1 Corinthians 2 (BEV)

1 Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ la nyemegblɔ mawunya na mi kple susu deŋgɔ boo aɖeke o. 2 Elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o. 3 Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m henɔ dzodzom nyanyanya. 4 Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo ale be ame siwo se nyawo la, dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o. 5 Mewɔ esia be miaƒe xɔse nali ke le Mawu ƒe ŋusẽ me ke menye le amewo ƒe nunya nu o. 6 Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋutidɔ o eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ tome na ameŋuta siwo le xexeame, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o. 7 Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wowɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexeame va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo. 8 Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o. 9 Esia tututue le Mawu ƒe nya la me be, nu si amegbetɔ aɖeke mekpɔ kple ŋku o, nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame aɖeke mesusu ɖe tame kpɔ gbeɖe o la, eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la. 10 Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí. 11 Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe tame alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le tame nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko. 12 Le nyateƒe me la, Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí. 13 Nya siwo tututu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na mí la woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi. 14 Eya ta ne ame aɖe mexɔ Kristo ƒe Gbɔgbɔ o la mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o eye maxɔ wo dzi ase hã o, elabena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔe le nya siawo gblɔm. Nya siawo katã aɖi bometsinya le tome na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le la gɔme, ame bubu aɖeke mate ŋu ase egɔme o. 15 Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la, sea, nu sia nu me tsitotsito, eye esia ɖea fu na xexeametɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena eya mate ŋu ase nu siawo gɔme o. 16 Wɔna aɖeke mele ame sia tɔgbi ŋu o, elabena menya Aƒetɔ la ƒe susu o eye medzroa nya me kple Mawu kaka wòava yi Mawu yɔ ge to gbedodoɖa me wòatɔ nɛ o. Gake la enye nukunya be Kristo ƒe ɖoɖowo kple eƒe susuwo ƒa akpa aɖe le mí kristotɔwo me.

In Other Versions

1 Corinthians 2 in the ANGEFD

1 Corinthians 2 in the ANTPNG2D

1 Corinthians 2 in the AS21

1 Corinthians 2 in the BAGH

1 Corinthians 2 in the BBPNG

1 Corinthians 2 in the BBT1E

1 Corinthians 2 in the BDS

1 Corinthians 2 in the BHAD

1 Corinthians 2 in the BIB

1 Corinthians 2 in the BLPT

1 Corinthians 2 in the BNT

1 Corinthians 2 in the BNTABOOT

1 Corinthians 2 in the BNTLV

1 Corinthians 2 in the BOATCB

1 Corinthians 2 in the BOATCB2

1 Corinthians 2 in the BOBCV

1 Corinthians 2 in the BOCNT

1 Corinthians 2 in the BOECS

1 Corinthians 2 in the BOGWICC

1 Corinthians 2 in the BOHCB

1 Corinthians 2 in the BOHCV

1 Corinthians 2 in the BOHLNT

1 Corinthians 2 in the BOHNTLTAL

1 Corinthians 2 in the BOICB

1 Corinthians 2 in the BOILNTAP

1 Corinthians 2 in the BOITCV

1 Corinthians 2 in the BOKCV

1 Corinthians 2 in the BOKCV2

1 Corinthians 2 in the BOKHWOG

1 Corinthians 2 in the BOKSSV

1 Corinthians 2 in the BOLCB

1 Corinthians 2 in the BOLCB2

1 Corinthians 2 in the BOMCV

1 Corinthians 2 in the BONAV

1 Corinthians 2 in the BONCB

1 Corinthians 2 in the BONLT

1 Corinthians 2 in the BONUT2

1 Corinthians 2 in the BOPLNT

1 Corinthians 2 in the BOSCB

1 Corinthians 2 in the BOSNC

1 Corinthians 2 in the BOTLNT

1 Corinthians 2 in the BOVCB

1 Corinthians 2 in the BOYCB

1 Corinthians 2 in the BPBB

1 Corinthians 2 in the BPH

1 Corinthians 2 in the BSB

1 Corinthians 2 in the CCB

1 Corinthians 2 in the CUV

1 Corinthians 2 in the CUVS

1 Corinthians 2 in the DBT

1 Corinthians 2 in the DGDNT

1 Corinthians 2 in the DHNT

1 Corinthians 2 in the DNT

1 Corinthians 2 in the ELBE

1 Corinthians 2 in the EMTV

1 Corinthians 2 in the ESV

1 Corinthians 2 in the FBV

1 Corinthians 2 in the FEB

1 Corinthians 2 in the GGMNT

1 Corinthians 2 in the GNT

1 Corinthians 2 in the HARY

1 Corinthians 2 in the HNT

1 Corinthians 2 in the IRVA

1 Corinthians 2 in the IRVB

1 Corinthians 2 in the IRVG

1 Corinthians 2 in the IRVH

1 Corinthians 2 in the IRVK

1 Corinthians 2 in the IRVM

1 Corinthians 2 in the IRVM2

1 Corinthians 2 in the IRVO

1 Corinthians 2 in the IRVP

1 Corinthians 2 in the IRVT

1 Corinthians 2 in the IRVT2

1 Corinthians 2 in the IRVU

1 Corinthians 2 in the ISVN

1 Corinthians 2 in the JSNT

1 Corinthians 2 in the KAPI

1 Corinthians 2 in the KBT1ETNIK

1 Corinthians 2 in the KBV

1 Corinthians 2 in the KJV

1 Corinthians 2 in the KNFD

1 Corinthians 2 in the LBA

1 Corinthians 2 in the LBLA

1 Corinthians 2 in the LNT

1 Corinthians 2 in the LSV

1 Corinthians 2 in the MAAL

1 Corinthians 2 in the MBV

1 Corinthians 2 in the MBV2

1 Corinthians 2 in the MHNT

1 Corinthians 2 in the MKNFD

1 Corinthians 2 in the MNG

1 Corinthians 2 in the MNT

1 Corinthians 2 in the MNT2

1 Corinthians 2 in the MRS1T

1 Corinthians 2 in the NAA

1 Corinthians 2 in the NASB

1 Corinthians 2 in the NBLA

1 Corinthians 2 in the NBS

1 Corinthians 2 in the NBVTP

1 Corinthians 2 in the NET2

1 Corinthians 2 in the NIV11

1 Corinthians 2 in the NNT

1 Corinthians 2 in the NNT2

1 Corinthians 2 in the NNT3

1 Corinthians 2 in the PDDPT

1 Corinthians 2 in the PFNT

1 Corinthians 2 in the RMNT

1 Corinthians 2 in the SBIAS

1 Corinthians 2 in the SBIBS

1 Corinthians 2 in the SBIBS2

1 Corinthians 2 in the SBICS

1 Corinthians 2 in the SBIDS

1 Corinthians 2 in the SBIGS

1 Corinthians 2 in the SBIHS

1 Corinthians 2 in the SBIIS

1 Corinthians 2 in the SBIIS2

1 Corinthians 2 in the SBIIS3

1 Corinthians 2 in the SBIKS

1 Corinthians 2 in the SBIKS2

1 Corinthians 2 in the SBIMS

1 Corinthians 2 in the SBIOS

1 Corinthians 2 in the SBIPS

1 Corinthians 2 in the SBISS

1 Corinthians 2 in the SBITS

1 Corinthians 2 in the SBITS2

1 Corinthians 2 in the SBITS3

1 Corinthians 2 in the SBITS4

1 Corinthians 2 in the SBIUS

1 Corinthians 2 in the SBIVS

1 Corinthians 2 in the SBT

1 Corinthians 2 in the SBT1E

1 Corinthians 2 in the SCHL

1 Corinthians 2 in the SNT

1 Corinthians 2 in the SUSU

1 Corinthians 2 in the SUSU2

1 Corinthians 2 in the SYNO

1 Corinthians 2 in the TBIAOTANT

1 Corinthians 2 in the TBT1E

1 Corinthians 2 in the TBT1E2

1 Corinthians 2 in the TFTIP

1 Corinthians 2 in the TFTU

1 Corinthians 2 in the TGNTATF3T

1 Corinthians 2 in the THAI

1 Corinthians 2 in the TNFD

1 Corinthians 2 in the TNT

1 Corinthians 2 in the TNTIK

1 Corinthians 2 in the TNTIL

1 Corinthians 2 in the TNTIN

1 Corinthians 2 in the TNTIP

1 Corinthians 2 in the TNTIZ

1 Corinthians 2 in the TOMA

1 Corinthians 2 in the TTENT

1 Corinthians 2 in the UBG

1 Corinthians 2 in the UGV

1 Corinthians 2 in the UGV2

1 Corinthians 2 in the UGV3

1 Corinthians 2 in the VBL

1 Corinthians 2 in the VDCC

1 Corinthians 2 in the YALU

1 Corinthians 2 in the YAPE

1 Corinthians 2 in the YBVTP

1 Corinthians 2 in the ZBP