1 Corinthians 2 (BOECS)

1 Nɔviwo, esi meva mia gbɔ zi gbãtɔ heɖe gbeƒã Mawu ƒe nya na mi la, nyemewɔe kple aɖe ŋanɛ alo nunya kɔkɔ o, 2 elabena meɖoe kplikpaa be nyemagblɔ nya boo aɖeke wu esi ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ku le atitsoga ŋuti la ŋu o. 3 Meva mia gbɔ le ɖokuibɔbɔ gã aɖe me eye menɔ vɔvɔ̃m, henɔ dzodzom nyanyanya. 4 Nyemeɖe ami ɖe nye mawunyagbɔgblɔ kura o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ nɔ menye hedo ŋusẽ nye nyawo, ale be ame siwo se nyawo la dze sii be Mawu gbɔe wotso, ke menye xexemenunyala aɖeke ƒe nyawo wonye o. 5 Mewɔ esia be miaƒe xɔse nali ke le Mawu ƒe ŋusẽ me, ke menye le amewo ƒe nunya nu o. 6 Ke ne mele kristotɔ siwo de ŋgɔ le gbɔgbɔ me la dome la, meƒoa nu na wo kple nunya tɔxɛ. Ke hã la, nyemewɔa xexe sia me nunya ŋu dɔ o, eye nyemegblɔa nya siwo ƒomevi asɔ to me na ame ŋkuta siwo le xexea me, ame siwo le tsɔtsrɔ̃ ge abe ale si Mawu ɖoe anyi ene o. 7 Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na, eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wòwɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexea me va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo. 8 Ke nublanuitɔe la, xexe sia me ƒe amegãwo mese ɖoɖoa gɔme o. Nenye ɖe wose egɔme la, anye ne womeklã Ŋutikɔkɔe ƒe Aƒetɔ la ɖe atitsoga ŋu o. 9 Gake abe ale si woŋlɔe ɖe Mawu ƒe nya me ene be,“Nu si ame aɖeke mese kpɔ alo nu si ame,aɖeke mesusu ɖe ta me kpɔ gbeɖe o la,”eya tututue Mawu dzra ɖo ɖi na ame siwo lɔ̃a Aƒetɔ la. 10 Gake míawo ya míenya nu le nu siawo ŋu elabena Mawu ɖo eƒe Gbɔgbɔ ɖe mí be wòaɖe nu ɣaɣla siawo afia mí eye eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzroa nu sia nu me tsitotsito heɖea Mawu ƒe nu ɣaɣlawo katã fiaa mí. 11 Amegbetɔ aɖeke mate ŋu anya nu si le nɔvia ƒe ta me alo ame si ƒomevi tututu ame bubu aɖe nye o, ke amea ŋutɔ koe anya nu si le ta me nɛ. Nenema ke ame aɖeke mate ŋu anya Mawu ƒe susuwo o, negbe Mawu ƒe Gbɔgbɔ la ŋutɔ ko. 12 Le nyateƒe me la, míawo la míexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o. Mawu tsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ na mí be wòaɖe Mawu ƒe dɔmenyo ƒe nunana gã si nye eƒe yayra kple amenuveve manyagblɔ la afia mí. 13 Nya siwo tututu Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gblɔ na mí la, woawoe míetsɔ ɖe nya me na mi le nunana siawo ŋu, ke menye nya siwo dze mía ŋutɔwo ŋue megblɔ na mi o. Ale míeƒoa nu kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ be míatsɔ aɖe eƒe nyawo me na mi. 14 Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme. 15 Ke ame si me Gbɔgbɔ la le la sea nu sia nu me tsitotsito eye esia ɖea fu na xexea me tɔwo, ame siwo me Gbɔgbɔ la mele o, elabena woawo mate ŋu ase nu siawo gɔme o. 16 “Ke ame kae nya Aƒetɔ la ƒe susu?Ame kae afia nui?”Ke míawo la, Kristo ƒe susu le mía si.

In Other Versions

1 Corinthians 2 in the ANGEFD

1 Corinthians 2 in the ANTPNG2D

1 Corinthians 2 in the AS21

1 Corinthians 2 in the BAGH

1 Corinthians 2 in the BBPNG

1 Corinthians 2 in the BBT1E

1 Corinthians 2 in the BDS

1 Corinthians 2 in the BEV

1 Corinthians 2 in the BHAD

1 Corinthians 2 in the BIB

1 Corinthians 2 in the BLPT

1 Corinthians 2 in the BNT

1 Corinthians 2 in the BNTABOOT

1 Corinthians 2 in the BNTLV

1 Corinthians 2 in the BOATCB

1 Corinthians 2 in the BOATCB2

1 Corinthians 2 in the BOBCV

1 Corinthians 2 in the BOCNT

1 Corinthians 2 in the BOGWICC

1 Corinthians 2 in the BOHCB

1 Corinthians 2 in the BOHCV

1 Corinthians 2 in the BOHLNT

1 Corinthians 2 in the BOHNTLTAL

1 Corinthians 2 in the BOICB

1 Corinthians 2 in the BOILNTAP

1 Corinthians 2 in the BOITCV

1 Corinthians 2 in the BOKCV

1 Corinthians 2 in the BOKCV2

1 Corinthians 2 in the BOKHWOG

1 Corinthians 2 in the BOKSSV

1 Corinthians 2 in the BOLCB

1 Corinthians 2 in the BOLCB2

1 Corinthians 2 in the BOMCV

1 Corinthians 2 in the BONAV

1 Corinthians 2 in the BONCB

1 Corinthians 2 in the BONLT

1 Corinthians 2 in the BONUT2

1 Corinthians 2 in the BOPLNT

1 Corinthians 2 in the BOSCB

1 Corinthians 2 in the BOSNC

1 Corinthians 2 in the BOTLNT

1 Corinthians 2 in the BOVCB

1 Corinthians 2 in the BOYCB

1 Corinthians 2 in the BPBB

1 Corinthians 2 in the BPH

1 Corinthians 2 in the BSB

1 Corinthians 2 in the CCB

1 Corinthians 2 in the CUV

1 Corinthians 2 in the CUVS

1 Corinthians 2 in the DBT

1 Corinthians 2 in the DGDNT

1 Corinthians 2 in the DHNT

1 Corinthians 2 in the DNT

1 Corinthians 2 in the ELBE

1 Corinthians 2 in the EMTV

1 Corinthians 2 in the ESV

1 Corinthians 2 in the FBV

1 Corinthians 2 in the FEB

1 Corinthians 2 in the GGMNT

1 Corinthians 2 in the GNT

1 Corinthians 2 in the HARY

1 Corinthians 2 in the HNT

1 Corinthians 2 in the IRVA

1 Corinthians 2 in the IRVB

1 Corinthians 2 in the IRVG

1 Corinthians 2 in the IRVH

1 Corinthians 2 in the IRVK

1 Corinthians 2 in the IRVM

1 Corinthians 2 in the IRVM2

1 Corinthians 2 in the IRVO

1 Corinthians 2 in the IRVP

1 Corinthians 2 in the IRVT

1 Corinthians 2 in the IRVT2

1 Corinthians 2 in the IRVU

1 Corinthians 2 in the ISVN

1 Corinthians 2 in the JSNT

1 Corinthians 2 in the KAPI

1 Corinthians 2 in the KBT1ETNIK

1 Corinthians 2 in the KBV

1 Corinthians 2 in the KJV

1 Corinthians 2 in the KNFD

1 Corinthians 2 in the LBA

1 Corinthians 2 in the LBLA

1 Corinthians 2 in the LNT

1 Corinthians 2 in the LSV

1 Corinthians 2 in the MAAL

1 Corinthians 2 in the MBV

1 Corinthians 2 in the MBV2

1 Corinthians 2 in the MHNT

1 Corinthians 2 in the MKNFD

1 Corinthians 2 in the MNG

1 Corinthians 2 in the MNT

1 Corinthians 2 in the MNT2

1 Corinthians 2 in the MRS1T

1 Corinthians 2 in the NAA

1 Corinthians 2 in the NASB

1 Corinthians 2 in the NBLA

1 Corinthians 2 in the NBS

1 Corinthians 2 in the NBVTP

1 Corinthians 2 in the NET2

1 Corinthians 2 in the NIV11

1 Corinthians 2 in the NNT

1 Corinthians 2 in the NNT2

1 Corinthians 2 in the NNT3

1 Corinthians 2 in the PDDPT

1 Corinthians 2 in the PFNT

1 Corinthians 2 in the RMNT

1 Corinthians 2 in the SBIAS

1 Corinthians 2 in the SBIBS

1 Corinthians 2 in the SBIBS2

1 Corinthians 2 in the SBICS

1 Corinthians 2 in the SBIDS

1 Corinthians 2 in the SBIGS

1 Corinthians 2 in the SBIHS

1 Corinthians 2 in the SBIIS

1 Corinthians 2 in the SBIIS2

1 Corinthians 2 in the SBIIS3

1 Corinthians 2 in the SBIKS

1 Corinthians 2 in the SBIKS2

1 Corinthians 2 in the SBIMS

1 Corinthians 2 in the SBIOS

1 Corinthians 2 in the SBIPS

1 Corinthians 2 in the SBISS

1 Corinthians 2 in the SBITS

1 Corinthians 2 in the SBITS2

1 Corinthians 2 in the SBITS3

1 Corinthians 2 in the SBITS4

1 Corinthians 2 in the SBIUS

1 Corinthians 2 in the SBIVS

1 Corinthians 2 in the SBT

1 Corinthians 2 in the SBT1E

1 Corinthians 2 in the SCHL

1 Corinthians 2 in the SNT

1 Corinthians 2 in the SUSU

1 Corinthians 2 in the SUSU2

1 Corinthians 2 in the SYNO

1 Corinthians 2 in the TBIAOTANT

1 Corinthians 2 in the TBT1E

1 Corinthians 2 in the TBT1E2

1 Corinthians 2 in the TFTIP

1 Corinthians 2 in the TFTU

1 Corinthians 2 in the TGNTATF3T

1 Corinthians 2 in the THAI

1 Corinthians 2 in the TNFD

1 Corinthians 2 in the TNT

1 Corinthians 2 in the TNTIK

1 Corinthians 2 in the TNTIL

1 Corinthians 2 in the TNTIN

1 Corinthians 2 in the TNTIP

1 Corinthians 2 in the TNTIZ

1 Corinthians 2 in the TOMA

1 Corinthians 2 in the TTENT

1 Corinthians 2 in the UBG

1 Corinthians 2 in the UGV

1 Corinthians 2 in the UGV2

1 Corinthians 2 in the UGV3

1 Corinthians 2 in the VBL

1 Corinthians 2 in the VDCC

1 Corinthians 2 in the YALU

1 Corinthians 2 in the YAPE

1 Corinthians 2 in the YBVTP

1 Corinthians 2 in the ZBP