2 Chronicles 31 (BOECS)

1 Esi nu siawo katã wu enu la, Israelvi siwo katã nɔ afi ma la do go yi Yuda ƒe duwo me eye wogbã legbawo, heho aƒeliwo ƒu anyi, wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpui siwo katã nɔ Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase. Esi wotsrɔ̃ nu siawo katã vɔ megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woawo ŋutɔ ƒe duwo me eye woyi ɖanɔ woƒe aƒewo me. 2 Azɔ la, Hezekia ma nunɔlawo kple Levitɔwo ɖe hatsotsowo me hena nu vɔ̃ vɔsa kple akpedavɔ sasa eye be woasubɔ Yehowa, atsɔ akpedada kple kafukafu nɛ. 3 Ena vɔsalãwo tso eya ŋutɔ ƒe lãhawo me hena gbe sia gbe ŋdi kple fiẽ ƒe numevɔsawo kple Dzudzɔgbe kple Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple ƒe sia ƒe ƒe ŋkekenyui bubuwo ƒe numevɔsawo, abe ale si Mawu ƒe se la bia tso wo si ene. 4 Hekpe ɖe esiawo ŋu la, Fia Hezekia na be Yerusalemtɔwo natsɔ woƒe nuwo ƒe ewolia vɛ na nunɔlawo kple Levitɔwo ale be magahiã be woawɔ dɔ bubuwo o, ke boŋ woalé fɔ ɖe dɔ siwo Mawu ƒe se la ɖo na wo la ko ŋu vevie. 5 Esi sedede sia ɖo ameawo ƒe tome ko la, Israelviwo kɔ dɔme na woƒe kutsetse gbãtɔwo, wain yeye, ami kple anyitsi kple agblemenuku ɖe sia ɖe ƒomevi. Wotsɔ nu sɔgbɔwo vɛ siwo nye nu sia nu ƒe ewolia ƒe ɖeka. 6 Israelvi kple Yudatɔ siwo nɔ Yuda duwo me la hã tsɔ woƒe lãwo ƒe ewolia ƒe ɖeka kple nu kɔkɔe si wodzra ɖo na Yehowa, woƒe Mawu la ƒe ewolia ƒe ɖeka vɛ eye woli kɔ wo. 7 Wodze nu sia wɔwɔ gɔme le ɣleti etɔ̃lia me eye wowu enu le ɣleti adrelia me. 8 Esi Hezekia kple eƒe dziɖulawo kpɔ nu siwo woƒo ƒu ɖi la, wokafu Yehowa eye woyra eƒe amewo, Israelviwo. 9 Hezekia bia nunɔlawo kple Levitɔwo be, “Afi ka nu gbogbo siawo katã tso?” 10 nunɔlagã Azaria, tso Zadok ƒe hlɔ̃ me, ɖo eŋu be, “Esiawoe nye nuwo ƒe ewolia ƒe ɖeka! Míele nu ɖum tso nu siawo me kɔsiɖa geɖewo nye esi gake nu gbogbo siawo gasusɔ elabena Yehowa yra eƒe amewo.” 11 Hezekia ɖe gbe be woatu nudzraɖoƒexɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, ale wowɔe nenema. 12 Tete wowɔ nuteƒe hetsɔ woƒe nudzɔdzɔwo, nu ewoliawo kple nunana si woɖe ɖe aga la vɛ. Konania, Levitɔ, nɔ nu siawo nu eye nɔvia ŋutsu. Simei, nye ame si nye eƒe kpeɖeŋutɔ. 13 Yehiel, Azazia, Nahat, Asahel, Yerimɔt, Yozabad, Eliel, Ismakia, Mahat kple Benaya nye dɔdzikpɔlawo nɔ Konania kple nɔvia ŋutsu Simei te le Fia Hezekia kple Azaria, Mawu ƒe gbedoxɔ dzikpɔla la ƒe ɖoɖo nu. 14 Kore, Levitɔ, Imna ƒe viŋutsu, Ɣedzeƒegbo la nudzɔla nɔ lɔlɔ̃nununana siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi kpɔm. Enɔ nu siwo wodzɔ na Yehowa la kple nunana siwo ŋu wokɔ la mam. 15 Eden, Miniamin, Yesua, Semaya, Amaria kple Sekania kpe ɖe eŋu le nuteƒewɔwɔ me le nunɔlawo ƒe duwo me le numama na wo nɔvi nunɔlawo me ɖe woƒe hatsotsowo nu na tsitsiawo kple ɖeviawo siaa. 16 Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, woma nu na viŋutsu siwo xɔ ƒe etɔ̃ alo wu nenema, ame siwo ƒe ŋkɔwo menɔ dzidzimegbalẽ la me o, ame siwo dze be woayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be woawɔ woƒe gbe sia gbe dɔdeasiwo le dɔ vovovo siwo woɖo na wo ɖe woƒe hatsotsowo me nu. 17 Eye woma nuwo na nunɔlawo, ame siwo ŋkɔ woƒe ƒomewo ŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽawo me. Nenema kee wowɔ na Levitɔ siwo xɔ ƒe blaeve alo wu, le woƒe dɔdeasiwo kple woƒe hatsotsowo nu. 18 Ame siwo hã ƒe ŋkɔwo nɔ dzidzimegbalẽawo me la woe nye: ɖevi suewo, srɔ̃nyɔnuwo kple dukɔ blibo la ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo elabena wowɔ nuteƒe le wo ɖokuiwo ŋu kɔkɔ me. 19 Wotia nunɔla ɖeka le du ɖe sia ɖe si me nunɔlawo, Aron ƒe viwo, nɔ la me be wòama nuɖuɖu kple nu bubuwo na nunɔla siwo le nuto me ma kple Levitɔ siwo katã ŋkɔ wode agbalẽ me. 20 Ale Fia Hezekia wɔ ɖoɖo ɖe numama ŋu le Yudanyigba blibo la dzi; ewɔ nu si nyo eye wòdze la, le Yehowa, eƒe Mawu la ŋkume. 21 Edze agbagba vevie be yeana ameawo nabu gbedoxɔ la kple se la eye woanɔ agbe si adze Mawu ŋu. Nu siawo katã dze edzi nɛ nyuie.

In Other Versions

2 Chronicles 31 in the ANGEFD

2 Chronicles 31 in the ANTPNG2D

2 Chronicles 31 in the AS21

2 Chronicles 31 in the BAGH

2 Chronicles 31 in the BBPNG

2 Chronicles 31 in the BBT1E

2 Chronicles 31 in the BDS

2 Chronicles 31 in the BEV

2 Chronicles 31 in the BHAD

2 Chronicles 31 in the BIB

2 Chronicles 31 in the BLPT

2 Chronicles 31 in the BNT

2 Chronicles 31 in the BNTABOOT

2 Chronicles 31 in the BNTLV

2 Chronicles 31 in the BOATCB

2 Chronicles 31 in the BOATCB2

2 Chronicles 31 in the BOBCV

2 Chronicles 31 in the BOCNT

2 Chronicles 31 in the BOGWICC

2 Chronicles 31 in the BOHCB

2 Chronicles 31 in the BOHCV

2 Chronicles 31 in the BOHLNT

2 Chronicles 31 in the BOHNTLTAL

2 Chronicles 31 in the BOICB

2 Chronicles 31 in the BOILNTAP

2 Chronicles 31 in the BOITCV

2 Chronicles 31 in the BOKCV

2 Chronicles 31 in the BOKCV2

2 Chronicles 31 in the BOKHWOG

2 Chronicles 31 in the BOKSSV

2 Chronicles 31 in the BOLCB

2 Chronicles 31 in the BOLCB2

2 Chronicles 31 in the BOMCV

2 Chronicles 31 in the BONAV

2 Chronicles 31 in the BONCB

2 Chronicles 31 in the BONLT

2 Chronicles 31 in the BONUT2

2 Chronicles 31 in the BOPLNT

2 Chronicles 31 in the BOSCB

2 Chronicles 31 in the BOSNC

2 Chronicles 31 in the BOTLNT

2 Chronicles 31 in the BOVCB

2 Chronicles 31 in the BOYCB

2 Chronicles 31 in the BPBB

2 Chronicles 31 in the BPH

2 Chronicles 31 in the BSB

2 Chronicles 31 in the CCB

2 Chronicles 31 in the CUV

2 Chronicles 31 in the CUVS

2 Chronicles 31 in the DBT

2 Chronicles 31 in the DGDNT

2 Chronicles 31 in the DHNT

2 Chronicles 31 in the DNT

2 Chronicles 31 in the ELBE

2 Chronicles 31 in the EMTV

2 Chronicles 31 in the ESV

2 Chronicles 31 in the FBV

2 Chronicles 31 in the FEB

2 Chronicles 31 in the GGMNT

2 Chronicles 31 in the GNT

2 Chronicles 31 in the HARY

2 Chronicles 31 in the HNT

2 Chronicles 31 in the IRVA

2 Chronicles 31 in the IRVB

2 Chronicles 31 in the IRVG

2 Chronicles 31 in the IRVH

2 Chronicles 31 in the IRVK

2 Chronicles 31 in the IRVM

2 Chronicles 31 in the IRVM2

2 Chronicles 31 in the IRVO

2 Chronicles 31 in the IRVP

2 Chronicles 31 in the IRVT

2 Chronicles 31 in the IRVT2

2 Chronicles 31 in the IRVU

2 Chronicles 31 in the ISVN

2 Chronicles 31 in the JSNT

2 Chronicles 31 in the KAPI

2 Chronicles 31 in the KBT1ETNIK

2 Chronicles 31 in the KBV

2 Chronicles 31 in the KJV

2 Chronicles 31 in the KNFD

2 Chronicles 31 in the LBA

2 Chronicles 31 in the LBLA

2 Chronicles 31 in the LNT

2 Chronicles 31 in the LSV

2 Chronicles 31 in the MAAL

2 Chronicles 31 in the MBV

2 Chronicles 31 in the MBV2

2 Chronicles 31 in the MHNT

2 Chronicles 31 in the MKNFD

2 Chronicles 31 in the MNG

2 Chronicles 31 in the MNT

2 Chronicles 31 in the MNT2

2 Chronicles 31 in the MRS1T

2 Chronicles 31 in the NAA

2 Chronicles 31 in the NASB

2 Chronicles 31 in the NBLA

2 Chronicles 31 in the NBS

2 Chronicles 31 in the NBVTP

2 Chronicles 31 in the NET2

2 Chronicles 31 in the NIV11

2 Chronicles 31 in the NNT

2 Chronicles 31 in the NNT2

2 Chronicles 31 in the NNT3

2 Chronicles 31 in the PDDPT

2 Chronicles 31 in the PFNT

2 Chronicles 31 in the RMNT

2 Chronicles 31 in the SBIAS

2 Chronicles 31 in the SBIBS

2 Chronicles 31 in the SBIBS2

2 Chronicles 31 in the SBICS

2 Chronicles 31 in the SBIDS

2 Chronicles 31 in the SBIGS

2 Chronicles 31 in the SBIHS

2 Chronicles 31 in the SBIIS

2 Chronicles 31 in the SBIIS2

2 Chronicles 31 in the SBIIS3

2 Chronicles 31 in the SBIKS

2 Chronicles 31 in the SBIKS2

2 Chronicles 31 in the SBIMS

2 Chronicles 31 in the SBIOS

2 Chronicles 31 in the SBIPS

2 Chronicles 31 in the SBISS

2 Chronicles 31 in the SBITS

2 Chronicles 31 in the SBITS2

2 Chronicles 31 in the SBITS3

2 Chronicles 31 in the SBITS4

2 Chronicles 31 in the SBIUS

2 Chronicles 31 in the SBIVS

2 Chronicles 31 in the SBT

2 Chronicles 31 in the SBT1E

2 Chronicles 31 in the SCHL

2 Chronicles 31 in the SNT

2 Chronicles 31 in the SUSU

2 Chronicles 31 in the SUSU2

2 Chronicles 31 in the SYNO

2 Chronicles 31 in the TBIAOTANT

2 Chronicles 31 in the TBT1E

2 Chronicles 31 in the TBT1E2

2 Chronicles 31 in the TFTIP

2 Chronicles 31 in the TFTU

2 Chronicles 31 in the TGNTATF3T

2 Chronicles 31 in the THAI

2 Chronicles 31 in the TNFD

2 Chronicles 31 in the TNT

2 Chronicles 31 in the TNTIK

2 Chronicles 31 in the TNTIL

2 Chronicles 31 in the TNTIN

2 Chronicles 31 in the TNTIP

2 Chronicles 31 in the TNTIZ

2 Chronicles 31 in the TOMA

2 Chronicles 31 in the TTENT

2 Chronicles 31 in the UBG

2 Chronicles 31 in the UGV

2 Chronicles 31 in the UGV2

2 Chronicles 31 in the UGV3

2 Chronicles 31 in the VBL

2 Chronicles 31 in the VDCC

2 Chronicles 31 in the YALU

2 Chronicles 31 in the YAPE

2 Chronicles 31 in the YBVTP

2 Chronicles 31 in the ZBP