2 Corinthians 8 (BEV)

1 Azɔ la nɔviwo, medi be magblɔ nu siwo wɔm Mawu le, le Makedonia hamewo me to eƒe amenuveve me la fia mi. 2 Togbɔ be wole fu geɖe kpem eye wonye ame dahewo hã la, wokɔ dɔme faa eye wodzɔa nu kple dzidzɔ. 3 Mele ɖase ɖim le hame siawo ŋuti bena wodzea agbagba dzɔa nu ŋutɔ eye wowɔnɛ wòwua ale si woate ŋui gɔ̃ hã kple dzi faa ke menye ɖe metee ɖe wo dzi be woawɔe o. 4 Woɖe kuku na mí be míaxɔ yewo hã ƒe nunana ale be yewo hã yewoakpɔ dzidzɔ be yewona kpekpeɖeŋu ame kɔkɔe siwo le Yerusalem. 5 Esi ƒo wo katã ta eye wòwɔ nuku na mí lae nye be wotsɔ wo ɖokuiwo na Kristo kple míawo hã eye wolɔ̃ be yewoaɖo to nya sia nya si míegblɔ na wo la. Wowɔ esia kple dzidzɔ geɖe ŋutɔ. 6 Esia ta míebia tso Tito, ame si de dzi ƒo na mi le yayra si le nunanadɔ si gɔme miedze me la, si be wòayi edzi ade dzi ƒo na mi be miawu amenuvedɔ sia nu le mia dome. 7 Ale si miede ŋgɔ le xɔse, nufiafia, nunya, vevidodo kple lɔlɔ̃ si mietsɔ na mí me la, nenema ke medi be mianye ame gbãtɔwo le lɔlɔ̃nunanadɔ sia hã me. 8 Menye ɖe mele se dem na mi alo le mia dzi zim be miawɔ nunana kokoko o, ke boŋ ale si wònye hame bubuwo ƒe didi vevie be yewoawɔ nunana alea tae medi be miawo hã miaɖe miaƒe lɔlɔ̃ afia abe hame bubuwo hã ene. 9 Miawo ŋutɔ mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyo gã si wòɖe fia la bena, togbɔ be kesinɔtɔ ŋutɔ wònye gake be wòawɔe bena mi ame siwo nye nublanuitɔwo kple hiãtɔwo la miava zu kesinɔtɔwo la, egblẽ eƒe kesinɔnuwo kple ŋutikɔkɔ katã da ɖi eye wòva wɔ miawo boŋ miezu kesinɔtɔwo. 10 Medi be maɖo aɖaŋu na mi be miado vevi nu le nunana sia me, awu nu si gɔme miedze le ƒe si va yi me la nu elabena miawoe nye ame gbãtɔ siwo do susu sia ɖa eye mieɖee fia be miele klalo ɖe ewɔwɔ ŋuti hã. 11 Azɔ esi miedze ʋua ƒoƒo gɔme dzidzɔtɔe alea la miaƒoe nenema va se ɖe nuwuwu. Mina nu si miate ŋui la tso nu si le mia si la me. 12 Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si sinu le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nana nu si nate ŋui ke menye wu esi le asiwo o. 13 Menye míaƒe didie wònye be miamia ŋku ana ga fũu be ame siwo miele nua dzɔm na la, nazu kesinɔtɔwo atsɔ miaƒe ga anɔ agbe vivi ɖum o. 14 Ke boŋ ɖe míedi be miama nu siwo le mia si la kple wo. Fifia la nu geɖe le mia si, eya ta mikpe ɖe wo ŋu, ale be ne emegbe nu megava le mia si o, ke wòle woawo si la, woawo hã nakpe ɖe mia ŋu. To esia me la, ame sia ame akpɔ etɔ sinua. 15 Abe ale si wòle ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la mee ene be, “Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔ ɖeka ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe la hã la naneke mehiãe o.” 16 Míeda akpe na Mawu bena wòdee Tito ƒe dzime be wòakpe ɖe mia ŋu axlɔ̃ nu mi le dɔ sia ƒe vevinyenye ŋuti abe nye ke ene. 17 Tito kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi míegblɔ nɛ be wòagava kpɔ mi ɖa. Eya ŋutɔ hã di vevie be yeava hafi míegblɔe gɔ̃ hã. 18 Mele nɔvi nyanyɛ bubu aɖe hã ɖom ɖa kpe ɖe Tito ŋuti le mɔzɔzɔ sia me. Hame geɖewo ɖi ɖase le ale si nɔvi sia hã kpɔ gome le Mawu ƒe amenuvevenunana la me be wòagblɔ Aƒetɔ la ƒe nyanyui la kple dzideƒo la ŋuti. 19 Le nyateƒe me la, hameawo tia nɔvi sia hã be eya hã nanɔ mí ame siwo le miaƒe nunanawo tsɔ ge ayi Yerusalem la dome. Míele dɔ sia wɔm be míatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋuti eye míaɖe ale si wònye míaƒe didi vevie be míakpe ɖe mía nɔewo ŋuti la hã afia. 20 Nu si ta wòhiã be woatia amewo tso hameawo me woayi Yerusalem kple nunana lae nye be, míedi be ne ameawo trɔ gbɔ la woagblɔ ale si míema nunana gã sia la fia. 21 Mawu ŋutɔ nya be nuteƒewɔlawo míenye gake míedi be amewo hã nanya esia. 22 Míegale nɔvi bubu hã ɖom ɖe mi kpe ɖe wo ŋuti ame sia hã nye hadɔwɔla vevi ɖeka. Eya hã di vevie be yeakpe ɖe mia ŋu, esi megblɔ míaƒe vevidodo nɛ. 23 Ɖewohĩ ne ame aɖe bia mi bena ame kae nye Tito hã la, migblɔ be eya kple nye Pauloe le dɔ wɔm na Aƒetɔ la eye wònye tenyeƒenɔla le mia gbɔ. Eye ne wobia nu tso nɔvi eve bubuawo hã ŋu la, migblɔ ko be ame dɔdɔwoe wonye tso hame bubuawo me eye wonye kristotɔ vavã siwo nye Aƒetɔ la tɔ. 24 Meɖe kuku mitsɔ lɔlɔ̃ si le mia me ɖe ŋunye la na ame siawo hã, ale be woakpɔe be ale si meƒoa adegbe tso mia ŋuti la le eme vavã.

In Other Versions

2 Corinthians 8 in the ANGEFD

2 Corinthians 8 in the ANTPNG2D

2 Corinthians 8 in the AS21

2 Corinthians 8 in the BAGH

2 Corinthians 8 in the BBPNG

2 Corinthians 8 in the BBT1E

2 Corinthians 8 in the BDS

2 Corinthians 8 in the BHAD

2 Corinthians 8 in the BIB

2 Corinthians 8 in the BLPT

2 Corinthians 8 in the BNT

2 Corinthians 8 in the BNTABOOT

2 Corinthians 8 in the BNTLV

2 Corinthians 8 in the BOATCB

2 Corinthians 8 in the BOATCB2

2 Corinthians 8 in the BOBCV

2 Corinthians 8 in the BOCNT

2 Corinthians 8 in the BOECS

2 Corinthians 8 in the BOGWICC

2 Corinthians 8 in the BOHCB

2 Corinthians 8 in the BOHCV

2 Corinthians 8 in the BOHLNT

2 Corinthians 8 in the BOHNTLTAL

2 Corinthians 8 in the BOICB

2 Corinthians 8 in the BOILNTAP

2 Corinthians 8 in the BOITCV

2 Corinthians 8 in the BOKCV

2 Corinthians 8 in the BOKCV2

2 Corinthians 8 in the BOKHWOG

2 Corinthians 8 in the BOKSSV

2 Corinthians 8 in the BOLCB

2 Corinthians 8 in the BOLCB2

2 Corinthians 8 in the BOMCV

2 Corinthians 8 in the BONAV

2 Corinthians 8 in the BONCB

2 Corinthians 8 in the BONLT

2 Corinthians 8 in the BONUT2

2 Corinthians 8 in the BOPLNT

2 Corinthians 8 in the BOSCB

2 Corinthians 8 in the BOSNC

2 Corinthians 8 in the BOTLNT

2 Corinthians 8 in the BOVCB

2 Corinthians 8 in the BOYCB

2 Corinthians 8 in the BPBB

2 Corinthians 8 in the BPH

2 Corinthians 8 in the BSB

2 Corinthians 8 in the CCB

2 Corinthians 8 in the CUV

2 Corinthians 8 in the CUVS

2 Corinthians 8 in the DBT

2 Corinthians 8 in the DGDNT

2 Corinthians 8 in the DHNT

2 Corinthians 8 in the DNT

2 Corinthians 8 in the ELBE

2 Corinthians 8 in the EMTV

2 Corinthians 8 in the ESV

2 Corinthians 8 in the FBV

2 Corinthians 8 in the FEB

2 Corinthians 8 in the GGMNT

2 Corinthians 8 in the GNT

2 Corinthians 8 in the HARY

2 Corinthians 8 in the HNT

2 Corinthians 8 in the IRVA

2 Corinthians 8 in the IRVB

2 Corinthians 8 in the IRVG

2 Corinthians 8 in the IRVH

2 Corinthians 8 in the IRVK

2 Corinthians 8 in the IRVM

2 Corinthians 8 in the IRVM2

2 Corinthians 8 in the IRVO

2 Corinthians 8 in the IRVP

2 Corinthians 8 in the IRVT

2 Corinthians 8 in the IRVT2

2 Corinthians 8 in the IRVU

2 Corinthians 8 in the ISVN

2 Corinthians 8 in the JSNT

2 Corinthians 8 in the KAPI

2 Corinthians 8 in the KBT1ETNIK

2 Corinthians 8 in the KBV

2 Corinthians 8 in the KJV

2 Corinthians 8 in the KNFD

2 Corinthians 8 in the LBA

2 Corinthians 8 in the LBLA

2 Corinthians 8 in the LNT

2 Corinthians 8 in the LSV

2 Corinthians 8 in the MAAL

2 Corinthians 8 in the MBV

2 Corinthians 8 in the MBV2

2 Corinthians 8 in the MHNT

2 Corinthians 8 in the MKNFD

2 Corinthians 8 in the MNG

2 Corinthians 8 in the MNT

2 Corinthians 8 in the MNT2

2 Corinthians 8 in the MRS1T

2 Corinthians 8 in the NAA

2 Corinthians 8 in the NASB

2 Corinthians 8 in the NBLA

2 Corinthians 8 in the NBS

2 Corinthians 8 in the NBVTP

2 Corinthians 8 in the NET2

2 Corinthians 8 in the NIV11

2 Corinthians 8 in the NNT

2 Corinthians 8 in the NNT2

2 Corinthians 8 in the NNT3

2 Corinthians 8 in the PDDPT

2 Corinthians 8 in the PFNT

2 Corinthians 8 in the RMNT

2 Corinthians 8 in the SBIAS

2 Corinthians 8 in the SBIBS

2 Corinthians 8 in the SBIBS2

2 Corinthians 8 in the SBICS

2 Corinthians 8 in the SBIDS

2 Corinthians 8 in the SBIGS

2 Corinthians 8 in the SBIHS

2 Corinthians 8 in the SBIIS

2 Corinthians 8 in the SBIIS2

2 Corinthians 8 in the SBIIS3

2 Corinthians 8 in the SBIKS

2 Corinthians 8 in the SBIKS2

2 Corinthians 8 in the SBIMS

2 Corinthians 8 in the SBIOS

2 Corinthians 8 in the SBIPS

2 Corinthians 8 in the SBISS

2 Corinthians 8 in the SBITS

2 Corinthians 8 in the SBITS2

2 Corinthians 8 in the SBITS3

2 Corinthians 8 in the SBITS4

2 Corinthians 8 in the SBIUS

2 Corinthians 8 in the SBIVS

2 Corinthians 8 in the SBT

2 Corinthians 8 in the SBT1E

2 Corinthians 8 in the SCHL

2 Corinthians 8 in the SNT

2 Corinthians 8 in the SUSU

2 Corinthians 8 in the SUSU2

2 Corinthians 8 in the SYNO

2 Corinthians 8 in the TBIAOTANT

2 Corinthians 8 in the TBT1E

2 Corinthians 8 in the TBT1E2

2 Corinthians 8 in the TFTIP

2 Corinthians 8 in the TFTU

2 Corinthians 8 in the TGNTATF3T

2 Corinthians 8 in the THAI

2 Corinthians 8 in the TNFD

2 Corinthians 8 in the TNT

2 Corinthians 8 in the TNTIK

2 Corinthians 8 in the TNTIL

2 Corinthians 8 in the TNTIN

2 Corinthians 8 in the TNTIP

2 Corinthians 8 in the TNTIZ

2 Corinthians 8 in the TOMA

2 Corinthians 8 in the TTENT

2 Corinthians 8 in the UBG

2 Corinthians 8 in the UGV

2 Corinthians 8 in the UGV2

2 Corinthians 8 in the UGV3

2 Corinthians 8 in the VBL

2 Corinthians 8 in the VDCC

2 Corinthians 8 in the YALU

2 Corinthians 8 in the YAPE

2 Corinthians 8 in the YBVTP

2 Corinthians 8 in the ZBP