2 Chronicles 29 (BOECS)

1 Hezekia dze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu. 2 Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene. 3 Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ ƒe ɣleti gbãtɔ me la, eʋu gbedoxɔ la eye wòdzra ʋɔtruawo ɖo. 4 Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu wo ɖe yaxɔƒe si nɔ ɣedzeƒe lɔƒo 5 eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Levitɔwo! Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu fifia eye miakɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la hã ŋu. Miɖe gudoamenuwo katã ɖa le Kɔkɔeƒe la. 6 Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe le Yehowa, mía Mawu, ŋkume. Wogble Yehowa kple eƒe gbedoxɔ la ɖi eye wotrɔ megbe dee. 7 Wotu ʋɔawo goŋgoŋgoŋ, wotsi akaɖi si nɔa bibim la eye womegadoa dzudzɔ alo sãa numevɔ hã o 8 eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu. Ena míezu ŋɔdzidonamenuwo kple alɔmeɖenuwo abe ale si miele ekpɔm egbea ene. 9 Wowu mía fofowo le aʋa me eye woɖe aboyo mía vinyɔnuwo kple mía srɔ̃wo le esia ta. 10 “Azɔ la, medi be mawɔ nubabla kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la ale be wòaɖe eƒe dɔmedzoe helihelĩ la ɖa le mía dzi. 11 Vinyewo, migagbe miaƒe dɔdeasiwo wɔwɔ azɔ o elabena miawoe Yehowa tia be miasubɔ ye eye miado dzudzɔ na ye.” 12 Levitɔwo ƒe vi siwo nɔ afi ma hena subɔsubɔdɔ la woe nye: ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me:Mahat, Amasai ƒe vi; Yoel, Azaria ƒe vi.Ame siwo tso Merari ƒe hlɔ̃ me:Kis, Abdi ƒe vi kple Azaria, Yehalelel ƒe vi.Ame siwo tso Gerson ƒe hlɔ̃ me:Yoas, Zima ƒe vi kple Eden, Yoa ƒe vi. 13 Ame siwo tso Elizafan ƒe hlɔ̃ me:Yeiel kple Simri.Ame siwo tso Asaf ƒe hlɔ̃ me:Zekaria kple Matania. 14 Ame siwo tso Heman ƒe hlɔ̃ me:Yehiel kple Simei.Ame siwo tso Yedutun ƒe hlɔ̃ me.Semaya kple Uziel. 15 Woawo hã yɔ Levitɔ bubuawo, wokɔ wo ɖokuiwo ŋuti eye wode asi gbedoxɔ la dzadzraɖo kple eŋu kɔkɔ me, abe ale si fia la gblɔ Yehowa ƒe nya na wo eye wòɖe gbe na wo be woawɔ ene. 16 Nunɔlawo dzra xɔ emetɔ le gbedoxɔ la me ɖo eye wolɔ ʋuʋudedi kple nu gbegblẽwo katã tso afi ma va kɔ ɖe xɔxɔnu. Levitɔwo lɔ nu siawo yi Kidron tɔʋu la me. 17 Wodze nu siawo katã wɔwɔ gɔme le Ɣleti gbatɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi eye woɖo xɔxɔnu egodotɔ le ŋkeke enyilia dzi. Wowɔ dɔ le afi sia hã ŋkeke enyi; ale wotsɔ ŋkeke wuiade wɔ dɔ blibo lae. 18 Le esia megbe la, wotrɔ yi Fia Hezekia gbɔ le eƒe fiasã la me eye wogblɔ nɛ be, “Míewu gbedoxɔ la, numevɔsamlekpui la, Ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃ la kple eŋunuwo ŋu kɔkɔ nu. 19 Gawu la, míefɔ gbedoxɔmenu siwo Fia Ahaz tsɔ ƒu gbe esi wòtu gbedoxɔ la eye míekɔ woawo hã ŋuti. Míetsɔ wo da ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la gbɔ.” 20 Esi ŋu ke ŋdi kanyaa la, Fia Hezekia yi Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple dumegãwo. 21 Wotsɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ɖe fiaɖuƒe, Kɔkɔeƒe la kple Yuda ta. Egblɔ na nunɔlaawo, Aron ƒe dzidzimeviwo, be woatsɔ wo asa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi. 22 Ale wowu nyitsuawo eye nunɔlaawo tsɔ ʋua hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Emegbe wowu agboawo eye wotsɔ woƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Nenema ke wowu alẽviawo eye wotsɔ eƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. 23 Wokplɔ gbɔ̃tsu siwo wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la va fia la kple ameha la ŋkume eye woda woƒe asiwo ɖe wo dzi. 24 Le esia megbe la, nunɔlaawo wu gbɔ̃tsuawo eye wotsɔ woƒe ʋu sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa le vɔsamlekpui la dzi be wòalé avu ɖe Israel blibo la nu abe ale si fia la ɖoe ene elabena fia la ɖo be woasa numevɔ la kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ɖe dukɔ blibo la nu. 25 Eda Levitɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo abe ale si David kple Gad, fia la ƒe nukpɔla kple Natan, nyagblɔɖila la ɖoe da ɖi la ene. Yehowae de se sia to eƒe nyagblɔɖilawo dzi. 26 Ale Levitɔwo nɔ klalo kple David ƒe haƒonuwo eye nunɔlaawo nɔ klalo kple woƒe kpẽwo. 27 Hezekia ɖe gbe be woawɔ numevɔsa la le vɔsamlekpui la dzi. Esi wodze vɔsasa la gɔme la, hadzidzi na Yehowa hã dze egɔme eye kpẽkuku kple hadzidziŋunu siwo Israel fia David wɔ la kplɔe ɖo. 28 Esime hadzilawo nɔ ha dzim eye wonɔ kpẽawo kum la, ameha blibo la de ta agu hesubɔ. Esiawo yi edzi va se ɖe esime numevɔsa la wu enu. 29 Esi vɔsawo wu enu la, fia la kple ame siwo katã nɔ teƒea kplii la dze klo hesubɔ. 30 Fia Hezekia kple eŋumewo ɖe gbe na Levitɔwo be woakafu Yehowa kple David kple nukpɔla Asaf ƒe hagbewo. Ale wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ eye wode woƒe tawo agu hesubɔ. 31 Hezekia gblɔ be, “Míewu ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo nu, azɔ la, mitsɔ miaƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ.” Ale ameawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe tsɔ woƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ eye ame siwo lɔ̃ la, tsɔ numevɔsanuwo hã vɛ. 32 Nu siwo ameha la tsɔ vɛ na numevɔsa lae nye nyitsu blaadre, agbo alafa ɖeka (100) kple agbovi alafa eve (200). Wotsɔ nu siawo katã vɛ hena numevɔsasa na Yehowa. 33 Ke lã siwo ŋuti wokɔ abe vɔsalãwo ene la, le nyitsu alafa ade (600), alẽ kple gbɔ̃ akpe etɔ̃ (3,000). 34 Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ na numevɔ la sasa o, ale wo nɔvi Levitɔwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime wowu dɔ la nu eye va se ɖe esime nunɔla geɖewo va dɔwɔƒe la; elabena Levitɔwo nɔ klalo be yewoakɔ yewo ɖokuiwo ŋu wu ale si nunɔlawo nɔ klaloe. 35 Numevɔsawo sɔ gbɔ kpe ɖe woƒe nunovɔsawo ŋu eye akpedavɔsawo hã sɔ gbɔ.Ale wogadze mawusubɔsubɔ kple vɔwo sasa gɔme le gbedoxɔ la me. 36 Hezekia kple ameawo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu siwo Mawu wɔ le ɣeyiɣi kpui ma me la ta.

In Other Versions

2 Chronicles 29 in the ANGEFD

2 Chronicles 29 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 29 in the AS21

2 Chronicles 29 in the BAGH

2 Chronicles 29 in the BBPNG

2 Chronicles 29 in the BBT1E

2 Chronicles 29 in the BDS

2 Chronicles 29 in the BEV

2 Chronicles 29 in the BHAD

2 Chronicles 29 in the BIB

2 Chronicles 29 in the BLPT

2 Chronicles 29 in the BNT

2 Chronicles 29 in the BNTABOOT

2 Chronicles 29 in the BNTLV

2 Chronicles 29 in the BOATCB

2 Chronicles 29 in the BOATCB2

2 Chronicles 29 in the BOBCV

2 Chronicles 29 in the BOCNT

2 Chronicles 29 in the BOGWICC

2 Chronicles 29 in the BOHCB

2 Chronicles 29 in the BOHCV

2 Chronicles 29 in the BOHLNT

2 Chronicles 29 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 29 in the BOICB

2 Chronicles 29 in the BOILNTAP

2 Chronicles 29 in the BOITCV

2 Chronicles 29 in the BOKCV

2 Chronicles 29 in the BOKCV2

2 Chronicles 29 in the BOKHWOG

2 Chronicles 29 in the BOKSSV

2 Chronicles 29 in the BOLCB

2 Chronicles 29 in the BOLCB2

2 Chronicles 29 in the BOMCV

2 Chronicles 29 in the BONAV

2 Chronicles 29 in the BONCB

2 Chronicles 29 in the BONLT

2 Chronicles 29 in the BONUT2

2 Chronicles 29 in the BOPLNT

2 Chronicles 29 in the BOSCB

2 Chronicles 29 in the BOSNC

2 Chronicles 29 in the BOTLNT

2 Chronicles 29 in the BOVCB

2 Chronicles 29 in the BOYCB

2 Chronicles 29 in the BPBB

2 Chronicles 29 in the BPH

2 Chronicles 29 in the BSB

2 Chronicles 29 in the CCB

2 Chronicles 29 in the CUV

2 Chronicles 29 in the CUVS

2 Chronicles 29 in the DBT

2 Chronicles 29 in the DGDNT

2 Chronicles 29 in the DHNT

2 Chronicles 29 in the DNT

2 Chronicles 29 in the ELBE

2 Chronicles 29 in the EMTV

2 Chronicles 29 in the ESV

2 Chronicles 29 in the FBV

2 Chronicles 29 in the FEB

2 Chronicles 29 in the GGMNT

2 Chronicles 29 in the GNT

2 Chronicles 29 in the HARY

2 Chronicles 29 in the HNT

2 Chronicles 29 in the IRVA

2 Chronicles 29 in the IRVB

2 Chronicles 29 in the IRVG

2 Chronicles 29 in the IRVH

2 Chronicles 29 in the IRVK

2 Chronicles 29 in the IRVM

2 Chronicles 29 in the IRVM2

2 Chronicles 29 in the IRVO

2 Chronicles 29 in the IRVP

2 Chronicles 29 in the IRVT

2 Chronicles 29 in the IRVT2

2 Chronicles 29 in the IRVU

2 Chronicles 29 in the ISVN

2 Chronicles 29 in the JSNT

2 Chronicles 29 in the KAPI

2 Chronicles 29 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 29 in the KBV

2 Chronicles 29 in the KJV

2 Chronicles 29 in the KNFD

2 Chronicles 29 in the LBA

2 Chronicles 29 in the LBLA

2 Chronicles 29 in the LNT

2 Chronicles 29 in the LSV

2 Chronicles 29 in the MAAL

2 Chronicles 29 in the MBV

2 Chronicles 29 in the MBV2

2 Chronicles 29 in the MHNT

2 Chronicles 29 in the MKNFD

2 Chronicles 29 in the MNG

2 Chronicles 29 in the MNT

2 Chronicles 29 in the MNT2

2 Chronicles 29 in the MRS1T

2 Chronicles 29 in the NAA

2 Chronicles 29 in the NASB

2 Chronicles 29 in the NBLA

2 Chronicles 29 in the NBS

2 Chronicles 29 in the NBVTP

2 Chronicles 29 in the NET2

2 Chronicles 29 in the NIV11

2 Chronicles 29 in the NNT

2 Chronicles 29 in the NNT2

2 Chronicles 29 in the NNT3

2 Chronicles 29 in the PDDPT

2 Chronicles 29 in the PFNT

2 Chronicles 29 in the RMNT

2 Chronicles 29 in the SBIAS

2 Chronicles 29 in the SBIBS

2 Chronicles 29 in the SBIBS2

2 Chronicles 29 in the SBICS

2 Chronicles 29 in the SBIDS

2 Chronicles 29 in the SBIGS

2 Chronicles 29 in the SBIHS

2 Chronicles 29 in the SBIIS

2 Chronicles 29 in the SBIIS2

2 Chronicles 29 in the SBIIS3

2 Chronicles 29 in the SBIKS

2 Chronicles 29 in the SBIKS2

2 Chronicles 29 in the SBIMS

2 Chronicles 29 in the SBIOS

2 Chronicles 29 in the SBIPS

2 Chronicles 29 in the SBISS

2 Chronicles 29 in the SBITS

2 Chronicles 29 in the SBITS2

2 Chronicles 29 in the SBITS3

2 Chronicles 29 in the SBITS4

2 Chronicles 29 in the SBIUS

2 Chronicles 29 in the SBIVS

2 Chronicles 29 in the SBT

2 Chronicles 29 in the SBT1E

2 Chronicles 29 in the SCHL

2 Chronicles 29 in the SNT

2 Chronicles 29 in the SUSU

2 Chronicles 29 in the SUSU2

2 Chronicles 29 in the SYNO

2 Chronicles 29 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 29 in the TBT1E

2 Chronicles 29 in the TBT1E2

2 Chronicles 29 in the TFTIP

2 Chronicles 29 in the TFTU

2 Chronicles 29 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 29 in the THAI

2 Chronicles 29 in the TNFD

2 Chronicles 29 in the TNT

2 Chronicles 29 in the TNTIK

2 Chronicles 29 in the TNTIL

2 Chronicles 29 in the TNTIN

2 Chronicles 29 in the TNTIP

2 Chronicles 29 in the TNTIZ

2 Chronicles 29 in the TOMA

2 Chronicles 29 in the TTENT

2 Chronicles 29 in the UBG

2 Chronicles 29 in the UGV

2 Chronicles 29 in the UGV2

2 Chronicles 29 in the UGV3

2 Chronicles 29 in the VBL

2 Chronicles 29 in the VDCC

2 Chronicles 29 in the YALU

2 Chronicles 29 in the YAPE

2 Chronicles 29 in the YBVTP

2 Chronicles 29 in the ZBP