Exodus 25 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Gblɔ na Israelviwo be ame sia ame si alɔ̃ la, natsɔ nunana siawo dometɔ aɖewo vɛ nam. 3 “Sika, klosalo, akɔbli, 4 avɔ si nye blɔtɔ, avɔ dzĩ, aklala, gbɔ̃fuwo, 5 agbogbalẽ si wode ama dzĩ, gbɔ̃gbalẽ, akasiati, 6 ami na akaɖiwo,amiʋeʋĩ hena amisisi kple numeme ʋeʋĩ, 7 onikskpe siwo woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu ŋu, 8 elabena medi be Israelviwo natu nɔƒe kɔkɔe aɖe nam, afi si manɔ le wo dome. 9 “Nye nɔƒe sia anye agbadɔ. Mafia ale si nàtui kple nu siwo nàtsɔ aɖo atsyɔ̃ nɛ la wò. 10 “Tsɔ akasiati nàkpa aɖaka wòadidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, wòakeke sentimita blaade-vɔ-ade, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade. 11 Fa sika nyuitɔ ɖe eme kple egodo siaa, eye nàtsɔ sika nyuitɔ ke amli ɖe aɖaka la togawo kpe ɖo. 12 Wɔ sikagagɔdɔ̃e ene siwo anɔ abe asigɛ ene, eye nàklã wo ɖe dzogoe ene siwo le ete la ŋu; sikagagɔ̃dɔ̃e eve nanɔ aɖaka la ƒe axa ɖe sia ɖe. 13 Tsɔ akasiati kpa kpo didiwo, eye nàfa sika nyuitɔ ɖe wo ŋu. 14 Tsɔ wo ƒo ɖe asigɛ eve siwo le aɖaka la ƒe axa ɖeka dzi la me hena aɖaka la tsɔtsɔ. 15 Womaɖe ati siawo le sikasigɛawo me o, ke boŋ woanɔ wo me ɖaa. 16 Ekema nàtsɔ nubabla si matsɔ na wò la ade aɖaka la me. 17 Tsɔ sika nyuitɔ wɔ nublanuikpɔkpɔzikpui si adidi sentimita alafa ɖeka kple ewo, eye wòakeke sentimita blaadre-vɔ-ade. 18 Tsɔ sika wɔ kerubi eve, eye nàklã wo ɖe nutunu la ƒe didime ƒe nuwo. 19 Wɔ kerubi ɖeka kple amenuvevezikpui la, eye ɖeka anɔ nutunu la ƒe didime ƒe nu ɖeka. 20 Kerubiawo adze ŋgɔ wo nɔewo, eye woanɔ amenuvevezikpui la gbɔ kpɔm. Woakeke woƒe aʋalãwo ɖe sikanutunu la dzi. 21 Tsɔ nutunu la tu aɖaka la nu, eye nàtsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo siwo matsɔ na wò la de aɖaka la me. 22 Mado go wò le afi ma, aƒo nu kpli wò le amenuvevezikpui la tame, le kerubi eve siwo le nubablaɖaka tame la dome, eye matsɔ nubablakpe siwo dzi meŋlɔ nye sededewo na Israelviwo ɖo la na wò. 23 “Emegbe la, nàtsɔ akasiati akpa kplɔ̃ wòadidi sentimita blaenyi-vɔ-enyi, akeke sentimita blaene-vɔ-ene, eye wòakɔ sentimita blaade-vɔ-ade. 24 Fa sika nyuitɔ ɖe edzi, eye nàfa sika ɖe eto. 25 Tsɔ akasiati si keke milimita blaadre-vɔ-atɔ̃ la ɖo kplɔ̃ la to kpe ɖo, eye nàtsɔ sika afa ɖe akasiati la to. 26 Wɔ sikasigɛ ene na kplɔ̃ la, eye nàklã wo ɖe kplɔ̃ la ƒe axa eneawo dzi, woate ɖe afɔti eneawo ŋu. 27 Asigɛawo nate ɖe kplɔ̃ la ƒe to lɔƒo be woatsɔ atiwo ade asigɛawo me hena kplɔ̃ la kɔkɔ. 28 Tsɔ akasiati wɔ kplɔ̃kɔtiawo, eye nàfa sika ɖe wo ŋu. 29 Wɔ sikagbawo, sikagatsiwo, nutɔgbawo, goewo kple trewo, nu siwo ŋu dɔ wowɔna le kplɔ̃a dzi, 30 eye nàtsɔ Ŋkumeɖobolo tɔxɛ ada ɖe kplɔ̃ la dzi le nye ŋkume ɣe sia ɣi. 31 “Tsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Na akaɖiti blibo la nanye nu ɖeka; ele be woatu akaɖiti la ƒe afɔwo, eƒe titinati diditɔ, akaɖiawo kple seƒoƒoawo nanye nu blibo ɖeka. 32 “Alɔ ade nanɔ akaɖiti la ƒe axawo dzi, etɔ̃ nanɔ akaɖiti la ƒe axawo kple eve dzi. 33 Kplu etɔ̃ siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo siwo do, eye woke ene la nanɔ alɔdze ɖeka ŋu, etɔ̃ nanɔ alɔdze bubu ŋu. Nenema ke wòanɔ na alɔdze adeawo siwo katã le akaɖiti la kɔgo ŋu. 34 Kplu ene siwo wowɔ abe yevuzi ƒe seƒoƒo si do, eye wòke ene la nanɔ akaɖiti la dzi. 35 Seƒoƒo ɖeka kple eƒe tamekuku nanɔ alɔdze eve ƒe kpeƒe; ɖeka nanɔ alɔdze eve siwo kplɔ gbãtɔ ɖo la ƒe kpeƒe, eye ɖeka hã nanɔ etɔ̃lia ƒe kpeƒe, ale be alɔdzeawo nanye ade. 36 Ele be woawɔ atsyɔ̃ɖonuawo kple alɔdzeawo kple titinati didi la siaa kple sika nyuitɔ woanye nu blibo ɖeka. 37 Le esia megbe la, wɔ akaɖi adre na akaɖiti la, eye nàna woaklẽ ɖe ŋgɔ. 38 Tsɔ sika nyuitɔ wɔ ɖovulãnuwo, eye nàtsɔ eya ke awɔ agba vi siwo me woada wo ɖo la. 39 Sika nyuitɔ si ŋu dɔ woawɔ na akaɖiti la kple eŋunuwo la ƒe kpekpeme nade kilogram blaetɔ̃ vɔ atɔ̃. 40 “Kpɔ egbɔ be nu sia nu sɔ ɖe nu si mele fiawòm le toa dzi la dzi tututu.”

In Other Versions

Exodus 25 in the ANGEFD

Exodus 25 in the ANTPNG2D

Exodus 25 in the AS21

Exodus 25 in the BAGH

Exodus 25 in the BBPNG

Exodus 25 in the BBT1E

Exodus 25 in the BDS

Exodus 25 in the BEV

Exodus 25 in the BHAD

Exodus 25 in the BIB

Exodus 25 in the BLPT

Exodus 25 in the BNT

Exodus 25 in the BNTABOOT

Exodus 25 in the BNTLV

Exodus 25 in the BOATCB

Exodus 25 in the BOATCB2

Exodus 25 in the BOBCV

Exodus 25 in the BOCNT

Exodus 25 in the BOGWICC

Exodus 25 in the BOHCB

Exodus 25 in the BOHCV

Exodus 25 in the BOHLNT

Exodus 25 in the BOHNTLTAL

Exodus 25 in the BOICB

Exodus 25 in the BOILNTAP

Exodus 25 in the BOITCV

Exodus 25 in the BOKCV

Exodus 25 in the BOKCV2

Exodus 25 in the BOKHWOG

Exodus 25 in the BOKSSV

Exodus 25 in the BOLCB

Exodus 25 in the BOLCB2

Exodus 25 in the BOMCV

Exodus 25 in the BONAV

Exodus 25 in the BONCB

Exodus 25 in the BONLT

Exodus 25 in the BONUT2

Exodus 25 in the BOPLNT

Exodus 25 in the BOSCB

Exodus 25 in the BOSNC

Exodus 25 in the BOTLNT

Exodus 25 in the BOVCB

Exodus 25 in the BOYCB

Exodus 25 in the BPBB

Exodus 25 in the BPH

Exodus 25 in the BSB

Exodus 25 in the CCB

Exodus 25 in the CUV

Exodus 25 in the CUVS

Exodus 25 in the DBT

Exodus 25 in the DGDNT

Exodus 25 in the DHNT

Exodus 25 in the DNT

Exodus 25 in the ELBE

Exodus 25 in the EMTV

Exodus 25 in the ESV

Exodus 25 in the FBV

Exodus 25 in the FEB

Exodus 25 in the GGMNT

Exodus 25 in the GNT

Exodus 25 in the HARY

Exodus 25 in the HNT

Exodus 25 in the IRVA

Exodus 25 in the IRVB

Exodus 25 in the IRVG

Exodus 25 in the IRVH

Exodus 25 in the IRVK

Exodus 25 in the IRVM

Exodus 25 in the IRVM2

Exodus 25 in the IRVO

Exodus 25 in the IRVP

Exodus 25 in the IRVT

Exodus 25 in the IRVT2

Exodus 25 in the IRVU

Exodus 25 in the ISVN

Exodus 25 in the JSNT

Exodus 25 in the KAPI

Exodus 25 in the KBT1ETNIK

Exodus 25 in the KBV

Exodus 25 in the KJV

Exodus 25 in the KNFD

Exodus 25 in the LBA

Exodus 25 in the LBLA

Exodus 25 in the LNT

Exodus 25 in the LSV

Exodus 25 in the MAAL

Exodus 25 in the MBV

Exodus 25 in the MBV2

Exodus 25 in the MHNT

Exodus 25 in the MKNFD

Exodus 25 in the MNG

Exodus 25 in the MNT

Exodus 25 in the MNT2

Exodus 25 in the MRS1T

Exodus 25 in the NAA

Exodus 25 in the NASB

Exodus 25 in the NBLA

Exodus 25 in the NBS

Exodus 25 in the NBVTP

Exodus 25 in the NET2

Exodus 25 in the NIV11

Exodus 25 in the NNT

Exodus 25 in the NNT2

Exodus 25 in the NNT3

Exodus 25 in the PDDPT

Exodus 25 in the PFNT

Exodus 25 in the RMNT

Exodus 25 in the SBIAS

Exodus 25 in the SBIBS

Exodus 25 in the SBIBS2

Exodus 25 in the SBICS

Exodus 25 in the SBIDS

Exodus 25 in the SBIGS

Exodus 25 in the SBIHS

Exodus 25 in the SBIIS

Exodus 25 in the SBIIS2

Exodus 25 in the SBIIS3

Exodus 25 in the SBIKS

Exodus 25 in the SBIKS2

Exodus 25 in the SBIMS

Exodus 25 in the SBIOS

Exodus 25 in the SBIPS

Exodus 25 in the SBISS

Exodus 25 in the SBITS

Exodus 25 in the SBITS2

Exodus 25 in the SBITS3

Exodus 25 in the SBITS4

Exodus 25 in the SBIUS

Exodus 25 in the SBIVS

Exodus 25 in the SBT

Exodus 25 in the SBT1E

Exodus 25 in the SCHL

Exodus 25 in the SNT

Exodus 25 in the SUSU

Exodus 25 in the SUSU2

Exodus 25 in the SYNO

Exodus 25 in the TBIAOTANT

Exodus 25 in the TBT1E

Exodus 25 in the TBT1E2

Exodus 25 in the TFTIP

Exodus 25 in the TFTU

Exodus 25 in the TGNTATF3T

Exodus 25 in the THAI

Exodus 25 in the TNFD

Exodus 25 in the TNT

Exodus 25 in the TNTIK

Exodus 25 in the TNTIL

Exodus 25 in the TNTIN

Exodus 25 in the TNTIP

Exodus 25 in the TNTIZ

Exodus 25 in the TOMA

Exodus 25 in the TTENT

Exodus 25 in the UBG

Exodus 25 in the UGV

Exodus 25 in the UGV2

Exodus 25 in the UGV3

Exodus 25 in the VBL

Exodus 25 in the VDCC

Exodus 25 in the YALU

Exodus 25 in the YAPE

Exodus 25 in the YBVTP

Exodus 25 in the ZBP