John 5 (BOECS)

1 Ɣeyiɣi bubu la, Yesu yi Yerusalem le Yudatɔwo ƒe ŋkekenyui aɖe dzi. 2 Ta aɖe le Yerusalem si te ɖe Alẽgbo la ŋu. Woyɔa ta sia le Hebrigbe me be, Betesda Ta. Wowɔ akpata atɔ̃ ƒo xlãe. 3 Nuwɔametɔ geɖewo nɔa ta sia to, ŋkuagbãtɔwo, bunɔwo, lãmetututɔwo, henɔa tsia ƒe bublu lalam. [ 4 Elabena edziedzi la, mawudɔla aɖe ɖina va blua tsi la, eye dɔnɔ si ge ɖe tsia me gbã le ebublu vɔ megbe la kpɔa dɔyɔyɔ.] 5 Ŋutsu aɖe si nɔ dɔ lém la hã nɔ teƒea sia ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi sɔŋ. 6 Esi Yesu kpɔe wòmlɔ afi ma la, egblɔ nɛ be ele dɔ lém eteƒe didi. Ebiae be, “Èdi be wò lãme nasẽa?” 7 Dɔnɔ la ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, meɖe kuku ame aɖeke mele asinye si akɔm ada ɖe ta sia me ne wova blui o. Ne medze agbagba be mage ɖe eme ko la, ame bubu doa ŋgɔ gena ɖe eme.” 8 Yesu gblɔ nɛ be, “Tso! Ŋlɔ wò aba ne nàzɔ azɔli!” 9 Enumake ŋutsu la ƒe lãme sẽ. Eŋlɔ eƒe aba la, eye wòzɔ azɔli. Dzudzɔgbe ŋkeke dzie Yesu wɔ nukunu sia le. 10 Esia ta, Yudatɔwo do dɔmedzoe ɖe eŋu. Wogblɔ na ame si ŋu woda gbe le la be, “Egbee nye Dzudzɔgbe, eya ta se la meɖe mɔ be nàlé wò aba ɖe asi o. Mɔɖeɖe hã meli be nàlé aba ɖe asi anɔ yiyim o!” 11 Ŋutsu la ɖo eŋu na wo be, “Ame si da gbe le ŋunye lae gblɔ nam be makɔ nye aba.” 12 Wobiae be, “Ame kae nye ame si gblɔ na wò be nàkɔ wò aba?” 13 Ŋutsu la menya ame si Yesu nye o, evɔ la, Yesu hã ge ɖe ameha si nɔ afi ma la dome. 14 Emegbe la, Yesu ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, eya ta dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò la avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.” 15 Ŋutsu la dzo, eye wòyi ɖagblɔ na Yudatɔwo be Yesue nye ame si da gbe le ye ŋu. 16 Esi Yesu nɔ gbe dam le amewo ŋu le Dzudzɔgbe dzi ta la, Yudatɔwo ti eyome vevie. 17 Yesu gblɔ na wo be, “Fofonye le eƒe dɔwɔwɔ dzi va se ɖe fifia, eya ta nye hã mele dɔ wɔm.” 18 Esia ta Yudatɔwo gadze agbagba vevie be yewoawui, elabena kpe ɖe Dzudzɔgbe ŋkeke la ƒe sea dzi dada ŋu la, ele Mawu yɔm be ye Fofo hetsɔ eɖokui sɔ kple Mawu. 19 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o; nu si wòwɔna la nye nu si wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm la, elabena nu si Fofo la wɔ la, eyae Via hã wɔna. 20 Elabena Fofo la lɔ̃a Via, eye wòfiaa nu sia nu si wòwɔna lae. Ɛ̃, awɔ nuku na mi be Fofo la afia nu gãwo wu esiawoe. 21 Abe ale si Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la hã ana agbe ame siwo wòdi be yeana la. 22 Gawu la, Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via, 23 be amewo katã nade bubu eŋu abe ale si wodea bubu Fofo la ŋu ene. Ame si mede bubu Vi la ŋu o la, efia be mede bubu Fofo la, ame si dɔe la hã ŋu o. 24 “Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ame si sea nye nyawo, eye wòxɔ ame si dɔm la dzi se la akpɔ agbe mavɔ, eye womadrɔ̃ ʋɔnui o, elabena eto ku me yi ɖe agbe mavɔ la me. 25 Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe. 26 Abe ale si agbe le Fofo la ŋutɔ me ene la, nenema kee wòna be agbe nanɔ Via hã me, 27 eye wòna ŋusẽe be wòadrɔ̃ ʋɔnu, elabena eyae nye Amegbetɔ Vi la. 28 “Esia megawɔ nuku na mi o, elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna, esi ame kuku siwo le woƒe yɔdowo me la ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, 29 eye woado go, ame siwo wɔ nu nyui la woafɔ hena agbe mavɔ la me nɔnɔ, ke adrɔ̃ ʋɔnu nu vɔ̃ɖi wɔlawo. 30 “Nye la, nyemate ŋu awɔ naneke le ɖokuinye si o; medrɔ̃a ʋɔnu abe ale si Fofo la di tso asinye ene. Medrɔ̃a ʋɔnu le dzɔdzɔenyenye nu. Nyemewɔa nye lɔlɔ̃nu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, ke boŋ Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu ko mewɔna. 31 “Ne meɖi ɖase le ɖokuinye ŋu la, nye ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o. 32 Ame bubu aɖe li si ɖia ɖase tso ŋunye, eye menya be eƒe ɖaseɖiɖi tso ŋunye nye nyateƒe. 33 “Miawo la, miedɔ amewo ɖo ɖe Yohanes gbɔ, eye eƒe ɖaseɖiɖi ɖo kpe nyateƒe la dzi. 34 Nyemexɔa amegbetɔ ƒe ɖaseɖiɖi o, gake megblɔe ko be miakpɔ ɖeɖe. 35 Yohanes zu kekeli si klẽ na mi ɣeyiɣi aɖe, eye miekpɔ dzidzɔ le eƒe kekeli la ŋuti. 36 “Nye la, ɖaseɖiɖi si kɔ wu Yohanes la le asinye. Elabena dɔ si Fofo la de asi nam be mawɔ, awu enu, eye mele wo wɔm la nye ɖaseɖiɖi be Fofo lae dɔm vavã. 37 Eye Fofo la, ame si dɔm la ŋutɔ ɖi ɖase tso ŋunye. Miese eƒe gbe kpɔ alo kpɔe kpɔ o. 38 Eƒe nya la mele mia me o, elabena miexɔ ame si wòdɔ ɖo ɖa la dzi se o. 39 Miedzroa mawunya la me tsitotsito, elabena miexɔ se be miakpɔ agbe mavɔ le eme. Evɔ mawunya siae ɖi ɖase le ŋutinye, 40 gake miegbe be yewomava gbɔnye, ale be mana agbe mavɔ mi o. 41 “Nyemexɔa kafukafu tso amewo gbɔ o, 42 gake menya mi, eye menya be Mawu ƒe lɔlɔ̃ mele miaƒe dziwo me o. 43 Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me, eye miexɔm o; gake ne ame aɖe va le eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ me la, miaxɔe. 44 Aleke miawɔ axɔ se ne miexɔ kafukafu tso mia nɔewo gbɔ, gake miedzea agbagba be yewoaxɔ kafukafu tso Mawu ɖeka hɔ̃ɔ la gbɔ o? 45 “Migasusu be matso mia nu na Fofo la o, ke boŋ Mose, ame si dzi mietsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔwo da ɖo lae le mia nu tso ge. 46 Ne miexɔ Mose dzi se la, miaxɔ nye hã dzinye ase, elabena Mose ŋlɔ nu tso ŋunye. 47 Gake esi miexɔ Mose ƒe nya siwo wòŋlɔ dzi se o ɖe, aleke miawɔ axɔ nye nyawo dzi ase.”

In Other Versions

John 5 in the ANGEFD

John 5 in the ANTPNG2D

John 5 in the AS21

John 5 in the BAGH

John 5 in the BBPNG

John 5 in the BBT1E

John 5 in the BDS

John 5 in the BEV

John 5 in the BHAD

John 5 in the BIB

John 5 in the BLPT

John 5 in the BNT

John 5 in the BNTABOOT

John 5 in the BNTLV

John 5 in the BOATCB

John 5 in the BOATCB2

John 5 in the BOBCV

John 5 in the BOCNT

John 5 in the BOGWICC

John 5 in the BOHCB

John 5 in the BOHCV

John 5 in the BOHLNT

John 5 in the BOHNTLTAL

John 5 in the BOICB

John 5 in the BOILNTAP

John 5 in the BOITCV

John 5 in the BOKCV

John 5 in the BOKCV2

John 5 in the BOKHWOG

John 5 in the BOKSSV

John 5 in the BOLCB

John 5 in the BOLCB2

John 5 in the BOMCV

John 5 in the BONAV

John 5 in the BONCB

John 5 in the BONLT

John 5 in the BONUT2

John 5 in the BOPLNT

John 5 in the BOSCB

John 5 in the BOSNC

John 5 in the BOTLNT

John 5 in the BOVCB

John 5 in the BOYCB

John 5 in the BPBB

John 5 in the BPH

John 5 in the BSB

John 5 in the CCB

John 5 in the CUV

John 5 in the CUVS

John 5 in the DBT

John 5 in the DGDNT

John 5 in the DHNT

John 5 in the DNT

John 5 in the ELBE

John 5 in the EMTV

John 5 in the ESV

John 5 in the FBV

John 5 in the FEB

John 5 in the GGMNT

John 5 in the GNT

John 5 in the HARY

John 5 in the HNT

John 5 in the IRVA

John 5 in the IRVB

John 5 in the IRVG

John 5 in the IRVH

John 5 in the IRVK

John 5 in the IRVM

John 5 in the IRVM2

John 5 in the IRVO

John 5 in the IRVP

John 5 in the IRVT

John 5 in the IRVT2

John 5 in the IRVU

John 5 in the ISVN

John 5 in the JSNT

John 5 in the KAPI

John 5 in the KBT1ETNIK

John 5 in the KBV

John 5 in the KJV

John 5 in the KNFD

John 5 in the LBA

John 5 in the LBLA

John 5 in the LNT

John 5 in the LSV

John 5 in the MAAL

John 5 in the MBV

John 5 in the MBV2

John 5 in the MHNT

John 5 in the MKNFD

John 5 in the MNG

John 5 in the MNT

John 5 in the MNT2

John 5 in the MRS1T

John 5 in the NAA

John 5 in the NASB

John 5 in the NBLA

John 5 in the NBS

John 5 in the NBVTP

John 5 in the NET2

John 5 in the NIV11

John 5 in the NNT

John 5 in the NNT2

John 5 in the NNT3

John 5 in the PDDPT

John 5 in the PFNT

John 5 in the RMNT

John 5 in the SBIAS

John 5 in the SBIBS

John 5 in the SBIBS2

John 5 in the SBICS

John 5 in the SBIDS

John 5 in the SBIGS

John 5 in the SBIHS

John 5 in the SBIIS

John 5 in the SBIIS2

John 5 in the SBIIS3

John 5 in the SBIKS

John 5 in the SBIKS2

John 5 in the SBIMS

John 5 in the SBIOS

John 5 in the SBIPS

John 5 in the SBISS

John 5 in the SBITS

John 5 in the SBITS2

John 5 in the SBITS3

John 5 in the SBITS4

John 5 in the SBIUS

John 5 in the SBIVS

John 5 in the SBT

John 5 in the SBT1E

John 5 in the SCHL

John 5 in the SNT

John 5 in the SUSU

John 5 in the SUSU2

John 5 in the SYNO

John 5 in the TBIAOTANT

John 5 in the TBT1E

John 5 in the TBT1E2

John 5 in the TFTIP

John 5 in the TFTU

John 5 in the TGNTATF3T

John 5 in the THAI

John 5 in the TNFD

John 5 in the TNT

John 5 in the TNTIK

John 5 in the TNTIL

John 5 in the TNTIN

John 5 in the TNTIP

John 5 in the TNTIZ

John 5 in the TOMA

John 5 in the TTENT

John 5 in the UBG

John 5 in the UGV

John 5 in the UGV2

John 5 in the UGV3

John 5 in the VBL

John 5 in the VDCC

John 5 in the YALU

John 5 in the YAPE

John 5 in the YBVTP

John 5 in the ZBP