Psalms 74 (BOECS)

undefined Asaf ƒe nufiameha. 1 O! Mawu, nu ka ŋuti nègble mí ɖi ɖikaa?Nu ka ta wò dɔmedzoe bi ɖe wò alẽ siwo le wò lãnyiƒe ŋuti? 2 Ɖo ŋku ame siwo nèƒle le blema,dukɔ si nye wò domenyinu,ame siwo nèɖe kple Zion, to afi si nènɔ la dzi. 3 Trɔ ɖe gli siwo gbã ɖikaɖika la ŋu,gbegblẽ siawoe futɔ la he va wò teƒe kɔkɔe lae. 4 Wò futɔwo le gbe ɖem le afi si nèdo go mí le;wova tsi woƒe aflaga ɖe teƒe la be wòanye dzesi anɔ afi ma. 5 Wole nu wɔm abe ŋutsu siwo lé fia ɖe asile ave dodowo me be woalã atiwo ene. 6 Wotsɔ woƒe fiawo kple yiwo dza aɖaŋusiwo wowɔ ɖe gliawo ŋu. 7 Wotɔ dzo wò kɔkɔeƒe la wòbi va anyigba,eye wodo gu teƒe si wò Ŋkɔ nɔna. 8 Wogblɔ le woƒe dzi me be,“Míagbã wo gudugudu!”Wotɔ dzo teƒe sia teƒe si wosubɔa Mawu le,le anyigba dzi. 9 Womegawɔa nukunu aɖeke na mí o;womegblẽ nyagblɔɖila aɖeke ɖi oeye mía dometɔ aɖeke menya ɣeyiɣi si nu sia nu ava yi o. 10 O! Mawu, ɣe ka ɣi futɔ la aɖu fewule ŋuwò ase ɖo?Ɖe ketɔ la ado vlo wò ŋkɔ tegbeea? 11 Nu ka ta nèhe wò asi, wò nuɖusi ɖe megbe ɖo?Ɖe wò asi doe le wò awu te, eye nàtsrɔ̃ wo! 12 Ke wò la, O Mawu, wòe nye fianye tso blema ke;wòe tsɔ ɖeɖe va anyigba la dzi. 13 Wòe tsɔ wò ŋusẽ ma atsiaƒu,eye nègbã tɔmelã dziŋɔwo ƒe ta le tsiwo me. 14 Wòe gbã Leviatan ƒe ta,eye nètsɔe wɔ nuɖuɖui na gbemelãwo. 15 Wòe ʋu nu le tsitsetsewokple tɔʋuwo nu wosi bababa,eye wòe na tɔ siwo sina ɖaa la mie. 16 Ŋkeke nye tɔwò, eye zã hã tɔwòe;wòe wɔ ɣe kple ɣleti. 17 Wòe ɖo liƒo na anyigba,eye wòe wɔ vuvɔŋɔli kple dzomeŋɔli. 18 O! Yehowa, ɖo ŋku ale si futɔ la do vlo wòkple ale si bometsilawo ɖe alɔme le wò ŋkɔ ŋuti la dzi. 19 Mègatsɔ wò akpakpa ƒe agbe de asi na lãwɔadãwo o,eye mègaŋlɔ wò hiãtɔwo ƒe gbe be ɖikaa o. 20 Tsɔ ɖe le wò nubabla la me,elabena ŋutasesẽ ƒe wɔnawo yɔ anyigba la ƒe ɣaɣlɛƒewo fũu. 21 Mègana ame siwo wote ɖe anyi lanate gbugbɔɖemegbe kple ŋukpe o;ke boŋ ame dahewo kple hiãtɔwo nekafu wò ŋkɔ. 22 O! Mawu, tso eye nàʋli wò bubu ta;ɖo ŋku ale si bometsilawo le alɔme ɖemle ŋuwò ŋkeke blibo lae dzi. 23 Mègado toku wò futɔwo ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ,kple wò ketɔwo ƒe howɔwɔ si le dzi dem ɖaa la o.

In Other Versions

Psalms 74 in the ANGEFD

Psalms 74 in the ANTPNG2D

Psalms 74 in the AS21

Psalms 74 in the BAGH

Psalms 74 in the BBPNG

Psalms 74 in the BBT1E

Psalms 74 in the BDS

Psalms 74 in the BEV

Psalms 74 in the BHAD

Psalms 74 in the BIB

Psalms 74 in the BLPT

Psalms 74 in the BNT

Psalms 74 in the BNTABOOT

Psalms 74 in the BNTLV

Psalms 74 in the BOATCB

Psalms 74 in the BOATCB2

Psalms 74 in the BOBCV

Psalms 74 in the BOCNT

Psalms 74 in the BOGWICC

Psalms 74 in the BOHCB

Psalms 74 in the BOHCV

Psalms 74 in the BOHLNT

Psalms 74 in the BOHNTLTAL

Psalms 74 in the BOICB

Psalms 74 in the BOILNTAP

Psalms 74 in the BOITCV

Psalms 74 in the BOKCV

Psalms 74 in the BOKCV2

Psalms 74 in the BOKHWOG

Psalms 74 in the BOKSSV

Psalms 74 in the BOLCB

Psalms 74 in the BOLCB2

Psalms 74 in the BOMCV

Psalms 74 in the BONAV

Psalms 74 in the BONCB

Psalms 74 in the BONLT

Psalms 74 in the BONUT2

Psalms 74 in the BOPLNT

Psalms 74 in the BOSCB

Psalms 74 in the BOSNC

Psalms 74 in the BOTLNT

Psalms 74 in the BOVCB

Psalms 74 in the BOYCB

Psalms 74 in the BPBB

Psalms 74 in the BPH

Psalms 74 in the BSB

Psalms 74 in the CCB

Psalms 74 in the CUV

Psalms 74 in the CUVS

Psalms 74 in the DBT

Psalms 74 in the DGDNT

Psalms 74 in the DHNT

Psalms 74 in the DNT

Psalms 74 in the ELBE

Psalms 74 in the EMTV

Psalms 74 in the ESV

Psalms 74 in the FBV

Psalms 74 in the FEB

Psalms 74 in the GGMNT

Psalms 74 in the GNT

Psalms 74 in the HARY

Psalms 74 in the HNT

Psalms 74 in the IRVA

Psalms 74 in the IRVB

Psalms 74 in the IRVG

Psalms 74 in the IRVH

Psalms 74 in the IRVK

Psalms 74 in the IRVM

Psalms 74 in the IRVM2

Psalms 74 in the IRVO

Psalms 74 in the IRVP

Psalms 74 in the IRVT

Psalms 74 in the IRVT2

Psalms 74 in the IRVU

Psalms 74 in the ISVN

Psalms 74 in the JSNT

Psalms 74 in the KAPI

Psalms 74 in the KBT1ETNIK

Psalms 74 in the KBV

Psalms 74 in the KJV

Psalms 74 in the KNFD

Psalms 74 in the LBA

Psalms 74 in the LBLA

Psalms 74 in the LNT

Psalms 74 in the LSV

Psalms 74 in the MAAL

Psalms 74 in the MBV

Psalms 74 in the MBV2

Psalms 74 in the MHNT

Psalms 74 in the MKNFD

Psalms 74 in the MNG

Psalms 74 in the MNT

Psalms 74 in the MNT2

Psalms 74 in the MRS1T

Psalms 74 in the NAA

Psalms 74 in the NASB

Psalms 74 in the NBLA

Psalms 74 in the NBS

Psalms 74 in the NBVTP

Psalms 74 in the NET2

Psalms 74 in the NIV11

Psalms 74 in the NNT

Psalms 74 in the NNT2

Psalms 74 in the NNT3

Psalms 74 in the PDDPT

Psalms 74 in the PFNT

Psalms 74 in the RMNT

Psalms 74 in the SBIAS

Psalms 74 in the SBIBS

Psalms 74 in the SBIBS2

Psalms 74 in the SBICS

Psalms 74 in the SBIDS

Psalms 74 in the SBIGS

Psalms 74 in the SBIHS

Psalms 74 in the SBIIS

Psalms 74 in the SBIIS2

Psalms 74 in the SBIIS3

Psalms 74 in the SBIKS

Psalms 74 in the SBIKS2

Psalms 74 in the SBIMS

Psalms 74 in the SBIOS

Psalms 74 in the SBIPS

Psalms 74 in the SBISS

Psalms 74 in the SBITS

Psalms 74 in the SBITS2

Psalms 74 in the SBITS3

Psalms 74 in the SBITS4

Psalms 74 in the SBIUS

Psalms 74 in the SBIVS

Psalms 74 in the SBT

Psalms 74 in the SBT1E

Psalms 74 in the SCHL

Psalms 74 in the SNT

Psalms 74 in the SUSU

Psalms 74 in the SUSU2

Psalms 74 in the SYNO

Psalms 74 in the TBIAOTANT

Psalms 74 in the TBT1E

Psalms 74 in the TBT1E2

Psalms 74 in the TFTIP

Psalms 74 in the TFTU

Psalms 74 in the TGNTATF3T

Psalms 74 in the THAI

Psalms 74 in the TNFD

Psalms 74 in the TNT

Psalms 74 in the TNTIK

Psalms 74 in the TNTIL

Psalms 74 in the TNTIN

Psalms 74 in the TNTIP

Psalms 74 in the TNTIZ

Psalms 74 in the TOMA

Psalms 74 in the TTENT

Psalms 74 in the UBG

Psalms 74 in the UGV

Psalms 74 in the UGV2

Psalms 74 in the UGV3

Psalms 74 in the VBL

Psalms 74 in the VDCC

Psalms 74 in the YALU

Psalms 74 in the YAPE

Psalms 74 in the YBVTP

Psalms 74 in the ZBP