Zechariah 1 (BOECS)
1 Le ɣleti enyilia me le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, gbe tso Yehowa gbɔ va na Nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi be, 2 “Yehowa do dɔmedzoe ɖe mia fofowo ŋu vevie, 3 eya ta gblɔ na ameawo be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu!’ 4 Miganɔ abe mia fofowo ene o, ame siwo nyagblɔɖila tsãtɔwo gblɔ na be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Mitrɔ le miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi, eye miaɖe asi le miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋuti.’ Gake wogbe toɖoɖom, eye wometsɔ ɖeke le eme nam o. 5 Afi ka mia fofowo le fifia, eye ɖe nyagblɔɖilawo nɔa agbe tegbea? 6 Ke ɖe nye nya kple ɖoɖo siwo mede asi na nye dɔla, nyagblɔɖilawo la meva mia fofowo dzi oa?“Le esia ta la, wotrɔ dzi me gblɔ be, ‘Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la wɔ na mí ɖe míaƒe mɔwo kple wɔnawo nu abe ale si wòɖoe be yeawɔ ene.’ ” 7 Le ɣleti wuiɖekɛlia si nye Sebat ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, le Fia Darius ƒe ƒe evelia me la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Zekaria, Berekia ƒe vi kple Ido ƒe tɔgbuiyɔvi. 8 Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe. 9 Mebia be, “Nye Aƒetɔ, nu kawoe nye esiawo?”Mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la ɖo eŋu nam be, “Mafia nu si wonye la wò.” 10 Tete ame si tsi tsitre ɖe amitiawo dome la ɖe eme nam be, “Woawoe nye ame siwo Yehowa dɔ be woatsa le anyigba blibo la dzi.” 11 Wova gblɔ na Yehowa ƒe dɔla, ame si nɔ tsitre ɖe amitiawo dome la be, “Míetsa le anyigba blibo la dzi, eye dzidzedze kple ŋutifafa le afi sia afi.” 12 Esi Yehowa ƒe dɔla la se nya siawo la, edo gbe ɖa be, “O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, ƒe blaadree nye esi, esi nètrɔ wò dɔmedzoe kɔ ɖe Yerusalem kple Yuda ƒe duwo dzi. Va se ɖe ɣe ka ɣi nàgakpɔ nublanui na wo?” 13 Yehowa ɖo eŋu na mawudɔla si le xanye la hegblɔ akɔfanyawo kple dzideƒonyawo nɛ. 14 Tete mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la gblɔ be, “Ɖe gbeƒã nya sia: ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Meʋã ŋu ɖe Yerusalem kple Zion nu ŋutɔ, 15 ke mekpɔ dɔmedzoe vevie ɖe dukɔ siwo susu be yewole dedie la ŋuti. Ke dɔmedzoe vi aɖe ko mekpɔ, gake woawoe he dzɔgbevɔ̃e la vɛ.’ 16 “Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Matrɔ ɖe Yerusalem ŋu kple nublanuikpɔkpɔ. Le afi ma, woagbugbɔ nye xɔ la atu, eye woatsɔ nudzidzeka aɖo Yerusalem katã ŋuti.’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. 17 “Yi edzi, nàɖe gbeƒã be ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi, ‘Nye duwo agagbagba kple dzidzedze, Yehowa agafa akɔ na Zion, eye wòagatia Yerusalem.’ ” 18 Esi mefɔ kɔ dzi la, mekpɔ lãdzo ene le nye ŋkume. 19 Mebia mawudɔla la be “Nu kawoe nye esiawo?”Eɖo eŋu nam be, “Woawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda, Israel kple Yerusalem.” 20 Yehowa gaɖe gbede ene fiam. 21 Mebia be, “Nu ka wɔ ge wogbɔna?”Eɖo eŋu nam be, “Esiawoe nye lãdzo siwo kaka Yuda ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu afɔ ta dzi o. Ke gbedeawo va be woado ŋɔdzi na wo, eye woatsɔ dukɔwo ƒe lãdzo siawo aƒu ame siwo kɔ woƒe dzowo dzi ɖe Yudanyigba ŋu be yewoakaka eƒe amewo la anyi.”
In Other Versions
Zechariah 1 in the ANGEFD
Zechariah 1 in the ANTPNG2D
Zechariah 1 in the AS21
Zechariah 1 in the BAGH
Zechariah 1 in the BBPNG
Zechariah 1 in the BBT1E
Zechariah 1 in the BDS
Zechariah 1 in the BEV
Zechariah 1 in the BHAD
Zechariah 1 in the BIB
Zechariah 1 in the BLPT
Zechariah 1 in the BNT
Zechariah 1 in the BNTABOOT
Zechariah 1 in the BNTLV
Zechariah 1 in the BOATCB
Zechariah 1 in the BOATCB2
Zechariah 1 in the BOBCV
Zechariah 1 in the BOCNT
Zechariah 1 in the BOGWICC
Zechariah 1 in the BOHCB
Zechariah 1 in the BOHCV
Zechariah 1 in the BOHLNT
Zechariah 1 in the BOHNTLTAL
Zechariah 1 in the BOICB
Zechariah 1 in the BOILNTAP
Zechariah 1 in the BOITCV
Zechariah 1 in the BOKCV
Zechariah 1 in the BOKCV2
Zechariah 1 in the BOKHWOG
Zechariah 1 in the BOKSSV
Zechariah 1 in the BOLCB
Zechariah 1 in the BOLCB2
Zechariah 1 in the BOMCV
Zechariah 1 in the BONAV
Zechariah 1 in the BONCB
Zechariah 1 in the BONLT
Zechariah 1 in the BONUT2
Zechariah 1 in the BOPLNT
Zechariah 1 in the BOSCB
Zechariah 1 in the BOSNC
Zechariah 1 in the BOTLNT
Zechariah 1 in the BOVCB
Zechariah 1 in the BOYCB
Zechariah 1 in the BPBB
Zechariah 1 in the BPH
Zechariah 1 in the BSB
Zechariah 1 in the CCB
Zechariah 1 in the CUV
Zechariah 1 in the CUVS
Zechariah 1 in the DBT
Zechariah 1 in the DGDNT
Zechariah 1 in the DHNT
Zechariah 1 in the DNT
Zechariah 1 in the ELBE
Zechariah 1 in the EMTV
Zechariah 1 in the ESV
Zechariah 1 in the FBV
Zechariah 1 in the FEB
Zechariah 1 in the GGMNT
Zechariah 1 in the GNT
Zechariah 1 in the HARY
Zechariah 1 in the HNT
Zechariah 1 in the IRVA
Zechariah 1 in the IRVB
Zechariah 1 in the IRVG
Zechariah 1 in the IRVH
Zechariah 1 in the IRVK
Zechariah 1 in the IRVM
Zechariah 1 in the IRVM2
Zechariah 1 in the IRVO
Zechariah 1 in the IRVP
Zechariah 1 in the IRVT
Zechariah 1 in the IRVT2
Zechariah 1 in the IRVU
Zechariah 1 in the ISVN
Zechariah 1 in the JSNT
Zechariah 1 in the KAPI
Zechariah 1 in the KBT1ETNIK
Zechariah 1 in the KBV
Zechariah 1 in the KJV
Zechariah 1 in the KNFD
Zechariah 1 in the LBA
Zechariah 1 in the LBLA
Zechariah 1 in the LNT
Zechariah 1 in the LSV
Zechariah 1 in the MAAL
Zechariah 1 in the MBV
Zechariah 1 in the MBV2
Zechariah 1 in the MHNT
Zechariah 1 in the MKNFD
Zechariah 1 in the MNG
Zechariah 1 in the MNT
Zechariah 1 in the MNT2
Zechariah 1 in the MRS1T
Zechariah 1 in the NAA
Zechariah 1 in the NASB
Zechariah 1 in the NBLA
Zechariah 1 in the NBS
Zechariah 1 in the NBVTP
Zechariah 1 in the NET2
Zechariah 1 in the NIV11
Zechariah 1 in the NNT
Zechariah 1 in the NNT2
Zechariah 1 in the NNT3
Zechariah 1 in the PDDPT
Zechariah 1 in the PFNT
Zechariah 1 in the RMNT
Zechariah 1 in the SBIAS
Zechariah 1 in the SBIBS
Zechariah 1 in the SBIBS2
Zechariah 1 in the SBICS
Zechariah 1 in the SBIDS
Zechariah 1 in the SBIGS
Zechariah 1 in the SBIHS
Zechariah 1 in the SBIIS
Zechariah 1 in the SBIIS2
Zechariah 1 in the SBIIS3
Zechariah 1 in the SBIKS
Zechariah 1 in the SBIKS2
Zechariah 1 in the SBIMS
Zechariah 1 in the SBIOS
Zechariah 1 in the SBIPS
Zechariah 1 in the SBISS
Zechariah 1 in the SBITS
Zechariah 1 in the SBITS2
Zechariah 1 in the SBITS3
Zechariah 1 in the SBITS4
Zechariah 1 in the SBIUS
Zechariah 1 in the SBIVS
Zechariah 1 in the SBT
Zechariah 1 in the SBT1E
Zechariah 1 in the SCHL
Zechariah 1 in the SNT
Zechariah 1 in the SUSU
Zechariah 1 in the SUSU2
Zechariah 1 in the SYNO
Zechariah 1 in the TBIAOTANT
Zechariah 1 in the TBT1E
Zechariah 1 in the TBT1E2
Zechariah 1 in the TFTIP
Zechariah 1 in the TFTU
Zechariah 1 in the TGNTATF3T
Zechariah 1 in the THAI
Zechariah 1 in the TNFD
Zechariah 1 in the TNT
Zechariah 1 in the TNTIK
Zechariah 1 in the TNTIL
Zechariah 1 in the TNTIN
Zechariah 1 in the TNTIP
Zechariah 1 in the TNTIZ
Zechariah 1 in the TOMA
Zechariah 1 in the TTENT
Zechariah 1 in the UBG
Zechariah 1 in the UGV
Zechariah 1 in the UGV2
Zechariah 1 in the UGV3
Zechariah 1 in the VBL
Zechariah 1 in the VDCC
Zechariah 1 in the YALU
Zechariah 1 in the YAPE
Zechariah 1 in the YBVTP
Zechariah 1 in the ZBP