2 Kings 19 (BOECS)

1 Esi Fia Hezekia se nya siawo la, edze eƒe awuwo, ta akpanya eye wòyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me. 2 Egblɔ na Eliakim, Sebna kple nunɔla tsitsitɔ aɖewo be woata akpanya eye woayi Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi gbɔ agblɔ nɛ be, 3 “Fia Hezekia be, ‘Egbee nye xaxagbe, amedzugbe kple vlodoamegbe. Ele abe ale si nyɔnu aɖe anɔ ku lém gake ŋusẽ mele eŋu wòasii adzi o la ene. 4 Ɖewohĩ, Yehowa, wò Mawu la se ale si Asiriatɔwo ƒe aʋafia la tsi tsitre ɖe Mawu gbagbe la ŋu eye wòaka mo nɛ. Oo, do gbe ɖa ɖe mí ame ʋɛ siwo susɔ la ta.’ ” 5 Esi Fia Hezekia ƒe ame dɔdɔwo va Yesaya gbɔ la, 6 Yesaya gblɔ na wo be, “Migblɔ na miaƒe aƒetɔ be, ‘Nu si Yehowa gblɔe nye esi: migavɔ̃ nu si miese, busunya siwo Asiria fia teviwo gblɔ ɖe ŋutinye la o. 7 Miɖo to afii: mele gbɔgbɔ aɖe de ge eme, ale be ne nutsotso aɖewo va ɖo egbɔ la, atrɔ ayi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye le afi ma, mana wòatsi yi nu.’ ” 8 Esi aʋafia si le aʋakɔ siwo le gbea dzi dzi kpɔm la se bena, Asiria fia dzo le Lakis la, etrɔ dzo yi aƒe eye wòkpɔ fia la le aʋa wɔm kple Libna. 9 Azɔ gbe va na Senakerib be, Tirhaka, Kus fia, si le Egipte ƒe dzigbeme lɔƒo la ho aʋa gbɔna edzi dze ge. Ke egadɔ amewo ɖo ɖe fia Hezekia gbɔ be woagblɔ nɛ be, 10 “Migblɔ na Hezekia, Yuda fia be, ‘Mègana mawu si ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la nable wò o,’ esi wògblɔ be, ‘Womatsɔ Yerusalem ade asi na Asiria fia o.’ 11 Ènya nu siwo Asiria fia wɔ le afi sia afi si wòyi la nyuie; wogblẽ nu sia nu. Nu ka ta tɔwò ato vovo tso bubuawo tɔ gbɔ? 12 Ɖe dukɔ bubuwo abe Gozan, Haran, Rezef kple Eden le Tel Asa ƒe anyigba ene ƒe mawuwo te ŋu ɖe woa? Asiria fia siwo do ŋgɔ nam la tsrɔ̃ wo katã! 13 Afi ka Hamat fia kple Arpad fia le? Nu kae wɔ Sefarvaim kple Hena kple Iva ƒe fiawo?” 14 Fia Hezekia xɔ agbalẽ la le ame dɔdɔwo si, xlẽe eye wòyi gbedoxɔ me be yeatsɔe aɖo Yehowa ŋkume. 15 Emegbe la, edo gbe ɖa na Yehowa be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si nɔ kerubiwo dome, wò koe nye Mawu ɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Wòe wɔ dziƒo kple anyigba. 16 O! Yehowa, ƒu to anyi, eye nàse nu. Ʋu wò ŋkuwo, eye nàkpɔ nu. Se nya siwo Senakerib tsɔ do vlo Mawu gbagbe lae ɖa. 17 “Yehowa, enye nyateƒe be Asiria fia ɖu dukɔ siawo katã dzi 18 eye wòtɔ dzo woƒe mawuwo elabena menye mawuwoe wonye o, ke boŋ ati kple kpee wonye. Amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔwoe wonye. 19 Ke azɔ, O! Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso eƒe asi me be fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la nanya be wò koe nye Yehowa.” 20 Tete Yesaya, Amoz ƒe vi ɖo du ɖe Hezekia be, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mese wò gbedodoɖa tso Senakerib, Asiria fia, ŋuti. 21 Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe eŋuti:“ ‘Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la,do vlo wò eye wòɖu fewu le ŋutiwò.Yerusalem vinyɔnuʋuʋu ta esi nèlé du tsɔ. 22 Ame kae nèdzu hegblɔ busunya ɖe eŋuti?Ame ka ŋutie nèkɔ wò gbe dzi ɖoeye nètro ŋku kpɔe dadatɔe?Ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋutie! 23 Èdɔ wò dɔlawobe woali kɔ dzu ɖe Yehowa dzi.Ègblɔ be,“Metsɔ nye tasiaɖamwo lia towo tameeye mede keke Lebanon to kɔkɔwo tame.Melã sedati kɔkɔwokple sesewuti nyuitɔwo ƒu anyi.Meɖo eƒe anyigba ƒe mlɔenu kekple eƒe ave nyuitɔwo tame. 24 Meɖe vudo ɖe dzronyigbadzi heno tsi le afi ma.Metsɔ nye afɔƒomefanya Egipte ale gbegbe be eƒe tɔsisiwo katã mie.” 25 “ ‘Mèsee do ŋgɔ oa?Megblɔ nu sia da ɖi tso blema ke.Mewɔ ɖoɖo ɖe eŋu tso gbe aɖe gbe ʋĩi;ke azɔ la, mena wòva eme be, du siwo ŋuwoɖo gli sesẽwo ɖo la zu anyiglago. 26 Ŋusẽ vɔ le woƒe amewo ŋueye vɔvɔ̃ kple ŋukpe lé wo.Ale wole abe gbe le gbedzi,gbe damawo kple gbe si mie ɖe xɔtaeye ŋdɔ ɖui wòku hafi wòva tsi la ene. 27 “ ‘Ke menya afi si nèle,wò dodo kple gbɔgbɔkple ale si nèdo dziku ɖe ŋutinye. 28 Esi nèdo dɔmedzoe ɖe ŋutinye,eye wò amemabumabu va ɖo nye to me ta la,matsɔ nye lãɖeƒu ade ŋɔti me na wò,made numega nu me na wò,eye mana mɔ si nèto vala nàgato eya ke dzi adzo.’ 29 “Esia anye dzesi na wò, Oo Hezekia:“Ƒe sia me la, miaɖu nuku siwo mie le wo ɖokui si,ne ƒe trɔ la, miagaɖu esiwo susɔ.Ke le ƒe etɔ̃lia me la, miaƒã nu, miaxa nu,miade waingble eye miaɖu eme kutsetsewo. 30 Ava eme be ame siwo susɔ na Yuda ƒe aƒe lawoato ke, eye woatse ku. 31 Elabena ame aɖewo asusɔ tso Yerusalem nɔlawo domeeye ame siwo tsi agbe la ado tso Zion to la dzi. “Yehowa Ŋusẽkatãtɔ ƒe didi vevie ana esia nava eme. 32 “Eya ta ale Yehowa gblɔ ɖe Asiria fia ŋue nye esi:“ ‘Mage ɖe du sia mealo ada aŋutrɔ ɖeka pɛ le afi sia o.Mava afi sia kple eƒe akpoxɔnualo aƒu kpo ɖe du sia ŋuti o. 33 Mɔ si wòto va la, eya ke dzie wòato adzo.Mage ɖe du sia me akpɔ gbeɖe o.Yehowae gblɔe. 34 Maʋli du sia ta eye maɖe du siale nye ŋutɔ nye ŋkɔ kple nye dɔla, David ta.’ ” 35 Emegbe Yehowa ƒe dɔla yi ɖe Asiriatɔwo ƒe aʋasaɖa la me hewu ame akpe alafa ɖeka blaenyi-vɔ-atɔ̃. Esi amewo fɔ ŋdi la, kpɔ ɖa ame kukuwo sɔŋ koe wokpɔ. 36 Ale Asiria fia, Senakerib kaka asaɖa la eye wòho dzo. Etrɔ yi Ninive eye wònɔ afi ma. 37 Gbe ɖeka esi wònɔ gbe dom ɖa le eƒe mawu, Nisrɔk ƒe gbedoxɔ me la, Via ŋutsu eve, Adramelek kple Sarezer, wowui kple yi hesi yi Ararat eye via Esarhadon ɖu fia ɖe eteƒe.

In Other Versions

2 Kings 19 in the ANGEFD

2 Kings 19 in the ANTPNG2D

2 Kings 19 in the AS21

2 Kings 19 in the BAGH

2 Kings 19 in the BBPNG

2 Kings 19 in the BBT1E

2 Kings 19 in the BDS

2 Kings 19 in the BEV

2 Kings 19 in the BHAD

2 Kings 19 in the BIB

2 Kings 19 in the BLPT

2 Kings 19 in the BNT

2 Kings 19 in the BNTABOOT

2 Kings 19 in the BNTLV

2 Kings 19 in the BOATCB

2 Kings 19 in the BOATCB2

2 Kings 19 in the BOBCV

2 Kings 19 in the BOCNT

2 Kings 19 in the BOGWICC

2 Kings 19 in the BOHCB

2 Kings 19 in the BOHCV

2 Kings 19 in the BOHLNT

2 Kings 19 in the BOHNTLTAL

2 Kings 19 in the BOICB

2 Kings 19 in the BOILNTAP

2 Kings 19 in the BOITCV

2 Kings 19 in the BOKCV

2 Kings 19 in the BOKCV2

2 Kings 19 in the BOKHWOG

2 Kings 19 in the BOKSSV

2 Kings 19 in the BOLCB

2 Kings 19 in the BOLCB2

2 Kings 19 in the BOMCV

2 Kings 19 in the BONAV

2 Kings 19 in the BONCB

2 Kings 19 in the BONLT

2 Kings 19 in the BONUT2

2 Kings 19 in the BOPLNT

2 Kings 19 in the BOSCB

2 Kings 19 in the BOSNC

2 Kings 19 in the BOTLNT

2 Kings 19 in the BOVCB

2 Kings 19 in the BOYCB

2 Kings 19 in the BPBB

2 Kings 19 in the BPH

2 Kings 19 in the BSB

2 Kings 19 in the CCB

2 Kings 19 in the CUV

2 Kings 19 in the CUVS

2 Kings 19 in the DBT

2 Kings 19 in the DGDNT

2 Kings 19 in the DHNT

2 Kings 19 in the DNT

2 Kings 19 in the ELBE

2 Kings 19 in the EMTV

2 Kings 19 in the ESV

2 Kings 19 in the FBV

2 Kings 19 in the FEB

2 Kings 19 in the GGMNT

2 Kings 19 in the GNT

2 Kings 19 in the HARY

2 Kings 19 in the HNT

2 Kings 19 in the IRVA

2 Kings 19 in the IRVB

2 Kings 19 in the IRVG

2 Kings 19 in the IRVH

2 Kings 19 in the IRVK

2 Kings 19 in the IRVM

2 Kings 19 in the IRVM2

2 Kings 19 in the IRVO

2 Kings 19 in the IRVP

2 Kings 19 in the IRVT

2 Kings 19 in the IRVT2

2 Kings 19 in the IRVU

2 Kings 19 in the ISVN

2 Kings 19 in the JSNT

2 Kings 19 in the KAPI

2 Kings 19 in the KBT1ETNIK

2 Kings 19 in the KBV

2 Kings 19 in the KJV

2 Kings 19 in the KNFD

2 Kings 19 in the LBA

2 Kings 19 in the LBLA

2 Kings 19 in the LNT

2 Kings 19 in the LSV

2 Kings 19 in the MAAL

2 Kings 19 in the MBV

2 Kings 19 in the MBV2

2 Kings 19 in the MHNT

2 Kings 19 in the MKNFD

2 Kings 19 in the MNG

2 Kings 19 in the MNT

2 Kings 19 in the MNT2

2 Kings 19 in the MRS1T

2 Kings 19 in the NAA

2 Kings 19 in the NASB

2 Kings 19 in the NBLA

2 Kings 19 in the NBS

2 Kings 19 in the NBVTP

2 Kings 19 in the NET2

2 Kings 19 in the NIV11

2 Kings 19 in the NNT

2 Kings 19 in the NNT2

2 Kings 19 in the NNT3

2 Kings 19 in the PDDPT

2 Kings 19 in the PFNT

2 Kings 19 in the RMNT

2 Kings 19 in the SBIAS

2 Kings 19 in the SBIBS

2 Kings 19 in the SBIBS2

2 Kings 19 in the SBICS

2 Kings 19 in the SBIDS

2 Kings 19 in the SBIGS

2 Kings 19 in the SBIHS

2 Kings 19 in the SBIIS

2 Kings 19 in the SBIIS2

2 Kings 19 in the SBIIS3

2 Kings 19 in the SBIKS

2 Kings 19 in the SBIKS2

2 Kings 19 in the SBIMS

2 Kings 19 in the SBIOS

2 Kings 19 in the SBIPS

2 Kings 19 in the SBISS

2 Kings 19 in the SBITS

2 Kings 19 in the SBITS2

2 Kings 19 in the SBITS3

2 Kings 19 in the SBITS4

2 Kings 19 in the SBIUS

2 Kings 19 in the SBIVS

2 Kings 19 in the SBT

2 Kings 19 in the SBT1E

2 Kings 19 in the SCHL

2 Kings 19 in the SNT

2 Kings 19 in the SUSU

2 Kings 19 in the SUSU2

2 Kings 19 in the SYNO

2 Kings 19 in the TBIAOTANT

2 Kings 19 in the TBT1E

2 Kings 19 in the TBT1E2

2 Kings 19 in the TFTIP

2 Kings 19 in the TFTU

2 Kings 19 in the TGNTATF3T

2 Kings 19 in the THAI

2 Kings 19 in the TNFD

2 Kings 19 in the TNT

2 Kings 19 in the TNTIK

2 Kings 19 in the TNTIL

2 Kings 19 in the TNTIN

2 Kings 19 in the TNTIP

2 Kings 19 in the TNTIZ

2 Kings 19 in the TOMA

2 Kings 19 in the TTENT

2 Kings 19 in the UBG

2 Kings 19 in the UGV

2 Kings 19 in the UGV2

2 Kings 19 in the UGV3

2 Kings 19 in the VBL

2 Kings 19 in the VDCC

2 Kings 19 in the YALU

2 Kings 19 in the YAPE

2 Kings 19 in the YBVTP

2 Kings 19 in the ZBP