Luke 7 (BEV)

1 Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la etrɔ yi Kapernaum dua me. 2 Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu lena o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu. 3 Aʋafia la se Yesu ŋkɔ eya ta edɔ Yudatɔ ame ŋkuta aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye. 4 Ameawo yi Yesu gbɔ heɖe kuku nɛ vevie be wòava kpe ɖe aʋafia la ŋu. Wona wònya be aʋafia sia nye ame nyui aɖe ŋutɔ. 5 Wogblɔ na Yesu be, “Nenye be wòhiã be nàkpe ɖe ame aɖe ŋu la, ŋutsu sia ŋue wòle be nàkpe ɖo, elabena elɔ̃a mi Yudatɔwo ale gbegbe be eya ŋutɔ tsɔ eƒe ga tsɔ tu ƒuƒoƒe na mí.” 6 Yesu tso kpla kplɔ woɖo. Gake hafi wòaɖo aƒea me la, aʋafia la dɔ exɔlɔ̃ aɖewo ɖa be woagblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, mègaɖe fu na ɖokuiwò be nàva nye aƒe me o, elabena nye medze na bubu sia tɔgbi o. 7 Eye nye medze be mava kpe wò ŋutɔ gɔ̃ hã o. Gblɔ nya si wòle be nàgblɔ la ɖo ɖa tso afi si nèle ekema nye dɔla ƒe lãme asẽ. 8 Elabena nye ŋutɔ hã ame aɖe tee mele eye amewo hã le tenye, meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘miyi afii’ eye woyina, ‘miva afii’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be ‘wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.” 9 Nya siwo wɔ nuku na Yesu ŋutɔ. Etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Nyateƒe, le Israel katã la nyemekpɔ ame aɖeke si si xɔse le abe ame sia tɔ ene kpɔ o.” 10 Esi aʋafia la xɔlɔ̃wo yi aƒeme la, wokpɔ dɔla si nɔ lém la wòhaya eye eƒe lãme sẽ abe tsã ene. 11 Le esia megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi du aɖe si woyɔna be Nain la me, eye abe ale si wònɔna ɖaa ene la, ameha gã aɖe gakplɔe ɖo henɔ eŋu kplikplikpli. 12 Esi wòsusɔ vie woaɖo dua ƒe agbo nu la, wokpɔ ame aɖewo woyina ameɖiƒe. Ɖekakpui si ku woyina ɖiɖi ge la enye vi ɖeka hɔ̃ si nɔ dadaa si nye ahosi la si. Esia wɔe be ame geɖewo ŋutɔ kplɔ ahosia ɖo henɔ konyi fam kplii. 13 Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ eya ta egblɔ nɛ be, “Mègafa avi o!” 14 Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu eye wotɔ asii enumake ame siwo tsɔ aɖaka la tɔ ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na amekukua be, “Ɖekakpui, Tsi tre.” 15 Enumake ɖekakpui la fɔ henɔ alinu eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo nɔ egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa. 16 Vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo eye wodo ɣli kafu Mawu gblɔ be, “Nyagblɔɖila gã aɖe le mia dome vavã. Míekpɔ Mawu ŋutɔ ƒe asi wòwɔ dɔ le egbe ŋkeke sia dzi.” 17 Nukunu si Yesu wɔ gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa kata kple nuto siwo ƒo xlã Yudea la me. 18 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nu siwo katã wɔm Yesu nɔ eye woyi ɖagblɔe na Yohanes. 19 Ale Yohanes dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe Yesu gbɔ be woabiae be, “Wòe nye Mesia la vavã loo alo míganɔ mɔ kpɔm na ame bubua?” 20 Esi nusrɔ̃la eveawo va egbɔ la, wogblɔ nɛ be, “Yohanes, Mawutsidetanamelae dɔ mi ɖo ɖe gbɔwò be miabia wo be, ‘Wòe nye ame si gbɔna loo, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubu aɖea?’ ” 21 Le gaƒoƒo ma tutu dzi la eda gbe le dɔléla geɖewo kple fukpelawo kpakple ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ŋu, eye wòʋu ŋku na ŋkuagbãtɔ geɖewo. 22 Eya ta eɖo ŋu na amedɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes bena, Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo. 23 Migblɔ kpe ɖe eŋu nɛ be, ‘Ame siwo xɔ dzinye se la, woayra wo.’ ” 24 Le amedɔdɔwo ƒe dzodzo vɔ megbe la, Yesu ƒo nu na ameha la le Yohanes ŋuti. Ebia wo be, “Ame kae nye ame si mieyi ɖakpɔ le Yuda gbegbe? Ɖe miekpɔe abe ame aɖe si yaƒoƒo vitɔ kekeake hã ʋuʋuna sesĩe. 25 Ne menye nenema o la, ekema nu kae mieyi ɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoe? Ao, ame siwo doa awu xɔasiwo eye wonɔa agbe kɔkɔ la, fiasãwo mee wokpɔ wo lena. 26 Ekema ame ka ƒomevi tutue mieyi be yewoakpɔ? Nyagblɔɖilaa? Vavã miekpɔe! Le nyateƒe me la, ame si miekpɔ la wu nyagblɔɖila gɔ̃ hã. 27 Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, ‘Mikpɔ ɖa! Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò, ata mɔ le ŋgɔwò.’ 28 Ame aɖeke mede ŋgɔ wu Yohanes le amegbetɔwo dome o, gake ame si nye sue tɔ wu le mawufiaɖuƒea me la de ŋgɔ wui.” 29 Ame siwo katã se Yohanes ƒe mawunyagbɔgblɔ kpɔ dometɔ aɖewo siwo nye ame baɖawo kekeake la kpɔ ŋudzedze le Mawu ƒe ɖoɖowo ŋu eye wona Yohanes de mawutsi ta na wo. 30 Farisitɔwo kple agbalẽfialawo koe gbe be yewomaxɔ ɖoɖo si Mawu wɔ na yewo la o. Ale wogbe be Yohanes made mawutsi ta na yewo o. 31 Azɔ Yesu bia wo be, “ale ke magblɔ tso dzidzime sia tɔgbi ŋu? Nu ka ŋu matsɔ wo asɔ ɖo? 32 Wole abe ɖevi siwo ƒo ƒu ɖe asime nɔ fefem la ene. Ame siwo gblɔ na wo nɔewo be, ‘Míeku dzidzɔha na mi ke mieɖu ɣe o eye míedzi konyifahawo na mi ke miefa avi hã o.’ 33 Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, ‘Ame sia dze aɖaʋa.’ 34 Amegbetɔvi la va eɖua nu eye wonoa nu, ke miegblɔ bena, ‘Ame sia la nutsuɖula kple ahatsunolae eye wonye nudzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.’ 35 Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ.” 36 Eva me be Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi wonɔ kplɔ̃a ŋu la 37 nyɔnu gbolowɔla aɖe si se be Yesu nɔ afi ma la yi ɖatsɔ ami ʋeʋẽ xɔasi aɖe ɖe asi. 38 Ege ɖe aƒea me eye wòyi ɖadze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo dzi va se ɖe esime afɔawo ƒo tsi nyuie. Eya megbe la, etsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Azɔ egbugbɔ afɔawo eye wòʋu nu le ame ʋeʋẽ la nu hesi na wo. 39 Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye.” 40 Yesu nya nu si bum Farisitɔ la nɔ eya ta eyɔe be, “Simɔn, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Simɔn gblɔ nɛ be, “Enyo, Nufiala, gblɔe mase.” 41 Yesu gblɔ ŋutinya sia nɛ be, “Ŋutsu aɖe do ga sidi akpe ewo na ame aɖe eye wòdo sidi akpe ɖeka na ame bubu. 42 Wo dometɔ aɖeke mete ŋu xe fea o, ale wòtsɔ ga la ke wo ame evea. Ame kae nèbu be alɔ̃ gadola sia ƒe nya gbɔ wu?” 43 Simɔn ɖo eŋu be, “Mebu be ame si wòtsɔ ga home gãtɔ kee lae alɔ̃e wu.” Yesu gblɔ nɛ be, “Pɛ èɖo nyaa ŋu nyuie ŋutɔ.” 44 Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnua ŋu eye wògblɔ na Simɔn be, “Ekpɔ nyɔnu si dze klo ɖe afi sia? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe. 45 Le mía de kɔnu nu la, ne míebe míado gbe na ame aɖe la, míegbugbɔa nu nɛ. Wò la, mèwɔe nam o, gakae nyɔnu sia gbugbɔ nye afɔwo zi geɖe tso esi meva afi sia. 46 Enye nudzeame be nàna amim masi ɖe ta gake mènam o, ke eya tsɔ ami xɔasi sia si ɖe nye afɔwo. 47 Le esia ta la, see be, wotsɔ eƒe nu vɔ̃ geɖe siwo wòwɔ la kee, elabena elɔ̃m ŋutɔ ke ame si wòtsɔ nu vɔ̃ ʋee aɖe ko kee la, ɖea lɔlɔ̃ ʋee aɖe ko fiana.” 48 Yesu gblɔ na nyɔnua azɔ be, “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.” 49 Ame siwo nɔ klpɔ̃a ŋu kplii la gblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevie ame sia buna be yenye ale be wòle yiyim le amewo ƒe nu vɔ̃wo tsɔm le wo kem?” 50 Yesu gagblɔ na nyɔnua be, “Wò xɔse ɖe wò, heyi le ŋutifafa me.”

In Other Versions

Luke 7 in the ANGEFD

Luke 7 in the ANTPNG2D

Luke 7 in the AS21

Luke 7 in the BAGH

Luke 7 in the BBPNG

Luke 7 in the BBT1E

Luke 7 in the BDS

Luke 7 in the BHAD

Luke 7 in the BIB

Luke 7 in the BLPT

Luke 7 in the BNT

Luke 7 in the BNTABOOT

Luke 7 in the BNTLV

Luke 7 in the BOATCB

Luke 7 in the BOATCB2

Luke 7 in the BOBCV

Luke 7 in the BOCNT

Luke 7 in the BOECS

Luke 7 in the BOGWICC

Luke 7 in the BOHCB

Luke 7 in the BOHCV

Luke 7 in the BOHLNT

Luke 7 in the BOHNTLTAL

Luke 7 in the BOICB

Luke 7 in the BOILNTAP

Luke 7 in the BOITCV

Luke 7 in the BOKCV

Luke 7 in the BOKCV2

Luke 7 in the BOKHWOG

Luke 7 in the BOKSSV

Luke 7 in the BOLCB

Luke 7 in the BOLCB2

Luke 7 in the BOMCV

Luke 7 in the BONAV

Luke 7 in the BONCB

Luke 7 in the BONLT

Luke 7 in the BONUT2

Luke 7 in the BOPLNT

Luke 7 in the BOSCB

Luke 7 in the BOSNC

Luke 7 in the BOTLNT

Luke 7 in the BOVCB

Luke 7 in the BOYCB

Luke 7 in the BPBB

Luke 7 in the BPH

Luke 7 in the BSB

Luke 7 in the CCB

Luke 7 in the CUV

Luke 7 in the CUVS

Luke 7 in the DBT

Luke 7 in the DGDNT

Luke 7 in the DHNT

Luke 7 in the DNT

Luke 7 in the ELBE

Luke 7 in the EMTV

Luke 7 in the ESV

Luke 7 in the FBV

Luke 7 in the FEB

Luke 7 in the GGMNT

Luke 7 in the GNT

Luke 7 in the HARY

Luke 7 in the HNT

Luke 7 in the IRVA

Luke 7 in the IRVB

Luke 7 in the IRVG

Luke 7 in the IRVH

Luke 7 in the IRVK

Luke 7 in the IRVM

Luke 7 in the IRVM2

Luke 7 in the IRVO

Luke 7 in the IRVP

Luke 7 in the IRVT

Luke 7 in the IRVT2

Luke 7 in the IRVU

Luke 7 in the ISVN

Luke 7 in the JSNT

Luke 7 in the KAPI

Luke 7 in the KBT1ETNIK

Luke 7 in the KBV

Luke 7 in the KJV

Luke 7 in the KNFD

Luke 7 in the LBA

Luke 7 in the LBLA

Luke 7 in the LNT

Luke 7 in the LSV

Luke 7 in the MAAL

Luke 7 in the MBV

Luke 7 in the MBV2

Luke 7 in the MHNT

Luke 7 in the MKNFD

Luke 7 in the MNG

Luke 7 in the MNT

Luke 7 in the MNT2

Luke 7 in the MRS1T

Luke 7 in the NAA

Luke 7 in the NASB

Luke 7 in the NBLA

Luke 7 in the NBS

Luke 7 in the NBVTP

Luke 7 in the NET2

Luke 7 in the NIV11

Luke 7 in the NNT

Luke 7 in the NNT2

Luke 7 in the NNT3

Luke 7 in the PDDPT

Luke 7 in the PFNT

Luke 7 in the RMNT

Luke 7 in the SBIAS

Luke 7 in the SBIBS

Luke 7 in the SBIBS2

Luke 7 in the SBICS

Luke 7 in the SBIDS

Luke 7 in the SBIGS

Luke 7 in the SBIHS

Luke 7 in the SBIIS

Luke 7 in the SBIIS2

Luke 7 in the SBIIS3

Luke 7 in the SBIKS

Luke 7 in the SBIKS2

Luke 7 in the SBIMS

Luke 7 in the SBIOS

Luke 7 in the SBIPS

Luke 7 in the SBISS

Luke 7 in the SBITS

Luke 7 in the SBITS2

Luke 7 in the SBITS3

Luke 7 in the SBITS4

Luke 7 in the SBIUS

Luke 7 in the SBIVS

Luke 7 in the SBT

Luke 7 in the SBT1E

Luke 7 in the SCHL

Luke 7 in the SNT

Luke 7 in the SUSU

Luke 7 in the SUSU2

Luke 7 in the SYNO

Luke 7 in the TBIAOTANT

Luke 7 in the TBT1E

Luke 7 in the TBT1E2

Luke 7 in the TFTIP

Luke 7 in the TFTU

Luke 7 in the TGNTATF3T

Luke 7 in the THAI

Luke 7 in the TNFD

Luke 7 in the TNT

Luke 7 in the TNTIK

Luke 7 in the TNTIL

Luke 7 in the TNTIN

Luke 7 in the TNTIP

Luke 7 in the TNTIZ

Luke 7 in the TOMA

Luke 7 in the TTENT

Luke 7 in the UBG

Luke 7 in the UGV

Luke 7 in the UGV2

Luke 7 in the UGV3

Luke 7 in the VBL

Luke 7 in the VDCC

Luke 7 in the YALU

Luke 7 in the YAPE

Luke 7 in the YBVTP

Luke 7 in the ZBP