Exodus 13 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose bena, 2 “Kɔ Israelviwo ƒe ŋutsuvi gbãtɔ ɖe sia ɖe kple lãwo ƒe atsu gbãtɔwo ŋu nam; eɖanye ame alo lã o, tɔnyewoe!” 3 Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be gbe si gbe miedzo le Egipte, eye miedo le kluvinyenye me la, nanye ŋkeke aɖe si dzi miaɖo ŋkui tegbetegbe, elabena Yehowa ɖe mi kple nukunu gãwo. Migaɖu naneke si me amɔʋãtike le la o. 4 Egbe, ɣleti Abib me, miele ʋuʋum. 5 Ne Yehowa kplɔ mi va Kanaantɔwo, Hititɔwo, Amoritɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba si wòka atam na mia fofowo be yeatsɔ ana mi, anyigba ‘si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo’ dzi la, ekema miaɖu ŋkeke sia le dzinu sia me. 6 Hena ŋkeke adre la, miaɖu abolo maʋamaʋã, eye le ŋkeke adrelia gbe la, miaɖu ŋkekenyui na Yehowa. 7 Miaɖu abolo maʋamaʋã le ŋkeke adre mawo me; womakpɔ naneke si ʋã la le mia dome o alo akpɔ amɔʋãtike le miaƒe liƒowo me o. 8 Le gbe ma gbe la, migblɔ na mia viŋutsuwo be, ‘Mele esia wɔm ɖe nu si Yehowa wɔ nam, esi medo go le Egipte la ta.’ 9 Ŋkeke sia ɖuɖu anɔ na mi abe dzesi ene le miaƒe asiwo kple ŋkuɖodzinu le miaƒe ŋgonu, ale be Yehowa ƒe se la anɔ miaƒe nu me, elabena Yehowa kplɔ mi do goe le Egipte kple asi sesẽ. 10 Eya ta miɖo ŋku nuɖoanyi sia dzi le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi ƒe sia ƒe. 11 “Ne Yehowa kplɔ mi yi anyigba si ŋugbe wòdo na mia fofowo ƒe geɖewo nye esi va yi, afi si Kanaantɔwo le fifia dzi la, miɖo ŋku edzi be, 12 miaƒe viŋutsuvi gbãtɔwo katã kple lãtsu siwo katã aʋu dɔ nu na miaƒe lãwo la katã nye Yehowa tɔ. Ele be miatsɔ wo nɛ. 13 Miate ŋu atsɔ agbo alo gbɔ̃tsu aɖɔli tedzitsu. Ke ne ame aɖe medi be yeawɔ alea o la, ele na amea be wòawu tedzi la. Ke ele be miaƒle viŋutsuvi ŋgɔgbeviwo katã ta. 14 “Ne mia viwo abia mi be, ‘Nu ka ta miewɔa nu siawo ɖo?’ la, ele be miagblɔ na wo be, ‘Yehowa tsɔ nukunu gãwo ɖe mí tso kluvinyenye me, tso Egiptenyigba dzi. 15 Farao meɖe mɔ na mí be míadzo o, eya ta Yehowa wu woƒe ŋgɔgbeviwo katã, amegbetɔwo kple lãwo tɔwo siaa le Egipte, eya ta míetsɔa atsu sia atsu, si ʋu dɔ nu na dadaa, amegbetɔwo kple lãwo siaa naa Yehowa. Ke woƒlea ŋutsuvi tsitsitɔwo katã ta.’ 16 Megale egblɔm na mi be ele be ŋkekenyui sia ɖuɖu nade dzesi mi abe Yehowa ƒe amewo ene, abe ɖe wòtsɔ eƒe nutɔnyenye ƒe dzesi ɖo ŋgonu na mi ene. Enye ŋkuɖodzi be Yehowa tsɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe mi tso Egiptenyigba dzi.” 17 Esi Farao ɖe asi le ameawo ŋu be woadzo mlɔeba la, Mawu mekplɔ wo to Filistitɔwo ƒe anyigba dzi o, togbɔ be eyae nye mɔ kpuitɔ hafi, elabena Mawu gblɔ be ne aʋa dzɔ ɖe wo kple Filistitɔwo dome la, woatrɔ ta me be yewoatrɔ, agbugbɔ ayi Egipte. 18 Ale Mawu kplɔ wo to gbegbemɔ la dzi ɖo ta Ƒu Dzĩ la nu. Israelviwo ʋu tso Egipte, nɔ akpababla me hena aʋawɔwɔ. 19 Mose tsɔ Yosef ƒe ƒuwo ɖe asi, elabena Yosef na Israelviwo ka atam le Mawu ƒe ŋkume be yewoatsɔ eƒe ƒuwo ɖe asi ne Mawu akplɔ yewo adzoe tso Egipte, abe ale si wòka ɖe edzi be Mawu awɔe ene. 20 Esi wodzo le Sukɔt la, woƒu asaɖa anyi ɖe Etam le gbegbe la to. 21 Yehowa kplɔa wo kple lilikpo dodo aɖe le ŋkeke me. Le zã me la, ekplɔa wo kple dzo bibi aɖe. Ale wotea ŋu zɔa mɔ le ŋkeke me kple zã me siaa. 22 Lilikpo dodo la kple dzo bibi la siaa mebuna ɖe wo ɣe aɖeke ɣi o.

In Other Versions

Exodus 13 in the ANGEFD

Exodus 13 in the ANTPNG2D

Exodus 13 in the AS21

Exodus 13 in the BAGH

Exodus 13 in the BBPNG

Exodus 13 in the BBT1E

Exodus 13 in the BDS

Exodus 13 in the BEV

Exodus 13 in the BHAD

Exodus 13 in the BIB

Exodus 13 in the BLPT

Exodus 13 in the BNT

Exodus 13 in the BNTABOOT

Exodus 13 in the BNTLV

Exodus 13 in the BOATCB

Exodus 13 in the BOATCB2

Exodus 13 in the BOBCV

Exodus 13 in the BOCNT

Exodus 13 in the BOGWICC

Exodus 13 in the BOHCB

Exodus 13 in the BOHCV

Exodus 13 in the BOHLNT

Exodus 13 in the BOHNTLTAL

Exodus 13 in the BOICB

Exodus 13 in the BOILNTAP

Exodus 13 in the BOITCV

Exodus 13 in the BOKCV

Exodus 13 in the BOKCV2

Exodus 13 in the BOKHWOG

Exodus 13 in the BOKSSV

Exodus 13 in the BOLCB

Exodus 13 in the BOLCB2

Exodus 13 in the BOMCV

Exodus 13 in the BONAV

Exodus 13 in the BONCB

Exodus 13 in the BONLT

Exodus 13 in the BONUT2

Exodus 13 in the BOPLNT

Exodus 13 in the BOSCB

Exodus 13 in the BOSNC

Exodus 13 in the BOTLNT

Exodus 13 in the BOVCB

Exodus 13 in the BOYCB

Exodus 13 in the BPBB

Exodus 13 in the BPH

Exodus 13 in the BSB

Exodus 13 in the CCB

Exodus 13 in the CUV

Exodus 13 in the CUVS

Exodus 13 in the DBT

Exodus 13 in the DGDNT

Exodus 13 in the DHNT

Exodus 13 in the DNT

Exodus 13 in the ELBE

Exodus 13 in the EMTV

Exodus 13 in the ESV

Exodus 13 in the FBV

Exodus 13 in the FEB

Exodus 13 in the GGMNT

Exodus 13 in the GNT

Exodus 13 in the HARY

Exodus 13 in the HNT

Exodus 13 in the IRVA

Exodus 13 in the IRVB

Exodus 13 in the IRVG

Exodus 13 in the IRVH

Exodus 13 in the IRVK

Exodus 13 in the IRVM

Exodus 13 in the IRVM2

Exodus 13 in the IRVO

Exodus 13 in the IRVP

Exodus 13 in the IRVT

Exodus 13 in the IRVT2

Exodus 13 in the IRVU

Exodus 13 in the ISVN

Exodus 13 in the JSNT

Exodus 13 in the KAPI

Exodus 13 in the KBT1ETNIK

Exodus 13 in the KBV

Exodus 13 in the KJV

Exodus 13 in the KNFD

Exodus 13 in the LBA

Exodus 13 in the LBLA

Exodus 13 in the LNT

Exodus 13 in the LSV

Exodus 13 in the MAAL

Exodus 13 in the MBV

Exodus 13 in the MBV2

Exodus 13 in the MHNT

Exodus 13 in the MKNFD

Exodus 13 in the MNG

Exodus 13 in the MNT

Exodus 13 in the MNT2

Exodus 13 in the MRS1T

Exodus 13 in the NAA

Exodus 13 in the NASB

Exodus 13 in the NBLA

Exodus 13 in the NBS

Exodus 13 in the NBVTP

Exodus 13 in the NET2

Exodus 13 in the NIV11

Exodus 13 in the NNT

Exodus 13 in the NNT2

Exodus 13 in the NNT3

Exodus 13 in the PDDPT

Exodus 13 in the PFNT

Exodus 13 in the RMNT

Exodus 13 in the SBIAS

Exodus 13 in the SBIBS

Exodus 13 in the SBIBS2

Exodus 13 in the SBICS

Exodus 13 in the SBIDS

Exodus 13 in the SBIGS

Exodus 13 in the SBIHS

Exodus 13 in the SBIIS

Exodus 13 in the SBIIS2

Exodus 13 in the SBIIS3

Exodus 13 in the SBIKS

Exodus 13 in the SBIKS2

Exodus 13 in the SBIMS

Exodus 13 in the SBIOS

Exodus 13 in the SBIPS

Exodus 13 in the SBISS

Exodus 13 in the SBITS

Exodus 13 in the SBITS2

Exodus 13 in the SBITS3

Exodus 13 in the SBITS4

Exodus 13 in the SBIUS

Exodus 13 in the SBIVS

Exodus 13 in the SBT

Exodus 13 in the SBT1E

Exodus 13 in the SCHL

Exodus 13 in the SNT

Exodus 13 in the SUSU

Exodus 13 in the SUSU2

Exodus 13 in the SYNO

Exodus 13 in the TBIAOTANT

Exodus 13 in the TBT1E

Exodus 13 in the TBT1E2

Exodus 13 in the TFTIP

Exodus 13 in the TFTU

Exodus 13 in the TGNTATF3T

Exodus 13 in the THAI

Exodus 13 in the TNFD

Exodus 13 in the TNT

Exodus 13 in the TNTIK

Exodus 13 in the TNTIL

Exodus 13 in the TNTIN

Exodus 13 in the TNTIP

Exodus 13 in the TNTIZ

Exodus 13 in the TOMA

Exodus 13 in the TTENT

Exodus 13 in the UBG

Exodus 13 in the UGV

Exodus 13 in the UGV2

Exodus 13 in the UGV3

Exodus 13 in the VBL

Exodus 13 in the VDCC

Exodus 13 in the YALU

Exodus 13 in the YAPE

Exodus 13 in the YBVTP

Exodus 13 in the ZBP