Matthew 17 (BEV)

1 Le ŋkeke ade megbe la Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie. 2 Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eƒe awu fu tititi abe kekeli ene. 3 Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ eye wonɔ dze ɖom kplii. 4 Petro gblɔ na Yesu bena, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.” 5 Esi wònɔ nya sia gblɔm la alilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi eye gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo to eya amea.” 6 Esi gbea nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo eye wotsyɔ mo anyi nɔ dzodzom nyanyanya. 7 Ke Yesu va wo gbɔ eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo bena, “Mitsi tre eye migavɔ̃ o.” 8 Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ. 9 Le esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi. 10 Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka tae Yudatɔwo ƒe Osɔfowo nɔa gbɔgblɔm godoo be ale be Eliya nagava hafi Mesia la nava?” 11 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Mesia la nava. 12 Eye le nyateƒe me la, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dzesii o, eya ta ame geɖewo wɔ funyafunyae. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fue le woƒe asi me.” 13 Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le. 14 Esi wova ɖo toa te la wokpɔ ameha gã aɖe wonɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu kɔme gblɔ bena, 15 “Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia, ele kpeŋɔedɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe, ne kpeŋɔedɔa dze edzi ɣeaɖewoɣi la, enana be wodzea dzo alo tsi me. 16 Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo gake womete ŋu da gbe le eŋu o.” 17 Yesu ɖo eŋu gblɔ bena, “O! mi xɔse ʋee kple dzime sesẽ tɔwo. Ɣekaɣie manɔ anyi kpli mi ase ɖo? Mikplɔ ɖevi la vɛ nam!” 18 Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta eye wòdo go le ɖevia me ale be eƒe lãme se enumake. 19 Le esia megbe la nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa bena, “Nu ka tae míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe o?” 20 Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Elabena xɔse ʋee aɖe koe le mia si. Ne miaƒe xɔse ɖe wòle abe bliku teti ene la anye ne miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho tso afi sia’ eye wòaho ayi teƒe bubu. Nanekewɔwɔ masesẽ na mi o. 21 Ke miate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ƒomevi o negbe ɖe miado gbe ɖa, atsi nu dɔ ko hafi.” 22 Esi wogaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo bena, “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo, 23 woawui, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la woafɔe ɖe tsitre.” Esia na nusrɔ̃lawo yɔ fũu kple nuxaxa. 24 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaun la, gbedoxɔmenudzɔlawo, ame siwo xɔa dratsima eve le ame sia ame si la va Petro gbɔ eye wobiae bena, “Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔme adzɔga oa?” 25 Eɖo eŋu na wo bena, “Ẽ, enanɛ,” Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simon, ale ke nèsusu? Ame kawo sie anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo, alo le ame bubuwo si?” 26 26-27 Petro ɖo eŋu nɛ bena, “Le ame bubuwo si.” Yesu yi edzi gblɔ nɛ bena, “Ekema mehiã be dukɔme viwo naxe adzɔga o.”

In Other Versions

Matthew 17 in the ANGEFD

Matthew 17 in the ANTPNG2D

Matthew 17 in the AS21

Matthew 17 in the BAGH

Matthew 17 in the BBPNG

Matthew 17 in the BBT1E

Matthew 17 in the BDS

Matthew 17 in the BHAD

Matthew 17 in the BIB

Matthew 17 in the BLPT

Matthew 17 in the BNT

Matthew 17 in the BNTABOOT

Matthew 17 in the BNTLV

Matthew 17 in the BOATCB

Matthew 17 in the BOATCB2

Matthew 17 in the BOBCV

Matthew 17 in the BOCNT

Matthew 17 in the BOECS

Matthew 17 in the BOGWICC

Matthew 17 in the BOHCB

Matthew 17 in the BOHCV

Matthew 17 in the BOHLNT

Matthew 17 in the BOHNTLTAL

Matthew 17 in the BOICB

Matthew 17 in the BOILNTAP

Matthew 17 in the BOITCV

Matthew 17 in the BOKCV

Matthew 17 in the BOKCV2

Matthew 17 in the BOKHWOG

Matthew 17 in the BOKSSV

Matthew 17 in the BOLCB

Matthew 17 in the BOLCB2

Matthew 17 in the BOMCV

Matthew 17 in the BONAV

Matthew 17 in the BONCB

Matthew 17 in the BONLT

Matthew 17 in the BONUT2

Matthew 17 in the BOPLNT

Matthew 17 in the BOSCB

Matthew 17 in the BOSNC

Matthew 17 in the BOTLNT

Matthew 17 in the BOVCB

Matthew 17 in the BOYCB

Matthew 17 in the BPBB

Matthew 17 in the BPH

Matthew 17 in the BSB

Matthew 17 in the CCB

Matthew 17 in the CUV

Matthew 17 in the CUVS

Matthew 17 in the DBT

Matthew 17 in the DGDNT

Matthew 17 in the DHNT

Matthew 17 in the DNT

Matthew 17 in the ELBE

Matthew 17 in the EMTV

Matthew 17 in the ESV

Matthew 17 in the FBV

Matthew 17 in the FEB

Matthew 17 in the GGMNT

Matthew 17 in the GNT

Matthew 17 in the HARY

Matthew 17 in the HNT

Matthew 17 in the IRVA

Matthew 17 in the IRVB

Matthew 17 in the IRVG

Matthew 17 in the IRVH

Matthew 17 in the IRVK

Matthew 17 in the IRVM

Matthew 17 in the IRVM2

Matthew 17 in the IRVO

Matthew 17 in the IRVP

Matthew 17 in the IRVT

Matthew 17 in the IRVT2

Matthew 17 in the IRVU

Matthew 17 in the ISVN

Matthew 17 in the JSNT

Matthew 17 in the KAPI

Matthew 17 in the KBT1ETNIK

Matthew 17 in the KBV

Matthew 17 in the KJV

Matthew 17 in the KNFD

Matthew 17 in the LBA

Matthew 17 in the LBLA

Matthew 17 in the LNT

Matthew 17 in the LSV

Matthew 17 in the MAAL

Matthew 17 in the MBV

Matthew 17 in the MBV2

Matthew 17 in the MHNT

Matthew 17 in the MKNFD

Matthew 17 in the MNG

Matthew 17 in the MNT

Matthew 17 in the MNT2

Matthew 17 in the MRS1T

Matthew 17 in the NAA

Matthew 17 in the NASB

Matthew 17 in the NBLA

Matthew 17 in the NBS

Matthew 17 in the NBVTP

Matthew 17 in the NET2

Matthew 17 in the NIV11

Matthew 17 in the NNT

Matthew 17 in the NNT2

Matthew 17 in the NNT3

Matthew 17 in the PDDPT

Matthew 17 in the PFNT

Matthew 17 in the RMNT

Matthew 17 in the SBIAS

Matthew 17 in the SBIBS

Matthew 17 in the SBIBS2

Matthew 17 in the SBICS

Matthew 17 in the SBIDS

Matthew 17 in the SBIGS

Matthew 17 in the SBIHS

Matthew 17 in the SBIIS

Matthew 17 in the SBIIS2

Matthew 17 in the SBIIS3

Matthew 17 in the SBIKS

Matthew 17 in the SBIKS2

Matthew 17 in the SBIMS

Matthew 17 in the SBIOS

Matthew 17 in the SBIPS

Matthew 17 in the SBISS

Matthew 17 in the SBITS

Matthew 17 in the SBITS2

Matthew 17 in the SBITS3

Matthew 17 in the SBITS4

Matthew 17 in the SBIUS

Matthew 17 in the SBIVS

Matthew 17 in the SBT

Matthew 17 in the SBT1E

Matthew 17 in the SCHL

Matthew 17 in the SNT

Matthew 17 in the SUSU

Matthew 17 in the SUSU2

Matthew 17 in the SYNO

Matthew 17 in the TBIAOTANT

Matthew 17 in the TBT1E

Matthew 17 in the TBT1E2

Matthew 17 in the TFTIP

Matthew 17 in the TFTU

Matthew 17 in the TGNTATF3T

Matthew 17 in the THAI

Matthew 17 in the TNFD

Matthew 17 in the TNT

Matthew 17 in the TNTIK

Matthew 17 in the TNTIL

Matthew 17 in the TNTIN

Matthew 17 in the TNTIP

Matthew 17 in the TNTIZ

Matthew 17 in the TOMA

Matthew 17 in the TTENT

Matthew 17 in the UBG

Matthew 17 in the UGV

Matthew 17 in the UGV2

Matthew 17 in the UGV3

Matthew 17 in the VBL

Matthew 17 in the VDCC

Matthew 17 in the YALU

Matthew 17 in the YAPE

Matthew 17 in the YBVTP

Matthew 17 in the ZBP