Acts 10 (BOECS)

1 Ŋutsu aɖe nɔ Kaesarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋafia le asrafoha si woyɔna be Italia Hatsotso la me. 2 Eya kple eƒe ƒometɔwo katã nye Mawuvɔ̃la vavãwo. Enaa nu ame siwo le hiahiã me fũu, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu atraɖii. 3 Gbe ɖeka abe ɣetrɔ ga etɔ̃ me ene la, ekpɔ ŋutega esime wònɔ gbe dom ɖa. Ekpɔ mawudɔla aɖe wògbɔna egbɔ. Mawudɔla la yɔe be, “Kornelio!” 4 Kornelio vɔ̃ ŋutɔ. Ɖeko wòke ŋku ɖe te gãa nɔ mawudɔla la kpɔm. Mlɔeba la, ebiae be, “Amegã, nya kae dzɔ? Nu ka dim nèle tso gbɔnye?”Mawudɔla la ɖo eŋu nɛ be, “Wò gbedodoɖa kple nunana ame dahewo va ɖo dziƒo le Mawu ŋkume abe ŋkuɖodzinunana ene. 5 Eya ta dɔ amewo ɖe Yopa ne woaɖayɔ ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simɔn Petro la vɛ be wòava kpɔ wò ɖa. 6 Simɔn Petro sia le ŋutsu bubu aɖe si hã woyɔna be Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe la ƒe aƒe me le ƒuta lɔƒo.” 7 Esi mawudɔla la dzo teti ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la, 8 eye wògblɔ nu si dzɔ la na wo. Azɔ eɖo wo ɖe Yopa be woaɖakplɔ Petro vɛ. 9 Esi ŋu ke, le ŋdɔ me la, wonɔ tetem ɖe du la ŋu; ɣe ma yi la, Petro yi xɔta be yeado gbe ɖa. 10 Ke dɔ de asi ewuwu me, eye wòdi be yeaɖu nu, ke esi wònɔ nua ɖam la, ekpɔ ŋutega. 11 Ekpɔ aklala gã aɖe si wotsi ka eƒe dzogoe eneawo la wònɔ ɖiɖim tso dziƒo gbɔna anyigba. 12 Ekpɔ anyigbadzilã afɔenewo, lã tatawo kple dziƒoxevi vovovowo le avɔ la dzi. 13 Petro se gbeɖiɖi aɖe wògblɔ nɛ be, “Wu lã siawo ne nàɖu.” 14 Ke Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, Aƒetɔ, nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ le nye agbe me o.” 15 Gbeɖiɖi la gayi edzi gblɔ na Petro be, “Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o.” 16 Woɖe ŋutega sia fia Petro zi etɔ̃ sɔŋ. Le esia megbe la, wohe aklala la dzoe yi dziƒo. 17 Ŋutega sia wɔ moya na Petro ŋutɔ. Mese egɔme o, eye kpɔ ɖa, ŋutsu siwo Kornelio dɔ ɖo ɖa la le Simɔn ƒe aƒe la ta biam hele tsitre le agbo la nu. 18 Woyɔ ame aɖe ɖa biae be Simɔn si woyɔna be Petro la dze afi sia mahã? 19 Ke esi Petro ganɔ ta me bum le ŋutega la ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nɛ be, “Ame etɔ̃ aɖewo le diwòm le aƒea me, 20 eya ta ɖi naɖakpe wo eye nàdze wo yome ayi kpli wo, elabena nyee dɔ wo ɖo ɖe gbɔwò. Mègavɔ̃ o, nu sia nu ayi edzi nyuie.” 21 Ale Petro ɖi ɖe anyigba. Ekpɔ amedzroawo, eye wògblɔ na wo be, “Nyee nye ame si dim miele. Nu ka miele diyem be mawɔ na mi?” 22 Ŋutsuawo ɖo eŋu nɛ be, “Ame dɔdɔwo mienye tso Kornelio si nye Romasrafowo ƒe amegã ɖeka la gbɔ. Enye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la eye Yudatɔwo katã hã bunɛ ŋutɔ. Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae, eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ne woayɔ wò vɛ be nàgblɔ nu si wòawɔ la nɛ.” 23 Petro se nya siawo katã, eye wòxɔ ameawo atuu. Ena dzeƒe wo be woatsi adɔ. Esi ŋu ke la, Petro kplɔ xɔsetɔ eve aɖewo tso Yopa kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wodze mɔ kple Kornelio ƒe ame dɔdɔwo ɖo ta Kaesarea. 24 Wova ɖo Kaesarea le ŋkeke evea gbe. Kornelio nɔ mɔ kpɔm na wo vevie, eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo hã be woava do gbe na Petro. 25 Esi Petro ge ɖe aƒea me teti ko la, Kornelio ɖe abla ɖadze klo ɖe eƒe akɔme be yeade bubu eŋu. 26 Ke Petro gblɔ nɛ be, “Tso kaba, elabena menye Mawue menye nàsubɔ o. Amegbetɔ ko nye hã menye.” 27 Kornelio tsi tsitre, eye eya kple Petro wonɔ dze ɖom hege ɖe aƒea me, afi si ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖo. 28 Ke Petro gblɔ na ƒuƒoƒe la be, “Miawo ŋutɔ mienya be mele be nye abe Yudatɔ ene la mava mi ame siwo menye Yudatɔwo ƒe aƒe me alea o, gake Mawu ɖee fiam le ŋutega me be, mele be mabu ame aɖeke abe nu dzodzro alo nu makɔmakɔ ene o. 29 Eya ta esi miaƒe ame dɔdɔwo va ɖo gbɔnye ko la, nyemehe ɖe megbe kura o, ke boŋ metso dze mɔ dzi enumake. Azɔ nya kae le mia si? Migblɔe mase.” 30 Kornelio ɖo eŋu gblɔ nɛ be, “Egbee nye ŋkeke enelia, esi menɔ gbe dom ɖa le gaƒoƒo sia me tututu abe ale si mewɔna ɖaa ene. Ame aɖe si do awu ɣi si nɔ dzo dam la va do ɖe ŋkunyeme. 31 Egblɔ nam be, ‘Kornelio, Mawu se wò gbedodoɖawo, eye wòkpɔ dzidzɔ le wò dɔmenyowɔwɔ ŋu. 32 Azɔ la, dɔ ame aɖewo ɖe Yopa, ne woaɖayɔ Simɔn Petro vɛ na wò. Simɔn Petro sia le Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla aɖe ƒe aƒe me le ƒuta.’ 33 Esia tae medɔ ame ɖo ɖe gbɔwò ɖo, eye enyo ŋutɔ be nèva zi ɖeka hã. Azɔ mí katã míeƒo ƒu ɖi, le Aƒetɔ la ŋkume le klalo be míase nya si Mawu de asiwò be nàgblɔ na mí.” 34 Petro ɖo eŋu gblɔ be, “Eme kɔ nam ƒãa azɔ be nyateƒee Mawu mekpɔa ame ŋkume o, 35 ke boŋ exɔa ame sia ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu si le eteƒe, du ka ke mee wòtso hã. 36 Meka ɖe edzi be miawo hã miese nyanyui si wohe vɛ na Israelviwo la, be Yesu Kristo he tomefafa va amegbetɔwo kple Mawu dome eye Yesu Kristoe nye xexea me katã ƒe Aƒetɔ. 37 Yohanes Mawutsidetanamela dze nyanyui sia kaka gɔme tso Galilea, eye wòkaka ɖe Yudea nuto blibo la katã me. 38 Meka ɖe edzi be mienya hã be Mawu da asi ɖe Yesu, Nazaretitɔ la dzi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me, eye wòna ŋusẽ si na be wòte ŋu nɔ tsatsam henɔ dɔmenyo wɔm na amewo lae. Eda gbe le dɔnɔ siwo dzi Abosam ɖu la ŋu elabena Mawu nɔ kplii ɖaa.” 39 Petro yi edzi be, “Ke mí apostoloawoe nye ɖaseɖilawo na nu siwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem, afi si woklãe ɖe ati ŋu hewui le. 40 Ke Mawu gafɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃a gbe tututu, eye wòɖee fia ame tɔxɛ siwo eya ŋutɔ tia la. 41 Meɖee fia le dutoƒo o, ke boŋ eɖee fia mí apostoloawo siwo Mawu tia ɖi xoxo la, eye míeɖu nu, heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome megbe. 42 Eye Yesu dɔ mí be míagblɔ nyanyui la na amewo katã, eye míaɖe gbeƒãe be Mawu tia Yesu be wòanye ʋɔnudrɔ̃la na amewo katã, agbagbeawo kple kukuawo siaa. 43 Nyagblɔɖilawo katã hã ŋlɔ nu tso Yesu ŋu gblɔ be ame sia ame si axɔ edzi ase la, woatsɔ eƒe nu vɔ̃wo akee to eƒe ŋkɔ la me.” 44 Esime Petro nɔ nya siawo gblɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ame siwo katã nɔ to ɖom la dzi. 45 Nɔvi xɔsetɔ siwo tso aʋatsotso la me, ame siwo va kple Petro la ƒe mo wɔ yaa, be wokɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe ame siwo menye Yudatɔwo gɔ̃ hã dzi, 46 elabena wose wonɔ aɖe yeye gblɔm, nɔ Mawu kafum.Tete Petro gblɔ be, 47 “Ɖe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be womade mawutsi ta na ame siawo oa? Woawo hã xɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la abe míawo ke ene.” 48 Ale Petro de mawutsi ta na wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. Le esia megbe la, Kornelio ɖe kuku na Petro be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke aɖewo hafi adzo.

In Other Versions

Acts 10 in the ANGEFD

Acts 10 in the ANTPNG2D

Acts 10 in the AS21

Acts 10 in the BAGH

Acts 10 in the BBPNG

Acts 10 in the BBT1E

Acts 10 in the BDS

Acts 10 in the BEV

Acts 10 in the BHAD

Acts 10 in the BIB

Acts 10 in the BLPT

Acts 10 in the BNT

Acts 10 in the BNTABOOT

Acts 10 in the BNTLV

Acts 10 in the BOATCB

Acts 10 in the BOATCB2

Acts 10 in the BOBCV

Acts 10 in the BOCNT

Acts 10 in the BOGWICC

Acts 10 in the BOHCB

Acts 10 in the BOHCV

Acts 10 in the BOHLNT

Acts 10 in the BOHNTLTAL

Acts 10 in the BOICB

Acts 10 in the BOILNTAP

Acts 10 in the BOITCV

Acts 10 in the BOKCV

Acts 10 in the BOKCV2

Acts 10 in the BOKHWOG

Acts 10 in the BOKSSV

Acts 10 in the BOLCB

Acts 10 in the BOLCB2

Acts 10 in the BOMCV

Acts 10 in the BONAV

Acts 10 in the BONCB

Acts 10 in the BONLT

Acts 10 in the BONUT2

Acts 10 in the BOPLNT

Acts 10 in the BOSCB

Acts 10 in the BOSNC

Acts 10 in the BOTLNT

Acts 10 in the BOVCB

Acts 10 in the BOYCB

Acts 10 in the BPBB

Acts 10 in the BPH

Acts 10 in the BSB

Acts 10 in the CCB

Acts 10 in the CUV

Acts 10 in the CUVS

Acts 10 in the DBT

Acts 10 in the DGDNT

Acts 10 in the DHNT

Acts 10 in the DNT

Acts 10 in the ELBE

Acts 10 in the EMTV

Acts 10 in the ESV

Acts 10 in the FBV

Acts 10 in the FEB

Acts 10 in the GGMNT

Acts 10 in the GNT

Acts 10 in the HARY

Acts 10 in the HNT

Acts 10 in the IRVA

Acts 10 in the IRVB

Acts 10 in the IRVG

Acts 10 in the IRVH

Acts 10 in the IRVK

Acts 10 in the IRVM

Acts 10 in the IRVM2

Acts 10 in the IRVO

Acts 10 in the IRVP

Acts 10 in the IRVT

Acts 10 in the IRVT2

Acts 10 in the IRVU

Acts 10 in the ISVN

Acts 10 in the JSNT

Acts 10 in the KAPI

Acts 10 in the KBT1ETNIK

Acts 10 in the KBV

Acts 10 in the KJV

Acts 10 in the KNFD

Acts 10 in the LBA

Acts 10 in the LBLA

Acts 10 in the LNT

Acts 10 in the LSV

Acts 10 in the MAAL

Acts 10 in the MBV

Acts 10 in the MBV2

Acts 10 in the MHNT

Acts 10 in the MKNFD

Acts 10 in the MNG

Acts 10 in the MNT

Acts 10 in the MNT2

Acts 10 in the MRS1T

Acts 10 in the NAA

Acts 10 in the NASB

Acts 10 in the NBLA

Acts 10 in the NBS

Acts 10 in the NBVTP

Acts 10 in the NET2

Acts 10 in the NIV11

Acts 10 in the NNT

Acts 10 in the NNT2

Acts 10 in the NNT3

Acts 10 in the PDDPT

Acts 10 in the PFNT

Acts 10 in the RMNT

Acts 10 in the SBIAS

Acts 10 in the SBIBS

Acts 10 in the SBIBS2

Acts 10 in the SBICS

Acts 10 in the SBIDS

Acts 10 in the SBIGS

Acts 10 in the SBIHS

Acts 10 in the SBIIS

Acts 10 in the SBIIS2

Acts 10 in the SBIIS3

Acts 10 in the SBIKS

Acts 10 in the SBIKS2

Acts 10 in the SBIMS

Acts 10 in the SBIOS

Acts 10 in the SBIPS

Acts 10 in the SBISS

Acts 10 in the SBITS

Acts 10 in the SBITS2

Acts 10 in the SBITS3

Acts 10 in the SBITS4

Acts 10 in the SBIUS

Acts 10 in the SBIVS

Acts 10 in the SBT

Acts 10 in the SBT1E

Acts 10 in the SCHL

Acts 10 in the SNT

Acts 10 in the SUSU

Acts 10 in the SUSU2

Acts 10 in the SYNO

Acts 10 in the TBIAOTANT

Acts 10 in the TBT1E

Acts 10 in the TBT1E2

Acts 10 in the TFTIP

Acts 10 in the TFTU

Acts 10 in the TGNTATF3T

Acts 10 in the THAI

Acts 10 in the TNFD

Acts 10 in the TNT

Acts 10 in the TNTIK

Acts 10 in the TNTIL

Acts 10 in the TNTIN

Acts 10 in the TNTIP

Acts 10 in the TNTIZ

Acts 10 in the TOMA

Acts 10 in the TTENT

Acts 10 in the UBG

Acts 10 in the UGV

Acts 10 in the UGV2

Acts 10 in the UGV3

Acts 10 in the VBL

Acts 10 in the VDCC

Acts 10 in the YALU

Acts 10 in the YAPE

Acts 10 in the YBVTP

Acts 10 in the ZBP