2 Samuel 19 (BOECS)

1 Du ɖo Yoab gbɔ kaba be fia la nɔ avi fam na Absalom. 2 Esi amewo se be fia la nɔ nu xam vevie la, gbe ma gbe ƒe dzidzɔ le woƒe dziɖuɖu wɔnuku la ta trɔ zu nuxaxa gã aɖe. 3 Aʋakɔ blibo la te ɖɔɖɔɖɔ va dua me abe ɖe woɖu wo dzi eye wogbɔ kple ŋukpe ene. 4 Fia la tsyɔ asi mo, nɔ avi fam henɔ gbɔgblɔm be, “Oo, vinye Absalom, oo, Absalom, vinye, vinye!” 5 Yoab yi Fia la gbɔ le eƒe xɔ me eye wògblɔ nɛ be, “Míeɖe wò ŋutɔ, viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, srɔ̃wòwo kple wò ahiãviwo ƒe agbe egbe, ke èle nu wɔm ale eye nèna ŋukpe lé mí abe vo aɖee míeda ene. 6 Èle fiafiam be yelɔ̃ ame siwo lé fu ye eye yelé fu ame siwo lɔ̃ ye. Edze abe míexɔ asi le gbɔwò kura o ene. Nenye ɖe Absalom le agbe eye mí katã míeku la, anye ne àkpɔ dzidzɔ. 7 Azɔ, do go nàda ŋkɔ ɖe wò aʋawɔlawo dzi elabena metsɔ Yehowa ka atam be ne mèyi ɖakafu wo o la, wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã matsi afi sia le zã sia me o. Ekema àxaxa azɔ wu ale si nèxaxa kpɔ le wò agbenɔnɔ blibo la me.” 8 Fia la tso eye wòyi ɖanɔ dua ƒe agbonu. Esi amewo se be, “Fia la nɔ anyi ɖe dua ƒe agbonu” la, wo katã va ƒo ƒu ɖe eŋu.Le ɣeyiɣi sia me la, Israel ƒe aʋawɔlawo katã ka hlẽ: ame sia ame yi eya ŋutɔ ƒe aƒe me. 9 Wode asi nyahehe me le wo ɖokuiwo dome henɔ gbɔgblɔm be, “Fia David ɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me. Eɖe mí tso Filistitɔwo ƒe asi me, ke azɔ la esi le Absalom nu eye wòdzo le anyigba la dzi. 10 Míesi ami na Absalom abe míaƒe fia ene, ke wowui le aʋa me. Ekema nu ka ta ame aɖeke madze agbagba ana Fia David natrɔ agbɔ o?” 11 Fia David ɖo du sia ɖe Zadok kple Abiata, ame siwo nye nunɔlawo la be, “Mibia Yuda ƒe ametsitsiwo be, ‘Nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ siwo agbugbɔ fia la va eƒe fiasã la me esi nya si gblɔm wole le Israelnyigba blibo la dzi la ɖo fia la gbɔ le eƒe nɔƒe? 12 Miawoe nye nɔvinyewo, nye ŋutɔ nye ŋutilã kple ʋu eya ta nu ka ta miawoe anye ame mamlɛtɔ agbugbɔ Fia la vɛ?’ 13 Migblɔ na Amasa be, ‘Menye nye ŋutɔ nye lã kple ʋue nènye oa? Mawu nafiam, agafiam ɖe edzi wu, ne tso azɔ dzi yina la, wò Amasa, manye aʋafia na nye aʋakɔ la ɖe Yoab teƒe o fĩi.’ ” 14 Amasa ɖe nya me na Yuda ƒe kplɔlawo katã eye wolɔ̃ abe ame ɖeka ene. Woɖo du ɖe fia la be, “Gbugbɔ va mía gbɔ kple ŋuwòmewo katã.” 15 Ale fia la dze mɔ ɖo ta Yerusalem. Esi wòva ɖo Yɔdan tɔsisi la to la, edze abe ame siwo katã le Yuda la, ɖe wova Gilgal be yewoakpee, akplɔe atso tɔsisi lae ene! 16 Simei, Benyamintɔ, Gera ƒe vi, ame si tso Bahurim la ɖe abla tso tɔsisi la kple ame siwo tso Yuda be yewoado dzaa na Fia la. 17 Ame akpe ɖeka tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eŋu. Ziba, Saul ƒe subɔla kple Ziba ƒe viŋutsu wuiatɔ̃ kple subɔla blaeve hã nɔ ame siawo dome. Woyi Yɔdan tɔsisi la to be yewoatre afi ma ɖoɖo na fia la. 18 Wo katã wona kpekpeɖeŋu fia la kple eƒe aƒemetɔwo kple aʋawɔlawo eye wokpe ɖe wo ŋu ale si woate ŋui. Esi fia la va yina la, Simei, Gera ƒe vi mlɔ anyigba le eŋkume 19 eye wòɖe kuku nɛ be, “Nye aƒetɔ kple fia, meɖe kuku na wò, tsɔ nu vɔ̃ɖi siwo mewɔ esi nèdzo le Yerusalem la kem eye nàŋlɔ wo be 20 elabena medze si nye nu vɔ̃ eya ta meva afi sia egbe. Nyee nye ame gbãtɔ tso Yosef ƒe to la me be mado dzaa na wò nye aƒetɔ la egbea.” 21 Abisai, Zeruya ƒe vi, bia be, “Ɖe womawu Simei esi wòƒo fi de Yehowa ƒe amesiamina la oa?” 22 David blu ɖe eta gblɔ be, “Nya kae le nye kple mi Zeruya ƒe viwo dome? Egbe miezu nye futɔwo. Ɖe wòle be woawu ame aɖe le Israel egbea? Ɖe mènya be egbea menye fia le Israel oa?” 23 Fia la trɔ ɖe Simei ŋu eye wògblɔ be, “Mana nànɔ agbe.” Ale fia la ka atam ɖe nya sia dzi nɛ. 24 Mefiboset, Saul ƒe tɔgbuiyɔvi hã yi be yeakpe fia la. Tso gbe si gbe fia la dzo va se ɖe esime wòtrɔ gbɔ dedie la, Mefiboset meklɔ eƒe afɔwo alo fɔ eƒe nuge dzi loo alo nya eƒe awuwo o. 25 Esi wòtso Yerusalem va be yeakpe fia la la, fia la biae be, “Nu ka ta mèyi kplim o, Mefiboset?” 26 Eɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ kple nye fia, nye subɔla Zibae blem. Megblɔ nɛ be, bla akpa na nye tedzi nam ale be mate ŋu ayi kple fia la! Wò ŋutɔ ènya be tekunɔe menye. 27 Ke Ziba gblẽ nye ŋkɔ gblɔ be, ɖe megbe koŋ be nyemava o. Ke menya be èle abe mawudɔla ene eya ta wɔ nu si nyo na wò. 28 Ku koe nye kple nye ƒometɔwo katã míakpɔ mɔ na tso gbɔwò hafi, ke le esia teƒe la, ède bubu ŋunye le ame siwo katã ɖua nu kpli wò le kplɔ̃ ŋu la dome! Ekema, nu ka ta malĩ liʋĩliʋĩ?” 29 David gblɔ be, “Enyo, nye ɖoɖoe nye be wò kple Ziba miama anyigba la sɔsɔe ɖe mi ame evea dome.” 30 Ke Mefiboset gblɔ na fia la be, “Tsɔ anyigba la katã nɛ: nye aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ ɖeɖe sɔ gbɔ nam!” 31 Barzilai, Gileadtɔ la hã tso Rogelim va be yeatso Yɔdan tɔsisi la kple fia la eye wòayi eƒe mɔ dzi tso afi sia. 32 Azɔ la, Barzilai nye amegãɖeɖi aɖe: exɔ ƒe blaenyi. Ekpɔ fia la dzi le esime wònɔ Mahanaim elabena enye hotsuitɔ gã aɖe ŋutɔ. 33 Fia la gblɔ na Barzilai be, “Tso tɔsisi la kplim eye nàva nɔ Yerusalem; makpɔ dziwò le afi ma.” 34 Ke Barzilai ɖo eŋu na fia la be, “Ƒe nenie gasusɔ nam be manɔ agbe hafi magakplɔ wò ɖo ayi Yerusalem? 35 Egbe mexɔ ƒe blaenyi; ɖe magate ŋu ade vovototo nu si nyo kple nu si menyo o la domea? Ɖe nuɖuɖu kple nunono agasɔ aɖe dzi na wò dɔla abe tsã enea? Alo ɖe ŋutsu kple nyɔnu hadzihawo ƒe ha agasɔ to me nam abe tsã enea? Nu ka wɔ nye aƒetɔ, fia la aɖe mɔ be nye, wò dɔla, mazu agba na wò? 36 Ke wò dɔla atso Yɔdan tɔsisi la kpli wò, ade afɔ mɔ me na wò ʋɛe. Ke nu ka ta fia la natsɔ fetu geɖe sia nam ɖo? 37 Meɖe kuku, na wò dɔla natrɔ adzo, ale be maku ɖe mía dedu me be mate ɖe fofonye kple danye ƒe yɔdowo ŋu. Ke wò dɔla, Kimham, nye esi; na wòakplɔ nye aƒetɔ fia la ɖo, be wòawɔ nu sia nu si nyo eye wòdze la na wò.” 38 Fia la gblɔ be, “Kimham atso tɔ la kplim eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la nɛ eye mawɔ nu sia nu si nèdzro la na wò.” 39 Ale ameawo katã tso Yɔdan tɔsisi la kple fia la. Fia la kpla asi kɔ na Barzilai, yrae eye Barzilai trɔ yi aƒe. 40 Fia la kplɔ Kimham ɖe asi eye woyi Gilgal. Ame geɖewo tso Yuda kple Israelviwo ƒe afã nɔ afi ma be yewoaxɔe. 41 Ke Israelviwo fa konyi na fia la be ame siwo tso Yuda koe kpe ɖe eya ŋutɔ kple eƒe aƒemetɔwo ŋu le Yɔdan tɔsisi la tsotso me. 42 Yuda ƒe viwo ɖo eŋu be, “Nu kae gblẽ le nu sia ŋu? Míaƒe to la mee fia la tso, nu ka ta nu sia ado dɔmedzoe na mi? Míexɔ ga aɖeke le esi o. Mena nuɖuɖu alo nunana aɖeke mí o!” 43 Israelviwo ɖo eŋu be, “To ewoe le Israel eya ta míawo tɔe nye teƒe ewo le fia la ƒe nyawo me. Nu ka ta miekpe míaƒe ame mamlɛawo o? Miɖo ŋku edzi be míawoe nye ame gbãtɔ siwo do susua ɖa be míana wòatrɔ agbɔ agava nye míaƒe fia.”Wohe nya sia ɣeyiɣi didi aɖe, ke Yuda ŋutsuwo ƒe nyawo ɖu Israel ŋutsuwo tɔwo dzi.

In Other Versions

2 Samuel 19 in the ANGEFD

2 Samuel 19 in the ANTPNG2D

2 Samuel 19 in the AS21

2 Samuel 19 in the BAGH

2 Samuel 19 in the BBPNG

2 Samuel 19 in the BBT1E

2 Samuel 19 in the BDS

2 Samuel 19 in the BEV

2 Samuel 19 in the BHAD

2 Samuel 19 in the BIB

2 Samuel 19 in the BLPT

2 Samuel 19 in the BNT

2 Samuel 19 in the BNTABOOT

2 Samuel 19 in the BNTLV

2 Samuel 19 in the BOATCB

2 Samuel 19 in the BOATCB2

2 Samuel 19 in the BOBCV

2 Samuel 19 in the BOCNT

2 Samuel 19 in the BOGWICC

2 Samuel 19 in the BOHCB

2 Samuel 19 in the BOHCV

2 Samuel 19 in the BOHLNT

2 Samuel 19 in the BOHNTLTAL

2 Samuel 19 in the BOICB

2 Samuel 19 in the BOILNTAP

2 Samuel 19 in the BOITCV

2 Samuel 19 in the BOKCV

2 Samuel 19 in the BOKCV2

2 Samuel 19 in the BOKHWOG

2 Samuel 19 in the BOKSSV

2 Samuel 19 in the BOLCB

2 Samuel 19 in the BOLCB2

2 Samuel 19 in the BOMCV

2 Samuel 19 in the BONAV

2 Samuel 19 in the BONCB

2 Samuel 19 in the BONLT

2 Samuel 19 in the BONUT2

2 Samuel 19 in the BOPLNT

2 Samuel 19 in the BOSCB

2 Samuel 19 in the BOSNC

2 Samuel 19 in the BOTLNT

2 Samuel 19 in the BOVCB

2 Samuel 19 in the BOYCB

2 Samuel 19 in the BPBB

2 Samuel 19 in the BPH

2 Samuel 19 in the BSB

2 Samuel 19 in the CCB

2 Samuel 19 in the CUV

2 Samuel 19 in the CUVS

2 Samuel 19 in the DBT

2 Samuel 19 in the DGDNT

2 Samuel 19 in the DHNT

2 Samuel 19 in the DNT

2 Samuel 19 in the ELBE

2 Samuel 19 in the EMTV

2 Samuel 19 in the ESV

2 Samuel 19 in the FBV

2 Samuel 19 in the FEB

2 Samuel 19 in the GGMNT

2 Samuel 19 in the GNT

2 Samuel 19 in the HARY

2 Samuel 19 in the HNT

2 Samuel 19 in the IRVA

2 Samuel 19 in the IRVB

2 Samuel 19 in the IRVG

2 Samuel 19 in the IRVH

2 Samuel 19 in the IRVK

2 Samuel 19 in the IRVM

2 Samuel 19 in the IRVM2

2 Samuel 19 in the IRVO

2 Samuel 19 in the IRVP

2 Samuel 19 in the IRVT

2 Samuel 19 in the IRVT2

2 Samuel 19 in the IRVU

2 Samuel 19 in the ISVN

2 Samuel 19 in the JSNT

2 Samuel 19 in the KAPI

2 Samuel 19 in the KBT1ETNIK

2 Samuel 19 in the KBV

2 Samuel 19 in the KJV

2 Samuel 19 in the KNFD

2 Samuel 19 in the LBA

2 Samuel 19 in the LBLA

2 Samuel 19 in the LNT

2 Samuel 19 in the LSV

2 Samuel 19 in the MAAL

2 Samuel 19 in the MBV

2 Samuel 19 in the MBV2

2 Samuel 19 in the MHNT

2 Samuel 19 in the MKNFD

2 Samuel 19 in the MNG

2 Samuel 19 in the MNT

2 Samuel 19 in the MNT2

2 Samuel 19 in the MRS1T

2 Samuel 19 in the NAA

2 Samuel 19 in the NASB

2 Samuel 19 in the NBLA

2 Samuel 19 in the NBS

2 Samuel 19 in the NBVTP

2 Samuel 19 in the NET2

2 Samuel 19 in the NIV11

2 Samuel 19 in the NNT

2 Samuel 19 in the NNT2

2 Samuel 19 in the NNT3

2 Samuel 19 in the PDDPT

2 Samuel 19 in the PFNT

2 Samuel 19 in the RMNT

2 Samuel 19 in the SBIAS

2 Samuel 19 in the SBIBS

2 Samuel 19 in the SBIBS2

2 Samuel 19 in the SBICS

2 Samuel 19 in the SBIDS

2 Samuel 19 in the SBIGS

2 Samuel 19 in the SBIHS

2 Samuel 19 in the SBIIS

2 Samuel 19 in the SBIIS2

2 Samuel 19 in the SBIIS3

2 Samuel 19 in the SBIKS

2 Samuel 19 in the SBIKS2

2 Samuel 19 in the SBIMS

2 Samuel 19 in the SBIOS

2 Samuel 19 in the SBIPS

2 Samuel 19 in the SBISS

2 Samuel 19 in the SBITS

2 Samuel 19 in the SBITS2

2 Samuel 19 in the SBITS3

2 Samuel 19 in the SBITS4

2 Samuel 19 in the SBIUS

2 Samuel 19 in the SBIVS

2 Samuel 19 in the SBT

2 Samuel 19 in the SBT1E

2 Samuel 19 in the SCHL

2 Samuel 19 in the SNT

2 Samuel 19 in the SUSU

2 Samuel 19 in the SUSU2

2 Samuel 19 in the SYNO

2 Samuel 19 in the TBIAOTANT

2 Samuel 19 in the TBT1E

2 Samuel 19 in the TBT1E2

2 Samuel 19 in the TFTIP

2 Samuel 19 in the TFTU

2 Samuel 19 in the TGNTATF3T

2 Samuel 19 in the THAI

2 Samuel 19 in the TNFD

2 Samuel 19 in the TNT

2 Samuel 19 in the TNTIK

2 Samuel 19 in the TNTIL

2 Samuel 19 in the TNTIN

2 Samuel 19 in the TNTIP

2 Samuel 19 in the TNTIZ

2 Samuel 19 in the TOMA

2 Samuel 19 in the TTENT

2 Samuel 19 in the UBG

2 Samuel 19 in the UGV

2 Samuel 19 in the UGV2

2 Samuel 19 in the UGV3

2 Samuel 19 in the VBL

2 Samuel 19 in the VDCC

2 Samuel 19 in the YALU

2 Samuel 19 in the YAPE

2 Samuel 19 in the YBVTP

2 Samuel 19 in the ZBP