Ezekiel 10 (BOECS)
1 Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ nu si ɖi fiazikpui si wowɔ kple kpe xɔasi la wònɔ teƒe keke si nɔ kerubiawo tame. 2 Yehowa gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Yi tasiaɖamfɔti siwo dzi kerubiawo le la dome. Lɔ dzoka xɔxɔ si le kerubiawo dome la ɖe wò asi me, eye nàwui ɖe du la dzi.” Menɔ ekpɔm wòge ɖe eme. 3 Azɔ la, kerubiawo nɔ tsitre ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe lɔƒo esi ame la ge ɖe eme, eye lilikpo yɔ xɔxɔnu emetɔ fũu. 4 Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiawo tame, eye wòyi gbedoxɔ la ƒe kpui nu. Lilikpo la yɔ gbedoxɔ la fũu, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ yɔ xɔxɔnu la. 5 Woate ŋu ase kerubiawo ƒe aʋalaƒoƒo ƒe ɖiɖi le keke xɔxɔnu egodotɔ ke abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbe, ne eƒo nu ene. 6 Yehowa ɖe gbe na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la be, “Ɖe dzo tso tasiaɖamfɔtiawo dome, le kerubiawo dome.” Ŋutsu la yi ɖatsi tsitre ɖe tasiaɖamfɔtiawo dometɔ ɖeka gbɔ. 7 Tete kerubiawo dometɔ ɖeka do eƒe asi ɖa te ɖe dzo si le wo dome la ŋu. Eɖe dzo la ƒe ɖe ɖe asi na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu la. Exɔe eye wodo go. 8 Woate ŋu akpɔ nane si ɖi amegbetɔ ƒe asi la le kerubiawo ƒe aʋala te. 9 Meda ŋku ɖi, eye mekpɔ tasiaɖamfɔti ene le kerubiawo gbɔ, ɖeka le kerubi ɖe sia ɖe gbɔ, eye tasiaɖamfɔtiawo nɔ dzo dam abe kpe xɔasi ene. 10 Wo ame eneawo katã woɖi wo nɔewo; wo dometɔ ɖe sia ɖe nɔ abe tasiaɖamfɔti ɖeka ko wonye ge ɖe nɔvia me ene. 11 Ne wole zɔzɔm la, woyia teƒe eneawo dometɔ ɖeka, afi si kerubi la atrɔ mo ɖo. Tasiaɖamfɔtiawo metrɔna to eme hafi dzea kerubi la yome o. Kerubi la yia afi sia afi si wòtrɔ mo ɖo, eye wometrɔna le zɔzɔme o. 12 Ŋkuwo nɔ woƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa, woƒe dzime, woƒe asiwo kple woƒe aʋalawo ŋu abe ale si wonɔ tasiaɖamfɔti eneawo hã ŋu ene. 13 Mese wonɔ tasiaɖamfɔtiawo yɔm be “yalifɔtiwo.” 14 Mo ene nɔ kerubiawo dometɔ ɖe sia ɖe si. Moawo dometɔ ɖeka nye kerubi tɔ, evelia nye ame tɔ, etɔ̃lia nye dzata tɔ eye enelia nye hɔ̃ tɔ. 15 Kerubiawo kɔ wo ɖokui dzi. Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Kebar Tɔsisi la to. 16 Ne kerubiawo ɖe zɔ la, tasiaɖamfɔtiawo nɔa wo xa, eye woawo hã zɔna. Ne kerubiawo keke woƒe aʋala be yewoadzo la tasiaɖamfɔtiawo meɖena ɖa le wo xa o. 17 Ne kerubiawo tɔ la, woawo hã wotɔna, eye ne kerubiawo dzo la, woawo hã wodzona kpli wo, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ wo me. 18 Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dzo le gbedoxɔ la ƒe kpui la tame, eye wòtɔ ɖe kerubiawo tame. 19 Esi meda ŋku ɖi la, kerubiawo keke woƒe aʋalawo, dzo tso anyigba, eye esi woyina la, tasiaɖamfɔtiawo hã yi kpli wo. Wotɔ ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo la tame, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame. 20 Esiawoe nye nu gbagbe siwo mekpɔ le Israel ƒe Mawu la te le Kebar tɔsisi la to eye medze sii be, kerubiwo wonye. 21 Mo ene kple aʋala ene nɔ ɖe sia ɖe si, eye nu si ɖi ame ƒe asiwo la nɔ woƒe aʋalawo te. 22 Woƒe mowo nɔ abe esiwo mekpɔ le Kebar tɔsisi la to ene. Wo dometɔ ɖe sia ɖe yi ŋgɔ tẽe.
In Other Versions
Ezekiel 10 in the ANGEFD
Ezekiel 10 in the ANTPNG2D
Ezekiel 10 in the AS21
Ezekiel 10 in the BAGH
Ezekiel 10 in the BBPNG
Ezekiel 10 in the BBT1E
Ezekiel 10 in the BDS
Ezekiel 10 in the BEV
Ezekiel 10 in the BHAD
Ezekiel 10 in the BIB
Ezekiel 10 in the BLPT
Ezekiel 10 in the BNT
Ezekiel 10 in the BNTABOOT
Ezekiel 10 in the BNTLV
Ezekiel 10 in the BOATCB
Ezekiel 10 in the BOATCB2
Ezekiel 10 in the BOBCV
Ezekiel 10 in the BOCNT
Ezekiel 10 in the BOGWICC
Ezekiel 10 in the BOHCB
Ezekiel 10 in the BOHCV
Ezekiel 10 in the BOHLNT
Ezekiel 10 in the BOHNTLTAL
Ezekiel 10 in the BOICB
Ezekiel 10 in the BOILNTAP
Ezekiel 10 in the BOITCV
Ezekiel 10 in the BOKCV
Ezekiel 10 in the BOKCV2
Ezekiel 10 in the BOKHWOG
Ezekiel 10 in the BOKSSV
Ezekiel 10 in the BOLCB
Ezekiel 10 in the BOLCB2
Ezekiel 10 in the BOMCV
Ezekiel 10 in the BONAV
Ezekiel 10 in the BONCB
Ezekiel 10 in the BONLT
Ezekiel 10 in the BONUT2
Ezekiel 10 in the BOPLNT
Ezekiel 10 in the BOSCB
Ezekiel 10 in the BOSNC
Ezekiel 10 in the BOTLNT
Ezekiel 10 in the BOVCB
Ezekiel 10 in the BOYCB
Ezekiel 10 in the BPBB
Ezekiel 10 in the BPH
Ezekiel 10 in the BSB
Ezekiel 10 in the CCB
Ezekiel 10 in the CUV
Ezekiel 10 in the CUVS
Ezekiel 10 in the DBT
Ezekiel 10 in the DGDNT
Ezekiel 10 in the DHNT
Ezekiel 10 in the DNT
Ezekiel 10 in the ELBE
Ezekiel 10 in the EMTV
Ezekiel 10 in the ESV
Ezekiel 10 in the FBV
Ezekiel 10 in the FEB
Ezekiel 10 in the GGMNT
Ezekiel 10 in the GNT
Ezekiel 10 in the HARY
Ezekiel 10 in the HNT
Ezekiel 10 in the IRVA
Ezekiel 10 in the IRVB
Ezekiel 10 in the IRVG
Ezekiel 10 in the IRVH
Ezekiel 10 in the IRVK
Ezekiel 10 in the IRVM
Ezekiel 10 in the IRVM2
Ezekiel 10 in the IRVO
Ezekiel 10 in the IRVP
Ezekiel 10 in the IRVT
Ezekiel 10 in the IRVT2
Ezekiel 10 in the IRVU
Ezekiel 10 in the ISVN
Ezekiel 10 in the JSNT
Ezekiel 10 in the KAPI
Ezekiel 10 in the KBT1ETNIK
Ezekiel 10 in the KBV
Ezekiel 10 in the KJV
Ezekiel 10 in the KNFD
Ezekiel 10 in the LBA
Ezekiel 10 in the LBLA
Ezekiel 10 in the LNT
Ezekiel 10 in the LSV
Ezekiel 10 in the MAAL
Ezekiel 10 in the MBV
Ezekiel 10 in the MBV2
Ezekiel 10 in the MHNT
Ezekiel 10 in the MKNFD
Ezekiel 10 in the MNG
Ezekiel 10 in the MNT
Ezekiel 10 in the MNT2
Ezekiel 10 in the MRS1T
Ezekiel 10 in the NAA
Ezekiel 10 in the NASB
Ezekiel 10 in the NBLA
Ezekiel 10 in the NBS
Ezekiel 10 in the NBVTP
Ezekiel 10 in the NET2
Ezekiel 10 in the NIV11
Ezekiel 10 in the NNT
Ezekiel 10 in the NNT2
Ezekiel 10 in the NNT3
Ezekiel 10 in the PDDPT
Ezekiel 10 in the PFNT
Ezekiel 10 in the RMNT
Ezekiel 10 in the SBIAS
Ezekiel 10 in the SBIBS
Ezekiel 10 in the SBIBS2
Ezekiel 10 in the SBICS
Ezekiel 10 in the SBIDS
Ezekiel 10 in the SBIGS
Ezekiel 10 in the SBIHS
Ezekiel 10 in the SBIIS
Ezekiel 10 in the SBIIS2
Ezekiel 10 in the SBIIS3
Ezekiel 10 in the SBIKS
Ezekiel 10 in the SBIKS2
Ezekiel 10 in the SBIMS
Ezekiel 10 in the SBIOS
Ezekiel 10 in the SBIPS
Ezekiel 10 in the SBISS
Ezekiel 10 in the SBITS
Ezekiel 10 in the SBITS2
Ezekiel 10 in the SBITS3
Ezekiel 10 in the SBITS4
Ezekiel 10 in the SBIUS
Ezekiel 10 in the SBIVS
Ezekiel 10 in the SBT
Ezekiel 10 in the SBT1E
Ezekiel 10 in the SCHL
Ezekiel 10 in the SNT
Ezekiel 10 in the SUSU
Ezekiel 10 in the SUSU2
Ezekiel 10 in the SYNO
Ezekiel 10 in the TBIAOTANT
Ezekiel 10 in the TBT1E
Ezekiel 10 in the TBT1E2
Ezekiel 10 in the TFTIP
Ezekiel 10 in the TFTU
Ezekiel 10 in the TGNTATF3T
Ezekiel 10 in the THAI
Ezekiel 10 in the TNFD
Ezekiel 10 in the TNT
Ezekiel 10 in the TNTIK
Ezekiel 10 in the TNTIL
Ezekiel 10 in the TNTIN
Ezekiel 10 in the TNTIP
Ezekiel 10 in the TNTIZ
Ezekiel 10 in the TOMA
Ezekiel 10 in the TTENT
Ezekiel 10 in the UBG
Ezekiel 10 in the UGV
Ezekiel 10 in the UGV2
Ezekiel 10 in the UGV3
Ezekiel 10 in the VBL
Ezekiel 10 in the VDCC
Ezekiel 10 in the YALU
Ezekiel 10 in the YAPE
Ezekiel 10 in the YBVTP
Ezekiel 10 in the ZBP