2 Samuel 7 (BOECS)

1 Azɔ la, esime fia la li ke ɖe eƒe fiasã me vɔ eye Yehowa na gbɔɖemee tso eƒe futɔ siwo katã ƒo xlãe ƒe asi me la, 2 David gblɔ na Nyagblɔɖila Natan be, “Kpɔ ɖa! Nye ya mele sedatifiasã nyui sia me le esime Mawu ƒe nubablaɖaka la le agbadɔ me.” 3 Natan ɖo eŋu nɛ be, “Wɔ nu si nèɖo be yeawɔ elabena Yehowa li kpli wò.” 4 Ke Yehowa gblɔ na Natan le zã ma me be, 5 “Yi nàgblɔ na nye dɔla David be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe wòle be nàtu xɔ nam manɔ emea? 6 Nyemenɔ xɔ aɖeke me kpɔ o, tso esime mekplɔ mi Israelviwo tso Egipte la, agbadɔ me koe nye nye nɔƒe. 7 Afi sia afi si meɖe zɔ kple Israelviwo yi la, ɖe megblɔ na woƒe kplɔla siwo mede se na be woakplɔ nye dukɔ la dometɔ aɖe kpɔ be, “Nu ka ŋutie mietu sedatixɔ nam o mahã?” ’ 8 “Azɔ la, gblɔ na nye dɔla David be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la le gbɔgblɔm na wò be; meɖe wò le alẽkplɔdɔ nu eye meɖo wò fiae ɖe nye dukɔ Israel dzi. 9 Menɔ kpli wò le afi sia afi si nède eye metsrɔ̃ wò futɔwo. Mana wò ŋkɔ nagade dzi wu ale si wòle fifia ale be nànye ame xɔŋkɔtɔwo dometɔ ɖeka le xexea me! 10 Mana teƒe aɖe nye amewo, Israel. Maɖo teƒe na wo ɖe afi ma ale be aƒe nanɔ woawo ŋutɔ si eye ame aɖeke magaɖe fu na wo o. Ame vɔ̃ɖiwo magate wo ɖe anyi azɔ abe ale si wowɔ le gɔmedzedzea ene 11 alo abe ale si wowɔ tso esime meɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe nye dukɔ, Israel dzi ene o. Mana miavo tso miaƒe futɔwo ƒe asi me azɔ.“ ‘Yehowa ɖe gbeƒã na wò be, Yehowa ŋutɔ aɖo aƒe aɖe gɔme anyi na wò. 12 Ne wò ɣeyiɣi de le anyigba sia dzi eye nèku la, matsɔ viwò si nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple wò ʋu, aɖo wò fiazikpui la dzi eye mana eƒe fiaɖuƒe nakpɔ ŋusẽ. 13 Eyae anye ame si atu gbedoxɔ nam eye mana eƒe fiaɖuƒe nanɔ anyi ɖaa. 14 Manye fofo nɛ eye eya hã anye vi nam. Ne ewɔ nu vɔ̃ la, mawɔ dukɔ bubuwo ŋu dɔ atsɔ ahe to nɛ, 15 ke nye lɔlɔ̃ maɖe ɖa le edzi abe ale si meɖee ɖa le Saul, ame si ɖu fia do ŋgɔ na wò la dzi ene o. 16 Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.’ ” 17 Ale Natan gblɔ nya sia nya si Yehowa gblɔ la na David. 18 Ale Fia David ɖanɔ anyi ɖe Yehowa ŋkume eye wòdo gbe ɖa be,“Oo, Aƒetɔ Yehowa, ame kae menye eye nu kae nye nye ƒome be nètsɔ nu siawo katã nam? 19 Abe esia ɖe mesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, Oo Aƒetɔ Yehowa, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe ava nye le etsɔ me la ŋuti. Oo Aƒetɔ Yehowa, alea koe nènɔna kple amewoa? 20 “Nya kae gale David si wòagblɔ na wò? Elabena, Oo Aƒetɔ Yehowa, ènya wò dɔla. 21 Le wò nya la ta kple wò lɔlɔ̃nu me, nèwɔ nu gã sia eye nèna wò dɔla nya. 22 “Oo Aƒetɔ Yehowa, èlolo loo! Ame aɖeke mele abe wò ene o eye mawu bubu aɖeke meli o, negbe wò, Mawu ko, abe ale si míesee kple míaƒe towo ene. 23 Azɔ la, dukɔ kae le abe wò dukɔ, Israel ene, dukɔ ɖeka si le anyigba dzi, esi ƒe Mawu ɖaɖe dukɔ ma na eɖokui? Eye wòwɔ ŋkɔ na eɖokui to nukunu gãwo kple ŋɔdzinu dzɔatsuwo wɔwɔ me eye nènya dukɔwo kpe woƒe mawuwo le wò dukɔ si nèɖe tso Egipte la ŋgɔ. 24 Èɖo wò dukɔ, Israel te be woanye tɔwòwo koŋ tegbee eye wò Yehowa nèva zu woƒe Mawu. 25 “Azɔ la, Yehowa Mawu, lé ŋugbe si nèdo na wò dɔla kple eƒe aƒe la ɖe asi tegbee. Wɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene, 26 ale be wò ŋkɔ nanye gã tegbee. Ekema amewo agblɔ be, ‘Yehowa Ŋusẽkatãtɔ enye Mawu ɖe Israel dzi!’ Ale woaɖo wò dɔla, David ƒe aƒe anyi ɖe ŋkuwòme tegbee. 27 “Oo Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu, èɖe esia fia wò dɔla be, ‘Matu xɔ na wò.’ Eya ta dzi ɖo wò dɔla ƒo wòle gbe sia dom ɖa na wò. 28 Oo, Aƒetɔ Yehowa, Mawue nènye! Wò nyawo le eteƒe eye nètsɔ nu nyui siawo do ŋugbee na wò dɔla. 29 Azɔ la, nedze ŋuwò be nàyra wò dɔla ƒe aƒe be wòanɔ anyi ɖaa le ŋkuwòme, elabena wò, Oo Aƒetɔ Yehowae ƒo nu eye wò dɔla ƒe aƒe axɔ yayra to wò yayra me tegbee.”

In Other Versions

2 Samuel 7 in the ANGEFD

2 Samuel 7 in the ANTPNG2D

2 Samuel 7 in the AS21

2 Samuel 7 in the BAGH

2 Samuel 7 in the BBPNG

2 Samuel 7 in the BBT1E

2 Samuel 7 in the BDS

2 Samuel 7 in the BEV

2 Samuel 7 in the BHAD

2 Samuel 7 in the BIB

2 Samuel 7 in the BLPT

2 Samuel 7 in the BNT

2 Samuel 7 in the BNTABOOT

2 Samuel 7 in the BNTLV

2 Samuel 7 in the BOATCB

2 Samuel 7 in the BOATCB2

2 Samuel 7 in the BOBCV

2 Samuel 7 in the BOCNT

2 Samuel 7 in the BOGWICC

2 Samuel 7 in the BOHCB

2 Samuel 7 in the BOHCV

2 Samuel 7 in the BOHLNT

2 Samuel 7 in the BOHNTLTAL

2 Samuel 7 in the BOICB

2 Samuel 7 in the BOILNTAP

2 Samuel 7 in the BOITCV

2 Samuel 7 in the BOKCV

2 Samuel 7 in the BOKCV2

2 Samuel 7 in the BOKHWOG

2 Samuel 7 in the BOKSSV

2 Samuel 7 in the BOLCB

2 Samuel 7 in the BOLCB2

2 Samuel 7 in the BOMCV

2 Samuel 7 in the BONAV

2 Samuel 7 in the BONCB

2 Samuel 7 in the BONLT

2 Samuel 7 in the BONUT2

2 Samuel 7 in the BOPLNT

2 Samuel 7 in the BOSCB

2 Samuel 7 in the BOSNC

2 Samuel 7 in the BOTLNT

2 Samuel 7 in the BOVCB

2 Samuel 7 in the BOYCB

2 Samuel 7 in the BPBB

2 Samuel 7 in the BPH

2 Samuel 7 in the BSB

2 Samuel 7 in the CCB

2 Samuel 7 in the CUV

2 Samuel 7 in the CUVS

2 Samuel 7 in the DBT

2 Samuel 7 in the DGDNT

2 Samuel 7 in the DHNT

2 Samuel 7 in the DNT

2 Samuel 7 in the ELBE

2 Samuel 7 in the EMTV

2 Samuel 7 in the ESV

2 Samuel 7 in the FBV

2 Samuel 7 in the FEB

2 Samuel 7 in the GGMNT

2 Samuel 7 in the GNT

2 Samuel 7 in the HARY

2 Samuel 7 in the HNT

2 Samuel 7 in the IRVA

2 Samuel 7 in the IRVB

2 Samuel 7 in the IRVG

2 Samuel 7 in the IRVH

2 Samuel 7 in the IRVK

2 Samuel 7 in the IRVM

2 Samuel 7 in the IRVM2

2 Samuel 7 in the IRVO

2 Samuel 7 in the IRVP

2 Samuel 7 in the IRVT

2 Samuel 7 in the IRVT2

2 Samuel 7 in the IRVU

2 Samuel 7 in the ISVN

2 Samuel 7 in the JSNT

2 Samuel 7 in the KAPI

2 Samuel 7 in the KBT1ETNIK

2 Samuel 7 in the KBV

2 Samuel 7 in the KJV

2 Samuel 7 in the KNFD

2 Samuel 7 in the LBA

2 Samuel 7 in the LBLA

2 Samuel 7 in the LNT

2 Samuel 7 in the LSV

2 Samuel 7 in the MAAL

2 Samuel 7 in the MBV

2 Samuel 7 in the MBV2

2 Samuel 7 in the MHNT

2 Samuel 7 in the MKNFD

2 Samuel 7 in the MNG

2 Samuel 7 in the MNT

2 Samuel 7 in the MNT2

2 Samuel 7 in the MRS1T

2 Samuel 7 in the NAA

2 Samuel 7 in the NASB

2 Samuel 7 in the NBLA

2 Samuel 7 in the NBS

2 Samuel 7 in the NBVTP

2 Samuel 7 in the NET2

2 Samuel 7 in the NIV11

2 Samuel 7 in the NNT

2 Samuel 7 in the NNT2

2 Samuel 7 in the NNT3

2 Samuel 7 in the PDDPT

2 Samuel 7 in the PFNT

2 Samuel 7 in the RMNT

2 Samuel 7 in the SBIAS

2 Samuel 7 in the SBIBS

2 Samuel 7 in the SBIBS2

2 Samuel 7 in the SBICS

2 Samuel 7 in the SBIDS

2 Samuel 7 in the SBIGS

2 Samuel 7 in the SBIHS

2 Samuel 7 in the SBIIS

2 Samuel 7 in the SBIIS2

2 Samuel 7 in the SBIIS3

2 Samuel 7 in the SBIKS

2 Samuel 7 in the SBIKS2

2 Samuel 7 in the SBIMS

2 Samuel 7 in the SBIOS

2 Samuel 7 in the SBIPS

2 Samuel 7 in the SBISS

2 Samuel 7 in the SBITS

2 Samuel 7 in the SBITS2

2 Samuel 7 in the SBITS3

2 Samuel 7 in the SBITS4

2 Samuel 7 in the SBIUS

2 Samuel 7 in the SBIVS

2 Samuel 7 in the SBT

2 Samuel 7 in the SBT1E

2 Samuel 7 in the SCHL

2 Samuel 7 in the SNT

2 Samuel 7 in the SUSU

2 Samuel 7 in the SUSU2

2 Samuel 7 in the SYNO

2 Samuel 7 in the TBIAOTANT

2 Samuel 7 in the TBT1E

2 Samuel 7 in the TBT1E2

2 Samuel 7 in the TFTIP

2 Samuel 7 in the TFTU

2 Samuel 7 in the TGNTATF3T

2 Samuel 7 in the THAI

2 Samuel 7 in the TNFD

2 Samuel 7 in the TNT

2 Samuel 7 in the TNTIK

2 Samuel 7 in the TNTIL

2 Samuel 7 in the TNTIN

2 Samuel 7 in the TNTIP

2 Samuel 7 in the TNTIZ

2 Samuel 7 in the TOMA

2 Samuel 7 in the TTENT

2 Samuel 7 in the UBG

2 Samuel 7 in the UGV

2 Samuel 7 in the UGV2

2 Samuel 7 in the UGV3

2 Samuel 7 in the VBL

2 Samuel 7 in the VDCC

2 Samuel 7 in the YALU

2 Samuel 7 in the YAPE

2 Samuel 7 in the YBVTP

2 Samuel 7 in the ZBP