Ephesians 1 (BEV)

1 Nɔvi kristotɔ lɔlɔ̃a siwo le Efeso, mi ame siwo lé Aƒetɔ la ƒe nya la me ɖe asi sesĩe; nye Paulo, ame si Mawu tia be manye Kristo Yesu ƒe dɔtsɔla lae le agbalẽ sia ŋlɔm na mi. 2 Mawu, mía Fofo kple Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ ƒe yayra kple ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi. 3 Míetsɔ kafukafu geɖe na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ yayra ɖe sia ɖe si le dziƒo la kɔ ɖe mía dzi duu le esime míenye kristototɔwo la ta. 4 Le blema, hafi wòva wɔ xexeame gɔ̃ hã la, Mawu tia mí be míanye eya ŋutɔ tɔwo, to dɔ gã si Kristo ava wɔ na mí la dzi. Eɖoe ɣemaɣi ke be yeawɔ mí ame kɔkɔe, maɖifɔwoe le eƒe ŋkume. Míawoe nye ame siwo le eƒe ŋkume eye eƒe lɔlɔ̃ ƒo xlã mí. 5 Ɖoɖo matrɔmatrɔ si wòwɔ ɖe mía ŋuti tso ɣeaɖeɣi ke nye be wòaxɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒome la me. Mawu wɔ esia esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ esia to eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me! 6 Azɔ la mitsɔ kafukafuwo katã na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã na mí ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, elabena míenye Via lɔlɔ̃ la tɔ. 7 Eƒe dɔmenyonyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí; 8 eye etsɔ eƒe amenuveve xɔasi la kɔ ɖe mía dzi duu, elabena ese mía gɔme nyuie eye wònya nu si nyo na mí ɣesiaɣi. 9 Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia le blema ke ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta. 10 Eƒe taɖodzinue nye be, ne ɣeyiɣi si wòɖo ɖi la de la, aƒo mí katã nu ƒu tso afi sia afi si míele, eɖanye dziƒo alo anyigbadzi, bena míanɔ egbɔ le Kristo me, tso mavɔ me yi mavɔ me. 11 Gawu la, le nu si Kristo wɔ ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le, elabena abe ɖoɖo gã si Mawu wɔ la ƒe akpa aɖe ene la, etia mí tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene. 12 Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be, mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta. 13 Eye ɖe dɔ gã si Kristo wɔ ta la, mi ame bubu siwo ke hã se nyanyui la tso ale si ame akpɔ ɖeɖe ŋu, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wodo na mí kristotɔwo tso blema ke la, ŋutɔ de dzesi mi be mienye kristotɔwo. 14 Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia bena Mawu ƒle mí xoxo eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe. Esiae ganye susu ɖeka si tae wòle be míakafu míaƒe Mawu, Ŋutikɔkɔetɔ la. 15 Esia tae tso ɣeyiɣi si dzi mese xɔse si le mia si le Aƒetɔ Yesu me kple lɔlɔ̃ si le mia me na amekɔkɔewo katã la, 16 nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me. 17 Mebiaa Mawu, si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Fofo la, be wòana mawumenunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu. 18 Medoa gbe ɖa be kekeli nayɔ miaƒe dziwo me fũ bena miakpɔ nu siwo gome kpɔ ge miegbɔna la ƒe ɖe do ŋgɔ. Medi be mianya be esi wotsɔ mí ame siwo xɔ Kristo dzi se la na Mawu ta la esia wɔe be kesinɔnu gã aɖe ɖo Mawu si! 19 Medoa gbe ɖa be, miade asi ale si eƒe ŋusẽ tri akɔe le kpekpeɖeŋunana ame siwo xɔa edzi se me la gɔmesese me. 20 Ŋusẽ triakɔ sia kee fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo. 21 Teƒe si kɔ sasasã wu fia dziɖula kple kplɔla ɖe sia ɖe tɔ. Ẽ, ŋutikɔkɔe le eƒe bubu ŋu wu ame sia ame tɔ le xexe sia me loo alo xexe si gbɔna la me. 22 Mawu tsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te eye wòwɔe kristohamea katã ƒe tatɔ gãtɔ. 23 Hame sia nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. Eyɔ hame la fũ, eye wòganye nu sia nu si le afi sia afi la ƒe gɔmedzela kple enala.

In Other Versions

Ephesians 1 in the ANGEFD

Ephesians 1 in the ANTPNG2D

Ephesians 1 in the AS21

Ephesians 1 in the BAGH

Ephesians 1 in the BBPNG

Ephesians 1 in the BBT1E

Ephesians 1 in the BDS

Ephesians 1 in the BHAD

Ephesians 1 in the BIB

Ephesians 1 in the BLPT

Ephesians 1 in the BNT

Ephesians 1 in the BNTABOOT

Ephesians 1 in the BNTLV

Ephesians 1 in the BOATCB

Ephesians 1 in the BOATCB2

Ephesians 1 in the BOBCV

Ephesians 1 in the BOCNT

Ephesians 1 in the BOECS

Ephesians 1 in the BOGWICC

Ephesians 1 in the BOHCB

Ephesians 1 in the BOHCV

Ephesians 1 in the BOHLNT

Ephesians 1 in the BOHNTLTAL

Ephesians 1 in the BOICB

Ephesians 1 in the BOILNTAP

Ephesians 1 in the BOITCV

Ephesians 1 in the BOKCV

Ephesians 1 in the BOKCV2

Ephesians 1 in the BOKHWOG

Ephesians 1 in the BOKSSV

Ephesians 1 in the BOLCB

Ephesians 1 in the BOLCB2

Ephesians 1 in the BOMCV

Ephesians 1 in the BONAV

Ephesians 1 in the BONCB

Ephesians 1 in the BONLT

Ephesians 1 in the BONUT2

Ephesians 1 in the BOPLNT

Ephesians 1 in the BOSCB

Ephesians 1 in the BOSNC

Ephesians 1 in the BOTLNT

Ephesians 1 in the BOVCB

Ephesians 1 in the BOYCB

Ephesians 1 in the BPBB

Ephesians 1 in the BPH

Ephesians 1 in the BSB

Ephesians 1 in the CCB

Ephesians 1 in the CUV

Ephesians 1 in the CUVS

Ephesians 1 in the DBT

Ephesians 1 in the DGDNT

Ephesians 1 in the DHNT

Ephesians 1 in the DNT

Ephesians 1 in the ELBE

Ephesians 1 in the EMTV

Ephesians 1 in the ESV

Ephesians 1 in the FBV

Ephesians 1 in the FEB

Ephesians 1 in the GGMNT

Ephesians 1 in the GNT

Ephesians 1 in the HARY

Ephesians 1 in the HNT

Ephesians 1 in the IRVA

Ephesians 1 in the IRVB

Ephesians 1 in the IRVG

Ephesians 1 in the IRVH

Ephesians 1 in the IRVK

Ephesians 1 in the IRVM

Ephesians 1 in the IRVM2

Ephesians 1 in the IRVO

Ephesians 1 in the IRVP

Ephesians 1 in the IRVT

Ephesians 1 in the IRVT2

Ephesians 1 in the IRVU

Ephesians 1 in the ISVN

Ephesians 1 in the JSNT

Ephesians 1 in the KAPI

Ephesians 1 in the KBT1ETNIK

Ephesians 1 in the KBV

Ephesians 1 in the KJV

Ephesians 1 in the KNFD

Ephesians 1 in the LBA

Ephesians 1 in the LBLA

Ephesians 1 in the LNT

Ephesians 1 in the LSV

Ephesians 1 in the MAAL

Ephesians 1 in the MBV

Ephesians 1 in the MBV2

Ephesians 1 in the MHNT

Ephesians 1 in the MKNFD

Ephesians 1 in the MNG

Ephesians 1 in the MNT

Ephesians 1 in the MNT2

Ephesians 1 in the MRS1T

Ephesians 1 in the NAA

Ephesians 1 in the NASB

Ephesians 1 in the NBLA

Ephesians 1 in the NBS

Ephesians 1 in the NBVTP

Ephesians 1 in the NET2

Ephesians 1 in the NIV11

Ephesians 1 in the NNT

Ephesians 1 in the NNT2

Ephesians 1 in the NNT3

Ephesians 1 in the PDDPT

Ephesians 1 in the PFNT

Ephesians 1 in the RMNT

Ephesians 1 in the SBIAS

Ephesians 1 in the SBIBS

Ephesians 1 in the SBIBS2

Ephesians 1 in the SBICS

Ephesians 1 in the SBIDS

Ephesians 1 in the SBIGS

Ephesians 1 in the SBIHS

Ephesians 1 in the SBIIS

Ephesians 1 in the SBIIS2

Ephesians 1 in the SBIIS3

Ephesians 1 in the SBIKS

Ephesians 1 in the SBIKS2

Ephesians 1 in the SBIMS

Ephesians 1 in the SBIOS

Ephesians 1 in the SBIPS

Ephesians 1 in the SBISS

Ephesians 1 in the SBITS

Ephesians 1 in the SBITS2

Ephesians 1 in the SBITS3

Ephesians 1 in the SBITS4

Ephesians 1 in the SBIUS

Ephesians 1 in the SBIVS

Ephesians 1 in the SBT

Ephesians 1 in the SBT1E

Ephesians 1 in the SCHL

Ephesians 1 in the SNT

Ephesians 1 in the SUSU

Ephesians 1 in the SUSU2

Ephesians 1 in the SYNO

Ephesians 1 in the TBIAOTANT

Ephesians 1 in the TBT1E

Ephesians 1 in the TBT1E2

Ephesians 1 in the TFTIP

Ephesians 1 in the TFTU

Ephesians 1 in the TGNTATF3T

Ephesians 1 in the THAI

Ephesians 1 in the TNFD

Ephesians 1 in the TNT

Ephesians 1 in the TNTIK

Ephesians 1 in the TNTIL

Ephesians 1 in the TNTIN

Ephesians 1 in the TNTIP

Ephesians 1 in the TNTIZ

Ephesians 1 in the TOMA

Ephesians 1 in the TTENT

Ephesians 1 in the UBG

Ephesians 1 in the UGV

Ephesians 1 in the UGV2

Ephesians 1 in the UGV3

Ephesians 1 in the VBL

Ephesians 1 in the VDCC

Ephesians 1 in the YALU

Ephesians 1 in the YAPE

Ephesians 1 in the YBVTP

Ephesians 1 in the ZBP