Esther 5 (BOECS)

1 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Ester do eƒe fiawu, eye wòyi fiasã la ƒe xɔxɔnu emetɔ me le afi si amewo ƒoa ƒu ɖo le fiasã la me la ŋgɔ. Fia la nɔ eƒe fiazikpui dzi le afi ma hedze ŋgɔ mɔa nu. 2 Esi wòkpɔ Fianyɔnu Ester wòtsi tsitre ɖe afi ma la, edo dzaa nɛ, eye wòtsɔ sikafiatikplɔ si wolé ɖe asi la do ɖee. Ale Ester te ɖe eŋu, eye wòlé fiatikplɔ la tame. 3 Fia la biae be, “Nu kae nye wò didi, Fianyɔnu Ester? Nu ka nàbia? Nu sia nu si nàbia la, mana wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!” 4 Ester ɖo eŋu be, “Ne edze ŋuwò la, medi be wò kple Haman miava kplɔ̃ si meɖo na wò egbe la ŋu.” 5 Fia la gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Miyi miagblɔ na Haman be wòaɖe abla ava, ale be miawɔ ɖe Ester ƒe didi dzi.”Ale fia la kple Haman woyi kplɔ̃ si Ester ɖo la ŋu. 6 Esi wonɔ wain nom la, fia la gblɔ na Ester be, “Gblɔ nu si tututu nèhiã la nam azɔ, eye matsɔe na wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!” 7 Ester ɖo eŋu be, “Esiae nye nye biabia kple kukuɖeɖe. 8 Nenye be fia la nyo dɔ me nam, eye nenye be edze fia la ŋu be wòawɔ ɖe nye didi kple biabia dzi la, ekema fia la kple Haman negava ɖu nu le kplɔ̃ si maɖo na wò etsɔ la ŋu. Ekema maɖo fia la ƒe biabia ŋu nɛ.” 9 Esi wokaka le kplɔ̃a ŋu la, Haman dzo kple dzidzɔ gã aɖe. Esi wòkpɔ Mordekai le agboa nu, eye Mordekai metsi tsitre alo dzo nyanyanya le eŋkume o la, edo dɔmedzoe ŋutɔ. 10 Ke eɖu eɖokui dzi, yi aƒe me, eye wòyɔ exɔlɔ̃wo kple srɔ̃a Zeres. 11 Eƒo adegbe le eƒe gakpɔkpɔ vivivo, viŋutsuwo ƒe agbɔsɔsɔ, ale si fia la doe ɖe dzii kple ale si wòzu ame gãtɔ si kplɔ fia la ɖo le fiaɖuƒe la me la ŋu. 12 Eyi edzi be, “Ɛ̃, menye ema koe o; Fianyɔnu Ester kpe nye kple fia la ɖeɖe pɛ ko ɖe kplɔ̃ si wòɖo na mí la ŋu. Gawu la, egakpe mí na etsɔ hã! 13 Ke esiawo katã maɖi ƒo nam o, zi ale si Mordekai, Yudatɔ ma nɔ anyi ɖe fia la ƒe agbo nu mele kpɔkpɔm.” 14 Zeres, Haman srɔ̃ kple Haman xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ be, “Enyo; tu kadeveti aɖe wòakɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃. Ne ŋu ke la, nàbia fia la be wòana mɔ wò nade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti la ŋu. Ne èwɔ esia vɔ la, ekema àte ŋu agayi kplɔ̃ la ŋu kple fia la kple dzidzɔ.” Aɖaŋu sia dze Haman ŋu ŋutɔ, eya ta wòna wotu kadeveti la.

In Other Versions

Esther 5 in the ANGEFD

Esther 5 in the ANTPNG2D

Esther 5 in the AS21

Esther 5 in the BAGH

Esther 5 in the BBPNG

Esther 5 in the BBT1E

Esther 5 in the BDS

Esther 5 in the BEV

Esther 5 in the BHAD

Esther 5 in the BIB

Esther 5 in the BLPT

Esther 5 in the BNT

Esther 5 in the BNTABOOT

Esther 5 in the BNTLV

Esther 5 in the BOATCB

Esther 5 in the BOATCB2

Esther 5 in the BOBCV

Esther 5 in the BOCNT

Esther 5 in the BOGWICC

Esther 5 in the BOHCB

Esther 5 in the BOHCV

Esther 5 in the BOHLNT

Esther 5 in the BOHNTLTAL

Esther 5 in the BOICB

Esther 5 in the BOILNTAP

Esther 5 in the BOITCV

Esther 5 in the BOKCV

Esther 5 in the BOKCV2

Esther 5 in the BOKHWOG

Esther 5 in the BOKSSV

Esther 5 in the BOLCB

Esther 5 in the BOLCB2

Esther 5 in the BOMCV

Esther 5 in the BONAV

Esther 5 in the BONCB

Esther 5 in the BONLT

Esther 5 in the BONUT2

Esther 5 in the BOPLNT

Esther 5 in the BOSCB

Esther 5 in the BOSNC

Esther 5 in the BOTLNT

Esther 5 in the BOVCB

Esther 5 in the BOYCB

Esther 5 in the BPBB

Esther 5 in the BPH

Esther 5 in the BSB

Esther 5 in the CCB

Esther 5 in the CUV

Esther 5 in the CUVS

Esther 5 in the DBT

Esther 5 in the DGDNT

Esther 5 in the DHNT

Esther 5 in the DNT

Esther 5 in the ELBE

Esther 5 in the EMTV

Esther 5 in the ESV

Esther 5 in the FBV

Esther 5 in the FEB

Esther 5 in the GGMNT

Esther 5 in the GNT

Esther 5 in the HARY

Esther 5 in the HNT

Esther 5 in the IRVA

Esther 5 in the IRVB

Esther 5 in the IRVG

Esther 5 in the IRVH

Esther 5 in the IRVK

Esther 5 in the IRVM

Esther 5 in the IRVM2

Esther 5 in the IRVO

Esther 5 in the IRVP

Esther 5 in the IRVT

Esther 5 in the IRVT2

Esther 5 in the IRVU

Esther 5 in the ISVN

Esther 5 in the JSNT

Esther 5 in the KAPI

Esther 5 in the KBT1ETNIK

Esther 5 in the KBV

Esther 5 in the KJV

Esther 5 in the KNFD

Esther 5 in the LBA

Esther 5 in the LBLA

Esther 5 in the LNT

Esther 5 in the LSV

Esther 5 in the MAAL

Esther 5 in the MBV

Esther 5 in the MBV2

Esther 5 in the MHNT

Esther 5 in the MKNFD

Esther 5 in the MNG

Esther 5 in the MNT

Esther 5 in the MNT2

Esther 5 in the MRS1T

Esther 5 in the NAA

Esther 5 in the NASB

Esther 5 in the NBLA

Esther 5 in the NBS

Esther 5 in the NBVTP

Esther 5 in the NET2

Esther 5 in the NIV11

Esther 5 in the NNT

Esther 5 in the NNT2

Esther 5 in the NNT3

Esther 5 in the PDDPT

Esther 5 in the PFNT

Esther 5 in the RMNT

Esther 5 in the SBIAS

Esther 5 in the SBIBS

Esther 5 in the SBIBS2

Esther 5 in the SBICS

Esther 5 in the SBIDS

Esther 5 in the SBIGS

Esther 5 in the SBIHS

Esther 5 in the SBIIS

Esther 5 in the SBIIS2

Esther 5 in the SBIIS3

Esther 5 in the SBIKS

Esther 5 in the SBIKS2

Esther 5 in the SBIMS

Esther 5 in the SBIOS

Esther 5 in the SBIPS

Esther 5 in the SBISS

Esther 5 in the SBITS

Esther 5 in the SBITS2

Esther 5 in the SBITS3

Esther 5 in the SBITS4

Esther 5 in the SBIUS

Esther 5 in the SBIVS

Esther 5 in the SBT

Esther 5 in the SBT1E

Esther 5 in the SCHL

Esther 5 in the SNT

Esther 5 in the SUSU

Esther 5 in the SUSU2

Esther 5 in the SYNO

Esther 5 in the TBIAOTANT

Esther 5 in the TBT1E

Esther 5 in the TBT1E2

Esther 5 in the TFTIP

Esther 5 in the TFTU

Esther 5 in the TGNTATF3T

Esther 5 in the THAI

Esther 5 in the TNFD

Esther 5 in the TNT

Esther 5 in the TNTIK

Esther 5 in the TNTIL

Esther 5 in the TNTIN

Esther 5 in the TNTIP

Esther 5 in the TNTIZ

Esther 5 in the TOMA

Esther 5 in the TTENT

Esther 5 in the UBG

Esther 5 in the UGV

Esther 5 in the UGV2

Esther 5 in the UGV3

Esther 5 in the VBL

Esther 5 in the VDCC

Esther 5 in the YALU

Esther 5 in the YAPE

Esther 5 in the YBVTP

Esther 5 in the ZBP