1 Samuel 26 (BOECS)

1 Zifitɔwo va Saul gbɔ le Gibea eye wogblɔ nɛ be, “Ɖe David mebe ɖe Hakila togbɛ si dze ŋgɔ Yesimon to la dzi oa?” 2 Ale Saul yi Zif gbegbe kple eƒe ame akpe etɔ̃ (3,000) siwo wòtia tso Israel eye woyi be woadi David. 3 Saul ƒu asaɖa anyi ɖe mɔ si ɖo ta Hakila tɔgbɛ si dze ŋgɔ Yesimon mɔto, ke David ya nɔ gbegbea. Esi wòkpɔ be Saul ti ye yome va afi ma la, 4 eɖo ŋkutsalawo ɖe gbea dzi eye woɖo kpe edzi nɛ be Saul va ɖo afi ma vavã. 5 David yi enumake eye wòde dzesi afi si tututu Saul kple Abner, Ner vi, ame si nye Saul ƒe aʋafia la dɔna. Saul dɔa asaɖa la me eye eƒe amewo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlãe. 6 David bia Ahimelek, Hititɔ la kple Abisai, Yoab nɔviŋutsu, ame si dada nye Zeruya be, “Mi ame eve siawo dometɔ kae ayi Saul ƒe saɖa la me kplim?”Abishai ɖo eŋu be, “Mayi.” 7 Ale David kple Abisai yi Saul ƒe aʋakɔ la gbɔ le zã me. Wokpɔ Saul wòdɔ alɔ̃ eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyigba le eƒe tagbɔ. Ke Abner kple eƒe aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo. 8 Abisai do dalĩ na David be, “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe, ɖe mɔ nam matsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ atu edzi eye mamimii ɖe anyigba. Mahiã be magatui edzi zi evelia kura o!” 9 Ke David gblɔ na Abisai be, “Mègawui o elabena ame kae anye ame maɖifɔ ne ewu fia si Yehowa ŋutɔ tia? 10 Gbe ɖeka la, Yehowa ŋutɔ ana wòaku kokoko, aku le aʋa me loo alo tsitsi ana wòaku. 11 Ke Yehowa melɔ̃ be mawu ame si eya ŋutɔ tia be wòanye fia o. Nu si míawɔ enye míatsɔ eƒe akplɔ kple eƒe tsinoze eye míadzo le afi sia!” 12 Ale David tsɔ akplɔ la kple tsinoze la dzoe ke ame aɖeke mekpɔ wo o eye ame aɖeke menyɔ hã o elabena Yehowa na wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. 13 Wolia to si le go kemɛ la va se ɖe esime woɖo didiƒe aɖe. 14 Azɔ la, David do ɣli ɖo ɖe Saul kple Abner be, “Abner, nyɔ!”Abner bia be, “Wò ame kae le ɣli dom nenema hele fia la nyɔm tso alɔ̃ me?” 15 David ɖo eŋu fewuɖutɔe be, “Menye wòe nye ame gãtɔ kekeake le Israel oa? Ekema nu ka ta mèdzɔ wò aƒetɔ, fia la, ŋu esi ame aɖe va be yeawui o? 16 Esia menyo kura o! Metsɔ Yehowa ka atam na wò be ele be nàku le wò ŋudzɔmanɔmanɔ ta. Afi ka fia la ƒe akplɔ kple eƒe tsinoze si nɔ eƒe tagbɔ la le?” 17 Saul dze si David ƒe gbe eye wòbiae be, “David, wò vinyee nye ema?”David ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyee.” 18 Eye wòyi edzi be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le eƒe subɔla yome tim? Nu ka mewɔ eye nu ka tututue nye nu vɔ̃ si mewɔ? 19 Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo. 20 Eya ta azɔ la, mègana nye ʋu naɖuɖu ɖe anyigba, afi si didi tso Yehowa gbɔ o. Israel fia va le axɔ̃ aɖe dim abe ale si ame dia tegli le towo dzi be yeawu ene.” 21 Enumake Saul ʋu eme be, “Mewɔ nu vɔ̃. Trɔ va aƒe, vinye eye nyemagadze agbagba be mawɔ vɔ̃ aɖeke wò o, elabena èɖe nye agbe egbe; abunɛtɔe menye eye tɔnye medzɔ le go aɖeke me kura o.” 22 David gblɔ na Saul be, “Amegã, wò akplɔe nye esi, na wò ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka nava afi sia ava xɔe. 23 Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã. 24 Azɔ la, Yehowa naɖe nye agbe abe ale si meɖe tɔwò egbe ene; eye wòaɖem tso nye xaxawo katã me.” 25 Saul gblɔ na David be, “Woayra wò, vinye David; àwɔ nu dzɔatsuwo eye ànye dziɖula gã aɖe.”David trɔ dzo eye Saul yi eƒe nɔƒe.

In Other Versions

1 Samuel 26 in the ANGEFD

1 Samuel 26 in the ANTPNG2D

1 Samuel 26 in the AS21

1 Samuel 26 in the BAGH

1 Samuel 26 in the BBPNG

1 Samuel 26 in the BBT1E

1 Samuel 26 in the BDS

1 Samuel 26 in the BEV

1 Samuel 26 in the BHAD

1 Samuel 26 in the BIB

1 Samuel 26 in the BLPT

1 Samuel 26 in the BNT

1 Samuel 26 in the BNTABOOT

1 Samuel 26 in the BNTLV

1 Samuel 26 in the BOATCB

1 Samuel 26 in the BOATCB2

1 Samuel 26 in the BOBCV

1 Samuel 26 in the BOCNT

1 Samuel 26 in the BOGWICC

1 Samuel 26 in the BOHCB

1 Samuel 26 in the BOHCV

1 Samuel 26 in the BOHLNT

1 Samuel 26 in the BOHNTLTAL

1 Samuel 26 in the BOICB

1 Samuel 26 in the BOILNTAP

1 Samuel 26 in the BOITCV

1 Samuel 26 in the BOKCV

1 Samuel 26 in the BOKCV2

1 Samuel 26 in the BOKHWOG

1 Samuel 26 in the BOKSSV

1 Samuel 26 in the BOLCB

1 Samuel 26 in the BOLCB2

1 Samuel 26 in the BOMCV

1 Samuel 26 in the BONAV

1 Samuel 26 in the BONCB

1 Samuel 26 in the BONLT

1 Samuel 26 in the BONUT2

1 Samuel 26 in the BOPLNT

1 Samuel 26 in the BOSCB

1 Samuel 26 in the BOSNC

1 Samuel 26 in the BOTLNT

1 Samuel 26 in the BOVCB

1 Samuel 26 in the BOYCB

1 Samuel 26 in the BPBB

1 Samuel 26 in the BPH

1 Samuel 26 in the BSB

1 Samuel 26 in the CCB

1 Samuel 26 in the CUV

1 Samuel 26 in the CUVS

1 Samuel 26 in the DBT

1 Samuel 26 in the DGDNT

1 Samuel 26 in the DHNT

1 Samuel 26 in the DNT

1 Samuel 26 in the ELBE

1 Samuel 26 in the EMTV

1 Samuel 26 in the ESV

1 Samuel 26 in the FBV

1 Samuel 26 in the FEB

1 Samuel 26 in the GGMNT

1 Samuel 26 in the GNT

1 Samuel 26 in the HARY

1 Samuel 26 in the HNT

1 Samuel 26 in the IRVA

1 Samuel 26 in the IRVB

1 Samuel 26 in the IRVG

1 Samuel 26 in the IRVH

1 Samuel 26 in the IRVK

1 Samuel 26 in the IRVM

1 Samuel 26 in the IRVM2

1 Samuel 26 in the IRVO

1 Samuel 26 in the IRVP

1 Samuel 26 in the IRVT

1 Samuel 26 in the IRVT2

1 Samuel 26 in the IRVU

1 Samuel 26 in the ISVN

1 Samuel 26 in the JSNT

1 Samuel 26 in the KAPI

1 Samuel 26 in the KBT1ETNIK

1 Samuel 26 in the KBV

1 Samuel 26 in the KJV

1 Samuel 26 in the KNFD

1 Samuel 26 in the LBA

1 Samuel 26 in the LBLA

1 Samuel 26 in the LNT

1 Samuel 26 in the LSV

1 Samuel 26 in the MAAL

1 Samuel 26 in the MBV

1 Samuel 26 in the MBV2

1 Samuel 26 in the MHNT

1 Samuel 26 in the MKNFD

1 Samuel 26 in the MNG

1 Samuel 26 in the MNT

1 Samuel 26 in the MNT2

1 Samuel 26 in the MRS1T

1 Samuel 26 in the NAA

1 Samuel 26 in the NASB

1 Samuel 26 in the NBLA

1 Samuel 26 in the NBS

1 Samuel 26 in the NBVTP

1 Samuel 26 in the NET2

1 Samuel 26 in the NIV11

1 Samuel 26 in the NNT

1 Samuel 26 in the NNT2

1 Samuel 26 in the NNT3

1 Samuel 26 in the PDDPT

1 Samuel 26 in the PFNT

1 Samuel 26 in the RMNT

1 Samuel 26 in the SBIAS

1 Samuel 26 in the SBIBS

1 Samuel 26 in the SBIBS2

1 Samuel 26 in the SBICS

1 Samuel 26 in the SBIDS

1 Samuel 26 in the SBIGS

1 Samuel 26 in the SBIHS

1 Samuel 26 in the SBIIS

1 Samuel 26 in the SBIIS2

1 Samuel 26 in the SBIIS3

1 Samuel 26 in the SBIKS

1 Samuel 26 in the SBIKS2

1 Samuel 26 in the SBIMS

1 Samuel 26 in the SBIOS

1 Samuel 26 in the SBIPS

1 Samuel 26 in the SBISS

1 Samuel 26 in the SBITS

1 Samuel 26 in the SBITS2

1 Samuel 26 in the SBITS3

1 Samuel 26 in the SBITS4

1 Samuel 26 in the SBIUS

1 Samuel 26 in the SBIVS

1 Samuel 26 in the SBT

1 Samuel 26 in the SBT1E

1 Samuel 26 in the SCHL

1 Samuel 26 in the SNT

1 Samuel 26 in the SUSU

1 Samuel 26 in the SUSU2

1 Samuel 26 in the SYNO

1 Samuel 26 in the TBIAOTANT

1 Samuel 26 in the TBT1E

1 Samuel 26 in the TBT1E2

1 Samuel 26 in the TFTIP

1 Samuel 26 in the TFTU

1 Samuel 26 in the TGNTATF3T

1 Samuel 26 in the THAI

1 Samuel 26 in the TNFD

1 Samuel 26 in the TNT

1 Samuel 26 in the TNTIK

1 Samuel 26 in the TNTIL

1 Samuel 26 in the TNTIN

1 Samuel 26 in the TNTIP

1 Samuel 26 in the TNTIZ

1 Samuel 26 in the TOMA

1 Samuel 26 in the TTENT

1 Samuel 26 in the UBG

1 Samuel 26 in the UGV

1 Samuel 26 in the UGV2

1 Samuel 26 in the UGV3

1 Samuel 26 in the VBL

1 Samuel 26 in the VDCC

1 Samuel 26 in the YALU

1 Samuel 26 in the YAPE

1 Samuel 26 in the YBVTP

1 Samuel 26 in the ZBP