Esther 6 (BOECS)
1 Fia Ahasuerus mete ŋu dɔ alɔ̃ le gbe ma gbe ƒe zã me o, eya ta wòna wotsɔ fiasã la ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ, si ku ɖe eƒe dziɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo ŋuti vɛ be woaxlẽ nɛ. 2 Woke ɖe eŋu le agbalẽ la me be, Bigtan kple Teres, fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo kple agbonudzɔla eve wowɔ ɖoɖo ɖe Fia Zerzes wuwu ŋuti, eye Mordekai na fia la nya. 3 Fia la bia eƒe aɖaŋudelawo be, “Nu ka tututue míena Mordekai le nyanyanana sia ta?”Eƒe aɖaŋudelawo ɖo eŋu be, “Womena nanekee o!” 4 Fia la bia be, “Ame kae le xɔxɔnu afi ma?” Eva eme be Haman va ɖo afi ma teti be yeabia fia la be wòaɖe mɔ na ye yeade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti si tum yenɔ la ŋu. 5 Aɖaŋudelawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame si le afi ma lae nye Haman.”Fia la ɖe gbe be, “Miyɔe ɖa.” 6 Ale Haman yi fia la gbɔ, eye fia la biae be, “Nu ka woawɔ atsɔ ade bubu ame aɖe si ŋu mekpɔ ŋudzedze tɔxɛ le la?”Tete Haman bu le eƒe ta me be, “Ame ka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui ne menye nye ko oa?” 7 Ale wòɖo eŋu na fia la be, “Hena ame si ƒe nu do dzidzɔ na fia la, eye wòdi be yeade bubu eŋu la, 8 fia la nana woatsɔ fiawu ado nɛ, wòana wòado fia la ƒe sɔ, woaɖɔ fia la ƒe fiakuku nɛ. 9 Ekema fia la nana woatsɔ fiawu la kple fia la ƒe sɔ la ade asi na fia la ƒe bubume ɖeka. Fia la nana wodoa fiawu la na ame si ƒe nu do dzidzɔ nɛ wòbe yeade bubu eŋu, ekema bubume la anɔ sɔ la ŋgɔ, woato dua ƒe ablɔwo dzi, eye bubume la nanɔ gbeƒã ɖem le eŋgɔ be, ‘Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu.’ ” 10 Fia la gblɔ na Haman be, “Enyo ŋutɔ! Ɖe abla nàtsɔ fiawu la kple nye sɔ la, eye nàwɔ nu si nègblɔ la tututu na Mordekai, Yudatɔ, ame si nɔa agboa nu. Wɔ nu sia abe ale si nègblɔe ene la pɛpɛpɛ!” 11 Ale Haman tsɔ fiawu la do na Mordekai, ena wòdo fia la ŋutɔ ƒe sɔ, eye wòkplɔe to dua ƒe ablɔwo dzi, nɔ ɣli dom le eŋgɔ be, “Esiae nye nu si wowɔ na ŋutsu si ƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòde bubu eŋu!” 12 Le esia megbe la, Mordekai trɔ yi eƒe dɔwɔƒe, ke Haman ɖe abla yi aƒe me kple nuxaxa blibo. 13 Egblɔ nu siwo katã va dzɔ ɖe edzi la na srɔ̃a, Zeres kple exɔlɔ̃wo. Eƒe aɖaŋuɖolawo kple srɔ̃a wogblɔ nɛ be, “Zi ale si Mordekai, ame si dzi wò anyidzedze dze egɔme tsoe nye Yudatɔ la, màte ŋu anɔ te ɖe enu o; vavã àtsrɔ̃ godoo!” 14 Esime woganɔ ŋugble dem tso nya sia ŋu kplii la, fia la ƒe ame dɔdɔawo va kplɔ Haman yi Ester ƒe kplɔ̃ si wòɖo la ŋu.
In Other Versions
Esther 6 in the ANGEFD
Esther 6 in the ANTPNG2D
Esther 6 in the AS21
Esther 6 in the BAGH
Esther 6 in the BBPNG
Esther 6 in the BBT1E
Esther 6 in the BDS
Esther 6 in the BEV
Esther 6 in the BHAD
Esther 6 in the BIB
Esther 6 in the BLPT
Esther 6 in the BNT
Esther 6 in the BNTABOOT
Esther 6 in the BNTLV
Esther 6 in the BOATCB
Esther 6 in the BOATCB2
Esther 6 in the BOBCV
Esther 6 in the BOCNT
Esther 6 in the BOGWICC
Esther 6 in the BOHCB
Esther 6 in the BOHCV
Esther 6 in the BOHLNT
Esther 6 in the BOHNTLTAL
Esther 6 in the BOICB
Esther 6 in the BOILNTAP
Esther 6 in the BOITCV
Esther 6 in the BOKCV
Esther 6 in the BOKCV2
Esther 6 in the BOKHWOG
Esther 6 in the BOKSSV
Esther 6 in the BOLCB
Esther 6 in the BOLCB2
Esther 6 in the BOMCV
Esther 6 in the BONAV
Esther 6 in the BONCB
Esther 6 in the BONLT
Esther 6 in the BONUT2
Esther 6 in the BOPLNT
Esther 6 in the BOSCB
Esther 6 in the BOSNC
Esther 6 in the BOTLNT
Esther 6 in the BOVCB
Esther 6 in the BOYCB
Esther 6 in the BPBB
Esther 6 in the BPH
Esther 6 in the BSB
Esther 6 in the CCB
Esther 6 in the CUV
Esther 6 in the CUVS
Esther 6 in the DBT
Esther 6 in the DGDNT
Esther 6 in the DHNT
Esther 6 in the DNT
Esther 6 in the ELBE
Esther 6 in the EMTV
Esther 6 in the ESV
Esther 6 in the FBV
Esther 6 in the FEB
Esther 6 in the GGMNT
Esther 6 in the GNT
Esther 6 in the HARY
Esther 6 in the HNT
Esther 6 in the IRVA
Esther 6 in the IRVB
Esther 6 in the IRVG
Esther 6 in the IRVH
Esther 6 in the IRVK
Esther 6 in the IRVM
Esther 6 in the IRVM2
Esther 6 in the IRVO
Esther 6 in the IRVP
Esther 6 in the IRVT
Esther 6 in the IRVT2
Esther 6 in the IRVU
Esther 6 in the ISVN
Esther 6 in the JSNT
Esther 6 in the KAPI
Esther 6 in the KBT1ETNIK
Esther 6 in the KBV
Esther 6 in the KJV
Esther 6 in the KNFD
Esther 6 in the LBA
Esther 6 in the LBLA
Esther 6 in the LNT
Esther 6 in the LSV
Esther 6 in the MAAL
Esther 6 in the MBV
Esther 6 in the MBV2
Esther 6 in the MHNT
Esther 6 in the MKNFD
Esther 6 in the MNG
Esther 6 in the MNT
Esther 6 in the MNT2
Esther 6 in the MRS1T
Esther 6 in the NAA
Esther 6 in the NASB
Esther 6 in the NBLA
Esther 6 in the NBS
Esther 6 in the NBVTP
Esther 6 in the NET2
Esther 6 in the NIV11
Esther 6 in the NNT
Esther 6 in the NNT2
Esther 6 in the NNT3
Esther 6 in the PDDPT
Esther 6 in the PFNT
Esther 6 in the RMNT
Esther 6 in the SBIAS
Esther 6 in the SBIBS
Esther 6 in the SBIBS2
Esther 6 in the SBICS
Esther 6 in the SBIDS
Esther 6 in the SBIGS
Esther 6 in the SBIHS
Esther 6 in the SBIIS
Esther 6 in the SBIIS2
Esther 6 in the SBIIS3
Esther 6 in the SBIKS
Esther 6 in the SBIKS2
Esther 6 in the SBIMS
Esther 6 in the SBIOS
Esther 6 in the SBIPS
Esther 6 in the SBISS
Esther 6 in the SBITS
Esther 6 in the SBITS2
Esther 6 in the SBITS3
Esther 6 in the SBITS4
Esther 6 in the SBIUS
Esther 6 in the SBIVS
Esther 6 in the SBT
Esther 6 in the SBT1E
Esther 6 in the SCHL
Esther 6 in the SNT
Esther 6 in the SUSU
Esther 6 in the SUSU2
Esther 6 in the SYNO
Esther 6 in the TBIAOTANT
Esther 6 in the TBT1E
Esther 6 in the TBT1E2
Esther 6 in the TFTIP
Esther 6 in the TFTU
Esther 6 in the TGNTATF3T
Esther 6 in the THAI
Esther 6 in the TNFD
Esther 6 in the TNT
Esther 6 in the TNTIK
Esther 6 in the TNTIL
Esther 6 in the TNTIN
Esther 6 in the TNTIP
Esther 6 in the TNTIZ
Esther 6 in the TOMA
Esther 6 in the TTENT
Esther 6 in the UBG
Esther 6 in the UGV
Esther 6 in the UGV2
Esther 6 in the UGV3
Esther 6 in the VBL
Esther 6 in the VDCC
Esther 6 in the YALU
Esther 6 in the YAPE
Esther 6 in the YBVTP
Esther 6 in the ZBP