1 John 2 (BOECS)

1 Vinye lɔlɔ̃awo, mele esia ŋlɔm ɖo ɖe mi be miagawɔ nu vɔ̃ o. Gake ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la, Yesu Kristo si nye Kɔkɔetɔ la li na mí, eye aƒo nu aʋli mía ta le Fofo la gbɔ. 2 Eyae nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye menye míawo ɖeɖe ko tɔ tae o, ke boŋ ɖe xexea me blibo la ƒe nu vɔ̃wo hã ta. 3 Ne míewɔ ɖe eƒe sewo dzi la, ekema kakaɖedzi le mía si be míenyae vavã. 4 Ame si agblɔ be “Menyae,” gake mewɔ ɖe aƒe sededewo dzi o la, ame ma nye alakpatɔ, eye nyateƒe mele eme o. 5 Gake ne ame aɖe wɔa eƒe nya dzi la, Mawu ƒe lɔlɔ̃ de blibo le eya amea me vavã. Eye aleae míawɔ anya be míele eya amea me: 6 ame si gblɔ be yele eya amea me la, nanɔ agbe abe ale si Yesu hã nɔ agbee ene. 7 Xɔ̃nye lɔlɔ̃awo, nyemele se yeye aɖeke ŋlɔm na mi le agbalẽ sia me o, ke boŋ se xoxo ma si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me la koe. Sedede xoxo siae nye gbedeasi si miese xoxo. 8 Ke hã la, mele se yeye aɖe ŋlɔm ɖo ɖe mi si ƒe nyateƒe le dzedzem le miawo kple eya amea me xoxo, elabena viviti la le bubum eye kekeli vavã la le keklẽm xoxo. 9 Ne ame aɖe agblɔ be yele kekeli la me, gake wòléa fu nɔvia la, ekema ame sia gale viviti me kokoko. 10 Ame si lɔ̃a nɔvia la ƒe agbenɔnɔ nye kekeli eye naneke mele eƒe agbe me si ana be wòakli nu o. 11 Gake ne ame aɖe lé fu nɔvia la, ekema ame sia le viviti me, eye wòzɔna le viviti me, eye menya afi si wòɖo tae o, elabena viviti la tsyɔ mo nɛ. 12 Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,Elabena wotsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke miLe eƒe ŋkɔ la ta. 13 Meŋlɔe na mi, fofowo,Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,Elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi. 14 Meŋlɔe na mi, vinye lɔlɔ̃awo,Elabena mienya Fofo la.Meŋlɔe na mi, fofowo,Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke.Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo,Elabena miesẽ ŋu,Mawu ƒe nya la le mia me,Eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi. 15 Migalɔ̃ xexea me kple nu siwo le eme la o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexea me la, ekema melɔ̃a Fofo la o. 16 Elabena nu sia nu si le xexea me la metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ etso xexea me. Nu siawoe nye: ŋutilã ƒe nudzodzro, ŋkubiabiã kple amegbetɔ ƒe dada ɖe nu siwo le esi la dzi. 17 Xexea me kple eƒe didiwo nu ava yi, gake ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa agbe tegbee. 18 Vi lɔlɔ̃awo, míege ɖe gaƒoƒo mamlɛatɔ me: eye abe ale si miese xoxo be Kristo ƒe futɔ la gbɔna vava ge ene la, fifi laa la, Kristo ƒe futɔ geɖewo va ɖo xoxo. Esiae na be míenya be gaƒoƒo alo ɣeyiɣi mamlɛtɔ ɖo. 19 Wodo go dzo le mía dome, gake le nyateƒe me la, womenɔ mía dome le woƒe dziwo me o. Nenye mía dometɔ aɖewoe wonye vavã la, anye ne wotsi anyi, eye womedzo le mía gbɔ o. Woƒe dzodzo fia kɔtɛe be wo dometɔ aɖeke menɔ mía dzi o. 20 Ke miawo la, Kɔkɔetɔ la ƒe ami sisi le mia dzi, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nya nyateƒe la. 21 Nyemeŋlɔ agbalẽa ɖo ɖe mi ɖe esi mienya nyateƒe la ta o, ke boŋ be mienya nyateƒe la, elabena alakpa mate ŋu ado tso nyateƒe me o. 22 Ame kae nye aʋatsokala la? Ame si gblɔ be menye Yesue nye Kristo o lae. Ame siae nye Yesu ƒe futɔ si gbea nu le Fofo la kple Vi la gbɔ. 23 Ame si gbe nu le Vi la gbɔ la, menya Fofo la hã o; ke ame si xɔ Vi la la, eya amea xɔ Fofo la hã. 24 Ke miawo la, mikpɔ egbɔ be mielé nu si miese tso gɔmedzedzea me la ɖe asi. Ne miewɔ esia la, ekema miayi edzi anɔ Vi la kple Fofo la me. 25 Eye nu si ƒe ŋugbe wòdo na mí lae nye agbe mavɔ la. 26 Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi tso ame siwo le agbagba dzem be yewoahe mi ayi mɔtatra dzii la ŋu. 27 Ke miawo la, amisisi si miexɔ tso egbɔ la nɔa mia me, eye megahiã be ame aɖeke nafia nu mi o, elabena eƒe ami sisi la fiaa nu mi tso nuwo katã ŋuti, eye esi ami sisi sia nye nyateƒetɔ, eye menye aʋatsotɔ o ta la, minɔ eya amea me, abe ale si wòfia mi ene. 28 Azɔ la, vinye lɔlɔ̃awo, minɔ agbe le eya amea me, elabena kakaɖedzi anɔ mía si, eye ŋu makpe mí le eŋkume le eƒe vavaŋkekea dzi o. 29 Ne mienyae be enye dzɔdzɔetɔ la, ekema ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la nye via.

In Other Versions

1 John 2 in the ANGEFD

1 John 2 in the ANTPNG2D

1 John 2 in the AS21

1 John 2 in the BAGH

1 John 2 in the BBPNG

1 John 2 in the BBT1E

1 John 2 in the BDS

1 John 2 in the BEV

1 John 2 in the BHAD

1 John 2 in the BIB

1 John 2 in the BLPT

1 John 2 in the BNT

1 John 2 in the BNTABOOT

1 John 2 in the BNTLV

1 John 2 in the BOATCB

1 John 2 in the BOATCB2

1 John 2 in the BOBCV

1 John 2 in the BOCNT

1 John 2 in the BOGWICC

1 John 2 in the BOHCB

1 John 2 in the BOHCV

1 John 2 in the BOHLNT

1 John 2 in the BOHNTLTAL

1 John 2 in the BOICB

1 John 2 in the BOILNTAP

1 John 2 in the BOITCV

1 John 2 in the BOKCV

1 John 2 in the BOKCV2

1 John 2 in the BOKHWOG

1 John 2 in the BOKSSV

1 John 2 in the BOLCB

1 John 2 in the BOLCB2

1 John 2 in the BOMCV

1 John 2 in the BONAV

1 John 2 in the BONCB

1 John 2 in the BONLT

1 John 2 in the BONUT2

1 John 2 in the BOPLNT

1 John 2 in the BOSCB

1 John 2 in the BOSNC

1 John 2 in the BOTLNT

1 John 2 in the BOVCB

1 John 2 in the BOYCB

1 John 2 in the BPBB

1 John 2 in the BPH

1 John 2 in the BSB

1 John 2 in the CCB

1 John 2 in the CUV

1 John 2 in the CUVS

1 John 2 in the DBT

1 John 2 in the DGDNT

1 John 2 in the DHNT

1 John 2 in the DNT

1 John 2 in the ELBE

1 John 2 in the EMTV

1 John 2 in the ESV

1 John 2 in the FBV

1 John 2 in the FEB

1 John 2 in the GGMNT

1 John 2 in the GNT

1 John 2 in the HARY

1 John 2 in the HNT

1 John 2 in the IRVA

1 John 2 in the IRVB

1 John 2 in the IRVG

1 John 2 in the IRVH

1 John 2 in the IRVK

1 John 2 in the IRVM

1 John 2 in the IRVM2

1 John 2 in the IRVO

1 John 2 in the IRVP

1 John 2 in the IRVT

1 John 2 in the IRVT2

1 John 2 in the IRVU

1 John 2 in the ISVN

1 John 2 in the JSNT

1 John 2 in the KAPI

1 John 2 in the KBT1ETNIK

1 John 2 in the KBV

1 John 2 in the KJV

1 John 2 in the KNFD

1 John 2 in the LBA

1 John 2 in the LBLA

1 John 2 in the LNT

1 John 2 in the LSV

1 John 2 in the MAAL

1 John 2 in the MBV

1 John 2 in the MBV2

1 John 2 in the MHNT

1 John 2 in the MKNFD

1 John 2 in the MNG

1 John 2 in the MNT

1 John 2 in the MNT2

1 John 2 in the MRS1T

1 John 2 in the NAA

1 John 2 in the NASB

1 John 2 in the NBLA

1 John 2 in the NBS

1 John 2 in the NBVTP

1 John 2 in the NET2

1 John 2 in the NIV11

1 John 2 in the NNT

1 John 2 in the NNT2

1 John 2 in the NNT3

1 John 2 in the PDDPT

1 John 2 in the PFNT

1 John 2 in the RMNT

1 John 2 in the SBIAS

1 John 2 in the SBIBS

1 John 2 in the SBIBS2

1 John 2 in the SBICS

1 John 2 in the SBIDS

1 John 2 in the SBIGS

1 John 2 in the SBIHS

1 John 2 in the SBIIS

1 John 2 in the SBIIS2

1 John 2 in the SBIIS3

1 John 2 in the SBIKS

1 John 2 in the SBIKS2

1 John 2 in the SBIMS

1 John 2 in the SBIOS

1 John 2 in the SBIPS

1 John 2 in the SBISS

1 John 2 in the SBITS

1 John 2 in the SBITS2

1 John 2 in the SBITS3

1 John 2 in the SBITS4

1 John 2 in the SBIUS

1 John 2 in the SBIVS

1 John 2 in the SBT

1 John 2 in the SBT1E

1 John 2 in the SCHL

1 John 2 in the SNT

1 John 2 in the SUSU

1 John 2 in the SUSU2

1 John 2 in the SYNO

1 John 2 in the TBIAOTANT

1 John 2 in the TBT1E

1 John 2 in the TBT1E2

1 John 2 in the TFTIP

1 John 2 in the TFTU

1 John 2 in the TGNTATF3T

1 John 2 in the THAI

1 John 2 in the TNFD

1 John 2 in the TNT

1 John 2 in the TNTIK

1 John 2 in the TNTIL

1 John 2 in the TNTIN

1 John 2 in the TNTIP

1 John 2 in the TNTIZ

1 John 2 in the TOMA

1 John 2 in the TTENT

1 John 2 in the UBG

1 John 2 in the UGV

1 John 2 in the UGV2

1 John 2 in the UGV3

1 John 2 in the VBL

1 John 2 in the VDCC

1 John 2 in the YALU

1 John 2 in the YAPE

1 John 2 in the YBVTP

1 John 2 in the ZBP