Matthew 8 (BEV)

1 Esi Yesu ɖi tso togbɛa dzi gbɔna la, ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo. 2 Kasia anyidzela aɖe zɔ tẽ va dze klo ɖe ekɔme, eye wòde ta agu nɛ heɖe kuku nɛ be, “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, yɔ dɔm ne ŋutinye nakɔ.” 3 Enumake Yesu ka asi ŋutsua ŋu gblɔnɛ bena, “Ẽ, melɔ̃. Ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake. 4 Yesu yi dzi gblɔ nɛ bena, “Mègatɔ be yeaƒo nu na ame aɖeke o, ke boŋ dze mɔ enumake nàyi Osɔfowo gbɔ be woado wò akpɔ, eye ne èyina la tsɔ nunana si Mose ƒe se bia tso anyidɔléla siwo ƒe ŋuti kɔ si la ɖe asi. Esia afia amewo katã be èkpɔ dɔyɔyɔ vavã.” 5 Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, Roma srafowo ƒe amegã aɖe va egbɔ va ɖe kuku ne vevie be woakpe ɖe ye ŋu. 6 Egblɔ be, “Aƒetɔ, nye dɔla le lãmetutudɔ lém, emlɔ anyi ɖe aƒeme eye wòle vevesese gã aɖe me.” 7 Yesu gblɔ nɛ bena, “Enyo, megbɔna be mada gbe le wò dɔnɔ la ŋu na wò.” 8 Ke aʋafia la ya gblɔ nɛ bena, “Aƒetɔ, nyemedze be nàva nye aƒeme o, eye mehiã be nàva hã o. Boŋ la, gblɔ nya ɖeka ko eye nye dɔla la ƒe lãme asẽ. 9 Elabena nye hã mele kpɔkplɔ te eye asrafowo le nye hã tenye. Mete ŋu gblɔna na ame sia be, ‘Heyi’, eye wòyina, alo mete ŋu gblɔna na ame kemɛ be, ‘Va,’ eye wòvana. Nenema ke megblɔna na nye subɔvi be, ‘Wɔ nu si kple ekemɛ’ eye wòwɔnɛ.” 10 Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti, azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ bena, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israel nyigba dzi kpɔ o. 11 Mele egblɔm na mi bena, ame geɖewo atso xexeame ƒe dzogoe eneawo katã dzi age ɖe dziƒofiaɖuƒe la me, eye woanɔ anyi kple Abraham, Isak kpakple Yakɔb. 12 Ke Israelvi geɖewo, ame siwo wodzra Fiaɖuƒea ɖo ɖi na ya la woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi la me, afi si avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.” 13 Yesu gatrɔ ɖe Roma srafowo ƒe amegã, ŋu azɔ hegblɔ nɛ bena, “Heyi aƒe me, nu si nèxɔ se be ate ŋu ava eme la, va eme xoxo.” Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, dɔla la ƒe lãme sẽ. 14 Esi Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va Petro ƒeme la, ekpɔ Petro lɔ̃xo wònɔ anyimlɔƒe le ŋudza sesẽ aɖe lém. 15 Yesu ka asi eƒe asi ŋu eye eƒe lãme sẽ enumake. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo wo kɔme. 16 Gbe ma gbe ƒe fiẽ la, wokplɔ ame geɖe siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ fu ɖem na la va Yesu gbɔe, eye ne wògblɔ nya ɖeka ko la gbɔgbɔ vɔ̃awo doa go le ameawo me hesina dzona. Ale dɔnɔwo katã ƒe lãme sẽ. 17 Esia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo nu be, “Etsɔ míaƒe vevesesewo eye wòde ta míaƒe dɔlélewo te.” 18 Esi Yesu va kpɔe bena ame geɖewo ŋutɔ wu ganɔ ye gbɔ vam la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadi ʋu aɖe vɛ ne yewoatsɔ atso ƒu lae ayi eƒe go evelia dzi. 19 Hafi wòaɖe nu le nya sia me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala aɖe va egbɔ va gblɔ nɛ bena, “Nufiala, nye la makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.” 20 Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Abeiwo la do le wo si wonɔa eme, xeviwo la atɔ le wo si wonɔa eme, gake nye Mesia la, teƒe aɖeke meli maziɔ ta ɖo o.” 21 Ame bubu aɖe si nye eyomedzelawo dometɔ ɖeka la hã gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe mɔ nam mayi aɖaɖi fofonye hafi atrɔ va nɔ yowòme.” 22 Yesu ɖo eŋu na ame sia hã bena, “Dze yonyeme fifia eye nàɖe asi le ame siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.” 23 Azɔ ege ɖe ʋu aɖe me eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ ɖo ta ƒua ƒe go evelia dzi. 24 Kasia, ahom dziŋɔ aɖe de asi tutu me, eye ƒutsotsoewo de asi ŋeŋe me ɖe ʋua me. Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yesu ŋutɔ ya nɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. 25 Nusrɔ̃lawo te ɖe eŋu enumake. Woʋuʋui sesĩe eye, wogblɔ nɛ kple ɣli bena, “Aƒetɔ, ɖe mí! Míele nyɔnyrɔm!” 26 Yesu gblɔ na wo be, “O, mi xɔseʋeetɔwo! Nu ka wɔ miele dzodzom nyanyanya kple vɔvɔ̃ ale?” Azɔ etsi tre eye wòblu ɖe ahom la ta. Ya sesẽ la tɔ enumake eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le ƒua dzi. 27 Nusrɔ̃lawo ƒe nu ku ŋutɔ ale wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yaƒoƒo kple ƒu hã ɖoa toe mahã?” 28 Esi wova ɖi go ɖe ƒua ƒe go kemɛ dzi le Gadaratɔwo ƒe anyigba me la ame eve siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo xɔ aƒe ɖo la ƒu du va kpee. Ame eve siawo ƒe nɔƒe enye ameɖibɔ aɖe si le afi ma la me. Ne gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖo mo na wo la wowɔa nu baɖa, baɖawo ale be ame aɖeke megatea ŋu toa afi ma lɔƒo o. 29 Esi wokpɔ Yesu la wode asi ɣlidodo me be, “Nu ka dim wò Mawu Vi nèle le mía gbɔ. Ɖe nèva be yeawɔ fu mí hafi ɣeyiɣia naɖoa?” 30 Le ɣemaɣi me la aƒehawo ƒe ha gã aɖe nɔ nu ɖum le afi ma lɔƒo. 31 Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu gblɔ nɛ be, “Ne ènya mí do goe le ame siawo me la na míayi aɖage ɖe ha mawo me.” 32 Yesu gblɔ na wo bena, “Meɖe mɔ na mi, eya ta mido le ameawo me kaba!”Ale gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le ame eveawo me yi ɖage ɖe hawo me, enumake hawo katã woƒu du sesĩe yi ɖage ɖe atsiaƒu si le afi ma la me doo eye wono tsi ku. 33 Hakplɔlawo ŋutɔ lé du tsɔ sesĩe yi du si te ɖe afi ma ŋu la me eye wogblɔ nu si dzɔ la na dua me tɔwo. 34 Ale le ɣeyiɣi kpui aɖe ko megbe la, dua me tɔwo katã do bibibi va ƒo zi ɖe Yesu ŋu. Esi wokpɔe la, woɖe kuku nɛ vevie be wòadzo le yewo ƒe anyigba me.

In Other Versions

Matthew 8 in the ANGEFD

Matthew 8 in the ANTPNG2D

Matthew 8 in the AS21

Matthew 8 in the BAGH

Matthew 8 in the BBPNG

Matthew 8 in the BBT1E

Matthew 8 in the BDS

Matthew 8 in the BHAD

Matthew 8 in the BIB

Matthew 8 in the BLPT

Matthew 8 in the BNT

Matthew 8 in the BNTABOOT

Matthew 8 in the BNTLV

Matthew 8 in the BOATCB

Matthew 8 in the BOATCB2

Matthew 8 in the BOBCV

Matthew 8 in the BOCNT

Matthew 8 in the BOECS

Matthew 8 in the BOGWICC

Matthew 8 in the BOHCB

Matthew 8 in the BOHCV

Matthew 8 in the BOHLNT

Matthew 8 in the BOHNTLTAL

Matthew 8 in the BOICB

Matthew 8 in the BOILNTAP

Matthew 8 in the BOITCV

Matthew 8 in the BOKCV

Matthew 8 in the BOKCV2

Matthew 8 in the BOKHWOG

Matthew 8 in the BOKSSV

Matthew 8 in the BOLCB

Matthew 8 in the BOLCB2

Matthew 8 in the BOMCV

Matthew 8 in the BONAV

Matthew 8 in the BONCB

Matthew 8 in the BONLT

Matthew 8 in the BONUT2

Matthew 8 in the BOPLNT

Matthew 8 in the BOSCB

Matthew 8 in the BOSNC

Matthew 8 in the BOTLNT

Matthew 8 in the BOVCB

Matthew 8 in the BOYCB

Matthew 8 in the BPBB

Matthew 8 in the BPH

Matthew 8 in the BSB

Matthew 8 in the CCB

Matthew 8 in the CUV

Matthew 8 in the CUVS

Matthew 8 in the DBT

Matthew 8 in the DGDNT

Matthew 8 in the DHNT

Matthew 8 in the DNT

Matthew 8 in the ELBE

Matthew 8 in the EMTV

Matthew 8 in the ESV

Matthew 8 in the FBV

Matthew 8 in the FEB

Matthew 8 in the GGMNT

Matthew 8 in the GNT

Matthew 8 in the HARY

Matthew 8 in the HNT

Matthew 8 in the IRVA

Matthew 8 in the IRVB

Matthew 8 in the IRVG

Matthew 8 in the IRVH

Matthew 8 in the IRVK

Matthew 8 in the IRVM

Matthew 8 in the IRVM2

Matthew 8 in the IRVO

Matthew 8 in the IRVP

Matthew 8 in the IRVT

Matthew 8 in the IRVT2

Matthew 8 in the IRVU

Matthew 8 in the ISVN

Matthew 8 in the JSNT

Matthew 8 in the KAPI

Matthew 8 in the KBT1ETNIK

Matthew 8 in the KBV

Matthew 8 in the KJV

Matthew 8 in the KNFD

Matthew 8 in the LBA

Matthew 8 in the LBLA

Matthew 8 in the LNT

Matthew 8 in the LSV

Matthew 8 in the MAAL

Matthew 8 in the MBV

Matthew 8 in the MBV2

Matthew 8 in the MHNT

Matthew 8 in the MKNFD

Matthew 8 in the MNG

Matthew 8 in the MNT

Matthew 8 in the MNT2

Matthew 8 in the MRS1T

Matthew 8 in the NAA

Matthew 8 in the NASB

Matthew 8 in the NBLA

Matthew 8 in the NBS

Matthew 8 in the NBVTP

Matthew 8 in the NET2

Matthew 8 in the NIV11

Matthew 8 in the NNT

Matthew 8 in the NNT2

Matthew 8 in the NNT3

Matthew 8 in the PDDPT

Matthew 8 in the PFNT

Matthew 8 in the RMNT

Matthew 8 in the SBIAS

Matthew 8 in the SBIBS

Matthew 8 in the SBIBS2

Matthew 8 in the SBICS

Matthew 8 in the SBIDS

Matthew 8 in the SBIGS

Matthew 8 in the SBIHS

Matthew 8 in the SBIIS

Matthew 8 in the SBIIS2

Matthew 8 in the SBIIS3

Matthew 8 in the SBIKS

Matthew 8 in the SBIKS2

Matthew 8 in the SBIMS

Matthew 8 in the SBIOS

Matthew 8 in the SBIPS

Matthew 8 in the SBISS

Matthew 8 in the SBITS

Matthew 8 in the SBITS2

Matthew 8 in the SBITS3

Matthew 8 in the SBITS4

Matthew 8 in the SBIUS

Matthew 8 in the SBIVS

Matthew 8 in the SBT

Matthew 8 in the SBT1E

Matthew 8 in the SCHL

Matthew 8 in the SNT

Matthew 8 in the SUSU

Matthew 8 in the SUSU2

Matthew 8 in the SYNO

Matthew 8 in the TBIAOTANT

Matthew 8 in the TBT1E

Matthew 8 in the TBT1E2

Matthew 8 in the TFTIP

Matthew 8 in the TFTU

Matthew 8 in the TGNTATF3T

Matthew 8 in the THAI

Matthew 8 in the TNFD

Matthew 8 in the TNT

Matthew 8 in the TNTIK

Matthew 8 in the TNTIL

Matthew 8 in the TNTIN

Matthew 8 in the TNTIP

Matthew 8 in the TNTIZ

Matthew 8 in the TOMA

Matthew 8 in the TTENT

Matthew 8 in the UBG

Matthew 8 in the UGV

Matthew 8 in the UGV2

Matthew 8 in the UGV3

Matthew 8 in the VBL

Matthew 8 in the VDCC

Matthew 8 in the YALU

Matthew 8 in the YAPE

Matthew 8 in the YBVTP

Matthew 8 in the ZBP