Ezekiel 1 (BOECS)
1 Le ƒe blaetɔ̃lia ƒe ɣleti enelia me, le ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi menɔ aboyomenɔlawo dome le Kebar Tɔsisi la to la, dziƒowo nu ʋu, eye mekpɔ ŋutega tso Mawu ŋu. 2 Le ɣleti la ƒe ŋkeke atɔ̃lia gbe, esi woɖe aboyo Fia Yehoyatsin la, 3 Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi. Yehowa ƒe asi va edzi le afi ma. 4 Melé ŋku ɖe nuwo ŋu, eye mekpɔ ahomya gbɔna tso anyiehe kple lilikpo gã aɖe si le dzo kem, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. Dzo la titina ɖi ga si le keklẽm, 5 eye nu siwo le dzo la me la le abe nu gbagbewo ene. Woƒe dzedzeme le abe amegbetɔ tɔ ene, 6 ke mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si. 7 Woƒe afɔwo dzɔ; woƒe afɔwo le abe nyivi tɔwo ene, eye wole dzo dam abe ayawagba si ŋu woƒã la ene. 8 Amegbetɔ ƒe asi nɔ woƒe aʋalawo te le woƒe axa eneawo dzi. Wo ame eneawo katã to mowo kple aʋalawo, 9 eye woƒe aʋalawo ka wo nɔewo ŋuti. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe; wometrɔa kɔ ne wole yiyim o. 10 Woƒe mowo dzena ale: amegbetɔ ƒe mo li na wo ame eneawo dometɔ ɖe sia ɖe; dzata ƒe mo le ɖusime, nyitsu ƒe mo le miame, eye hɔ̃ ƒe mo li na ɖe sia ɖe. 11 Nenemae woƒe mowo le. Woke woƒe aʋalawo me do ɖe dzi. Ɖe sia ɖe ƒe aʋala eve tɔ wo nɔviwo tɔwo le akpa eveawo dzi, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve. 12 Wo dometɔ ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe. Woyia afi sia afi si gbɔgbɔ la yina la, eye wometrɔna yia teƒe bubu aɖeke o. 13 Nu gbagbeawo ƒe dzedzeme nɔ abe dzoka xɔxɔ alo akakati bibi ene. Dzo la ʋãna yia megbe kple ŋgɔgbe le nu gbagbeawo dome. Dzo la klẽna, eye dzikedzo dona tso eme. 14 Nu gbagbeawo nɔa du dzi, yia megbe, yia ŋgɔgbe abe dzikedzo ene. 15 Esi melé ŋku ɖe nu gbagbeawo ŋu la, mekpɔ tasiaɖam ƒe afɔ ɖeka le anyigba le nu gbagbe ene siwo si mo le la dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ. 16 Tasiaɖam ƒe afɔawo ƒe dzedzeme kple ale si wowɔ woe la le ale: woklẽna abe adzagba ene, eye wo ame eneawo katã ɖi wo nɔewo. Ɖe sia ɖe dze abe ɖe wowɔe be wòade nu nɔvia me ene. 17 Ne woɖe zɔ la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka si nu gbagbeawo trɔ mo ɖo. Ne nu gbagbeawo le yiyim la, tasiaɖam la ƒe afɔawo metrɔna le wo ŋu o. 18 Tasiaɖam ƒe afɔawo dzi ŋɔ, eye ŋkuwo le afɔ eneawo katã ŋu kpe ɖo. 19 Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, tasiaɖam ƒe afɔ siwo le wo xa la hã ɖea zɔ, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi. 20 Afi sia afi si gbɔgbɔ la ayi la, woawo hã yina, afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi yina, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le afɔawo hã me. 21 Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, woawo hã ɖea zɔ; ne nu gbagbeawo tɔ la, woawo hã tɔna, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, tasiaɖam ƒe afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi tso anyigba abe nu gbagbeawo ene, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ tasiaɖam ƒe afɔawo me. 22 Nane si ɖi tsikpe, keke, le keklẽm, eye wòdzi ŋɔ la, keke ɖe nu gbagbeawo tame. 23 Nu gbagbeawo keke aʋala ɖekaɖeka do ɖe wo nɔewo gbɔ, eye ɖe sia ɖe tsyɔ aʋala eve na eɖokui. 24 Esi nu gbagbeawo ɖe zɔ la, mese gbeɖiɖi aɖe tso woƒe aʋalawo me abe tɔsisiwo ƒe ɖiɖi ene, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe ene, abe aʋakɔ aɖe ƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ ene. Ne nu gbagbeawo tɔ ɖe teƒe ɖeka la, woɖiɖia woƒe aʋalawo. 25 Gbe aɖe ɖi tso nu si xe tame na wo la tame esi wotɔ heɖiɖi woƒe aʋalawo. 26 Nane si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi ene la le nu si xe woƒe tame la tame, eye nane si ɖi ame la nɔ fiazikpui la dzi le yame ʋĩi. 27 Mekpɔ be nu si dze abe eƒe ali gbɔ ene, yi eƒe dzime la, le abe ga si le keklẽm ene. Tso afi ma yi anyigba la, le abe dzo ene, eye keklẽ gã aɖe ƒo xlãe. 28 Ale si anyieʋɔ dzena le lilikpowo me ne tsi dza la, nenema keklẽ la nɔ ƒo xlãe.Esia dze abe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ene. Esi mekpɔe la, medze anyi, tsyɔ mo anyi, eye mese ame aɖe ƒe gbe.
In Other Versions
Ezekiel 1 in the ANGEFD
Ezekiel 1 in the ANTPNG2D
Ezekiel 1 in the AS21
Ezekiel 1 in the BAGH
Ezekiel 1 in the BBPNG
Ezekiel 1 in the BBT1E
Ezekiel 1 in the BDS
Ezekiel 1 in the BEV
Ezekiel 1 in the BHAD
Ezekiel 1 in the BIB
Ezekiel 1 in the BLPT
Ezekiel 1 in the BNT
Ezekiel 1 in the BNTABOOT
Ezekiel 1 in the BNTLV
Ezekiel 1 in the BOATCB
Ezekiel 1 in the BOATCB2
Ezekiel 1 in the BOBCV
Ezekiel 1 in the BOCNT
Ezekiel 1 in the BOGWICC
Ezekiel 1 in the BOHCB
Ezekiel 1 in the BOHCV
Ezekiel 1 in the BOHLNT
Ezekiel 1 in the BOHNTLTAL
Ezekiel 1 in the BOICB
Ezekiel 1 in the BOILNTAP
Ezekiel 1 in the BOITCV
Ezekiel 1 in the BOKCV
Ezekiel 1 in the BOKCV2
Ezekiel 1 in the BOKHWOG
Ezekiel 1 in the BOKSSV
Ezekiel 1 in the BOLCB
Ezekiel 1 in the BOLCB2
Ezekiel 1 in the BOMCV
Ezekiel 1 in the BONAV
Ezekiel 1 in the BONCB
Ezekiel 1 in the BONLT
Ezekiel 1 in the BONUT2
Ezekiel 1 in the BOPLNT
Ezekiel 1 in the BOSCB
Ezekiel 1 in the BOSNC
Ezekiel 1 in the BOTLNT
Ezekiel 1 in the BOVCB
Ezekiel 1 in the BOYCB
Ezekiel 1 in the BPBB
Ezekiel 1 in the BPH
Ezekiel 1 in the BSB
Ezekiel 1 in the CCB
Ezekiel 1 in the CUV
Ezekiel 1 in the CUVS
Ezekiel 1 in the DBT
Ezekiel 1 in the DGDNT
Ezekiel 1 in the DHNT
Ezekiel 1 in the DNT
Ezekiel 1 in the ELBE
Ezekiel 1 in the EMTV
Ezekiel 1 in the ESV
Ezekiel 1 in the FBV
Ezekiel 1 in the FEB
Ezekiel 1 in the GGMNT
Ezekiel 1 in the GNT
Ezekiel 1 in the HARY
Ezekiel 1 in the HNT
Ezekiel 1 in the IRVA
Ezekiel 1 in the IRVB
Ezekiel 1 in the IRVG
Ezekiel 1 in the IRVH
Ezekiel 1 in the IRVK
Ezekiel 1 in the IRVM
Ezekiel 1 in the IRVM2
Ezekiel 1 in the IRVO
Ezekiel 1 in the IRVP
Ezekiel 1 in the IRVT
Ezekiel 1 in the IRVT2
Ezekiel 1 in the IRVU
Ezekiel 1 in the ISVN
Ezekiel 1 in the JSNT
Ezekiel 1 in the KAPI
Ezekiel 1 in the KBT1ETNIK
Ezekiel 1 in the KBV
Ezekiel 1 in the KJV
Ezekiel 1 in the KNFD
Ezekiel 1 in the LBA
Ezekiel 1 in the LBLA
Ezekiel 1 in the LNT
Ezekiel 1 in the LSV
Ezekiel 1 in the MAAL
Ezekiel 1 in the MBV
Ezekiel 1 in the MBV2
Ezekiel 1 in the MHNT
Ezekiel 1 in the MKNFD
Ezekiel 1 in the MNG
Ezekiel 1 in the MNT
Ezekiel 1 in the MNT2
Ezekiel 1 in the MRS1T
Ezekiel 1 in the NAA
Ezekiel 1 in the NASB
Ezekiel 1 in the NBLA
Ezekiel 1 in the NBS
Ezekiel 1 in the NBVTP
Ezekiel 1 in the NET2
Ezekiel 1 in the NIV11
Ezekiel 1 in the NNT
Ezekiel 1 in the NNT2
Ezekiel 1 in the NNT3
Ezekiel 1 in the PDDPT
Ezekiel 1 in the PFNT
Ezekiel 1 in the RMNT
Ezekiel 1 in the SBIAS
Ezekiel 1 in the SBIBS
Ezekiel 1 in the SBIBS2
Ezekiel 1 in the SBICS
Ezekiel 1 in the SBIDS
Ezekiel 1 in the SBIGS
Ezekiel 1 in the SBIHS
Ezekiel 1 in the SBIIS
Ezekiel 1 in the SBIIS2
Ezekiel 1 in the SBIIS3
Ezekiel 1 in the SBIKS
Ezekiel 1 in the SBIKS2
Ezekiel 1 in the SBIMS
Ezekiel 1 in the SBIOS
Ezekiel 1 in the SBIPS
Ezekiel 1 in the SBISS
Ezekiel 1 in the SBITS
Ezekiel 1 in the SBITS2
Ezekiel 1 in the SBITS3
Ezekiel 1 in the SBITS4
Ezekiel 1 in the SBIUS
Ezekiel 1 in the SBIVS
Ezekiel 1 in the SBT
Ezekiel 1 in the SBT1E
Ezekiel 1 in the SCHL
Ezekiel 1 in the SNT
Ezekiel 1 in the SUSU
Ezekiel 1 in the SUSU2
Ezekiel 1 in the SYNO
Ezekiel 1 in the TBIAOTANT
Ezekiel 1 in the TBT1E
Ezekiel 1 in the TBT1E2
Ezekiel 1 in the TFTIP
Ezekiel 1 in the TFTU
Ezekiel 1 in the TGNTATF3T
Ezekiel 1 in the THAI
Ezekiel 1 in the TNFD
Ezekiel 1 in the TNT
Ezekiel 1 in the TNTIK
Ezekiel 1 in the TNTIL
Ezekiel 1 in the TNTIN
Ezekiel 1 in the TNTIP
Ezekiel 1 in the TNTIZ
Ezekiel 1 in the TOMA
Ezekiel 1 in the TTENT
Ezekiel 1 in the UBG
Ezekiel 1 in the UGV
Ezekiel 1 in the UGV2
Ezekiel 1 in the UGV3
Ezekiel 1 in the VBL
Ezekiel 1 in the VDCC
Ezekiel 1 in the YALU
Ezekiel 1 in the YAPE
Ezekiel 1 in the YBVTP
Ezekiel 1 in the ZBP