Exodus 24 (BOECS)

1 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Kplɔ Aron, Nadab kple Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadre, eye mialia to la. Ame mamlɛawo anɔ adzɔge, eye woasubɔm. 2 Wò, Mose, koe ate ɖe ŋunye. Ɖo ŋku edzi be Israelvi bubuawo mekpɔ mɔ alia to la kura o.” 3 Mose ɖe gbeƒã se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa de asi nɛ la na dukɔ la. Ameawo katã ɖo eŋu kple gbe ɖeka be, “Míawɔ seawo katã dzi.” 4 Mose ŋlɔ Yehowa ƒe seawo katã da ɖi. Esi ŋu ke ŋdi kanya la, etu vɔsamlekpui aɖe ɖe to la te, eye wòɖo dzesidekpe wuieve ƒo xlã vɔsamlekpui la, elabena to wuievee wɔ Israel dukɔ la. 5 Le esia megbe la, eɖo Israelvi ɖekakpui aɖewo ɖa be woasa numevɔsa eye woatsɔ nyitsuwo awɔ akpedavɔsa na Yehowa. 6 Mose kɔ vɔsalã siawo ƒe ʋu ƒe afã ɖe zewo me, eye wòhlẽ afã mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la ŋu. 7 Mose tsɔ agbalẽ si me nublanyawo le eye wòxlẽe na ameawo, eye ameawo gagblɔ be, “Míawɔ nu sia nu si Yehowa gblɔ na mi la, eye míalé eme ɖe asi.” 8 Mose ku lãwo ƒe ʋu tso zeawo me hlẽ ɖe ameawo dome hegblɔ be, “Ʋu sia ɖo kpe nubabla si Yehowa wɔ kpli mí to Se siawo nana mí me la dzi, eye wòtre nubabla la nu.” 9 Le esia megbe la, Mose, Aron, Nadab, Abihu kple Israel ƒe ametsitsi blaadreawo lia to la. 10 Wokpɔ Israel ƒe Mawu la. Teƒe si wòtsi tsitre ɖo la dze abe safirkpe keklẽ siwo me kɔ abe dziŋgɔli me la ene. 11 Togbɔ be Israel ƒe ametsitsiwo kpɔ Mawu hã la, metsrɔ̃ wo o. Emegbe la, woɖu nu kple wo nɔewo le eŋkume. 12 Eye Yehowa gblɔ na Mose be, “Va gbɔnye le to la dzi, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime matsɔ Se siwo meŋlɔ ɖe kpewo dzi la ana wò, ale be nàte ŋu akpɔ wo dzi, afia seawo dukɔ la.” 13 Ale Mose kple eƒe kpeɖeŋutɔ, Yosua lia Mawu ƒe to la. 14 Mose gblɔ na ametsitsiawo be, “Minɔ afi sia, eye mialala mí va se ɖe esime míatrɔ agbɔ. Ne nya sesẽ aɖe ado ta ɖa la, ekema mitsɔ nya la ɖo Aron kple Hur ŋkume.” 15 Mose lia to la, eye wòbu ɖe lilikpowo me le to la tame. 16 Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze ɖe Sinai to la dzi, eye lilikpo la tsyɔ to la dzi ŋkeke ade. Le ŋkeke adrelia gbe la, Yehowa yɔ Mose tso lilikpo la me. 17 Israelvi siwo nɔ to la te la kpɔ nu dziŋɔ sia teƒe. Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na wo le toa tame abe dzo bibi ene. 18 Mose bu ɖe lilikpo si tsyɔ to la tame la me, eye wònɔ afi ma ŋkeke blaene kple zã blaene.

In Other Versions

Exodus 24 in the ANGEFD

Exodus 24 in the ANTPNG2D

Exodus 24 in the AS21

Exodus 24 in the BAGH

Exodus 24 in the BBPNG

Exodus 24 in the BBT1E

Exodus 24 in the BDS

Exodus 24 in the BEV

Exodus 24 in the BHAD

Exodus 24 in the BIB

Exodus 24 in the BLPT

Exodus 24 in the BNT

Exodus 24 in the BNTABOOT

Exodus 24 in the BNTLV

Exodus 24 in the BOATCB

Exodus 24 in the BOATCB2

Exodus 24 in the BOBCV

Exodus 24 in the BOCNT

Exodus 24 in the BOGWICC

Exodus 24 in the BOHCB

Exodus 24 in the BOHCV

Exodus 24 in the BOHLNT

Exodus 24 in the BOHNTLTAL

Exodus 24 in the BOICB

Exodus 24 in the BOILNTAP

Exodus 24 in the BOITCV

Exodus 24 in the BOKCV

Exodus 24 in the BOKCV2

Exodus 24 in the BOKHWOG

Exodus 24 in the BOKSSV

Exodus 24 in the BOLCB

Exodus 24 in the BOLCB2

Exodus 24 in the BOMCV

Exodus 24 in the BONAV

Exodus 24 in the BONCB

Exodus 24 in the BONLT

Exodus 24 in the BONUT2

Exodus 24 in the BOPLNT

Exodus 24 in the BOSCB

Exodus 24 in the BOSNC

Exodus 24 in the BOTLNT

Exodus 24 in the BOVCB

Exodus 24 in the BOYCB

Exodus 24 in the BPBB

Exodus 24 in the BPH

Exodus 24 in the BSB

Exodus 24 in the CCB

Exodus 24 in the CUV

Exodus 24 in the CUVS

Exodus 24 in the DBT

Exodus 24 in the DGDNT

Exodus 24 in the DHNT

Exodus 24 in the DNT

Exodus 24 in the ELBE

Exodus 24 in the EMTV

Exodus 24 in the ESV

Exodus 24 in the FBV

Exodus 24 in the FEB

Exodus 24 in the GGMNT

Exodus 24 in the GNT

Exodus 24 in the HARY

Exodus 24 in the HNT

Exodus 24 in the IRVA

Exodus 24 in the IRVB

Exodus 24 in the IRVG

Exodus 24 in the IRVH

Exodus 24 in the IRVK

Exodus 24 in the IRVM

Exodus 24 in the IRVM2

Exodus 24 in the IRVO

Exodus 24 in the IRVP

Exodus 24 in the IRVT

Exodus 24 in the IRVT2

Exodus 24 in the IRVU

Exodus 24 in the ISVN

Exodus 24 in the JSNT

Exodus 24 in the KAPI

Exodus 24 in the KBT1ETNIK

Exodus 24 in the KBV

Exodus 24 in the KJV

Exodus 24 in the KNFD

Exodus 24 in the LBA

Exodus 24 in the LBLA

Exodus 24 in the LNT

Exodus 24 in the LSV

Exodus 24 in the MAAL

Exodus 24 in the MBV

Exodus 24 in the MBV2

Exodus 24 in the MHNT

Exodus 24 in the MKNFD

Exodus 24 in the MNG

Exodus 24 in the MNT

Exodus 24 in the MNT2

Exodus 24 in the MRS1T

Exodus 24 in the NAA

Exodus 24 in the NASB

Exodus 24 in the NBLA

Exodus 24 in the NBS

Exodus 24 in the NBVTP

Exodus 24 in the NET2

Exodus 24 in the NIV11

Exodus 24 in the NNT

Exodus 24 in the NNT2

Exodus 24 in the NNT3

Exodus 24 in the PDDPT

Exodus 24 in the PFNT

Exodus 24 in the RMNT

Exodus 24 in the SBIAS

Exodus 24 in the SBIBS

Exodus 24 in the SBIBS2

Exodus 24 in the SBICS

Exodus 24 in the SBIDS

Exodus 24 in the SBIGS

Exodus 24 in the SBIHS

Exodus 24 in the SBIIS

Exodus 24 in the SBIIS2

Exodus 24 in the SBIIS3

Exodus 24 in the SBIKS

Exodus 24 in the SBIKS2

Exodus 24 in the SBIMS

Exodus 24 in the SBIOS

Exodus 24 in the SBIPS

Exodus 24 in the SBISS

Exodus 24 in the SBITS

Exodus 24 in the SBITS2

Exodus 24 in the SBITS3

Exodus 24 in the SBITS4

Exodus 24 in the SBIUS

Exodus 24 in the SBIVS

Exodus 24 in the SBT

Exodus 24 in the SBT1E

Exodus 24 in the SCHL

Exodus 24 in the SNT

Exodus 24 in the SUSU

Exodus 24 in the SUSU2

Exodus 24 in the SYNO

Exodus 24 in the TBIAOTANT

Exodus 24 in the TBT1E

Exodus 24 in the TBT1E2

Exodus 24 in the TFTIP

Exodus 24 in the TFTU

Exodus 24 in the TGNTATF3T

Exodus 24 in the THAI

Exodus 24 in the TNFD

Exodus 24 in the TNT

Exodus 24 in the TNTIK

Exodus 24 in the TNTIL

Exodus 24 in the TNTIN

Exodus 24 in the TNTIP

Exodus 24 in the TNTIZ

Exodus 24 in the TOMA

Exodus 24 in the TTENT

Exodus 24 in the UBG

Exodus 24 in the UGV

Exodus 24 in the UGV2

Exodus 24 in the UGV3

Exodus 24 in the VBL

Exodus 24 in the VDCC

Exodus 24 in the YALU

Exodus 24 in the YAPE

Exodus 24 in the YBVTP

Exodus 24 in the ZBP