Exodus 40 (BOECS)

1 Azɔ la, Yehowa gblɔ na Mose be, 2 “Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi. 3 Tsɔ nubablaɖaka si me Se Ewoawo le la de eme, eye nàtsi xɔmetsovɔ la ale be wòaɣla nubablaɖaka la ɖe Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la. 4 Emegbe la, kɔ kplɔ̃ la da ɖe eme, nàkɔ kplɔ̃a ŋutinuwo da ɖe kplɔ̃ la dzi, nàtsɔ akaɖiti la de eme, eye nàsi akaɖiawo. 5 “Kɔ sikavɔsamlekpui si dzi woado dzudzɔ ɖo la da ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Tsi xɔmemɔnuvɔawo ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, 6 eye nàkɔ numevɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. 7 Kɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome, eye nàku tsi ɖe eme. 8 Le esia megbe la, wɔ xɔxɔnu la ƒo xlã agbadɔ la godoo, eye nàtsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe xɔxɔnu la ƒe mɔnu. 9 “Tsɔ ami sisi la, eye nàhlẽe ɖe agbadɔ la kple nu sia nu si le eme la ŋuti, ɖe nu siwo ŋu dɔ woawɔ kple agbadɔ la ƒe akpawo kple xɔmenuawo ŋuti be nàkɔ wo ŋuti, eye wo ŋuti nakɔ. 10 Hlẽ ami sisi la ɖe numevɔsamlekpui la kple eŋunuwo ŋuti, eye nàkɔ wo ŋu; ekema vɔsamlekpui la ŋuti akɔ nyuie. 11 Si ami na tsileze la kple eƒe zɔ, eye nàwɔe kɔkɔe. 12 “Azɔ la, kplɔ Aron kple via ŋutsuwo va agbadɔ la ƒe mɔnu eye nàle tsi na wo. 13 Do awu kɔkɔewo na Aron eye nàsi ami nɛ, akɔ eŋu be wòasubɔm abe nunɔla ene. 14 Emegbe la, nàkplɔ via ŋutsuwo vɛ, nàdo woƒe awuwo na wo, 15 eye nàsi ami na wo abe ale si nàsii na wo fofo ene, ale be woasubɔm abe nunɔlawo ene. Ami sisi sia atsi wo ŋu tegbetegbe, tso mavɔ me yi mavɔ me: wo viwo katã kple wo viwo ƒe viwo azu nunɔlawo nam tegbetegbe.” 16 Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me. 17 Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wotu agbadɔ la. 18 Mose kɔ zɔwo de sɔtiawo te, eye wòklã ʋuƒowo ɖe sɔtiawo ŋu. 19 Ekeke avɔ la ɖe atixɔ la ŋu, eye wòda tamenuwo ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. 20 Etsɔ kpe siwo dzi woŋlɔ Se Ewoawo ɖo la da ɖe nubablaɖaka la me, etsi aɖakatsɔtiawo ɖe eŋu, eye wòtsɔ sikanutunu, amenuveveteƒe la tu enu. 21 Emegbe la, ekɔ nubablaɖaka la va agbadɔ la me, eye wòtsɔ xɔmetsovɔ la xe eŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. 22 Azɔ la, ekɔ Kplɔ̃ la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me le anyiehe lɔƒo, le xɔmetsovɔ la godo, 23 eye wòtsɔ ŋkumeɖobolo la da ɖe kplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. 24 Mose kɔ akaɖiti la da ɖe kplɔ̃ la kasa le agbadɔ la me le dziehe lɔƒo. 25 Esi akaɖiawo le Yehowa ŋkume le ɖoɖoawo nu, 26 eye wòkɔ sikavɔsamlekpui la da ɖe agbadɔ la me te ɖe xɔmetsovɔ la ŋu. 27 Etsɔ atike ʋeʋĩwo do dzudzɔ ɖe edzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene. 28 Etsi xɔmemɔnuvɔ la ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu, 29 ekɔ numevɔsamlekpui la da ɖe gota te ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu ŋu, eye wòme numevɔsa kple nuɖuvɔsa le vɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo nɛ pɛpɛpɛ la ene. 30 Emegbe la, ekɔ tsileze la da ɖe Mawu ƒe agbadɔ la kple vɔsamlekpui la dome. Eku tsi ɖe eme wòyɔ ale be nunɔlawo ate ŋu awɔ eŋu dɔ le asikɔklɔ kple afɔkɔklɔ me. 31 Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo klɔ woƒe asiwo kple afɔwo le afi sia. 32 Ɣe sia ɣi si woato vɔsamlekpui la ŋu be yewoage ɖe agbadɔ la me la, wotɔna, klɔa asi kple afɔ, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 33 Azɔ la, Mose tɔ kpɔ ƒo xlã nɔƒe la kple vɔsamlekpui la, eye wòtsi xɔmemɔnuvɔ ɖe nɔƒe la ƒe mɔnu. Ale Mose wu eƒe dɔ la nu mlɔeba. 34 Tete lilikpo la tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ eme. 35 Mose mete ŋu ge ɖe eme o, elabena lilikpo la nɔ afi ma, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ agbadɔ la me fũu. 36 Ne lilikpo la ho, eye wòɖe zɔ la, Israelviwo yia mɔzɔzɔ la dzi, dzea eyome. 37 Ke ne lilikpo la tɔ la, woawo hã wotɔna va se ɖe esime lilikpo la gaɖe zɔ. 38 Yehowa ƒe lilikpo la tɔna ɖe agbadɔ la dzi le ŋkeke me. Ke le zã me la, dzo klẽna le lilikpo la me, ale be Israelviwo katã nate ŋu akpɔe. Nu sia yi edzi le woƒe mɔzɔzɔwo katã me.

In Other Versions

Exodus 40 in the ANGEFD

Exodus 40 in the ANTPNG2D

Exodus 40 in the AS21

Exodus 40 in the BAGH

Exodus 40 in the BBPNG

Exodus 40 in the BBT1E

Exodus 40 in the BDS

Exodus 40 in the BEV

Exodus 40 in the BHAD

Exodus 40 in the BIB

Exodus 40 in the BLPT

Exodus 40 in the BNT

Exodus 40 in the BNTABOOT

Exodus 40 in the BNTLV

Exodus 40 in the BOATCB

Exodus 40 in the BOATCB2

Exodus 40 in the BOBCV

Exodus 40 in the BOCNT

Exodus 40 in the BOGWICC

Exodus 40 in the BOHCB

Exodus 40 in the BOHCV

Exodus 40 in the BOHLNT

Exodus 40 in the BOHNTLTAL

Exodus 40 in the BOICB

Exodus 40 in the BOILNTAP

Exodus 40 in the BOITCV

Exodus 40 in the BOKCV

Exodus 40 in the BOKCV2

Exodus 40 in the BOKHWOG

Exodus 40 in the BOKSSV

Exodus 40 in the BOLCB

Exodus 40 in the BOLCB2

Exodus 40 in the BOMCV

Exodus 40 in the BONAV

Exodus 40 in the BONCB

Exodus 40 in the BONLT

Exodus 40 in the BONUT2

Exodus 40 in the BOPLNT

Exodus 40 in the BOSCB

Exodus 40 in the BOSNC

Exodus 40 in the BOTLNT

Exodus 40 in the BOVCB

Exodus 40 in the BOYCB

Exodus 40 in the BPBB

Exodus 40 in the BPH

Exodus 40 in the BSB

Exodus 40 in the CCB

Exodus 40 in the CUV

Exodus 40 in the CUVS

Exodus 40 in the DBT

Exodus 40 in the DGDNT

Exodus 40 in the DHNT

Exodus 40 in the DNT

Exodus 40 in the ELBE

Exodus 40 in the EMTV

Exodus 40 in the ESV

Exodus 40 in the FBV

Exodus 40 in the FEB

Exodus 40 in the GGMNT

Exodus 40 in the GNT

Exodus 40 in the HARY

Exodus 40 in the HNT

Exodus 40 in the IRVA

Exodus 40 in the IRVB

Exodus 40 in the IRVG

Exodus 40 in the IRVH

Exodus 40 in the IRVK

Exodus 40 in the IRVM

Exodus 40 in the IRVM2

Exodus 40 in the IRVO

Exodus 40 in the IRVP

Exodus 40 in the IRVT

Exodus 40 in the IRVT2

Exodus 40 in the IRVU

Exodus 40 in the ISVN

Exodus 40 in the JSNT

Exodus 40 in the KAPI

Exodus 40 in the KBT1ETNIK

Exodus 40 in the KBV

Exodus 40 in the KJV

Exodus 40 in the KNFD

Exodus 40 in the LBA

Exodus 40 in the LBLA

Exodus 40 in the LNT

Exodus 40 in the LSV

Exodus 40 in the MAAL

Exodus 40 in the MBV

Exodus 40 in the MBV2

Exodus 40 in the MHNT

Exodus 40 in the MKNFD

Exodus 40 in the MNG

Exodus 40 in the MNT

Exodus 40 in the MNT2

Exodus 40 in the MRS1T

Exodus 40 in the NAA

Exodus 40 in the NASB

Exodus 40 in the NBLA

Exodus 40 in the NBS

Exodus 40 in the NBVTP

Exodus 40 in the NET2

Exodus 40 in the NIV11

Exodus 40 in the NNT

Exodus 40 in the NNT2

Exodus 40 in the NNT3

Exodus 40 in the PDDPT

Exodus 40 in the PFNT

Exodus 40 in the RMNT

Exodus 40 in the SBIAS

Exodus 40 in the SBIBS

Exodus 40 in the SBIBS2

Exodus 40 in the SBICS

Exodus 40 in the SBIDS

Exodus 40 in the SBIGS

Exodus 40 in the SBIHS

Exodus 40 in the SBIIS

Exodus 40 in the SBIIS2

Exodus 40 in the SBIIS3

Exodus 40 in the SBIKS

Exodus 40 in the SBIKS2

Exodus 40 in the SBIMS

Exodus 40 in the SBIOS

Exodus 40 in the SBIPS

Exodus 40 in the SBISS

Exodus 40 in the SBITS

Exodus 40 in the SBITS2

Exodus 40 in the SBITS3

Exodus 40 in the SBITS4

Exodus 40 in the SBIUS

Exodus 40 in the SBIVS

Exodus 40 in the SBT

Exodus 40 in the SBT1E

Exodus 40 in the SCHL

Exodus 40 in the SNT

Exodus 40 in the SUSU

Exodus 40 in the SUSU2

Exodus 40 in the SYNO

Exodus 40 in the TBIAOTANT

Exodus 40 in the TBT1E

Exodus 40 in the TBT1E2

Exodus 40 in the TFTIP

Exodus 40 in the TFTU

Exodus 40 in the TGNTATF3T

Exodus 40 in the THAI

Exodus 40 in the TNFD

Exodus 40 in the TNT

Exodus 40 in the TNTIK

Exodus 40 in the TNTIL

Exodus 40 in the TNTIN

Exodus 40 in the TNTIP

Exodus 40 in the TNTIZ

Exodus 40 in the TOMA

Exodus 40 in the TTENT

Exodus 40 in the UBG

Exodus 40 in the UGV

Exodus 40 in the UGV2

Exodus 40 in the UGV3

Exodus 40 in the VBL

Exodus 40 in the VDCC

Exodus 40 in the YALU

Exodus 40 in the YAPE

Exodus 40 in the YBVTP

Exodus 40 in the ZBP