Daniel 9 (BOECS)

1 Le Ahasuerus (Mediatɔ ƒe vi), Darius, ame si wotsɔ ɖo fiae ɖe Babilonia fiaɖuƒea nu ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, 2 nye Daniel, mese egɔme tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me, tso nya si Yehowa tsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia me, be Yerusalem ƒe aƒedozuzu anɔ anyi ƒe blaadre. 3 Ale metrɔ ɖe Yehowa, nye Mawu ŋu eye meƒo koko nɛ to gbedodoɖa, kukuɖeɖe, nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔsisi me. 4 Medo gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu eye meʋu nye nu vɔ̃ me be,“O Yehowa, Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, ame si léa lɔlɔ̃ ƒe nubabla me ɖe asi na ame siwo katã lɔ̃nɛ eye wowɔa eƒe sewo dzi, 5 míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo. Míesẽ ŋuta eye míedze aglã. Míeɖe asi le wò ɖoɖowo kple sewo ŋuti. 6 Míeɖo to wò dɔla nyagblɔɖilawo, ame siwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, dumegãwo kple mía fofowo kple anyigbadzitɔwo katã o. 7 “Aƒetɔ, ènye dzɔdzɔetɔ, ke egbe la, ŋukpe lé mí, Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo kple Israelviwo katã, kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa, le dukɔ siwo me nèka mí hlẽ ɖo le míaƒe nuteƒemawɔmawɔ na wò ta. 8 O Yehowa, ŋukpe lé mí, míaƒe fiawo, míaƒe dumegãwo kple mía fofowo le ale si míeda vo ɖe ŋuwò la ta. 9 Aƒetɔ, mía Mawu la kpɔa nublanui eye wòtsɔa nu vɔ̃ kena togbɔ be míedze aglã ɖe eŋu hã. 10 Míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o, eye míelé se siwo wòde na mí to eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo dzi la me ɖe asi o. 11 Israel blibo la da le wò sewo dzi, wotrɔ le yowòme, eye wogbe toɖoɖo wò eya ta wotrɔ fiƒode kple atam siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sewo me la, kɔ ɖe mía dzi elabena míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò. 12 Èwɔ nya siwo wogblɔ ɖe míawo kple míaƒe dziɖulawo ŋu la dzi, to dzɔgbevɔ̃e gã hehe va mía dzi me. Le dziƒo blibo la te la, womewɔ naneke kpɔ abe nu si wowɔ Yerusalem la ene o. 13 Abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe sewo me ene la, dzɔgbevɔ̃e sia katã dzɔ ɖe mía dzi, míedi Yehowa, mía Mawu la ƒe amenuveve to asiɖeɖe le míaƒe nu vɔ̃wo ŋu kple ŋkuléle ɖe wò nyateƒe la ŋu me o. 14 Yehowa mehe ɖe megbe le dzɔgbevɔ̃e la hehe va mía dzi me o elabena Yehowa, míaƒe Mawu la dzɔdzɔetɔe wònye le nu sia nu si wòwɔna la me gake míeɖo toe o. 15 “Azɔ la, O Aƒetɔ, mía Mawu, wò ame si kplɔ wò amewo do goe tso Egipte kple asi sesẽ eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, ŋkɔ si le ŋuwò va ɖo egbe sia, míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo. 16 O Aƒetɔ, le wò nu dzɔdzɔewo katã wɔwɔ me la, na wò dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ naɖe ɖa le Yerusalem, wò du kple wò to kɔkɔe la ŋu. Míaƒe nu vɔ̃wo kple mía fofowo ƒe dzidadawo na Yerusalem kple wò amewo zu fewuɖunu na ame siwo katã ƒo xlã mí. 17 “Azɔ, mía Mawu, se wò dɔla ƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo. Le wò ŋutɔ ta, O Aƒetɔ, kpɔ wò Kɔkɔeƒe si zu aƒedo la ɖa kple amenuveve. 18 Ɖo to, O Mawu eye nàse nu; ʋu wò ŋkuwo eye nàkpɔ wò du si ŋu wò Ŋkɔ le la ƒe aƒedozuzu ɖa. Míele nu biam wò le míaƒe dzɔdzɔenyenye ta o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta. 19 O Aƒetɔ, ƒu to anyi! O Aƒetɔ, tsɔe ke dzro! O Aƒetɔ, se nu eye nàwɔ nu! Le wò ŋutɔ ta, O nye Mawu, mègahe ɖe megbe o elabena wò Ŋkɔ le wò du kple wò amewo ŋu.” 20 Esime menɔ nu ƒom, henɔ gbe dom ɖa nɔ nye kple nye dukɔ, Israel, ƒe nu vɔ̃ me ʋum eye menɔ koko ƒom na Yehowa, nye Mawu, ɖe eƒe to kɔkɔe la ta 21 eye meganɔ gbe dom ɖa ko la, Gabriel, ame si mekpɔ le nye ŋutega si do ŋgɔ me la va do ɖe dzinye kpoyi le fiẽvɔsaɣi. 22 Efia num, gblɔ nam be, “Daniel, meva azɔ be mana sidzedze kple gɔmesese wò. 23 Esime nèdze gbedodoɖa gɔme teti ko la, wona ŋuɖoɖo aɖe si meva be magblɔ na wò elabena wobua wò ŋutɔ eya ta bu gbedeasi la ŋu eye nàse ŋutega la gɔme: 24 “Woɖo Kɔsiɖa blaadre na wò amewo kple wò du kɔkɔe la be miawu sedzidada nu, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, woalé avu ɖe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta, woatsɔ dzɔdzɔenyenye mavɔtɔ vɛ, woatre ŋutegawo kple nyagblɔɖiwo nu eye woasi ami na kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la. 25 “Nya nu sia eye nàse egɔme. Tso sedede sia be woagbugbɔ Yerusalem atu dzi va se ɖe esime Amesiamina la, dziɖula la nava la, anye kɔsiɖa adre eye woagbugbɔe atu kple mɔtatawo kple tsisitoƒewo gake woawɔe le xaxaɣi. 26 Le kɔsiɖa blaade-vɔ-eveawo megbe la, woaɖe Amesiamina la ɖa eye naneke manɔ esi o. Dziɖula si ava la ƒe amewo agbã du la kple kɔkɔeƒe la. Nuwuwu la ava abe tsiɖɔɖɔ ene. Aʋawɔwɔ ayi edzi va se ɖe nuwuwu la eye woaɖe mɔ le aƒedozuzu ŋuti. 27 Aɖo kpe nu si wòbla kple ame geɖewo la dzi kɔsiɖa ɖeka. Le kɔsiɖa ɖeka la titina la, atɔ te vɔsawo kple nunanawo. Le gbedoxɔ la ƒe dzogoe ɖeka dzi la, ali ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ la ɖi va se ɖe esime woatrɔ nuwuwu si woɖo ɖi la akɔ ɖe edzi.”

In Other Versions

Daniel 9 in the ANGEFD

Daniel 9 in the ANTPNG2D

Daniel 9 in the AS21

Daniel 9 in the BAGH

Daniel 9 in the BBPNG

Daniel 9 in the BBT1E

Daniel 9 in the BDS

Daniel 9 in the BEV

Daniel 9 in the BHAD

Daniel 9 in the BIB

Daniel 9 in the BLPT

Daniel 9 in the BNT

Daniel 9 in the BNTABOOT

Daniel 9 in the BNTLV

Daniel 9 in the BOATCB

Daniel 9 in the BOATCB2

Daniel 9 in the BOBCV

Daniel 9 in the BOCNT

Daniel 9 in the BOGWICC

Daniel 9 in the BOHCB

Daniel 9 in the BOHCV

Daniel 9 in the BOHLNT

Daniel 9 in the BOHNTLTAL

Daniel 9 in the BOICB

Daniel 9 in the BOILNTAP

Daniel 9 in the BOITCV

Daniel 9 in the BOKCV

Daniel 9 in the BOKCV2

Daniel 9 in the BOKHWOG

Daniel 9 in the BOKSSV

Daniel 9 in the BOLCB

Daniel 9 in the BOLCB2

Daniel 9 in the BOMCV

Daniel 9 in the BONAV

Daniel 9 in the BONCB

Daniel 9 in the BONLT

Daniel 9 in the BONUT2

Daniel 9 in the BOPLNT

Daniel 9 in the BOSCB

Daniel 9 in the BOSNC

Daniel 9 in the BOTLNT

Daniel 9 in the BOVCB

Daniel 9 in the BOYCB

Daniel 9 in the BPBB

Daniel 9 in the BPH

Daniel 9 in the BSB

Daniel 9 in the CCB

Daniel 9 in the CUV

Daniel 9 in the CUVS

Daniel 9 in the DBT

Daniel 9 in the DGDNT

Daniel 9 in the DHNT

Daniel 9 in the DNT

Daniel 9 in the ELBE

Daniel 9 in the EMTV

Daniel 9 in the ESV

Daniel 9 in the FBV

Daniel 9 in the FEB

Daniel 9 in the GGMNT

Daniel 9 in the GNT

Daniel 9 in the HARY

Daniel 9 in the HNT

Daniel 9 in the IRVA

Daniel 9 in the IRVB

Daniel 9 in the IRVG

Daniel 9 in the IRVH

Daniel 9 in the IRVK

Daniel 9 in the IRVM

Daniel 9 in the IRVM2

Daniel 9 in the IRVO

Daniel 9 in the IRVP

Daniel 9 in the IRVT

Daniel 9 in the IRVT2

Daniel 9 in the IRVU

Daniel 9 in the ISVN

Daniel 9 in the JSNT

Daniel 9 in the KAPI

Daniel 9 in the KBT1ETNIK

Daniel 9 in the KBV

Daniel 9 in the KJV

Daniel 9 in the KNFD

Daniel 9 in the LBA

Daniel 9 in the LBLA

Daniel 9 in the LNT

Daniel 9 in the LSV

Daniel 9 in the MAAL

Daniel 9 in the MBV

Daniel 9 in the MBV2

Daniel 9 in the MHNT

Daniel 9 in the MKNFD

Daniel 9 in the MNG

Daniel 9 in the MNT

Daniel 9 in the MNT2

Daniel 9 in the MRS1T

Daniel 9 in the NAA

Daniel 9 in the NASB

Daniel 9 in the NBLA

Daniel 9 in the NBS

Daniel 9 in the NBVTP

Daniel 9 in the NET2

Daniel 9 in the NIV11

Daniel 9 in the NNT

Daniel 9 in the NNT2

Daniel 9 in the NNT3

Daniel 9 in the PDDPT

Daniel 9 in the PFNT

Daniel 9 in the RMNT

Daniel 9 in the SBIAS

Daniel 9 in the SBIBS

Daniel 9 in the SBIBS2

Daniel 9 in the SBICS

Daniel 9 in the SBIDS

Daniel 9 in the SBIGS

Daniel 9 in the SBIHS

Daniel 9 in the SBIIS

Daniel 9 in the SBIIS2

Daniel 9 in the SBIIS3

Daniel 9 in the SBIKS

Daniel 9 in the SBIKS2

Daniel 9 in the SBIMS

Daniel 9 in the SBIOS

Daniel 9 in the SBIPS

Daniel 9 in the SBISS

Daniel 9 in the SBITS

Daniel 9 in the SBITS2

Daniel 9 in the SBITS3

Daniel 9 in the SBITS4

Daniel 9 in the SBIUS

Daniel 9 in the SBIVS

Daniel 9 in the SBT

Daniel 9 in the SBT1E

Daniel 9 in the SCHL

Daniel 9 in the SNT

Daniel 9 in the SUSU

Daniel 9 in the SUSU2

Daniel 9 in the SYNO

Daniel 9 in the TBIAOTANT

Daniel 9 in the TBT1E

Daniel 9 in the TBT1E2

Daniel 9 in the TFTIP

Daniel 9 in the TFTU

Daniel 9 in the TGNTATF3T

Daniel 9 in the THAI

Daniel 9 in the TNFD

Daniel 9 in the TNT

Daniel 9 in the TNTIK

Daniel 9 in the TNTIL

Daniel 9 in the TNTIN

Daniel 9 in the TNTIP

Daniel 9 in the TNTIZ

Daniel 9 in the TOMA

Daniel 9 in the TTENT

Daniel 9 in the UBG

Daniel 9 in the UGV

Daniel 9 in the UGV2

Daniel 9 in the UGV3

Daniel 9 in the VBL

Daniel 9 in the VDCC

Daniel 9 in the YALU

Daniel 9 in the YAPE

Daniel 9 in the YBVTP

Daniel 9 in the ZBP