2 Kings 22 (BOECS)

1 Yosia xɔ ƒe enyi esi woɖoe fiae. Eɖu fia ƒe blaetɔ̃-vɔ-ɖekɛ le Yerusalem. Dadae nye Yedida si nye Adaya tso Bozkat la ƒe vinyɔnu. 2 Ewɔ nu si nyo le Yehowa ŋkume eye wòto tɔgbuia David ƒe afɔtoƒewo pɛpɛpɛ. Medze ɖe ɖusime alo miame o. 3 Le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Yosia ɖo eƒe nuŋlɔla Safan, Azalia ƒe viŋutsu, ame si nye Mesulam ƒe tɔgbuiyɔvi la ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Egblɔ be, 4 “Yi Hilkia, nunɔlagã la gbɔ wòaƒo ƒu ga si wotsɔ va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, si nye ga si agbonudzɔlawo xɔ tso ameawo si la da ɖi. 5 Na woatsɔ ga la na ame siwo wotia be woakpɔ gbedoxɔ la dzadzraɖo ƒe dɔwo dzi. Na ame siawo naxe fe na Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu dɔwɔlawo: 6 atikpalawo, xɔtulawo kple gliɖolawo. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, na woaƒle ati kple kpe kpakpawo atsɔ adzra gbedoxɔ la ɖo. 7 Womebia tso xɔtutudɔdzikpɔlawo si be woawɔ akɔnta tso woƒe nu gbegblẽwo ŋu tsitotsito o elabena wonye nuteƒewɔlawo.” 8 Gbe ɖeka la, nunɔlagã Hilkia yi nuŋlɔla Safan gbɔ eye wògblɔ be, “Mefɔ Segbalẽ aɖe le le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.” Etsɔe na Safan eye Safan xlẽe. 9 Safan, nuŋlɔla la yi fia la gbɔ hegblɔ nɛ be, “Wò dɔnunɔlawo tsɔ ga si le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la na dɔwɔlawo kple dɔdzikpɔlawo le gbedoxɔ la me.” 10 Safan, nuŋlɔla la na nyanya fia la be, “Nunɔlagã Hilkia tsɔ agbalẽ aɖe nam.” Safan xlẽ agbalẽ la me nyawo na fia la. 11 Esi fia la se Segbalẽ la me nyawo la, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòdze eƒe awuwo. 12 Eɖe gbe na nunɔla Hilkia, Ahikam, Safan ƒe viŋutsu, Akbor, Mikaya ƒe viŋutsu, nuŋlɔla Safan kple Asaya, fia ƒe subɔla be, 13 “Miyi miabia Yehowa nam kple ameawo kple Yuda blibo la tso nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ si wofɔ la ŋuti. Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe mía ŋu elabena mía fofowo mewɔ ɖe agbalẽ sia me nyawo dzi o; womezɔ ɖe nu siwo katã woŋlɔ tso mía ŋu ɖe agbalẽ sia me la nu o.” 14 Ale nunɔla Hilkia, Ahikam, Akbor, Safan kple Asaya yi ɖaƒo nu kple nyɔnu Nyagblɔɖila Hulda si le Yerusalem ƒe akpa yeye. Nyɔnu Nyagblɔɖila sia nye Tikva ƒe viŋutsu Salum srɔ̃. Harhas si dzi Tikva nye nudodowo dzraɖoƒe dzikpɔla. 15 Egblɔ na wo be, “Nu si Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye, ‘Gblɔ na ame si ɖo wò ɖe gbɔnye la be, 16 Yehowa ƒe gbee nye esi: mahe dzɔgbevɔ̃e va teƒe sia kple eƒe amewo dzi ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe agbalẽ si Yuda fia xlẽ la nu. 17 Elabena wogbe nu le gbɔnye, wosubɔ mawu bubuwo eye wodo dɔmedzoe nam kple legba siwo wotsɔ woƒe asiwo wɔ la. Nye dɔmedzoe abi ɖe teƒe sia ŋu eye matso o.’ 18 Gblɔ na Yuda fia, ame si dɔ wò be nàbia gbe Yehowa be, ‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ tso nya siwo ke nèse la ŋuti. 19 Ke esi miaƒe nu vɔ̃wo ve mi eye miebɔbɔ mia ɖokui le Yehowa ŋkume, esi miese nu si megblɔ tsɔ tsi tsitre ɖe teƒe sia kple eƒe amewo ŋu be woaƒo fi ade anyigba sia wòazu aƒedo, eye esi miedze miaƒe awuwo eye miefa avi le nye ŋkume le miaƒe nu vɔ̃wo ta la, maɖo to miaƒe kukuɖeɖe. 20 Eya ta àku eye woaɖi wò le ŋutifafa me. Wò ŋkuwo makpɔ dzɔgbevɔ̃e si mahe va dukɔ sia dzi o.’ ” Ale woxɔ eƒe ŋuɖoɖo yi na fia la.

In Other Versions

2 Kings 22 in the ANGEFD

2 Kings 22 in the ANTPNG2D

2 Kings 22 in the AS21

2 Kings 22 in the BAGH

2 Kings 22 in the BBPNG

2 Kings 22 in the BBT1E

2 Kings 22 in the BDS

2 Kings 22 in the BEV

2 Kings 22 in the BHAD

2 Kings 22 in the BIB

2 Kings 22 in the BLPT

2 Kings 22 in the BNT

2 Kings 22 in the BNTABOOT

2 Kings 22 in the BNTLV

2 Kings 22 in the BOATCB

2 Kings 22 in the BOATCB2

2 Kings 22 in the BOBCV

2 Kings 22 in the BOCNT

2 Kings 22 in the BOGWICC

2 Kings 22 in the BOHCB

2 Kings 22 in the BOHCV

2 Kings 22 in the BOHLNT

2 Kings 22 in the BOHNTLTAL

2 Kings 22 in the BOICB

2 Kings 22 in the BOILNTAP

2 Kings 22 in the BOITCV

2 Kings 22 in the BOKCV

2 Kings 22 in the BOKCV2

2 Kings 22 in the BOKHWOG

2 Kings 22 in the BOKSSV

2 Kings 22 in the BOLCB

2 Kings 22 in the BOLCB2

2 Kings 22 in the BOMCV

2 Kings 22 in the BONAV

2 Kings 22 in the BONCB

2 Kings 22 in the BONLT

2 Kings 22 in the BONUT2

2 Kings 22 in the BOPLNT

2 Kings 22 in the BOSCB

2 Kings 22 in the BOSNC

2 Kings 22 in the BOTLNT

2 Kings 22 in the BOVCB

2 Kings 22 in the BOYCB

2 Kings 22 in the BPBB

2 Kings 22 in the BPH

2 Kings 22 in the BSB

2 Kings 22 in the CCB

2 Kings 22 in the CUV

2 Kings 22 in the CUVS

2 Kings 22 in the DBT

2 Kings 22 in the DGDNT

2 Kings 22 in the DHNT

2 Kings 22 in the DNT

2 Kings 22 in the ELBE

2 Kings 22 in the EMTV

2 Kings 22 in the ESV

2 Kings 22 in the FBV

2 Kings 22 in the FEB

2 Kings 22 in the GGMNT

2 Kings 22 in the GNT

2 Kings 22 in the HARY

2 Kings 22 in the HNT

2 Kings 22 in the IRVA

2 Kings 22 in the IRVB

2 Kings 22 in the IRVG

2 Kings 22 in the IRVH

2 Kings 22 in the IRVK

2 Kings 22 in the IRVM

2 Kings 22 in the IRVM2

2 Kings 22 in the IRVO

2 Kings 22 in the IRVP

2 Kings 22 in the IRVT

2 Kings 22 in the IRVT2

2 Kings 22 in the IRVU

2 Kings 22 in the ISVN

2 Kings 22 in the JSNT

2 Kings 22 in the KAPI

2 Kings 22 in the KBT1ETNIK

2 Kings 22 in the KBV

2 Kings 22 in the KJV

2 Kings 22 in the KNFD

2 Kings 22 in the LBA

2 Kings 22 in the LBLA

2 Kings 22 in the LNT

2 Kings 22 in the LSV

2 Kings 22 in the MAAL

2 Kings 22 in the MBV

2 Kings 22 in the MBV2

2 Kings 22 in the MHNT

2 Kings 22 in the MKNFD

2 Kings 22 in the MNG

2 Kings 22 in the MNT

2 Kings 22 in the MNT2

2 Kings 22 in the MRS1T

2 Kings 22 in the NAA

2 Kings 22 in the NASB

2 Kings 22 in the NBLA

2 Kings 22 in the NBS

2 Kings 22 in the NBVTP

2 Kings 22 in the NET2

2 Kings 22 in the NIV11

2 Kings 22 in the NNT

2 Kings 22 in the NNT2

2 Kings 22 in the NNT3

2 Kings 22 in the PDDPT

2 Kings 22 in the PFNT

2 Kings 22 in the RMNT

2 Kings 22 in the SBIAS

2 Kings 22 in the SBIBS

2 Kings 22 in the SBIBS2

2 Kings 22 in the SBICS

2 Kings 22 in the SBIDS

2 Kings 22 in the SBIGS

2 Kings 22 in the SBIHS

2 Kings 22 in the SBIIS

2 Kings 22 in the SBIIS2

2 Kings 22 in the SBIIS3

2 Kings 22 in the SBIKS

2 Kings 22 in the SBIKS2

2 Kings 22 in the SBIMS

2 Kings 22 in the SBIOS

2 Kings 22 in the SBIPS

2 Kings 22 in the SBISS

2 Kings 22 in the SBITS

2 Kings 22 in the SBITS2

2 Kings 22 in the SBITS3

2 Kings 22 in the SBITS4

2 Kings 22 in the SBIUS

2 Kings 22 in the SBIVS

2 Kings 22 in the SBT

2 Kings 22 in the SBT1E

2 Kings 22 in the SCHL

2 Kings 22 in the SNT

2 Kings 22 in the SUSU

2 Kings 22 in the SUSU2

2 Kings 22 in the SYNO

2 Kings 22 in the TBIAOTANT

2 Kings 22 in the TBT1E

2 Kings 22 in the TBT1E2

2 Kings 22 in the TFTIP

2 Kings 22 in the TFTU

2 Kings 22 in the TGNTATF3T

2 Kings 22 in the THAI

2 Kings 22 in the TNFD

2 Kings 22 in the TNT

2 Kings 22 in the TNTIK

2 Kings 22 in the TNTIL

2 Kings 22 in the TNTIN

2 Kings 22 in the TNTIP

2 Kings 22 in the TNTIZ

2 Kings 22 in the TOMA

2 Kings 22 in the TTENT

2 Kings 22 in the UBG

2 Kings 22 in the UGV

2 Kings 22 in the UGV2

2 Kings 22 in the UGV3

2 Kings 22 in the VBL

2 Kings 22 in the VDCC

2 Kings 22 in the YALU

2 Kings 22 in the YAPE

2 Kings 22 in the YBVTP

2 Kings 22 in the ZBP