Matthew 17 (BOECS)
1 Le ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo kple nɔvia Yohanes ɖe asi woyi to kɔkɔ aɖe dzi. Teƒe sia zi ɖoɖoe nyuie. 2 Le toa dzi la, Yesu ƒe dzedzeme trɔ enumake. Eƒe mo de asi keklẽ me abe ɣe ene, eye eƒe awu fu tititi abe kekeli ene. 3 Kasia Mose kple Eliya va do ɖe egbɔ, eye wonɔ dze ɖom kplii. 4 Petro gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, enyo ŋutɔ be míele afi sia! Ne èlɔ̃ la, na míawɔ agbadɔ etɔ̃, ɖeka nanye tɔwò, ɖeka nanye Mose tɔ, ɖeka nanye Eliya hã tɔ.” 5 Esi wònɔ nya sia gblɔm la, lilikpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si dzea ŋunye. Miɖo toe.” 6 Esi gbe la nɔ ɖiɖim alea la, dzidzi ƒo nusrɔ̃la etɔ̃awo, eye wotsyɔ mo anyi kple vɔvɔ̃. 7 Ke Yesu va wo gbɔ, eye wòka asi wo ŋu gblɔ na wo be, “Mitsi tsitre, eye migavɔ̃ o.” 8 Esi wofɔ mo dzi la, Yesu ɖeka ko wokpɔ. 9 Esime wonɔ ɖiɖim tso toa dzi la, Yesu de se na wo vevie be womegagblɔ nu si teƒe wokpɔ la na ame aɖeke o, va se ɖe esime yeafɔ tso ame kukuwo dome hafi. 10 Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka ta agbalẽfialawo nɔa gbɔgblɔm godoo be ele be Eliya nagava hafi Kristo la nava ɖo?” 11 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ele eme nenema. Ele be Eliya nava, aɖɔ nu sia nu ɖo hafi Kristo la nava. 12 Ke mele egblɔm na mi be, Eliya gatrɔ va xoxo, gake amewo mekpɔe dze sii o, eya ta wowɔ nu sia nu si wodi be yewoawɔe la. Nenema ke Amegbetɔ Vi la hã akpe fu le woƒe asimee.” 13 Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be Yohanes Mawutsitanamela ŋutie Yesu nɔ nu ƒom le. 14 Esi wova ɖo toa te la, wokpɔ ameha gã aɖe nɔ afi ma nɔ wo lalam. Enumake ŋutsu aɖe do tso ameha la dome va dze klo ɖe Yesu ƒe akɔme gblɔ be, 15 “Aƒetɔ, kpɔ nublanui na vinye ŋutsuvi sia; ele kpeŋuidɔ lém, eye wòle fu kpem nublanuitɔe. Ne kpeŋuidɔ la dze edzi ɣe aɖewo ɣi la, enana be wòdzea dzo alo tsi me. 16 Mekplɔe vɛ na wò nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o.” 17 Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “O! Mi dzidzime kpaɖikpaɖi, dzimaxɔsetɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi hafi miaxɔ dzinye ase? Aleke gbegbe magbɔ dzi ɖi na mi? Mikplɔ ɖevi la va afi sia nam.” 18 Yesu blu ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ la ta, eye wòdo go le ɖevi la me ale be eƒe lãme sẽ enumake. 19 Esia megbe la, nusrɔ̃lawo va bia Yesu dzaa be, “Nu ka ta míawo míete ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃ la do goe o mahã?” 20 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Elabena xɔse ʋɛ aɖe koe le mia si. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ne miaƒe xɔse le sue abe logoku ene hã la, miate ŋu agblɔ na to sia be, ‘Ho le teƒe sia’, eye wòaho. Naneke wɔwɔ masesẽ na mi o. [ 21 Ke miate ŋu anya gbɔgbɔ vɔ̃ siawo ƒomevi o, negbe ɖe miedo gbe ɖa hetsi nu dɔ hafi.]” 22 Esi wogaƒo wo ɖokuiwo nu ƒu le Galilea la, Yesu gblɔ na wo be, “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo, 23 woawui, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, woafɔe ɖe tsitre.” Esia na nusrɔ̃lawo yɔ fũu kple nuxaxa. 24 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo Kapernaum la, gbedoxɔmenudzɔlawo va Petro gbɔ, eye wobiae be, “Miaƒe Aƒetɔ menaa gbedoxɔmega oa?” 25 Eɖo eŋu na wo be, “Ɛ̃, enanɛ.”Ke esi Petro va ɖo aƒea me la, Yesue nye ame gbãtɔ si ƒo nu. Ebia Petro be, “Simɔn, aleke nèsusu? Ame kawo si anyigbadzifiawo xɔa adzɔga kple duga le, le dukɔmeviwo si loo alo le ame bubuwo si?” 26 Petro ɖo eŋu nɛ be, “Le ame bubuwo si.”Yesu yi edzi gblɔ nɛ be, “Ekema mehiã be dukɔmeviwo naxe adzɔga o.” 27 Gake be míagadze agɔ le wo dzi o ta la, yi ɖe ƒuta, eye nàda ƒu. Lã gbãtɔ si nàɖe la, ke eƒe nu me; àkpɔ ga home aɖe si ade nye kple wò ƒe gadzɔdzɔ la nu. Tsɔe ɖaxe nye kple wò ƒe mawuxɔmenudzɔdzɔ lae.
In Other Versions
Matthew 17 in the ANGEFD
Matthew 17 in the ANTPNG2D
Matthew 17 in the AS21
Matthew 17 in the BAGH
Matthew 17 in the BBPNG
Matthew 17 in the BBT1E
Matthew 17 in the BDS
Matthew 17 in the BEV
Matthew 17 in the BHAD
Matthew 17 in the BIB
Matthew 17 in the BLPT
Matthew 17 in the BNT
Matthew 17 in the BNTABOOT
Matthew 17 in the BNTLV
Matthew 17 in the BOATCB
Matthew 17 in the BOATCB2
Matthew 17 in the BOBCV
Matthew 17 in the BOCNT
Matthew 17 in the BOGWICC
Matthew 17 in the BOHCB
Matthew 17 in the BOHCV
Matthew 17 in the BOHLNT
Matthew 17 in the BOHNTLTAL
Matthew 17 in the BOICB
Matthew 17 in the BOILNTAP
Matthew 17 in the BOITCV
Matthew 17 in the BOKCV
Matthew 17 in the BOKCV2
Matthew 17 in the BOKHWOG
Matthew 17 in the BOKSSV
Matthew 17 in the BOLCB
Matthew 17 in the BOLCB2
Matthew 17 in the BOMCV
Matthew 17 in the BONAV
Matthew 17 in the BONCB
Matthew 17 in the BONLT
Matthew 17 in the BONUT2
Matthew 17 in the BOPLNT
Matthew 17 in the BOSCB
Matthew 17 in the BOSNC
Matthew 17 in the BOTLNT
Matthew 17 in the BOVCB
Matthew 17 in the BOYCB
Matthew 17 in the BPBB
Matthew 17 in the BPH
Matthew 17 in the BSB
Matthew 17 in the CCB
Matthew 17 in the CUV
Matthew 17 in the CUVS
Matthew 17 in the DBT
Matthew 17 in the DGDNT
Matthew 17 in the DHNT
Matthew 17 in the DNT
Matthew 17 in the ELBE
Matthew 17 in the EMTV
Matthew 17 in the ESV
Matthew 17 in the FBV
Matthew 17 in the FEB
Matthew 17 in the GGMNT
Matthew 17 in the GNT
Matthew 17 in the HARY
Matthew 17 in the HNT
Matthew 17 in the IRVA
Matthew 17 in the IRVB
Matthew 17 in the IRVG
Matthew 17 in the IRVH
Matthew 17 in the IRVK
Matthew 17 in the IRVM
Matthew 17 in the IRVM2
Matthew 17 in the IRVO
Matthew 17 in the IRVP
Matthew 17 in the IRVT
Matthew 17 in the IRVT2
Matthew 17 in the IRVU
Matthew 17 in the ISVN
Matthew 17 in the JSNT
Matthew 17 in the KAPI
Matthew 17 in the KBT1ETNIK
Matthew 17 in the KBV
Matthew 17 in the KJV
Matthew 17 in the KNFD
Matthew 17 in the LBA
Matthew 17 in the LBLA
Matthew 17 in the LNT
Matthew 17 in the LSV
Matthew 17 in the MAAL
Matthew 17 in the MBV
Matthew 17 in the MBV2
Matthew 17 in the MHNT
Matthew 17 in the MKNFD
Matthew 17 in the MNG
Matthew 17 in the MNT
Matthew 17 in the MNT2
Matthew 17 in the MRS1T
Matthew 17 in the NAA
Matthew 17 in the NASB
Matthew 17 in the NBLA
Matthew 17 in the NBS
Matthew 17 in the NBVTP
Matthew 17 in the NET2
Matthew 17 in the NIV11
Matthew 17 in the NNT
Matthew 17 in the NNT2
Matthew 17 in the NNT3
Matthew 17 in the PDDPT
Matthew 17 in the PFNT
Matthew 17 in the RMNT
Matthew 17 in the SBIAS
Matthew 17 in the SBIBS
Matthew 17 in the SBIBS2
Matthew 17 in the SBICS
Matthew 17 in the SBIDS
Matthew 17 in the SBIGS
Matthew 17 in the SBIHS
Matthew 17 in the SBIIS
Matthew 17 in the SBIIS2
Matthew 17 in the SBIIS3
Matthew 17 in the SBIKS
Matthew 17 in the SBIKS2
Matthew 17 in the SBIMS
Matthew 17 in the SBIOS
Matthew 17 in the SBIPS
Matthew 17 in the SBISS
Matthew 17 in the SBITS
Matthew 17 in the SBITS2
Matthew 17 in the SBITS3
Matthew 17 in the SBITS4
Matthew 17 in the SBIUS
Matthew 17 in the SBIVS
Matthew 17 in the SBT
Matthew 17 in the SBT1E
Matthew 17 in the SCHL
Matthew 17 in the SNT
Matthew 17 in the SUSU
Matthew 17 in the SUSU2
Matthew 17 in the SYNO
Matthew 17 in the TBIAOTANT
Matthew 17 in the TBT1E
Matthew 17 in the TBT1E2
Matthew 17 in the TFTIP
Matthew 17 in the TFTU
Matthew 17 in the TGNTATF3T
Matthew 17 in the THAI
Matthew 17 in the TNFD
Matthew 17 in the TNT
Matthew 17 in the TNTIK
Matthew 17 in the TNTIL
Matthew 17 in the TNTIN
Matthew 17 in the TNTIP
Matthew 17 in the TNTIZ
Matthew 17 in the TOMA
Matthew 17 in the TTENT
Matthew 17 in the UBG
Matthew 17 in the UGV
Matthew 17 in the UGV2
Matthew 17 in the UGV3
Matthew 17 in the VBL
Matthew 17 in the VDCC
Matthew 17 in the YALU
Matthew 17 in the YAPE
Matthew 17 in the YBVTP
Matthew 17 in the ZBP