Ephesians 3 (BEV)

1 Le esia ta, nye Paulo, Kristo Yesu ƒe dɔla, mele ga me le afii le mi Trɔ̃subɔlawo ta. 2 Mexɔe se be miese Mawu ƒe amenuveve, si wònam le mia ta 3 le esia me be Mawu na menya eƒe ɖoɖo ɣaɣla be Trɔ̃subɔlawo hã nakpɔ amenuveve. Meka nya sia ta na mi do ŋgɔ kpuie to nye agbalẽŋɔŋlɔ na mi me. 4 Megblɔ esia be matsɔ aɖe nya me na mi tso ale si mewɔ hafi nya nu siawo la ŋuti. 5 Le blema la, Mawu meɖe eƒe ɖoɖo sia fia eƒe amewo o, gake azɔ la eɖee fia eƒe apostolowo kple nyagblɔɖilawo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi. 6 Azɔ nya ɣaɣla lae nye esi: Ebe Trɔ̃subɔla siwo trɔ dzime la akpɔ gome le domenyinyi magblemagblẽ si wòɖo ɖi na viawo la me sɔsɔe kple Yudatɔwo; eyɔ wo kple eve la katã be woanye yeƒe hametɔwo. Mawu ƒe ŋugbedodowo be yeakɔ yayra geɖe ɖe amewo dzi to Kristo dzi la, yi na wo kple eve la katã, nenye be woxɔ Kristo ƒe nyanyui la kple dɔ gã si wòwɔ ɖe wo nu la dzi se. 7 Mawu na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛm be magblɔ eƒe ɖoɖo sia na ame sia ame eye wòtsɔ eƒe ŋusẽ kple ŋutete tɔxɛ nam bena mate ŋu awɔ dɔ sia nyuie. 8 Mibu nu sia ŋuti kpɔ! Togbɔ be nyemewɔ naneke si dze na bubu sia o, eye nyee ganye kristotɔ gblɔetɔ wu ame sia ame hã la, nye koe nye ame si wòtia, tsɔ dzidzɔ tɔxɛ sia na be magblɔ Dzidzɔnya sia na Trɔ̃subɔlawo tso kesinɔnu mavɔ si li na wo to Kristo me; 9 eye wògadi be maɖe nya me na ame sia ame be Mawue nye Trɔ̃subɔlawo hã ƒe Ɖela, abe ale si eya ame si wɔ nuwo katã la ɖoe da ɖi le adzame tso gɔmedzedzea me ene. 10 Susu ka tae wòwɔ ɖoɖo sia ɖo? Ewɔ ɖoɖo sia be wòatsɔ afia dziɖula kple ŋusẽ vovovo, siwo le dziƒonutowo me, ale si Mawu ƒe nunya de bliboe: ne wokpɔ eƒe ƒome blibo, ame si wo nye Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa, la woƒo ƒu le eƒe hame la me, 11 abe ale si wòɖo da ɖi be yeawɔ to Yesu Kristo míaƒe Aƒetɔ la dzi ene. 12 Azɔ la míate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume dzideƒotɔe, eye kakaɖedzi hã le mía si be axɔ mí dzidzɔtɔe nenye be míedo ɖe eŋkume kple Kristo eye míexɔ edzi se. 13 Eya ta to kukuɖeɖe me, dzi megaɖe le mia ƒo ɖe nu si tum wole kplim le afi sia la ta o. Miawo tae mele fua kpem ɖo eya ta mitsɔe be enye bubudede mia ŋu eye dzideƒo nanɔ mia si. 14 Eya ta medzea klo doa gbe ɖa na Fofo la 15 ame si gbɔ xɔsetɔwo ƒe ƒomeawo katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa woƒe ŋkɔ tsonɛ. 16 Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi. 17 Megadoa gbe ɖa hã be, gbe sia gbe la Kristo naxɔ aƒe ɖe miaƒe dziwo me to xɔse me eye wòanɔ mia me, zi ale si miexɔ edzi se. Neva eme be miatsi, ato ke ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ wɔnuku la me; 18 eye bena mi kpakple ame kɔkɔewo katã miakpɔ kelili be miate ŋu adze si ale si Kristo ƒe lɔlɔ̃ keke, didi, kɔkɔ eye wògogloe, 19 eye be mianya Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia, si kɔ wu miaƒe nugɔmesesewo katã. Ale mlɔeba la, Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu. 20 Ke, hena eya ame si tea ŋu wɔ nuwo geɖee wu nu siwo katã míebiana alo susuna, le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me la, 21 eya tɔe lanye ŋutikɔkɔe le hamea me kple Kristo Yesu me le dzidzimewo katã me, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.

In Other Versions

Ephesians 3 in the ANGEFD

Ephesians 3 in the ANTPNG2D

Ephesians 3 in the AS21

Ephesians 3 in the BAGH

Ephesians 3 in the BBPNG

Ephesians 3 in the BBT1E

Ephesians 3 in the BDS

Ephesians 3 in the BHAD

Ephesians 3 in the BIB

Ephesians 3 in the BLPT

Ephesians 3 in the BNT

Ephesians 3 in the BNTABOOT

Ephesians 3 in the BNTLV

Ephesians 3 in the BOATCB

Ephesians 3 in the BOATCB2

Ephesians 3 in the BOBCV

Ephesians 3 in the BOCNT

Ephesians 3 in the BOECS

Ephesians 3 in the BOGWICC

Ephesians 3 in the BOHCB

Ephesians 3 in the BOHCV

Ephesians 3 in the BOHLNT

Ephesians 3 in the BOHNTLTAL

Ephesians 3 in the BOICB

Ephesians 3 in the BOILNTAP

Ephesians 3 in the BOITCV

Ephesians 3 in the BOKCV

Ephesians 3 in the BOKCV2

Ephesians 3 in the BOKHWOG

Ephesians 3 in the BOKSSV

Ephesians 3 in the BOLCB

Ephesians 3 in the BOLCB2

Ephesians 3 in the BOMCV

Ephesians 3 in the BONAV

Ephesians 3 in the BONCB

Ephesians 3 in the BONLT

Ephesians 3 in the BONUT2

Ephesians 3 in the BOPLNT

Ephesians 3 in the BOSCB

Ephesians 3 in the BOSNC

Ephesians 3 in the BOTLNT

Ephesians 3 in the BOVCB

Ephesians 3 in the BOYCB

Ephesians 3 in the BPBB

Ephesians 3 in the BPH

Ephesians 3 in the BSB

Ephesians 3 in the CCB

Ephesians 3 in the CUV

Ephesians 3 in the CUVS

Ephesians 3 in the DBT

Ephesians 3 in the DGDNT

Ephesians 3 in the DHNT

Ephesians 3 in the DNT

Ephesians 3 in the ELBE

Ephesians 3 in the EMTV

Ephesians 3 in the ESV

Ephesians 3 in the FBV

Ephesians 3 in the FEB

Ephesians 3 in the GGMNT

Ephesians 3 in the GNT

Ephesians 3 in the HARY

Ephesians 3 in the HNT

Ephesians 3 in the IRVA

Ephesians 3 in the IRVB

Ephesians 3 in the IRVG

Ephesians 3 in the IRVH

Ephesians 3 in the IRVK

Ephesians 3 in the IRVM

Ephesians 3 in the IRVM2

Ephesians 3 in the IRVO

Ephesians 3 in the IRVP

Ephesians 3 in the IRVT

Ephesians 3 in the IRVT2

Ephesians 3 in the IRVU

Ephesians 3 in the ISVN

Ephesians 3 in the JSNT

Ephesians 3 in the KAPI

Ephesians 3 in the KBT1ETNIK

Ephesians 3 in the KBV

Ephesians 3 in the KJV

Ephesians 3 in the KNFD

Ephesians 3 in the LBA

Ephesians 3 in the LBLA

Ephesians 3 in the LNT

Ephesians 3 in the LSV

Ephesians 3 in the MAAL

Ephesians 3 in the MBV

Ephesians 3 in the MBV2

Ephesians 3 in the MHNT

Ephesians 3 in the MKNFD

Ephesians 3 in the MNG

Ephesians 3 in the MNT

Ephesians 3 in the MNT2

Ephesians 3 in the MRS1T

Ephesians 3 in the NAA

Ephesians 3 in the NASB

Ephesians 3 in the NBLA

Ephesians 3 in the NBS

Ephesians 3 in the NBVTP

Ephesians 3 in the NET2

Ephesians 3 in the NIV11

Ephesians 3 in the NNT

Ephesians 3 in the NNT2

Ephesians 3 in the NNT3

Ephesians 3 in the PDDPT

Ephesians 3 in the PFNT

Ephesians 3 in the RMNT

Ephesians 3 in the SBIAS

Ephesians 3 in the SBIBS

Ephesians 3 in the SBIBS2

Ephesians 3 in the SBICS

Ephesians 3 in the SBIDS

Ephesians 3 in the SBIGS

Ephesians 3 in the SBIHS

Ephesians 3 in the SBIIS

Ephesians 3 in the SBIIS2

Ephesians 3 in the SBIIS3

Ephesians 3 in the SBIKS

Ephesians 3 in the SBIKS2

Ephesians 3 in the SBIMS

Ephesians 3 in the SBIOS

Ephesians 3 in the SBIPS

Ephesians 3 in the SBISS

Ephesians 3 in the SBITS

Ephesians 3 in the SBITS2

Ephesians 3 in the SBITS3

Ephesians 3 in the SBITS4

Ephesians 3 in the SBIUS

Ephesians 3 in the SBIVS

Ephesians 3 in the SBT

Ephesians 3 in the SBT1E

Ephesians 3 in the SCHL

Ephesians 3 in the SNT

Ephesians 3 in the SUSU

Ephesians 3 in the SUSU2

Ephesians 3 in the SYNO

Ephesians 3 in the TBIAOTANT

Ephesians 3 in the TBT1E

Ephesians 3 in the TBT1E2

Ephesians 3 in the TFTIP

Ephesians 3 in the TFTU

Ephesians 3 in the TGNTATF3T

Ephesians 3 in the THAI

Ephesians 3 in the TNFD

Ephesians 3 in the TNT

Ephesians 3 in the TNTIK

Ephesians 3 in the TNTIL

Ephesians 3 in the TNTIN

Ephesians 3 in the TNTIP

Ephesians 3 in the TNTIZ

Ephesians 3 in the TOMA

Ephesians 3 in the TTENT

Ephesians 3 in the UBG

Ephesians 3 in the UGV

Ephesians 3 in the UGV2

Ephesians 3 in the UGV3

Ephesians 3 in the VBL

Ephesians 3 in the VDCC

Ephesians 3 in the YALU

Ephesians 3 in the YAPE

Ephesians 3 in the YBVTP

Ephesians 3 in the ZBP