2 Kings 15 (BOECS)

1 Le Yeroboam Evelia, Israel fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-adrelia me la, Azaria, Yuda fia Amazia ƒe viŋutsu dze fiaɖuɖu gɔme. 2 Exɔ ƒe wuiade esi wòzu fia eye wòɖu dzi le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ eve. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem. 3 Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene 4 gake, Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. 5 Le esia ta la, Yehowa na wòdze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Woɖe kpɔ eya ɖeka da ɖe aƒe aɖe me ale via Yotam wɔ dɔ ɖe eteƒe abe fiateƒenɔla ene. 6 Woŋlɔ Fia Azaria ƒe ŋutinya mamlɛa kple nu siwo katã wòwɔ la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 7 Esi Azaria ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo gbɔ le David ƒe du la me eye via Yotam ɖu fia ɖe eteƒe. 8 Israel fia yeye lae nye Zekaria, fofoae nye Yeroboam Evelia. Eɖu fia ɣleti ade ko. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyilia me. 9 Ke Zekaria nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume, abe fofoawo ene. Ena Israel wɔ nu vɔ̃ to legbawo subɔsubɔ me abe Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi ene. 10 Salum, Yabes ƒe vi ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le lbleam eye wòzu fia ɖe eteƒe. 11 Woŋlɔ Zekaria ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 12 Ale nya si Yehowa gblɔ na Yehu be, “Wò dzidzimeviwo aɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi” la va eme. 13 Israel fia yeye lae nye Salum. Fofoae nye Yabes. Eɖu fia ɣleti ɖeka pɛ ko. Yuda fia Azaria, ame si wogayɔna be Uzia la nɔ eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me. 14 Le Salum ƒe fiaɖuɖu ɣleti ɖeka megbe la, Menahem, Gadi ƒe vi tso Tirza va Samaria eye wòwui. Ale Menahem zu fia ɖe eteƒe. 15 Woŋlɔ nya bubuwo tso Fia Salum kple eƒe nugbeɖoɖowo ŋu ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 16 Fia Menahem gbã Tapua du kple kɔƒe siwo ƒo xlãe elabena ameawo gbe be yewomaxɔe abe woƒe fia ene o. Ewu ameawo katã eye wòdze ƒodo le funɔwo nu. 17 Israel fia yeye lae nye Menahem, Gadi ƒe vi. Eɖu fia ƒe ewo le Samaria. Edze fiaɖuɖu gɔme le Yuda fia, Azaria ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-asiekɛlia me. 18 Menahem nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume. Esubɔ legbawo abe ale si Yeroboam Gbãtɔ wɔ xoxoxo la ene eye wòhe Israel de nu vɔ̃ me. 19 Pul, Asiria fia ho aʋa ɖe Israel ŋu eye Menahem tsɔ klosaloga kilogram akpe blaetɔ̃ vɔ ade nɛ be wòakpe ɖe ye ŋu fiaɖuƒe la nanɔ ye si. 20 Menahem xɔ ga sia le Israelviwo si sesẽtɔe. Ele na hotsuitɔ ɖe sia ɖe be wòana klosaloga kilogram afã be woatsɔ ana Asiria fia. Ale Asiria fia dzudzɔ aʋa la hoho ɖe eŋu eye wòdzo le anyigba la dzi. 21 Woŋlɔ Fia Menahem ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 22 Esi wòku la, via Pekahia zu fia ɖe eteƒe. 23 Israel fia yeye lae nye Pekahia, fofoae nye Menahem. Eɖu fia ƒe eve le Samaria. Esime Yuda fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ la, Pekahia dze fiaɖuɖu gɔme. 24 Pekahia nye fia vɔ̃di aɖe le Yehowa ŋkume. Eyi legbasubɔsubɔ si gɔme Fia Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, dze la dzi eye wòkplɔ Israel to nu vɔ̃ mɔ ma dzi. 25 Peka, Remalia ƒe vi, aʋafiawo dometɔ ɖeka wɔ babla kple Gileadtɔ blaatɔ̃ ɖe eŋu eye wowui le fiasã la me le Samaria. Wowu Argɔb kple Arieh kpe ɖe eŋu. Ale Peka zu fia yeye la. 26 Woŋlɔ Fia Pekahia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 27 Israel fia yeye lae nye Peka, Remalia ƒe vi. Eɖu fia ƒe blaeve le Samaria le esime Fia Azaria ɖu fia ƒe blaatɔ̃ vɔ eve xoxo le Yuda. 28 Peka hã nye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume; eya hã wɔ nu vɔ̃ si Yeroboam Gbãtɔ, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel blibo la de legbasubɔsubɔ me la wɔ. 29 Eƒe fiaɖuɣi mee Asiria fia, Tiglat Pilser, ame si wogayɔna be Pul la ho aʋa ɖe Israel ŋu. Du siwo dzi wòɖu la woe nye Iyɔn, Abel Bet Maka, Yanoa, Kedes kple Hazor. Exɔ Gilead kple Galilea hã hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. Eɖe aboyo amewo yi Asiria. 30 Hosea, Ela ƒe vi ɖo nugbe ɖe Peka ŋu eye wòwui, ale Hosea zu fia yeye la.Israel fia yeye lae nye Hosea. Eɖu fia le Israel le esime Yotam, Uzia ƒe vi ɖu fia ƒe blaeve le Yuda. 31 Woŋlɔ Peka ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 32 Le Peka, Remalia ƒe viŋutsu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia le Israel me la, Yotam, Uzia ƒe vi, dze fiaɖuɖu gɔme le Yuda. 33 Exɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòɖu fia eye wòɖu fia ƒe wuiade le Yerusalem. Dadae ŋkɔe nye Yerusa, Zadok ƒe vinyɔnu. 34 Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. 35 Megbã nuxeƒewo le toawo dzi o, ale ameawo gasaa vɔ eye wogadoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma kokoko. Yotam gbugbɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe Dzigbegbo la tu. 36 Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 37 Le ŋkeke mawo me la, Yehowa na Siria fia Rezin kple Israel fia Peka ho aʋa ɖe Yuda ŋuti. 38 Esi Yotam ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa de si nye David ƒe du la me. Yotam ƒe vi Ahaz zu fia yeye la.

In Other Versions

2 Kings 15 in the ANGEFD

2 Kings 15 in the ANTPNG2D

2 Kings 15 in the AS21

2 Kings 15 in the BAGH

2 Kings 15 in the BBPNG

2 Kings 15 in the BBT1E

2 Kings 15 in the BDS

2 Kings 15 in the BEV

2 Kings 15 in the BHAD

2 Kings 15 in the BIB

2 Kings 15 in the BLPT

2 Kings 15 in the BNT

2 Kings 15 in the BNTABOOT

2 Kings 15 in the BNTLV

2 Kings 15 in the BOATCB

2 Kings 15 in the BOATCB2

2 Kings 15 in the BOBCV

2 Kings 15 in the BOCNT

2 Kings 15 in the BOGWICC

2 Kings 15 in the BOHCB

2 Kings 15 in the BOHCV

2 Kings 15 in the BOHLNT

2 Kings 15 in the BOHNTLTAL

2 Kings 15 in the BOICB

2 Kings 15 in the BOILNTAP

2 Kings 15 in the BOITCV

2 Kings 15 in the BOKCV

2 Kings 15 in the BOKCV2

2 Kings 15 in the BOKHWOG

2 Kings 15 in the BOKSSV

2 Kings 15 in the BOLCB

2 Kings 15 in the BOLCB2

2 Kings 15 in the BOMCV

2 Kings 15 in the BONAV

2 Kings 15 in the BONCB

2 Kings 15 in the BONLT

2 Kings 15 in the BONUT2

2 Kings 15 in the BOPLNT

2 Kings 15 in the BOSCB

2 Kings 15 in the BOSNC

2 Kings 15 in the BOTLNT

2 Kings 15 in the BOVCB

2 Kings 15 in the BOYCB

2 Kings 15 in the BPBB

2 Kings 15 in the BPH

2 Kings 15 in the BSB

2 Kings 15 in the CCB

2 Kings 15 in the CUV

2 Kings 15 in the CUVS

2 Kings 15 in the DBT

2 Kings 15 in the DGDNT

2 Kings 15 in the DHNT

2 Kings 15 in the DNT

2 Kings 15 in the ELBE

2 Kings 15 in the EMTV

2 Kings 15 in the ESV

2 Kings 15 in the FBV

2 Kings 15 in the FEB

2 Kings 15 in the GGMNT

2 Kings 15 in the GNT

2 Kings 15 in the HARY

2 Kings 15 in the HNT

2 Kings 15 in the IRVA

2 Kings 15 in the IRVB

2 Kings 15 in the IRVG

2 Kings 15 in the IRVH

2 Kings 15 in the IRVK

2 Kings 15 in the IRVM

2 Kings 15 in the IRVM2

2 Kings 15 in the IRVO

2 Kings 15 in the IRVP

2 Kings 15 in the IRVT

2 Kings 15 in the IRVT2

2 Kings 15 in the IRVU

2 Kings 15 in the ISVN

2 Kings 15 in the JSNT

2 Kings 15 in the KAPI

2 Kings 15 in the KBT1ETNIK

2 Kings 15 in the KBV

2 Kings 15 in the KJV

2 Kings 15 in the KNFD

2 Kings 15 in the LBA

2 Kings 15 in the LBLA

2 Kings 15 in the LNT

2 Kings 15 in the LSV

2 Kings 15 in the MAAL

2 Kings 15 in the MBV

2 Kings 15 in the MBV2

2 Kings 15 in the MHNT

2 Kings 15 in the MKNFD

2 Kings 15 in the MNG

2 Kings 15 in the MNT

2 Kings 15 in the MNT2

2 Kings 15 in the MRS1T

2 Kings 15 in the NAA

2 Kings 15 in the NASB

2 Kings 15 in the NBLA

2 Kings 15 in the NBS

2 Kings 15 in the NBVTP

2 Kings 15 in the NET2

2 Kings 15 in the NIV11

2 Kings 15 in the NNT

2 Kings 15 in the NNT2

2 Kings 15 in the NNT3

2 Kings 15 in the PDDPT

2 Kings 15 in the PFNT

2 Kings 15 in the RMNT

2 Kings 15 in the SBIAS

2 Kings 15 in the SBIBS

2 Kings 15 in the SBIBS2

2 Kings 15 in the SBICS

2 Kings 15 in the SBIDS

2 Kings 15 in the SBIGS

2 Kings 15 in the SBIHS

2 Kings 15 in the SBIIS

2 Kings 15 in the SBIIS2

2 Kings 15 in the SBIIS3

2 Kings 15 in the SBIKS

2 Kings 15 in the SBIKS2

2 Kings 15 in the SBIMS

2 Kings 15 in the SBIOS

2 Kings 15 in the SBIPS

2 Kings 15 in the SBISS

2 Kings 15 in the SBITS

2 Kings 15 in the SBITS2

2 Kings 15 in the SBITS3

2 Kings 15 in the SBITS4

2 Kings 15 in the SBIUS

2 Kings 15 in the SBIVS

2 Kings 15 in the SBT

2 Kings 15 in the SBT1E

2 Kings 15 in the SCHL

2 Kings 15 in the SNT

2 Kings 15 in the SUSU

2 Kings 15 in the SUSU2

2 Kings 15 in the SYNO

2 Kings 15 in the TBIAOTANT

2 Kings 15 in the TBT1E

2 Kings 15 in the TBT1E2

2 Kings 15 in the TFTIP

2 Kings 15 in the TFTU

2 Kings 15 in the TGNTATF3T

2 Kings 15 in the THAI

2 Kings 15 in the TNFD

2 Kings 15 in the TNT

2 Kings 15 in the TNTIK

2 Kings 15 in the TNTIL

2 Kings 15 in the TNTIN

2 Kings 15 in the TNTIP

2 Kings 15 in the TNTIZ

2 Kings 15 in the TOMA

2 Kings 15 in the TTENT

2 Kings 15 in the UBG

2 Kings 15 in the UGV

2 Kings 15 in the UGV2

2 Kings 15 in the UGV3

2 Kings 15 in the VBL

2 Kings 15 in the VDCC

2 Kings 15 in the YALU

2 Kings 15 in the YAPE

2 Kings 15 in the YBVTP

2 Kings 15 in the ZBP