, siwo xɔ ƒe ɖeka ko. 28 Miatsɔ nuɖuvɔsa si wowɔ kple wɔ memee si wobaka kple ami lita ade kple afã akpe ɖe nyitsu ɖe sia ɖe ŋu, miatsɔ wɔ ma lita ene kple afã, si wobaka kple ami la akpe ɖe agbo la ŋu, eye 29 wɔ memee lita eve nakpe ɖe alẽvi adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 30 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa avulévɔ ɖe mia ɖokuiwo ta. 31 Vɔsa tɔxɛ siawo akpe ɖe numevɔ, nuɖuvɔ kple nunovɔ siwo miesana gbe sia gbe la ŋu. Mikpɔ egbɔ be miaƒe vɔsalãwo dometɔ ɖe sia ɖe de blibo.”

In Other Versions

Numbers 28 in the ANGEFD

Numbers 28 in the ANTPNG2D

Numbers 28 in the AS21

Numbers 28 in the BAGH

Numbers 28 in the BBPNG

Numbers 28 in the BBT1E

Numbers 28 in the BDS

Numbers 28 in the BEV

Numbers 28 in the BHAD

Numbers 28 in the BIB

Numbers 28 in the BLPT

Numbers 28 in the BNT

Numbers 28 in the BNTABOOT

Numbers 28 in the BNTLV

Numbers 28 in the BOATCB

Numbers 28 in the BOATCB2

Numbers 28 in the BOBCV

Numbers 28 in the BOCNT

Numbers 28 in the BOGWICC

Numbers 28 in the BOHCB

Numbers 28 in the BOHCV

Numbers 28 in the BOHLNT

Numbers 28 in the BOHNTLTAL

Numbers 28 in the BOICB

Numbers 28 in the BOILNTAP

Numbers 28 in the BOITCV

Numbers 28 in the BOKCV

Numbers 28 in the BOKCV2

Numbers 28 in the BOKHWOG

Numbers 28 in the BOKSSV

Numbers 28 in the BOLCB

Numbers 28 in the BOLCB2

Numbers 28 in the BOMCV

Numbers 28 in the BONAV

Numbers 28 in the BONCB

Numbers 28 in the BONLT

Numbers 28 in the BONUT2

Numbers 28 in the BOPLNT

Numbers 28 in the BOSCB

Numbers 28 in the BOSNC

Numbers 28 in the BOTLNT

Numbers 28 in the BOVCB

Numbers 28 in the BOYCB

Numbers 28 in the BPBB

Numbers 28 in the BPH

Numbers 28 in the BSB

Numbers 28 in the CCB

Numbers 28 in the CUV

Numbers 28 in the CUVS

Numbers 28 in the DBT

Numbers 28 in the DGDNT

Numbers 28 in the DHNT

Numbers 28 in the DNT

Numbers 28 in the ELBE

Numbers 28 in the EMTV

Numbers 28 in the ESV

Numbers 28 in the FBV

Numbers 28 in the FEB

Numbers 28 in the GGMNT

Numbers 28 in the GNT

Numbers 28 in the HARY

Numbers 28 in the HNT

Numbers 28 in the IRVA

Numbers 28 in the IRVB

Numbers 28 in the IRVG

Numbers 28 in the IRVH

Numbers 28 in the IRVK

Numbers 28 in the IRVM

Numbers 28 in the IRVM2

Numbers 28 in the IRVO

Numbers 28 in the IRVP

Numbers 28 in the IRVT

Numbers 28 in the IRVT2

Numbers 28 in the IRVU

Numbers 28 in the ISVN

Numbers 28 in the JSNT

Numbers 28 in the KAPI

Numbers 28 in the KBT1ETNIK

Numbers 28 in the KBV

Numbers 28 in the KJV

Numbers 28 in the KNFD

Numbers 28 in the LBA

Numbers 28 in the LBLA

Numbers 28 in the LNT

Numbers 28 in the LSV

Numbers 28 in the MAAL

Numbers 28 in the MBV

Numbers 28 in the MBV2

Numbers 28 in the MHNT

Numbers 28 in the MKNFD

Numbers 28 in the MNG

Numbers 28 in the MNT

Numbers 28 in the MNT2

Numbers 28 in the MRS1T

Numbers 28 in the NAA

Numbers 28 in the NASB

Numbers 28 in the NBLA

Numbers 28 in the NBS

Numbers 28 in the NBVTP

Numbers 28 in the NET2

Numbers 28 in the NIV11

Numbers 28 in the NNT

Numbers 28 in the NNT2

Numbers 28 in the NNT3

Numbers 28 in the PDDPT

Numbers 28 in the PFNT

Numbers 28 in the RMNT

Numbers 28 in the SBIAS

Numbers 28 in the SBIBS

Numbers 28 in the SBIBS2

Numbers 28 in the SBICS

Numbers 28 in the SBIDS

Numbers 28 in the SBIGS

Numbers 28 in the SBIHS

Numbers 28 in the SBIIS

Numbers 28 in the SBIIS2

Numbers 28 in the SBIIS3

Numbers 28 in the SBIKS

Numbers 28 in the SBIKS2

Numbers 28 in the SBIMS

Numbers 28 in the SBIOS

Numbers 28 in the SBIPS

Numbers 28 in the SBISS

Numbers 28 in the SBITS

Numbers 28 in the SBITS2

Numbers 28 in the SBITS3

Numbers 28 in the SBITS4

Numbers 28 in the SBIUS

Numbers 28 in the SBIVS

Numbers 28 in the SBT

Numbers 28 in the SBT1E

Numbers 28 in the SCHL

Numbers 28 in the SNT

Numbers 28 in the SUSU

Numbers 28 in the SUSU2

Numbers 28 in the SYNO

Numbers 28 in the TBIAOTANT

Numbers 28 in the TBT1E

Numbers 28 in the TBT1E2

Numbers 28 in the TFTIP

Numbers 28 in the TFTU

Numbers 28 in the TGNTATF3T

Numbers 28 in the THAI

Numbers 28 in the TNFD

Numbers 28 in the TNT

Numbers 28 in the TNTIK

Numbers 28 in the TNTIL

Numbers 28 in the TNTIN

Numbers 28 in the TNTIP

Numbers 28 in the TNTIZ

Numbers 28 in the TOMA

Numbers 28 in the TTENT

Numbers 28 in the UBG

Numbers 28 in the UGV

Numbers 28 in the UGV2

Numbers 28 in the UGV3

Numbers 28 in the VBL

Numbers 28 in the VDCC

Numbers 28 in the YALU

Numbers 28 in the YAPE

Numbers 28 in the YBVTP

Numbers 28 in the ZBP