Acts 10 (BEV)
1 Roma ŋutsu aɖe si nye asrafomegã la nɔ Kaisarea le ɣemaɣi. Eŋkɔe nye Kornelio eye wònye asrafomegã nɔ Italiatɔwo ƒe aʋakɔ ɖeke nu. 2 Ame sia nye mawuvɔ̃la adodoe aɖe eye eƒe aƒemetɔwo katã hã nye mawuvɔ̃lawo. Ewɔa dɔmenyo ŋutɔ eye mefena kple gbedodoɖa hã o. 3 Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!” 4 Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Ɖe ko woke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?”Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Mawu se wò gbedodoɖawo eye wòde dzesi wò dɔmenyowɔwɔwo katã hã. 5 Dɔ amewo ɖe Yopa ne woaɖayɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn Petro la vɛ be wòava kpɔ wò ɖa. 6 Simɔn Petro sia le ŋutsu bubu aɖe si woyɔna be Simɔn si nye lagbalẽŋutidɔwɔla aɖe la, ƒe aƒeme le ƒuta lɔƒo.” 7 Esi mawudɔla la dzo tete ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la, 8 eye wògblɔ nu si dzɔ la na wo. Azɔ eɖo wo ɖe Yopa be woaɖakplɔ Petro vɛ. 9 Le ŋufɔke ƒe ŋdɔme la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu; ɣemayi la, Petro yi xɔta be yeado gbe ɖa. 10 Ke dɔ de asi ewuwu me eye wòdi be yeaɖu nu, ke esi wònɔ nua ɖam la, ekpɔ ŋutega. 11 Ekpɔ aklala gã aɖe si wotsi ka eƒe dzoge eneawo la wònɔ ɖiɖim tso dziƒo gbɔna anyigba. 12 Ekpɔ lã afɔenewo, nutatawo kple dziƒoxevi vovovowo le avɔ la dzi. 13 Petro se gebɖiɖi aɖe wògblɔ nɛ be, “Heyi nàwu lã siawo dometɔ ɖe sia ɖe si nèlɔ̃ la, nàɖu.” 14 Ke Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Mí Yudatɔwo la, se meɖe mɔ be míaɖu lã siawo ƒomevi o eye nyemeɖu wo dometɔ aɖeke kpɔ le nye agbe me o.” 15 Gbeɖiɖia gayi edzi gblɔ na Petro be, “Mègagbe Mawu ƒe gbe dzi wɔwɔ o. Ne Mawu da asi ɖa nane dzi be ekɔ la, mèkpɔ mɔ agblɔ be mekɔ o.” 16 Woɖe ŋutega sia fia Petro zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ, eye le eya megbe la, wohe aklala la dzoe yi dziƒo. 17 Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o eye menya nu si tututu Mawu di be yeaɖe fiae hã o. 18 Le ɣemaɣi me tututu la, Kornelio ƒe amedɔdɔwo va ɖo aƒea me henɔ tsitre ɖe aƒea ƒe agbonu nɔ Simɔn Petro ta biam se be afi kae wòle mahã? 19 Ke esi Petro ganɔ tame bum le ŋutega la ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nɛ be, “Ame etɔ̃ aɖewo le diwòm le aƒea me. 20 Eya ta ɖi nàyi ɖakpe wo, eye nàdze wo yome ayi kpli wo elabena nyee dɔ wo ɖo ɖe gbɔwò. Mègavɔ̃ o, nu sia nu ayi edzi nyuie.” 21 Ale Petro ɖi ɖe anyigba. Ekpɔ amedzroawo, eye wògblɔ na wo be, “Nyee nye ame si dim miele. Nu kae miele diyem be mawɔ na mi?” 22 Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Roma srafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò ɖee be nàgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.” 23 Petro se nya siawo katã eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Le ŋufɔke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu eye wodze mɔ kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaisarea. 24 Wova ɖo Kaisarea le ŋkeke evea gbe. Kornelio nɔ mɔ kpɔm na wo vevie eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã be woava do gbe na Petro. 25 Esi Petro ge ɖe aƒea me tete ko la, Kornelio ɖe abla yi ɖadze klo ɖe ekɔme be yeasubɔe. 26 Ke Petro gblɔ nɛ be, “Tso kaba, elabena menye Mawue menye nàsubɔ o. Amegbetɔ ko nye hã menye.” 27 Kornelio tsi tre eye eya kple Petro woɖo dze vie emegbe la woyi afi si ame mamlɛawo ƒo ƒu ɖo. 28 Le gbelɔlɔ̃ vɔ megbe la, Petro tsi tre hegblɔ na ƒuƒoƒea be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene mava mi Trɔ̃subɔlawo ƒe aƒeme alea o. Gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke be enye nu maɖinu o. 29 Eya ta esi miaƒe ame dɔdɔwo va ɖo gbɔnye ko la, nyemehe ɖe megbe kura o, ke boŋ metso dze mɔ dzi enumake. Azɔ nya kae le mia si? Migblɔe mase.” 30 Kornelio ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Egbee nye ŋkeke enelia, esi menɔ gbe dom ɖa le gaƒoƒo sia tututu me abe ale si mewɔnɛ ɖaa ene. Ame aɖe si do awu ɣi si nɔ dzo dam miamiamia la va do ɖe ŋkunyeme. 31 Egblɔ nam be, ‘Kornelio, Mawu se wò gbedodoɖawo eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dɔmenyowɔwɔwo ŋu. Azɔ la, dɔ ame aɖewo ɖe Yopa, 32 be ne woayi aɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe ƒe aƒeme le ƒuta.’ 33 Esia tae medɔ ame ɖo ɖe gbɔwò ɖo eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nàgblɔ na mí.” 34 Petro ɖo eŋu gblɔ be, “Eme kɔ nam ƒãa azɔ be nyateƒee Mawu mekpɔa ame ŋkume o, 35 ke boŋ exɔa ame sia ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu si le eteƒe, du ka ke mee wòtso hã. 36 Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na Israelviwo la, be Yesu he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu domee eye Yesue nye Mesia kple xexeame katã ƒe Aƒetɔ. 37 Yohanes Mawutsidetanamela dze nyanyui sia kaka gɔme tso Galilea eye wòkaka ɖe Yudea nuto bliboa katã me. 38 Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la, dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔlélawo ŋu henya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.” 39 Petro yi dzi be, “Ke mí apostoloawoe nye ɖaseɖilawo na nu siwo katã wòwɔ le Israel kple Yerusalem afi si woklãe ɖe ati ŋu hewui le. 40 Ke Mawu gafɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe tututu eye wòɖee fia ame tɔxɛ aɖewo si eya ŋutɔ tia. 41 Meɖee fia le dutoƒo o ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo eye míeɖu nu heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe. 42 Eye Yesu dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa. 43 Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be, ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.” 44 Le esime Petro nɔ nya siawo gblɔ la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ame siwo katã nɔ to ɖom la dzi. 45 Nɔvi xɔsetɔ siwo tso aʋatsotso la me, ame siwo va kple Petro la ƒe mo wɔ yaa be wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe Trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dzi. 46 Elabena wose wonɔ aɖe yeye gblɔm nɔ Mawu kafum.Tete Petro gblɔ bena, 47 “Ɖe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be womade mawutsi ta na ame siawo oa? Woawo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe miawo ke ene.” 48 Ale wɔ Petro de mawutsi ta na wo le Yesu si nye Mesia la ŋkɔ me. Le esia megbe la, Kornelio ɖe kuku na Petro be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo hafi adzo.