John 5 (BEV)

1 Le nu siawo megbe la, Yesu yi Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe dzi. 2 Taa aɖe nɔ dua ƒe agbo si woyɔna be Alẽgbo la gbɔ. Woyɔa taa sia le Hebrigbe me be Betesda Taa. Wowɔ agbadɔ atɔ̃ ƒo xlãe. 3 Lametututɔwo, bunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, titilélawo kple dɔ vovovo lélawo va nɔa agbadɔawo te, le taa la to, henɔa tsia me bublu lalam 4 Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina ɖe tsi la me heblunɛ, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la, ƒe dɔ si lém wònɔ la vɔna nɛ. 5 Ame aɖe hã nɔ teƒea si nɔ dɔ lém ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ. 6 Esi Yesu kpɔe eye wòkpɔe dze sii be ele dɔa lém eteƒe didi la ebiae be, “Èdi be wò lãme nasẽa?” 7 Dɔnɔa ɖo eŋu nɛ be, “Ẽ, gake ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe tsia me nenye be wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme xoxo.” 8 Yesu gblɔ nɛ bena, “Tsi tre, nàŋlɔ wò aba ne nàyi aƒeme!” 9 Dɔnɔa ƒe lãme sẽ enumake ale wòŋlɔ eƒe aba la hede asi zɔzɔ me. Sabat ŋkekea dzie Yesu wɔ nukunu sia le. 10 Le esia ta la Yudatɔwo ƒe dumemegãwo kpɔ dziku ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu woda gbe le be, “Egbee nye Sabat, eya ta mèkpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke o. Mɔɖeɖe hã meli be nalé aba ɖe asi anɔ yiyim o!” 11 Ŋutsua ɖo eŋu na wo be, “Ame si da gbe le ŋunye lae na mɔm.” 12 Wobiae be, “Ame kae nye ame ma si ɖe mɔ na wò be nàwɔ esia?” 13 Amea menya ame si Yesu nye o, evɔ Yesu hã bu ɖe ameha la dome xoxo. 14 Emegbe la Yesu va ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me eye wògblɔ nɛ bena, “Azɔ la, wò lãme sẽ eya ta mègawɔ nu vɔ̃ azɔ o, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò emegbe la, avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.” 15 Ke ŋutsua yi ɖadi Yudatɔwo ƒe amegãwo eye wògblɔ na wo bena Yesue nye ame si da gbe le ye ŋu. 16 Le esia ta la, Yudatɔwo ti Yesu yome vevie be eda le Sabat ƒe sea dzi. 17 Ke Yesu gblɔ na wo bena, “Fofonye le dɔ nyui wɔwɔ dzi ɖaa va se ɖe fifi ale nye hã mele eƒe afɔteƒe tom.” 18 Eƒe nya siawo gade ada mo na Yudatɔwo ƒe nunɔlawo ale wodi kokoko be yewoawui. Hekpe ɖe esia ŋu la, wogblɔ be eyɔ Mawu be eyae nye ye Fofo, ale be wòtsɔ eɖokui sɔ kple Mawu. 19 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, nu si wòwɔna lae nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm. 20 Elabena Fofo la lɔ̃a Via be wòawɔ nukunu gawo wu esi miekpɔ va yi. 21 Via afɔ ame kuku siwo dze eŋgɔ la ɖe tsitre abe ale si Fofo la wɔnɛ ene. 22 Fofo la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ katã gblẽ ɖe Via sime 23 be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋui ene. Gake ne miegbe bena yewomade bubu Mawu Vi si wòɖo ɖe mi la ŋu o la, efia be miele bubu dem Fofo la hã ŋu o. 24 “Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be, ame sia ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ Mawu si ɖom ɖa la dzi se la, akpɔ agbe mavɔ, ale be womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi agbe mavɔ la me xoxo. 25 Megale gbe tem ɖe edzi na mi bena ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eva ɖo gɔ̃ hã xoxo, esime ame kukuwo gɔ̃ hã ase nye gbe, ẽ, woase nye Mawu Vi la ƒe gbe, eye ame siwo awɔ ɖe edzi la akpɔ agbe mavɔ. 26 Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via hã me, 27 ale be Vi la nadrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo katã le woƒe nu vɔ̃wo ta elabena eyae nye Mesia alo Amegbetɔvi la. 28 Megawɔ nuku na mi o. Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi aɖe li gbɔna; esi ame kuku siwo le yɔdowo me hã ase Mawu Vi la ƒe gbe, 29 eye woatsi tre ado go tso yɔdoawo me. Ana ame siwo wɔ nu nyuiwo la nayi agbe mavɔ la me, ke adrɔ̃ ʋɔnu ame vlo siwo kpɔ dzidzɔ le vɔ̃wɔwɔ ŋuti. 30 “Nye la medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke hã o, negbe ne Fofo la di tso asinye ko. Hekpe ɖe esia ŋu la, medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu eye ame ŋkumekpɔkpɔ mele eme o, elabena medrɔ̃a ʋɔnu ɖe Mawu si dɔm ɖa la ƒe didi nu. Nye la nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna. 31 “Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, amewo mexɔnɛ sena o. 32 Ame bubu aɖe li si le ɖase ɖim tso ŋutinye eye menya be eƒe ɖaseɖiɖi tso ŋutinye le eteƒe. 33 “Miawo la miedɔ amewo ɖe Yohanes gbɔ, eye woɖi ɖase ɖo kpe nyateƒe la dzi. 34 Gake mana mianya bena, ɖase detotɔ katã wu si woɖi tso ŋunye metso amegbetɔ aɖeke gbɔ o. Togbɔ be meƒo nu na mi tso Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi ŋuti hã la, ɖe mewɔ esia be miaxɔ dzinye ase ale be miakpɔ ɖeɖe. 35 Yohanes zu kekeli klẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ale be miekpɔ dzidzɔ le kekelia ŋuti elabena, eƒe keklẽ la ɖe vi na mi. 36 Ke nye la, ɖasefo si kɔ wu Yohanes la le asinye. Esiae nye be, mewɔ nukunu geɖe siwo nye dɔ siwo Fofo la tsɔ de asi nam. Woawoe fia be Fofo lae dɔm vavã. 37 Fofo la ŋutɔ ɖi ɖase le ŋunye togbɔ be miekpɔe kpɔ alo meƒo nu na mi kpɔ o hã. 38 Ke, togbɔ be Fofo la le ɖase ɖim na mi hã la, miegbe be yewoamaɖo toe o, elabena, miegbe be yewomaxɔ nye, ame si wòdɔ ɖa kple eƒe agbenya la dzi ase o. 39 “Miedzroa mawunya me tsitotsito elabena miexɔ se bena miekpɔa agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya bliboa katã la, dzinyee wotui ɖo. 40 Gake miegbe gbidii bena yewomava gbɔnye ale be mana agbe mavɔ sia mi o. 41 “Nyemexɔa kafukafu tsɔ amewo gbɔ o. 42 Ke menya mi, eye menyae be Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele mia me o. 43 Menya esia elabena nye la meva le fofonye ƒe ŋkɔ me gake miegbe gbidii be yewomaxɔm o, ke esi ɖokuitɔdilawo va le woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ me la, miexɔ wo alɔ eve. 44 Mewɔ nuku nam bena miegbe bena yewomaxɔ dzinye ase o. Elabena miedea bubu mia nɔewo ŋu kple dzidzɔ gake mietsɔ ɖeke le eme na bubu si Mawu ɖeka hɔ̃ ha de mia ŋu o! 45 “Menye nyee le mia nu tso ge na Fofo la tso nu siawo ŋuti o, ke boŋ Mose ame si ƒe sewo dzi mietsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔwo katã da ɖo bena ele mia kplɔ ge ayi ɖe dziƒoe la, eyae le mia nu tso ge. 46 Miawo la miegbe bena yewomaxɔ Mose dzi ase o, anye ne miexɔ nye hã dzinye se. Elabena Mose ŋlɔ nu tso ŋunye gake miexɔ edzi se o. Le esia ta miexɔ nye hã dzinye se o. 47 Esi miexɔ Mose ƒe ŋɔŋlɔwo dzi se o ta la, miexɔ nye hã dzinye se o.”

In Other Versions

John 5 in the ANGEFD

John 5 in the ANTPNG2D

John 5 in the AS21

John 5 in the BAGH

John 5 in the BBPNG

John 5 in the BBT1E

John 5 in the BDS

John 5 in the BHAD

John 5 in the BIB

John 5 in the BLPT

John 5 in the BNT

John 5 in the BNTABOOT

John 5 in the BNTLV

John 5 in the BOATCB

John 5 in the BOATCB2

John 5 in the BOBCV

John 5 in the BOCNT

John 5 in the BOECS

John 5 in the BOGWICC

John 5 in the BOHCB

John 5 in the BOHCV

John 5 in the BOHLNT

John 5 in the BOHNTLTAL

John 5 in the BOICB

John 5 in the BOILNTAP

John 5 in the BOITCV

John 5 in the BOKCV

John 5 in the BOKCV2

John 5 in the BOKHWOG

John 5 in the BOKSSV

John 5 in the BOLCB

John 5 in the BOLCB2

John 5 in the BOMCV

John 5 in the BONAV

John 5 in the BONCB

John 5 in the BONLT

John 5 in the BONUT2

John 5 in the BOPLNT

John 5 in the BOSCB

John 5 in the BOSNC

John 5 in the BOTLNT

John 5 in the BOVCB

John 5 in the BOYCB

John 5 in the BPBB

John 5 in the BPH

John 5 in the BSB

John 5 in the CCB

John 5 in the CUV

John 5 in the CUVS

John 5 in the DBT

John 5 in the DGDNT

John 5 in the DHNT

John 5 in the DNT

John 5 in the ELBE

John 5 in the EMTV

John 5 in the ESV

John 5 in the FBV

John 5 in the FEB

John 5 in the GGMNT

John 5 in the GNT

John 5 in the HARY

John 5 in the HNT

John 5 in the IRVA

John 5 in the IRVB

John 5 in the IRVG

John 5 in the IRVH

John 5 in the IRVK

John 5 in the IRVM

John 5 in the IRVM2

John 5 in the IRVO

John 5 in the IRVP

John 5 in the IRVT

John 5 in the IRVT2

John 5 in the IRVU

John 5 in the ISVN

John 5 in the JSNT

John 5 in the KAPI

John 5 in the KBT1ETNIK

John 5 in the KBV

John 5 in the KJV

John 5 in the KNFD

John 5 in the LBA

John 5 in the LBLA

John 5 in the LNT

John 5 in the LSV

John 5 in the MAAL

John 5 in the MBV

John 5 in the MBV2

John 5 in the MHNT

John 5 in the MKNFD

John 5 in the MNG

John 5 in the MNT

John 5 in the MNT2

John 5 in the MRS1T

John 5 in the NAA

John 5 in the NASB

John 5 in the NBLA

John 5 in the NBS

John 5 in the NBVTP

John 5 in the NET2

John 5 in the NIV11

John 5 in the NNT

John 5 in the NNT2

John 5 in the NNT3

John 5 in the PDDPT

John 5 in the PFNT

John 5 in the RMNT

John 5 in the SBIAS

John 5 in the SBIBS

John 5 in the SBIBS2

John 5 in the SBICS

John 5 in the SBIDS

John 5 in the SBIGS

John 5 in the SBIHS

John 5 in the SBIIS

John 5 in the SBIIS2

John 5 in the SBIIS3

John 5 in the SBIKS

John 5 in the SBIKS2

John 5 in the SBIMS

John 5 in the SBIOS

John 5 in the SBIPS

John 5 in the SBISS

John 5 in the SBITS

John 5 in the SBITS2

John 5 in the SBITS3

John 5 in the SBITS4

John 5 in the SBIUS

John 5 in the SBIVS

John 5 in the SBT

John 5 in the SBT1E

John 5 in the SCHL

John 5 in the SNT

John 5 in the SUSU

John 5 in the SUSU2

John 5 in the SYNO

John 5 in the TBIAOTANT

John 5 in the TBT1E

John 5 in the TBT1E2

John 5 in the TFTIP

John 5 in the TFTU

John 5 in the TGNTATF3T

John 5 in the THAI

John 5 in the TNFD

John 5 in the TNT

John 5 in the TNTIK

John 5 in the TNTIL

John 5 in the TNTIN

John 5 in the TNTIP

John 5 in the TNTIZ

John 5 in the TOMA

John 5 in the TTENT

John 5 in the UBG

John 5 in the UGV

John 5 in the UGV2

John 5 in the UGV3

John 5 in the VBL

John 5 in the VDCC

John 5 in the YALU

John 5 in the YAPE

John 5 in the YBVTP

John 5 in the ZBP