2 Corinthians 3 (BEV)

1 Ke nya siwo meŋlɔ na mi la, ɖe wodze abe míele mía ɖokui kafum ena? Míawo la míele abe aʋatsonufiala mawo siwo xɔa kafukafugbalẽwo tsoa amewo gbɔ va nɔa mia fiam la ene o; míawo ya kafukafugbalẽ aɖeke mehiã mí o. 2 Fifia la ame sia ame le afi sia afi kpɔe dze sii azɔ be Kristo to mia dzi wɔ dɔ nukutɔe le mia dome, eye miezu ame yeyewo. Elabena miedzudzɔ agbe vlo nɔnɔ eye mieva nyateƒe ƒe kekeli la gbɔ, esia ɖeɖe si amewo kpɔ le mia ŋuti la nye agbalẽ blibo si woaxlẽ. 3 Amewo akpɔe be miezu agbalẽ si tso Kristo gbɔ to mía dzi. Menye agbalẽ si woŋlɔ kple nuŋlɔti kple nuŋlɔtsi o ke boŋ esi wotsɔ Mawu gbagbe la ƒe Gbɔgbɔ ŋlɔe ɖe miaƒe dziwo me, ke menye ɖe nuŋlɔkpewo dzi o. 4 Míele nya siawo gblɔm kple kakaɖedzi, elabena míeɖo ŋu ɖe Mawu ɖeka hɔ̃ la ko ŋu to Aƒetɔ Yesu Kristo me be akpe ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe nu sia nu si míagblɔ la dzi. 5 Míawo la ŋusẽ aɖeke mele mía si si míate ŋu atsɔ awɔ nu siawo katã o, ke míaƒe ŋusẽ kple dzidzedzekpɔkpɔ la tso Mawu gbɔ. 6 Mawu nye ame si de dɔ sia asi na mí bena míaɖe gbeƒã nubabla yeye si wòwɔ be ame sia ame nakpɔ agbe mavɔ la. Nubabla yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye be ame nadze agbagba awɔ ɖe Se Ewoawo dzi la gbɔ, ke yeyetɔe nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me. Elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me. 7 Enye nyateƒe be Mose xɔ se siwo ɖeɖe dzi wɔwɔ hea ku vɛ la, le ŋutikɔkɔe gã aɖe me. Eye esi wòtrɔ gbɔ va Israelviwo gbɔ kple seawo la, kekelẽ gã aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be eƒe amewo mete ŋu kpɔ eƒe ŋkume gɔ̃ o gake ŋutikɔkɔe ma nu va yi xoxo. 8 Ke azɔ la ɖe míakpɔ mɔ na dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe geɖe wu le esime Gbɔgbɔ Kɔkɔe la le amewo xɔm ɖe agbe le ŋkeke siawo me oa? 9 Ne ŋutikɔkɔe geɖe ƒo xlã se siwo hea ku vɛ la, ekema ŋutikɔkɔe geɖe fũu ŋutɔe aƒo xlã nubabla yeye si Mawu wɔ si kplɔa ame yia agbe mavɔ la me. 10 Le nyateƒe me la ŋutikɔkɔe ma si klẽ tso Mose ƒe ŋkume la menye naneke ne woatsɔ asɔ kple esi ƒo xlã Mawu ƒe nubabla yeye la o. 11 Eya ta ne nu xoxo si nu va yi la kpɔ ŋutikɔkɔe nenema la, ekema Mawu ƒe nubabla yeye si hea agbe mavɔ vɛ la ƒe ŋutikɔkɔe la mele gbɔgblɔ me o, elabena eya anɔ anyi tegbetegbe. 12 Esi míenya be nubabla yeye sia kple eƒe ŋutikɔkɔe la li tegbee ta la, dzika metsoa mía ƒo o, eye míegblɔa nya la kple dzideƒo. 13 Míawo ya la, míawɔ abe ale si Mose wɔ esi wòtsɔ nu tsyɔ mo be Israelviwo nagakpɔ kekelẽ la kple ale si wonɔ bubum le mo nɛ la ene o. 14 Va se ɖe egbe ŋkeke dzi la, menye Mose ƒo mo ko wotsyɔ nui o, ke boŋ Israelviwo hã ƒe susuwo kple nugɔmesese dzie, elabena wogaɖoa dzi ɖe seawo ŋu eye woxlẽnɛ ɖaa abe nu si ko me woƒe mɔkpɔkpɔ le ene, evɔ wònye to Kristo dzixɔxɔse me ko hafi woate ŋu adzo le vivitia me eye agbe ƒe kekeli la nadze na wo. 15 Eye va se ɖe fifia ne woxlẽ Mose ƒe Se Ewoawo la, woƒe ŋkuwo meʋu o elabena wobuna be seawo dzi wɔwɔ koe ana agbe yewo. 16 Ke gbe si gbe wo dometɔ aɖe trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye wòxɔ Kristo abe Aƒetɔ ene la, ekema nu si tsyɔ mo nɛ ta wòle viviti me la ɖena ɖa enumake. 17 Aƒetɔ la ŋutɔe nye Gbɔgbɔ si naa agbe wo eye afi si Aƒetɔa ƒe Gbɔgbɔ le ko la ablɔɖe vavã hã nɔa afi ma. 18 Ke mí ame siwo katã xɔ Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene eye míeɖo dzi ɖe eya ɖeɖe ko ŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o eya ta míele abe ahuhɔ̃e si ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fĩana la ene. Eye zi ale si Kristo ƒe Gbɔgbɔ la le dɔ wɔm le mía me la, etrɔa mí be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me.

In Other Versions

2 Corinthians 3 in the ANGEFD

2 Corinthians 3 in the ANTPNG2D

2 Corinthians 3 in the AS21

2 Corinthians 3 in the BAGH

2 Corinthians 3 in the BBPNG

2 Corinthians 3 in the BBT1E

2 Corinthians 3 in the BDS

2 Corinthians 3 in the BHAD

2 Corinthians 3 in the BIB

2 Corinthians 3 in the BLPT

2 Corinthians 3 in the BNT

2 Corinthians 3 in the BNTABOOT

2 Corinthians 3 in the BNTLV

2 Corinthians 3 in the BOATCB

2 Corinthians 3 in the BOATCB2

2 Corinthians 3 in the BOBCV

2 Corinthians 3 in the BOCNT

2 Corinthians 3 in the BOECS

2 Corinthians 3 in the BOGWICC

2 Corinthians 3 in the BOHCB

2 Corinthians 3 in the BOHCV

2 Corinthians 3 in the BOHLNT

2 Corinthians 3 in the BOHNTLTAL

2 Corinthians 3 in the BOICB

2 Corinthians 3 in the BOILNTAP

2 Corinthians 3 in the BOITCV

2 Corinthians 3 in the BOKCV

2 Corinthians 3 in the BOKCV2

2 Corinthians 3 in the BOKHWOG

2 Corinthians 3 in the BOKSSV

2 Corinthians 3 in the BOLCB

2 Corinthians 3 in the BOLCB2

2 Corinthians 3 in the BOMCV

2 Corinthians 3 in the BONAV

2 Corinthians 3 in the BONCB

2 Corinthians 3 in the BONLT

2 Corinthians 3 in the BONUT2

2 Corinthians 3 in the BOPLNT

2 Corinthians 3 in the BOSCB

2 Corinthians 3 in the BOSNC

2 Corinthians 3 in the BOTLNT

2 Corinthians 3 in the BOVCB

2 Corinthians 3 in the BOYCB

2 Corinthians 3 in the BPBB

2 Corinthians 3 in the BPH

2 Corinthians 3 in the BSB

2 Corinthians 3 in the CCB

2 Corinthians 3 in the CUV

2 Corinthians 3 in the CUVS

2 Corinthians 3 in the DBT

2 Corinthians 3 in the DGDNT

2 Corinthians 3 in the DHNT

2 Corinthians 3 in the DNT

2 Corinthians 3 in the ELBE

2 Corinthians 3 in the EMTV

2 Corinthians 3 in the ESV

2 Corinthians 3 in the FBV

2 Corinthians 3 in the FEB

2 Corinthians 3 in the GGMNT

2 Corinthians 3 in the GNT

2 Corinthians 3 in the HARY

2 Corinthians 3 in the HNT

2 Corinthians 3 in the IRVA

2 Corinthians 3 in the IRVB

2 Corinthians 3 in the IRVG

2 Corinthians 3 in the IRVH

2 Corinthians 3 in the IRVK

2 Corinthians 3 in the IRVM

2 Corinthians 3 in the IRVM2

2 Corinthians 3 in the IRVO

2 Corinthians 3 in the IRVP

2 Corinthians 3 in the IRVT

2 Corinthians 3 in the IRVT2

2 Corinthians 3 in the IRVU

2 Corinthians 3 in the ISVN

2 Corinthians 3 in the JSNT

2 Corinthians 3 in the KAPI

2 Corinthians 3 in the KBT1ETNIK

2 Corinthians 3 in the KBV

2 Corinthians 3 in the KJV

2 Corinthians 3 in the KNFD

2 Corinthians 3 in the LBA

2 Corinthians 3 in the LBLA

2 Corinthians 3 in the LNT

2 Corinthians 3 in the LSV

2 Corinthians 3 in the MAAL

2 Corinthians 3 in the MBV

2 Corinthians 3 in the MBV2

2 Corinthians 3 in the MHNT

2 Corinthians 3 in the MKNFD

2 Corinthians 3 in the MNG

2 Corinthians 3 in the MNT

2 Corinthians 3 in the MNT2

2 Corinthians 3 in the MRS1T

2 Corinthians 3 in the NAA

2 Corinthians 3 in the NASB

2 Corinthians 3 in the NBLA

2 Corinthians 3 in the NBS

2 Corinthians 3 in the NBVTP

2 Corinthians 3 in the NET2

2 Corinthians 3 in the NIV11

2 Corinthians 3 in the NNT

2 Corinthians 3 in the NNT2

2 Corinthians 3 in the NNT3

2 Corinthians 3 in the PDDPT

2 Corinthians 3 in the PFNT

2 Corinthians 3 in the RMNT

2 Corinthians 3 in the SBIAS

2 Corinthians 3 in the SBIBS

2 Corinthians 3 in the SBIBS2

2 Corinthians 3 in the SBICS

2 Corinthians 3 in the SBIDS

2 Corinthians 3 in the SBIGS

2 Corinthians 3 in the SBIHS

2 Corinthians 3 in the SBIIS

2 Corinthians 3 in the SBIIS2

2 Corinthians 3 in the SBIIS3

2 Corinthians 3 in the SBIKS

2 Corinthians 3 in the SBIKS2

2 Corinthians 3 in the SBIMS

2 Corinthians 3 in the SBIOS

2 Corinthians 3 in the SBIPS

2 Corinthians 3 in the SBISS

2 Corinthians 3 in the SBITS

2 Corinthians 3 in the SBITS2

2 Corinthians 3 in the SBITS3

2 Corinthians 3 in the SBITS4

2 Corinthians 3 in the SBIUS

2 Corinthians 3 in the SBIVS

2 Corinthians 3 in the SBT

2 Corinthians 3 in the SBT1E

2 Corinthians 3 in the SCHL

2 Corinthians 3 in the SNT

2 Corinthians 3 in the SUSU

2 Corinthians 3 in the SUSU2

2 Corinthians 3 in the SYNO

2 Corinthians 3 in the TBIAOTANT

2 Corinthians 3 in the TBT1E

2 Corinthians 3 in the TBT1E2

2 Corinthians 3 in the TFTIP

2 Corinthians 3 in the TFTU

2 Corinthians 3 in the TGNTATF3T

2 Corinthians 3 in the THAI

2 Corinthians 3 in the TNFD

2 Corinthians 3 in the TNT

2 Corinthians 3 in the TNTIK

2 Corinthians 3 in the TNTIL

2 Corinthians 3 in the TNTIN

2 Corinthians 3 in the TNTIP

2 Corinthians 3 in the TNTIZ

2 Corinthians 3 in the TOMA

2 Corinthians 3 in the TTENT

2 Corinthians 3 in the UBG

2 Corinthians 3 in the UGV

2 Corinthians 3 in the UGV2

2 Corinthians 3 in the UGV3

2 Corinthians 3 in the VBL

2 Corinthians 3 in the VDCC

2 Corinthians 3 in the YALU

2 Corinthians 3 in the YAPE

2 Corinthians 3 in the YBVTP

2 Corinthians 3 in the ZBP