Acts 17 (BEV)
1 Azɔ ame eveawo zɔ mɔ to Amfipolis kple Apolonia nutowo me va ɖo Tesalonika afi si Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe aɖe le. 2 Paulo yi ƒuƒoƒe sia abe ale si wòwɔne ɖaa ene eye wògblɔ mawunya na ameawo. 3 Ewɔ esia Sabat etɔ̃ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo. Eɖe mawunya ƒe akpa si ku ɖe Mesia la ƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi ŋu la me na wo, eye wòdze agbagba hã ɖee fia wo tso mawunya me be Yesue nye Mesia alo Ɖela la vavã. 4 Ame geɖe siwo se Paulo ƒe nya la trɔ zu kristotɔwo eye wo dometɔ aɖewo nye Helatɔ siwo me mawuvɔvɔ̃ le, kple dua me nyɔnu ŋkutatɔ aɖewo. 5 Yudatɔwo ƒe amegã siwo nɔ dua me la ʋã ŋu Paulo kple Sila eya ta woƒo gbevu aɖewo nu ƒu eye wowɔ ʋunyaʋunya le dua me le Paulo kple Sila ta. Wova dze Yason ƒe aƒe afi si wonɔ la dzi kple susu be yewoalé Paulo kple Sila ahe wo va dumemegãwo ŋkumee ne woahe to na wo. 6 Ke womekpɔ Paulo kple Sila le aƒea me o eya ta wolé Yason kple Kristotɔ aɖewo, kplɔ wo yi dumemegãwo gbɔe. Wotsɔ nya ɖe Yason kple etɔwo ŋu eye wotso wo nu kple ɣli be, “Paulo kple Sila, ame siwo he tɔtɔ va xexeame ƒe akpa geɖewo la va míaƒe du me afi sia hã hele ʋunyaʋunya hem vɛ. 7 Ke Yason ya na sitsoƒe wo ɖe eƒe aƒeme. Le esia ta wo katã wodze na ku elabena wole gbɔgblɔm be fia bubu aɖe gali si ŋkɔe nye Yesu, ame sia lolo wu Kaisaro.” 8 Nya siawo medzɔ dzi na dumemegãwo kple dua me tɔwo kura o. 9 Eya ta woka ŋkume na Yason kple etɔwo vevie eye wona ame aɖe de megbe na wo be yewomagawɔ nu sia ƒomevi azɔ o hafi woɖe asi le wo ŋu. 10 Le zã ma me la Kristotɔ siwo le dua me la kplɔ Paulo kple Sila do goe le dua me alɔtsɔtsɔe eye woyi Beroea. Paulo kple Sila gayi woƒe dɔ dzi le afi sia hã heyi ɖagblɔ mawunya le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me la me. 11 Beroeatɔwo ya lé fɔ ɖe nya la ŋu wu Tesalonikatɔwo, eye woɖo to Paulo ƒe nyagbɔgblɔ kple dzidzɔ. Woawo ŋutɔwo hã nɔa mawunya la me dzrom ɣesiaɣi be yewoakpɔe ɖa be nyateƒenya gblɔm Paulo kple Sila nɔ mahã. 12 To esia me la, wo dometɔ geɖewo zu xɔsetɔwo eye Helatɔ ŋkutatɔ siwo nye nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa xɔ nya la dzi se. 13 Esi Yudatɔ siwo tso Tesalonika la gase be Paulo nɔ mawunya gblɔm le Beroea la, wogati wo yome yi afi ma hã eye wògade zi ameawo me ɖe wo ŋu. 14 Ke Kritsotɔwo wɔ kaba ɖo Paulo ɖe dziehe gome lɔƒo gake Sila kple Timoteo ya tsi anyi. 15 Ame siwo kplɔ Paulo yii la ɖoe ɖa va se ɖe Atene hafi trɔ yi Beroea. Paulo de gbe asi ma wo be woagblɔ na Sila kple Timoteo be woawɔ kaba ava tu ye le Atene. 16 Esi Paulo nɔ Sila kple Timoteo lalam le Atene la, eɖi tsa le dua me. Nu siwo wòkpɔ la ɖu dzi nɛ ŋutɔ. Ekpɔ be legbawo bɔ ɖe dua me fũ. 17 Eyi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe be yeadzro nya me kple Yudatɔwo kple Helatɔ vɔ̃mawuwo. Eƒo nu na ameha si le dua ƒe takpeƒe la hã gbe sia gbe. 18 Paulo dzro nya me kple xexemenunyala gã aɖewo siwo woyɔna be Epikurea kple Stoiktɔwo la hã. Esi wòƒo nu na wo tso Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu la, wo dometɔ aɖewo gblɔ be Paulo ƒe tagbɔ gblẽ alo dzixɔse yeye aɖe boŋ ŋue wònɔ nu ƒom le. 19 Ale wolée hekplɔe yi takpeƒe si woyɔna be Areopago la, afi ma wobia tso esi be, “Na míase nya tso nufiafia yeye si nèhe vɛ la ŋu. 20 Èle nya masekpɔ aɖewo gblɔm ɖe miaƒe towo me, miedi be míase nya siawo gɔme kple nu si wonye.” 21 Atenetɔwo katã kple amedzroawo hã lɔ̃a anyinɔnɔ ɖe takpeƒe wɔa woƒe ɣeyiɣi ŋutidɔ to nyamedzodzro kple susu yeyewo xɔxɔ me. 22 Esi ŋkekea ɖo la, Paulo tsi tre ɖe ameha la titina le Mastogbɛ la dzi heƒo nu gblɔ na wo bena,“Nɔvinye Atenetɔwo, edze nam ƒã be mienye ame siwo kpɔa dzidzɔ le mawuvɔvɔ̃ ŋu ŋutɔ, 23 elabena esi menɔ tsa ɖim le miaƒe dua me la, mekpɔ legba geɖewo kple vɔsamlekpuiwo hã. Nukutɔe la mekpɔ ɖe si mieme na ŋkɔe be, ‘Mawu si mienya o la tɔe.’ Mawu si miesubɔna le manyamanya me la ƒe nyae metsɔ vɛ na mi.” 24 “Mawu siae wɔ dziƒo kple anyigba kple nu siwo katã le eme eye wònye gã kple aƒetɔ na nu sia nu. Le esia ta menɔa gbedoxɔ si amewo tsɔ asi tui la me o, 25 eye le esime naneke mehiãnɛ o ta la, amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke nɛ o. Ke eya boŋ na agbegbɔgbɔ nu sia nu eye wònaa nu ame sia ame ɖe eƒe hiahiã nu. 26 Mawu siae wɔ amegbetɔ siwo katã tso dzɔtsoƒe ɖeka eye wòkaka wo ɖe xexeame ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖo liƒo na dukɔwo eye wòɖo dukɔ siwo ayi ŋgɔ kple esiwo adze anyi la da ɖi xoxo.” 27 “Mawu ƒe didie nye be amegbetɔwo nadii, ake ɖe eŋu togbɔ be egbɔ medidi tso ame aɖeke gbɔ o hafi hã. 28 Eya mee míele agbe le abe ale si miaƒe hɛnɔ aɖe gblɔe ene bena, ‘Míawoe nye Mawu viwo.’ 29 Eya ta ne míenye Mawu viwo la ekema menyo be míabu be Mawu nye legba si amegbetɔ awɔ kple klosalo kple sika alo akpae kple kpe o. 30 Tsã la Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi. Ke azɔ la ede se be ame sia ame naɖe asi le legbawo ŋu eye wòasubɔ ye ɖeka ko. 31 Elabena eɖo ŋkeke tɔxɛ aɖe da ɖi be yeava drɔ̃ ʋɔnu xexeame, eya ŋutɔ tia ame si le ʋɔnua drɔ̃ ge la da ɖi eye eyae nye ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.” 32 Esi wosee wògblɔ, nya tso fɔfɔ tso ame kukuwo dome ŋu la, nyasela aɖewo koe ŋutɔ ke ame bubuwo hã be, “Míedi be míagase nya sia ɣebubuɣi” 33 Ale Paulo dzo le takpeƒea. 34 Ame ʋe aɖewo ya dze eyome trɔ zu xɔsetɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewo nye Dionisio si nye dumemegã ɖeka kple nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Damari.