1 Kings 17 (BOECS)

1 Azɔ la Eliya, Tisbitɔ si tso Tisbi le Gilead la va gblɔ na Ahab be, “Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe agbe, ame si mesubɔna la be zãmu loo alo tsi madza le ƒe siwo gbɔna la me o negbe le nye nya nu ko.” 2 Yehowa gblɔ na Eliya bena, 3 “Yi ɣedzeƒe eye nàbe ɖe Kerit tɔʋu la to, le afi si tɔʋu sia de nu Yɔdan tɔsisi la me le la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 4 No tsi le tɔʋu la me eye nàɖu nu si akpaviãwo atsɔ vɛ na wò elabena mana be woatsɔ nuɖuɖu vɛ na wo.” 5 Ale Eliya wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wònɔ tɔʋu la to. 6 Akpaviãwo tsɔa abolo kple lã vanɛ nɛ gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wònoa tsi le tɔʋu la me. 7 Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tɔʋu la mie elabena tsi megadza ɖe anyigba la dzi kpɔ o. 8 Yehowa ƒe nya va na Eliya bena, 9 “Yi Sidon ƒe Zarefat enumake eye nànɔ afi ma. Megblɔ na ahosi aɖe le afi ma be wòana nuɖuɖu wò.” 10 Ale wòyi ɖe Zarefat. Esi wòva ɖo Zarefat ƒe agbo nu la, ahosi aɖe nɔ afi ma, nɔ nake fɔm. Eyɔe eye wòbiae be, “Àku tsi vi aɖe ɖe kplu me vɛ nam manoa?” 11 Esi ahosi la trɔ yina be yeaku tsi la vɛ nɛ la, Eliya yɔe, gblɔ nɛ be, “Nyo dɔ me nàtsɔ abolo aɖe hã kpe ɖe tsi la ŋu vɛ nam.” 12 Ahosi la ɖo eŋu nɛ be, “Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be, abolo aɖeke mele asinye o negbe wɔ asiʋlo ɖeka si le wɔze me kple ami sue aɖe si le amigoe me ko. Mele nake ʋɛ siawo fɔm atsɔ ayi aƒe mee ne maɖa nu nye kple vinye ŋutsu míaɖu eye míaku.” 13 Eliya gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o; yi aƒe me eye nàwɔ abe ale si nègblɔ ene gake gbã la, ƒo abolo sue aɖe kple wɔ la ƒe ɖe eye nàtsɔe vɛ nam. Emegbe nàɖa nane na wò ŋutɔ kple viwò ŋutsu la 14 elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Wɔ mavɔ le wò wɔze me o eye ami hã mavɔ le wò amigoe me o va se ɖe esime Yehowa nana tsi nadza ɖe anyigba dzi.’ ” 15 Ale ahosi la wɔ nu si Eliya gblɔ nɛ eye Eliya kple eya kple via siaa kpɔa nuɖuɖu tso wɔ la kple ami la me ŋkeke ale si wohiã wo. 16 Elabena wɔ mevɔ le wɔze la me eye ami hã mevɔ le amigoe la me o le nya si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la nu. 17 Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nyɔnu si nye aƒea nɔ la ƒe viŋutsu dze dɔ. Dɔ la sesẽ nɛ tso ŋkeke me yi ŋkeke me eye mlɔeba la, eƒe gbɔgbɔ nu tso. 18 Egblɔ na Eliya be, “Oo Mawu ƒe ame, nya kae le asiwò ɖe ŋutinye? Ɖe nèva be yeaɖo ŋku nye nu vɔ̃wo dzi nam eye nàwu vinyeŋutsua?” 19 Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Tsɔ viwò ŋutsuvi la nam.” Exɔe le eƒe abɔwo dome hetsɔe yi eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòtsɔe mlɔ eƒe aba dzi. 20 Tete wòdo ɣli na Yehowa be, “Oo Yehowa, nye Mawu, ɖe nèhe dzɔgbevɔ̃e va ahosi si gbɔ mele la hã dzi eye nèna via ŋutsuvi la kua?” 21 Eliya dra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ eye wòdo ɣli na Yehowa, be, “Oo, Yehowa, nye Mawu, na be ɖevi sia ƒe agbe natrɔ ava eme!” 22 Yehowa se Eliya ƒe gbedodoɖa, ale ɖevi la ƒe gbɔgbɔ gbugbɔ va eme eye wòtsi agbe. 23 Eliya kɔ ɖevi la eye wòdo go kplii tso xɔ la me yi anyigba eye wòtsɔe na dadaa gblɔ be, “Kpɔ ɖa, viwò ŋutsu la le agbe!” 24 Ahosi la gblɔ nɛ be, “Azɔ la, menya be Mawu ƒe amee nènye eye Yehowa ƒe nya si do tso wò nu me la nye nyateƒe.”

In Other Versions

1 Kings 17 in the ANGEFD

1 Kings 17 in the ANTPNG2D

1 Kings 17 in the AS21

1 Kings 17 in the BAGH

1 Kings 17 in the BBPNG

1 Kings 17 in the BBT1E

1 Kings 17 in the BDS

1 Kings 17 in the BEV

1 Kings 17 in the BHAD

1 Kings 17 in the BIB

1 Kings 17 in the BLPT

1 Kings 17 in the BNT

1 Kings 17 in the BNTABOOT

1 Kings 17 in the BNTLV

1 Kings 17 in the BOATCB

1 Kings 17 in the BOATCB2

1 Kings 17 in the BOBCV

1 Kings 17 in the BOCNT

1 Kings 17 in the BOGWICC

1 Kings 17 in the BOHCB

1 Kings 17 in the BOHCV

1 Kings 17 in the BOHLNT

1 Kings 17 in the BOHNTLTAL

1 Kings 17 in the BOICB

1 Kings 17 in the BOILNTAP

1 Kings 17 in the BOITCV

1 Kings 17 in the BOKCV

1 Kings 17 in the BOKCV2

1 Kings 17 in the BOKHWOG

1 Kings 17 in the BOKSSV

1 Kings 17 in the BOLCB

1 Kings 17 in the BOLCB2

1 Kings 17 in the BOMCV

1 Kings 17 in the BONAV

1 Kings 17 in the BONCB

1 Kings 17 in the BONLT

1 Kings 17 in the BONUT2

1 Kings 17 in the BOPLNT

1 Kings 17 in the BOSCB

1 Kings 17 in the BOSNC

1 Kings 17 in the BOTLNT

1 Kings 17 in the BOVCB

1 Kings 17 in the BOYCB

1 Kings 17 in the BPBB

1 Kings 17 in the BPH

1 Kings 17 in the BSB

1 Kings 17 in the CCB

1 Kings 17 in the CUV

1 Kings 17 in the CUVS

1 Kings 17 in the DBT

1 Kings 17 in the DGDNT

1 Kings 17 in the DHNT

1 Kings 17 in the DNT

1 Kings 17 in the ELBE

1 Kings 17 in the EMTV

1 Kings 17 in the ESV

1 Kings 17 in the FBV

1 Kings 17 in the FEB

1 Kings 17 in the GGMNT

1 Kings 17 in the GNT

1 Kings 17 in the HARY

1 Kings 17 in the HNT

1 Kings 17 in the IRVA

1 Kings 17 in the IRVB

1 Kings 17 in the IRVG

1 Kings 17 in the IRVH

1 Kings 17 in the IRVK

1 Kings 17 in the IRVM

1 Kings 17 in the IRVM2

1 Kings 17 in the IRVO

1 Kings 17 in the IRVP

1 Kings 17 in the IRVT

1 Kings 17 in the IRVT2

1 Kings 17 in the IRVU

1 Kings 17 in the ISVN

1 Kings 17 in the JSNT

1 Kings 17 in the KAPI

1 Kings 17 in the KBT1ETNIK

1 Kings 17 in the KBV

1 Kings 17 in the KJV

1 Kings 17 in the KNFD

1 Kings 17 in the LBA

1 Kings 17 in the LBLA

1 Kings 17 in the LNT

1 Kings 17 in the LSV

1 Kings 17 in the MAAL

1 Kings 17 in the MBV

1 Kings 17 in the MBV2

1 Kings 17 in the MHNT

1 Kings 17 in the MKNFD

1 Kings 17 in the MNG

1 Kings 17 in the MNT

1 Kings 17 in the MNT2

1 Kings 17 in the MRS1T

1 Kings 17 in the NAA

1 Kings 17 in the NASB

1 Kings 17 in the NBLA

1 Kings 17 in the NBS

1 Kings 17 in the NBVTP

1 Kings 17 in the NET2

1 Kings 17 in the NIV11

1 Kings 17 in the NNT

1 Kings 17 in the NNT2

1 Kings 17 in the NNT3

1 Kings 17 in the PDDPT

1 Kings 17 in the PFNT

1 Kings 17 in the RMNT

1 Kings 17 in the SBIAS

1 Kings 17 in the SBIBS

1 Kings 17 in the SBIBS2

1 Kings 17 in the SBICS

1 Kings 17 in the SBIDS

1 Kings 17 in the SBIGS

1 Kings 17 in the SBIHS

1 Kings 17 in the SBIIS

1 Kings 17 in the SBIIS2

1 Kings 17 in the SBIIS3

1 Kings 17 in the SBIKS

1 Kings 17 in the SBIKS2

1 Kings 17 in the SBIMS

1 Kings 17 in the SBIOS

1 Kings 17 in the SBIPS

1 Kings 17 in the SBISS

1 Kings 17 in the SBITS

1 Kings 17 in the SBITS2

1 Kings 17 in the SBITS3

1 Kings 17 in the SBITS4

1 Kings 17 in the SBIUS

1 Kings 17 in the SBIVS

1 Kings 17 in the SBT

1 Kings 17 in the SBT1E

1 Kings 17 in the SCHL

1 Kings 17 in the SNT

1 Kings 17 in the SUSU

1 Kings 17 in the SUSU2

1 Kings 17 in the SYNO

1 Kings 17 in the TBIAOTANT

1 Kings 17 in the TBT1E

1 Kings 17 in the TBT1E2

1 Kings 17 in the TFTIP

1 Kings 17 in the TFTU

1 Kings 17 in the TGNTATF3T

1 Kings 17 in the THAI

1 Kings 17 in the TNFD

1 Kings 17 in the TNT

1 Kings 17 in the TNTIK

1 Kings 17 in the TNTIL

1 Kings 17 in the TNTIN

1 Kings 17 in the TNTIP

1 Kings 17 in the TNTIZ

1 Kings 17 in the TOMA

1 Kings 17 in the TTENT

1 Kings 17 in the UBG

1 Kings 17 in the UGV

1 Kings 17 in the UGV2

1 Kings 17 in the UGV3

1 Kings 17 in the VBL

1 Kings 17 in the VDCC

1 Kings 17 in the YALU

1 Kings 17 in the YAPE

1 Kings 17 in the YBVTP

1 Kings 17 in the ZBP