Hebrews 2 (BEV)

1 Esia ta ele na mi be miaɖo to nyateƒenya siwo katã miese la nyuie ne menye nenema o la miate ɖa xaa tso nyateƒe la gbɔ. 2 Ne gbedeasi si mawudɔlawo gblɔ la nye nyateƒe eye edzidalawo kple ame siwo meɖo toe o la xɔ tohehe si wodze na la, 3 ale ke míawo ya míawɔ asi le enu ne míegbe toɖoɖo ɖeɖenya gã sia? Ɖeɖe sia si Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbeƒãe zi gbãtɔ la woɖo kpe edzi na mi to ame siwo ɖo toe la dzi. 4 Mawu ŋutɔ hã ɖo kpe woƒe ɖaseɖiɖi dzi to dzesiwo, nukunuwo kple nukudɔ vovovowo dzi eye wòna Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe nunana amewo le ale si wòlɔ̃ nu. 5 Mawu metsɔ mawudɔlawo ɖo dziɖulawoe na xexeme si ava va esi ŋuti míele nu ƒom le o. 6 Ke ame aɖe gblɔ le Psalmowo ƒe agbalẽ me be,“Nu kae nye amegbetɔ be nébua eŋuti eye nu kae nye amegbetɔvi be neléa be nɛ? 7 Èwɔ wo wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo, ètsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ fiakuku nɛ 8 eye nètsɔ nu sia nu de eƒe afɔ te.”Esi Mawu tsɔ nu sia nu de eƒe dzikpɔkpɔ te la, meɖe neneke le eme o. Gake fifi laa la medze abe nu sia nu le eƒe dzikpɔkpɔ te ene o. 9 Míekpɔ Yesu, ame si wowɔ wòɖiɖi vie wu mawudɔlawo, ke fifia la woɖɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ƒe fiakuku nɛ elabena ekpe fu yi ɖe ku me ale be to Mawu ƒe amenuveve me wòaxɔ ku ɖe ame sia ame nu. 10 Ɖe ko wòle eteƒe be, Mawu, ame si wɔ nuwo katã eye wòlé nuwo katã ɖe te la nawɔ Yesu blibo to fukpekpe me be wòakplɔ viŋutsu geɖewo vɛ woakpɔ gome le eƒe ŋutikɔkɔe me, elabena Yesue kplɔ wo yi ɖeɖe le gbɔe. 11 Ame si wɔa amewo kɔkɔe kple ame siwo wowɔ kɔkɔe la katã nye ƒome ɖeka me wɔlawo. Eya ta mekpe ŋu na Yesu be wòayɔ wo be ye nɔviwo o. 12 Egblɔ be,“Maɖe gbeƒa wò ŋkɔ na nɔvinyewo, madzi wò kafukafuhawo le ameha la ŋkume.” 13 Egagblɔ be,“Maɖo dzi ɖe Mawu ŋu.”Eye wogagblɔ be,“Nye kple vi siwo Mawu nam la miele afii”. 14 Esi ɖeviawo nye ŋutilã kple ʋu ta la, eya hã kpɔ gome le woƒe amenyenye me ale be to eƒe ku me wòatsrɔ̃ ame si si ku ƒe ŋusẽ le, ame si nye Satana, 15 eye wòɖe ga ame siwo zu kluviwo to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbemeŋkekewo katã me. 16 Le nyateƒe me la, menye mawudɔlawo ŋue wòkpe ɖo o, ke boŋ ekpe ɖe Abraham ƒe dzidzimewiwo ŋu. 17 Le susu sia ta wòle be woawɔe wòanɔ abe nɔviawo ene le go sia go me ale be wòava zu Osɔfogã, nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔ me, eye be woaxe fe ɖe amewo ƒe nu vɔ̃wo ta. 18 Esi wònye be eya ŋutɔ kpe fu to tetekpɔ me ta la, ete ŋu kpe ɖe ame siwo tem kpɔ wole la ŋu.

In Other Versions

Hebrews 2 in the ANGEFD

Hebrews 2 in the ANTPNG2D

Hebrews 2 in the AS21

Hebrews 2 in the BAGH

Hebrews 2 in the BBPNG

Hebrews 2 in the BBT1E

Hebrews 2 in the BDS

Hebrews 2 in the BHAD

Hebrews 2 in the BIB

Hebrews 2 in the BLPT

Hebrews 2 in the BNT

Hebrews 2 in the BNTABOOT

Hebrews 2 in the BNTLV

Hebrews 2 in the BOATCB

Hebrews 2 in the BOATCB2

Hebrews 2 in the BOBCV

Hebrews 2 in the BOCNT

Hebrews 2 in the BOECS

Hebrews 2 in the BOGWICC

Hebrews 2 in the BOHCB

Hebrews 2 in the BOHCV

Hebrews 2 in the BOHLNT

Hebrews 2 in the BOHNTLTAL

Hebrews 2 in the BOICB

Hebrews 2 in the BOILNTAP

Hebrews 2 in the BOITCV

Hebrews 2 in the BOKCV

Hebrews 2 in the BOKCV2

Hebrews 2 in the BOKHWOG

Hebrews 2 in the BOKSSV

Hebrews 2 in the BOLCB

Hebrews 2 in the BOLCB2

Hebrews 2 in the BOMCV

Hebrews 2 in the BONAV

Hebrews 2 in the BONCB

Hebrews 2 in the BONLT

Hebrews 2 in the BONUT2

Hebrews 2 in the BOPLNT

Hebrews 2 in the BOSCB

Hebrews 2 in the BOSNC

Hebrews 2 in the BOTLNT

Hebrews 2 in the BOVCB

Hebrews 2 in the BOYCB

Hebrews 2 in the BPBB

Hebrews 2 in the BPH

Hebrews 2 in the BSB

Hebrews 2 in the CCB

Hebrews 2 in the CUV

Hebrews 2 in the CUVS

Hebrews 2 in the DBT

Hebrews 2 in the DGDNT

Hebrews 2 in the DHNT

Hebrews 2 in the DNT

Hebrews 2 in the ELBE

Hebrews 2 in the EMTV

Hebrews 2 in the ESV

Hebrews 2 in the FBV

Hebrews 2 in the FEB

Hebrews 2 in the GGMNT

Hebrews 2 in the GNT

Hebrews 2 in the HARY

Hebrews 2 in the HNT

Hebrews 2 in the IRVA

Hebrews 2 in the IRVB

Hebrews 2 in the IRVG

Hebrews 2 in the IRVH

Hebrews 2 in the IRVK

Hebrews 2 in the IRVM

Hebrews 2 in the IRVM2

Hebrews 2 in the IRVO

Hebrews 2 in the IRVP

Hebrews 2 in the IRVT

Hebrews 2 in the IRVT2

Hebrews 2 in the IRVU

Hebrews 2 in the ISVN

Hebrews 2 in the JSNT

Hebrews 2 in the KAPI

Hebrews 2 in the KBT1ETNIK

Hebrews 2 in the KBV

Hebrews 2 in the KJV

Hebrews 2 in the KNFD

Hebrews 2 in the LBA

Hebrews 2 in the LBLA

Hebrews 2 in the LNT

Hebrews 2 in the LSV

Hebrews 2 in the MAAL

Hebrews 2 in the MBV

Hebrews 2 in the MBV2

Hebrews 2 in the MHNT

Hebrews 2 in the MKNFD

Hebrews 2 in the MNG

Hebrews 2 in the MNT

Hebrews 2 in the MNT2

Hebrews 2 in the MRS1T

Hebrews 2 in the NAA

Hebrews 2 in the NASB

Hebrews 2 in the NBLA

Hebrews 2 in the NBS

Hebrews 2 in the NBVTP

Hebrews 2 in the NET2

Hebrews 2 in the NIV11

Hebrews 2 in the NNT

Hebrews 2 in the NNT2

Hebrews 2 in the NNT3

Hebrews 2 in the PDDPT

Hebrews 2 in the PFNT

Hebrews 2 in the RMNT

Hebrews 2 in the SBIAS

Hebrews 2 in the SBIBS

Hebrews 2 in the SBIBS2

Hebrews 2 in the SBICS

Hebrews 2 in the SBIDS

Hebrews 2 in the SBIGS

Hebrews 2 in the SBIHS

Hebrews 2 in the SBIIS

Hebrews 2 in the SBIIS2

Hebrews 2 in the SBIIS3

Hebrews 2 in the SBIKS

Hebrews 2 in the SBIKS2

Hebrews 2 in the SBIMS

Hebrews 2 in the SBIOS

Hebrews 2 in the SBIPS

Hebrews 2 in the SBISS

Hebrews 2 in the SBITS

Hebrews 2 in the SBITS2

Hebrews 2 in the SBITS3

Hebrews 2 in the SBITS4

Hebrews 2 in the SBIUS

Hebrews 2 in the SBIVS

Hebrews 2 in the SBT

Hebrews 2 in the SBT1E

Hebrews 2 in the SCHL

Hebrews 2 in the SNT

Hebrews 2 in the SUSU

Hebrews 2 in the SUSU2

Hebrews 2 in the SYNO

Hebrews 2 in the TBIAOTANT

Hebrews 2 in the TBT1E

Hebrews 2 in the TBT1E2

Hebrews 2 in the TFTIP

Hebrews 2 in the TFTU

Hebrews 2 in the TGNTATF3T

Hebrews 2 in the THAI

Hebrews 2 in the TNFD

Hebrews 2 in the TNT

Hebrews 2 in the TNTIK

Hebrews 2 in the TNTIL

Hebrews 2 in the TNTIN

Hebrews 2 in the TNTIP

Hebrews 2 in the TNTIZ

Hebrews 2 in the TOMA

Hebrews 2 in the TTENT

Hebrews 2 in the UBG

Hebrews 2 in the UGV

Hebrews 2 in the UGV2

Hebrews 2 in the UGV3

Hebrews 2 in the VBL

Hebrews 2 in the VDCC

Hebrews 2 in the YALU

Hebrews 2 in the YAPE

Hebrews 2 in the YBVTP

Hebrews 2 in the ZBP