Deuteronomy 19 (BOECS)

1 “Ne Yehowa, wò Mawu la tsrɔ̃ dukɔ siwo teƒe xɔ ge nàla, eye ne èle woƒe duwo kple aƒewo me la, 2 ekema nàtia du etɔ̃ siwo le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nàwom la titina lɔƒo la na ɖokuiwò. 3 Ɖe mɔwo ɖe wo dome, eye nàma anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm abe wò domenyinu ene la ɖe akpa etɔ̃ me, ale be ne ame aɖe wu nɔvia la, wòasi ayi afi ma. 4 “Nu si ta wòle be du siawo nanɔ anyi ɖo la woe nye: 5 Ne ame aɖe kple nɔvia aɖe woyi nake fɔ ge le ave me, eye fia la dzo le esi, eye wòwu nɔvia la, amewula la asi ayi du mawo dometɔ ɖeka me, eye wòanɔ dedie. 6 Ne menye nenema o la, hlɔ̃biala la ati eyome kple dɔmedzoe, atui ne sitsoƒedu la gbɔ didi akpa, eye wòawui togbɔ be medze na ku hafi o, elabena menye ɖe wòɖoe hafi wu nɔvia o. 7 Nu sia ta meɖoe na wò be nàtia du etɔ̃ da ɖi na ɖokuiwò. 8 “Yehowa wò Mawu akeke wò anyigba la ƒe liƒowo ɖe edzi abe ale si wòdo ŋugbe na tɔgbuiwòwo ene, eye wòatsɔ anyigba blibo si ŋugbe wòdo la na wò. 9 Esia aku ɖe ale si nèwɔ eƒe se siwo katã mele dedem na wò egbe, be nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu, eye nàzɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu la dzi. Ne esia va eme la, ele be nàgawɔ du bubu etɔ̃ Sitsoƒeduwoe. 10 Ale nàte ŋu axɔ ame maɖifɔwo ɖe agbe le anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi, eye ʋukɔkɔɖi dzodzro ƒe agba manɔ dziwò o. 11 “Ke ne ame aɖe lé fu nɔvia, de xa ɖi nɛ hewui, eye wòsi yi sitsoƒedu siawo dometɔ ɖeka me la, 12 eƒe dumemetsitsiwo aɖo du ɖee, ana woakplɔe ava aƒee, eye woatsɔe ade asi na ame kuku la ƒe hlɔ̃biala be wòawui. 13 Mègakpɔ nublanui nɛ o! Ɖe hlɔ̃dolawo katã ɖa le Israelviwo dome! Eya ko hafi nu sia nu ayi edzi nyuie na mi. 14 “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi la, ɖo ŋku edzi be, mèkpɔ mɔ aho ame aɖeke ƒe liƒotiwo agbugbɔ wo atu ale be nàfi eƒe anyigba gbeɖegbeɖe o.” 15 “Mègabu fɔ ame aɖeke le ɖasefo ɖeka ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve godoo; anyo wu ne woade etɔ̃. 16 Ne ame aɖe ɖi aʋatsoɖase hegblɔ be yekpɔ ame aɖe wòwɔ nu vɔ̃ esime amea mewɔ nu vɔ̃ la o la, 17 na woakplɔ ame eveawo ayi nunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo gbɔ le Yehowa ŋkume. 18 Woabia gbe wo tsitotsito, eye ne wokpɔ be ɖasefo la ka aʋatso la, 19 woahe to si wòbu be woahe na ame kemɛ la hafi la na eya ŋutɔ boŋ. To mɔ sia dzi, eye nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. 20 “Ekema ame siwo asee la avɔ̃ na aʋatsoɖaseɖiɖi. 21 Mègakpɔ nublanui na aʋatsoɖasefo aɖeke o. Le nya sia tɔgbiwo me la, se si dzi nàkpɔe nye: agbe ɖe agbe teƒe, ŋku ɖe ŋku teƒe, aɖu ɖe aɖu teƒe, asi ɖe asi teƒe, afɔ ɖe afɔ teƒe.”

In Other Versions

Deuteronomy 19 in the ANGEFD

Deuteronomy 19 in the ANTPNG2D

Deuteronomy 19 in the AS21

Deuteronomy 19 in the BAGH

Deuteronomy 19 in the BBPNG

Deuteronomy 19 in the BBT1E

Deuteronomy 19 in the BDS

Deuteronomy 19 in the BEV

Deuteronomy 19 in the BHAD

Deuteronomy 19 in the BIB

Deuteronomy 19 in the BLPT

Deuteronomy 19 in the BNT

Deuteronomy 19 in the BNTABOOT

Deuteronomy 19 in the BNTLV

Deuteronomy 19 in the BOATCB

Deuteronomy 19 in the BOATCB2

Deuteronomy 19 in the BOBCV

Deuteronomy 19 in the BOCNT

Deuteronomy 19 in the BOGWICC

Deuteronomy 19 in the BOHCB

Deuteronomy 19 in the BOHCV

Deuteronomy 19 in the BOHLNT

Deuteronomy 19 in the BOHNTLTAL

Deuteronomy 19 in the BOICB

Deuteronomy 19 in the BOILNTAP

Deuteronomy 19 in the BOITCV

Deuteronomy 19 in the BOKCV

Deuteronomy 19 in the BOKCV2

Deuteronomy 19 in the BOKHWOG

Deuteronomy 19 in the BOKSSV

Deuteronomy 19 in the BOLCB

Deuteronomy 19 in the BOLCB2

Deuteronomy 19 in the BOMCV

Deuteronomy 19 in the BONAV

Deuteronomy 19 in the BONCB

Deuteronomy 19 in the BONLT

Deuteronomy 19 in the BONUT2

Deuteronomy 19 in the BOPLNT

Deuteronomy 19 in the BOSCB

Deuteronomy 19 in the BOSNC

Deuteronomy 19 in the BOTLNT

Deuteronomy 19 in the BOVCB

Deuteronomy 19 in the BOYCB

Deuteronomy 19 in the BPBB

Deuteronomy 19 in the BPH

Deuteronomy 19 in the BSB

Deuteronomy 19 in the CCB

Deuteronomy 19 in the CUV

Deuteronomy 19 in the CUVS

Deuteronomy 19 in the DBT

Deuteronomy 19 in the DGDNT

Deuteronomy 19 in the DHNT

Deuteronomy 19 in the DNT

Deuteronomy 19 in the ELBE

Deuteronomy 19 in the EMTV

Deuteronomy 19 in the ESV

Deuteronomy 19 in the FBV

Deuteronomy 19 in the FEB

Deuteronomy 19 in the GGMNT

Deuteronomy 19 in the GNT

Deuteronomy 19 in the HARY

Deuteronomy 19 in the HNT

Deuteronomy 19 in the IRVA

Deuteronomy 19 in the IRVB

Deuteronomy 19 in the IRVG

Deuteronomy 19 in the IRVH

Deuteronomy 19 in the IRVK

Deuteronomy 19 in the IRVM

Deuteronomy 19 in the IRVM2

Deuteronomy 19 in the IRVO

Deuteronomy 19 in the IRVP

Deuteronomy 19 in the IRVT

Deuteronomy 19 in the IRVT2

Deuteronomy 19 in the IRVU

Deuteronomy 19 in the ISVN

Deuteronomy 19 in the JSNT

Deuteronomy 19 in the KAPI

Deuteronomy 19 in the KBT1ETNIK

Deuteronomy 19 in the KBV

Deuteronomy 19 in the KJV

Deuteronomy 19 in the KNFD

Deuteronomy 19 in the LBA

Deuteronomy 19 in the LBLA

Deuteronomy 19 in the LNT

Deuteronomy 19 in the LSV

Deuteronomy 19 in the MAAL

Deuteronomy 19 in the MBV

Deuteronomy 19 in the MBV2

Deuteronomy 19 in the MHNT

Deuteronomy 19 in the MKNFD

Deuteronomy 19 in the MNG

Deuteronomy 19 in the MNT

Deuteronomy 19 in the MNT2

Deuteronomy 19 in the MRS1T

Deuteronomy 19 in the NAA

Deuteronomy 19 in the NASB

Deuteronomy 19 in the NBLA

Deuteronomy 19 in the NBS

Deuteronomy 19 in the NBVTP

Deuteronomy 19 in the NET2

Deuteronomy 19 in the NIV11

Deuteronomy 19 in the NNT

Deuteronomy 19 in the NNT2

Deuteronomy 19 in the NNT3

Deuteronomy 19 in the PDDPT

Deuteronomy 19 in the PFNT

Deuteronomy 19 in the RMNT

Deuteronomy 19 in the SBIAS

Deuteronomy 19 in the SBIBS

Deuteronomy 19 in the SBIBS2

Deuteronomy 19 in the SBICS

Deuteronomy 19 in the SBIDS

Deuteronomy 19 in the SBIGS

Deuteronomy 19 in the SBIHS

Deuteronomy 19 in the SBIIS

Deuteronomy 19 in the SBIIS2

Deuteronomy 19 in the SBIIS3

Deuteronomy 19 in the SBIKS

Deuteronomy 19 in the SBIKS2

Deuteronomy 19 in the SBIMS

Deuteronomy 19 in the SBIOS

Deuteronomy 19 in the SBIPS

Deuteronomy 19 in the SBISS

Deuteronomy 19 in the SBITS

Deuteronomy 19 in the SBITS2

Deuteronomy 19 in the SBITS3

Deuteronomy 19 in the SBITS4

Deuteronomy 19 in the SBIUS

Deuteronomy 19 in the SBIVS

Deuteronomy 19 in the SBT

Deuteronomy 19 in the SBT1E

Deuteronomy 19 in the SCHL

Deuteronomy 19 in the SNT

Deuteronomy 19 in the SUSU

Deuteronomy 19 in the SUSU2

Deuteronomy 19 in the SYNO

Deuteronomy 19 in the TBIAOTANT

Deuteronomy 19 in the TBT1E

Deuteronomy 19 in the TBT1E2

Deuteronomy 19 in the TFTIP

Deuteronomy 19 in the TFTU

Deuteronomy 19 in the TGNTATF3T

Deuteronomy 19 in the THAI

Deuteronomy 19 in the TNFD

Deuteronomy 19 in the TNT

Deuteronomy 19 in the TNTIK

Deuteronomy 19 in the TNTIL

Deuteronomy 19 in the TNTIN

Deuteronomy 19 in the TNTIP

Deuteronomy 19 in the TNTIZ

Deuteronomy 19 in the TOMA

Deuteronomy 19 in the TTENT

Deuteronomy 19 in the UBG

Deuteronomy 19 in the UGV

Deuteronomy 19 in the UGV2

Deuteronomy 19 in the UGV3

Deuteronomy 19 in the VBL

Deuteronomy 19 in the VDCC

Deuteronomy 19 in the YALU

Deuteronomy 19 in the YAPE

Deuteronomy 19 in the YBVTP

Deuteronomy 19 in the ZBP