Exodus 6 (BOECS)

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Azɔ la, àkpɔ nu si mawɔ Farao. Le nye alɔ sesẽ la ta, anya wo ado goe, eye le nye asi sesẽ la ta, ado mɔ wo.” 2 Mawu gagblɔ na Mose be, “Nyee nye Yehowa. 3 Meɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ene, ke nye ŋkɔ, Yehowa la, nyemeyɔe na wo o. 4 Mewɔ nubabla tɔxɛ aɖe kpli wo. Le nubabla sia ƒe ɖoɖowo nu la, medo ŋugbe be matsɔ Kanaanyigba, afi si wonɔ abe amedzrowo ene la na wo. 5 “Gawu la, mese Israelviwo ƒe konyifafa esi wonye kluviwo fifia le Egipte. Meɖo ŋku nye nubabla la dzi. 6 “Eya ta gblɔ na Israel ƒe dzidzimeviwo be, ‘Nyee nye Yehowa, maɖe mi le Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te, mana ablɔɖe mi tso kluvinyenye na wo me, eye maɖe mi kple alɔ sesẽ kple nukunu triakɔwo. 7 Maxɔ mi abe nye amewo ene, manye miaƒe Mawu, mianyae be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe asi me, 8 eye makplɔ mi ayi anyigba si mekɔ asi dzi ka atam be matsɔ na Abraham, Isak kple Yakob la dzi. Matsɔe na mi wòazu mia tɔ. Nyee nye Yehowa.’ ” 9 Mose gblɔ nya siawo na Israelviwo, ke womeɖo toe o, le woƒe dziɖeleameƒo kple ŋutasesẽ kple kluvimenɔnɔ ta. 10 Yehowa gaƒo nu na Mose, gblɔ nɛ bena, 11 “Gayi Farao, Egipte fia gbɔ eye nàgblɔ nɛ be, ele be wòaɖe asi le Israelviwo ŋu woadzo le eƒe anyigba dzi.” 12 Ke Mose ɖe ɖeklemi Yehowa hegblɔ be, “Kpɔ ɖa, ne Israelviwo maɖo tom o la, aleke Farao ya aɖo tom, elabena nyemenye nuƒola nyui hã o.” 13 Tete Yehowa ɖe gbe na Mose kple Aron tso Israelviwo kple Farao, Egipte fia ŋu gblɔ na wo be woakplɔ Israelviwo ado goe tso Egipte. 14 Ame siwo nye ƒometatɔ na Israel ƒe to vovovoawoe nye: Ruben, Israel ƒe viŋutsu tsitsitɔ ƒe viwo:Hanok, Palu, Hezron, Karmi.Esiawoe nye Reuben ƒe towo. 15 Simeon ƒe viwoe nye:Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar, Saul, ame si dada nye Kanaan nyɔnu.Esiawoe nye Simeon ƒe towo. 16 Ame siwo nye ƒometatɔ na Levi ƒe ƒome la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe tsitsi nu.Gerson, Kohat kple Merari.Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137). 17 Gerson ƒe viwoe nye:Libni, Simei kple woƒe hlɔ̃wo. 18 Kohat ƒe viwo:Amram, Izhar, Hebron kple Uziel.Kohat nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ (133). 19 Merari ƒe viwo:Mahli kple Musi.Ame siwo ŋkɔ woyɔ va yi la tso Levi ƒe ƒome me, eye woɖo wo ɖe tsitsi nu. 20 Amram ɖe Yoxebed, fofoa nɔvinyɔnu; wo viwoe nye Mose kple Aron.Amram nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137). 21 Izhar ƒe viwo:Korah, Nefeg kple Zikri. 22 Uziel ƒe viwo:Misael, Elzafan kple Sitri. 23 Aron ɖe Eliseba, Aminadab ƒe vinyɔnu kple Nahson nɔvinyɔnu. Wo viwoe nye, Nadab, Abihu, Eleaza kple Itamar. 24 Korah ƒe viwoe nye:Asir, Elkana kple Abiasaf.Ame siawoe wɔ ƒome siwo tso Korah ƒe hlɔ̃ me. 25 Aron ƒe viŋutsu, Eleaza, ɖe Pituel ƒe vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, eye Finehas nye viawo dometɔ ɖeka. Esiawoe nye Levitɔwo ƒe ƒomewo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo katã kple ƒome siwo nɔ hlɔ̃awo me. 26 Aron kple Mose, siwo ƒe ŋkɔwo woyɔ ɖe dzidzimegbalẽ sia me la nye: Aron kple Mose, ame siwo Yehowa gblɔ na be, “Mikplɔ Israelviwo katã dzoe le Egiptenyigba dzi.” 27 Woawoe yi Egipte fia Farao gbɔ be yewoabia mɔ hena Israelviwo kpɔkplɔ dzoe le Egiptenyigba la dzi, wonye Mose kple Aron. 28 Azɔ esi Yehowa ƒo nu na Mose le Egipte la, 29 egblɔ nɛ be, “Nyee nye Yehowa. Gblɔ nya sia nya si megblɔ na wò la na Egipte fia Farao.” 30 Ke Mose gblɔ na Yehowa be, “Aleke Farao aɖo tom esi nyemenya nuƒoƒo o?”

In Other Versions

Exodus 6 in the ANGEFD

Exodus 6 in the ANTPNG2D

Exodus 6 in the AS21

Exodus 6 in the BAGH

Exodus 6 in the BBPNG

Exodus 6 in the BBT1E

Exodus 6 in the BDS

Exodus 6 in the BEV

Exodus 6 in the BHAD

Exodus 6 in the BIB

Exodus 6 in the BLPT

Exodus 6 in the BNT

Exodus 6 in the BNTABOOT

Exodus 6 in the BNTLV

Exodus 6 in the BOATCB

Exodus 6 in the BOATCB2

Exodus 6 in the BOBCV

Exodus 6 in the BOCNT

Exodus 6 in the BOGWICC

Exodus 6 in the BOHCB

Exodus 6 in the BOHCV

Exodus 6 in the BOHLNT

Exodus 6 in the BOHNTLTAL

Exodus 6 in the BOICB

Exodus 6 in the BOILNTAP

Exodus 6 in the BOITCV

Exodus 6 in the BOKCV

Exodus 6 in the BOKCV2

Exodus 6 in the BOKHWOG

Exodus 6 in the BOKSSV

Exodus 6 in the BOLCB

Exodus 6 in the BOLCB2

Exodus 6 in the BOMCV

Exodus 6 in the BONAV

Exodus 6 in the BONCB

Exodus 6 in the BONLT

Exodus 6 in the BONUT2

Exodus 6 in the BOPLNT

Exodus 6 in the BOSCB

Exodus 6 in the BOSNC

Exodus 6 in the BOTLNT

Exodus 6 in the BOVCB

Exodus 6 in the BOYCB

Exodus 6 in the BPBB

Exodus 6 in the BPH

Exodus 6 in the BSB

Exodus 6 in the CCB

Exodus 6 in the CUV

Exodus 6 in the CUVS

Exodus 6 in the DBT

Exodus 6 in the DGDNT

Exodus 6 in the DHNT

Exodus 6 in the DNT

Exodus 6 in the ELBE

Exodus 6 in the EMTV

Exodus 6 in the ESV

Exodus 6 in the FBV

Exodus 6 in the FEB

Exodus 6 in the GGMNT

Exodus 6 in the GNT

Exodus 6 in the HARY

Exodus 6 in the HNT

Exodus 6 in the IRVA

Exodus 6 in the IRVB

Exodus 6 in the IRVG

Exodus 6 in the IRVH

Exodus 6 in the IRVK

Exodus 6 in the IRVM

Exodus 6 in the IRVM2

Exodus 6 in the IRVO

Exodus 6 in the IRVP

Exodus 6 in the IRVT

Exodus 6 in the IRVT2

Exodus 6 in the IRVU

Exodus 6 in the ISVN

Exodus 6 in the JSNT

Exodus 6 in the KAPI

Exodus 6 in the KBT1ETNIK

Exodus 6 in the KBV

Exodus 6 in the KJV

Exodus 6 in the KNFD

Exodus 6 in the LBA

Exodus 6 in the LBLA

Exodus 6 in the LNT

Exodus 6 in the LSV

Exodus 6 in the MAAL

Exodus 6 in the MBV

Exodus 6 in the MBV2

Exodus 6 in the MHNT

Exodus 6 in the MKNFD

Exodus 6 in the MNG

Exodus 6 in the MNT

Exodus 6 in the MNT2

Exodus 6 in the MRS1T

Exodus 6 in the NAA

Exodus 6 in the NASB

Exodus 6 in the NBLA

Exodus 6 in the NBS

Exodus 6 in the NBVTP

Exodus 6 in the NET2

Exodus 6 in the NIV11

Exodus 6 in the NNT

Exodus 6 in the NNT2

Exodus 6 in the NNT3

Exodus 6 in the PDDPT

Exodus 6 in the PFNT

Exodus 6 in the RMNT

Exodus 6 in the SBIAS

Exodus 6 in the SBIBS

Exodus 6 in the SBIBS2

Exodus 6 in the SBICS

Exodus 6 in the SBIDS

Exodus 6 in the SBIGS

Exodus 6 in the SBIHS

Exodus 6 in the SBIIS

Exodus 6 in the SBIIS2

Exodus 6 in the SBIIS3

Exodus 6 in the SBIKS

Exodus 6 in the SBIKS2

Exodus 6 in the SBIMS

Exodus 6 in the SBIOS

Exodus 6 in the SBIPS

Exodus 6 in the SBISS

Exodus 6 in the SBITS

Exodus 6 in the SBITS2

Exodus 6 in the SBITS3

Exodus 6 in the SBITS4

Exodus 6 in the SBIUS

Exodus 6 in the SBIVS

Exodus 6 in the SBT

Exodus 6 in the SBT1E

Exodus 6 in the SCHL

Exodus 6 in the SNT

Exodus 6 in the SUSU

Exodus 6 in the SUSU2

Exodus 6 in the SYNO

Exodus 6 in the TBIAOTANT

Exodus 6 in the TBT1E

Exodus 6 in the TBT1E2

Exodus 6 in the TFTIP

Exodus 6 in the TFTU

Exodus 6 in the TGNTATF3T

Exodus 6 in the THAI

Exodus 6 in the TNFD

Exodus 6 in the TNT

Exodus 6 in the TNTIK

Exodus 6 in the TNTIL

Exodus 6 in the TNTIN

Exodus 6 in the TNTIP

Exodus 6 in the TNTIZ

Exodus 6 in the TOMA

Exodus 6 in the TTENT

Exodus 6 in the UBG

Exodus 6 in the UGV

Exodus 6 in the UGV2

Exodus 6 in the UGV3

Exodus 6 in the VBL

Exodus 6 in the VDCC

Exodus 6 in the YALU

Exodus 6 in the YAPE

Exodus 6 in the YBVTP

Exodus 6 in the ZBP