Ezekiel 11 (BOECS)

1 Tete Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi, eye wòkɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu. Ŋutsu blaeve vɔ atɔ̃ wonɔ agbo la nu, eye mekpɔ Yazania, Azur ƒe vi kple Pelatia, Benaya ƒe vi, ameawo nunɔlawo le ameawo dome. 2 Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, ame siawoe le nugbe ɖom ɖe dua ŋu, eye wole aɖaŋu vɔ̃ ɖom na amewo le dua me. 3 Wogblɔna be, ‘Menye ɣeyiɣi kpui aɖe koe susɔ woatu xɔwo oa?’ Du sia nye nuɖaze aɖe, eye míawoe nye lã la. 4 Eya ta migblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu; ame vi, gblɔ nya ɖi.” 5 Tete Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam be magblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: nya ma gblɔm miele, O! Israel ƒe aƒe, ke menya nu siwo le miaƒe susu me. 6 Miewu ame geɖewo le du sia me, eye miaƒe ablɔwo dzi yɔ fũu kple ame kukuwo. 7 “Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Ame kuku siwo mietsɔ ƒu gbe ɖe afi ma lae nye lã la, eye du siae nye nuɖaze la, gake manya mi do goe le dua me. 8 Mievɔ̃a yi, eye yie nye nu si matsɔ ɖe mia ŋu.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 9 Manya mi do goe le dua me, ahatsɔ mi ade asi na amedzrowo, eye mahe to na mi. 10 Miatsi yi nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi. Ekema mianya be nyee nye Yehowa. 11 Du sia manye nuɖaze na mi o alo mianye lã le eme o. Madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒowo dzi, 12 eye mianya be nyee nye Yehowa, elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu alo wɔ nye sewo dzi o, ke boŋ miewɔa nu siwo dukɔ siwo ƒo xlã mi la wɔna.” 13 Azɔ la, esi menɔ nya gblɔm ɖi la, Pelatia, Benaya ƒe vi ku. Tete metsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe be, “A! Aƒetɔ Yehowa! Ɖe nàtsrɔ̃ Israel ƒe ame mamlɛawo keŋkeŋua?” 14 Yehowa ƒe nya va nam be, 15 “Ame vi, nɔviwò siwo nye wò ŋutɔ wò ŋutilã kple ʋu le aboyome kpli wò kple Israel ƒe aƒe blibo la ŋue Yerusalemtɔwo gblɔ le be, ‘Wole adzɔge ke tso Yehowa gbɔ; wotsɔ anyigba sia na mí be wòanye míatɔ.’ ” 16 “Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si: togbɔ be meɖo wo ɖe didiƒe, ɖe dukɔwo dome, eye mekaka wo ɖe anyigbawo dzi hã la, menye sitsoƒe na wo ɣeyiɣi kpui aɖe le anyigba siwo dzi woyi.’ 17 “Eya ta gblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Maƒo mia nu ƒu tso dukɔawo dome, makplɔ mi agbɔe tso anyigba siwo dzi wokaka mi ɖo, eye magatsɔ Israel ƒe anyigba ana mi.’ 18 “Woagbugbɔ va edzi, eye woaɖe eƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo katã kple legba nyɔŋuwo katã ɖa. 19 Mana dzi si to mɔ ɖeka wo, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi la ɖa le wo me, eye mana lãkusidzi wo. 20 Ekema woalé nye ɖoɖowo me ɖe asi, eye woakpɔ egbɔ be, yewowɔ nye seawo dzi. Woanye nye amewo, eye manye woƒe Mawu. 21 Ke ame siwo ƒe dzi ku ɖe woƒe aklamakpakpɛ maɖinuwo kple legba nyɔŋuwo ŋu la, mana nu siwo wowɔ la nava woawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.” 22 Tete kerubiawo keke woƒe aʋalawo esime tasiaɖamfɔtiawo nɔ wo xa, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame. 23 Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yi dzi tso dua me, eye wòtɔ ɖe to si le dua ƒe ɣedzeƒe la tame. 24 Gbɔgbɔ la kɔm ɖe dzi hedam ɖe aboyome siwo nɔ Babilonia la dome le ŋutega si Mawu ƒe Gbɔgbɔ na mekpɔ la me.Tete ŋutega si mekpɔ la, dzo le gbɔnye, 25 eye megblɔ nu siwo katã Yehowa ɖe fiam la na aboyomeawo.

In Other Versions

Ezekiel 11 in the ANGEFD

Ezekiel 11 in the ANTPNG2D

Ezekiel 11 in the AS21

Ezekiel 11 in the BAGH

Ezekiel 11 in the BBPNG

Ezekiel 11 in the BBT1E

Ezekiel 11 in the BDS

Ezekiel 11 in the BEV

Ezekiel 11 in the BHAD

Ezekiel 11 in the BIB

Ezekiel 11 in the BLPT

Ezekiel 11 in the BNT

Ezekiel 11 in the BNTABOOT

Ezekiel 11 in the BNTLV

Ezekiel 11 in the BOATCB

Ezekiel 11 in the BOATCB2

Ezekiel 11 in the BOBCV

Ezekiel 11 in the BOCNT

Ezekiel 11 in the BOGWICC

Ezekiel 11 in the BOHCB

Ezekiel 11 in the BOHCV

Ezekiel 11 in the BOHLNT

Ezekiel 11 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 11 in the BOICB

Ezekiel 11 in the BOILNTAP

Ezekiel 11 in the BOITCV

Ezekiel 11 in the BOKCV

Ezekiel 11 in the BOKCV2

Ezekiel 11 in the BOKHWOG

Ezekiel 11 in the BOKSSV

Ezekiel 11 in the BOLCB

Ezekiel 11 in the BOLCB2

Ezekiel 11 in the BOMCV

Ezekiel 11 in the BONAV

Ezekiel 11 in the BONCB

Ezekiel 11 in the BONLT

Ezekiel 11 in the BONUT2

Ezekiel 11 in the BOPLNT

Ezekiel 11 in the BOSCB

Ezekiel 11 in the BOSNC

Ezekiel 11 in the BOTLNT

Ezekiel 11 in the BOVCB

Ezekiel 11 in the BOYCB

Ezekiel 11 in the BPBB

Ezekiel 11 in the BPH

Ezekiel 11 in the BSB

Ezekiel 11 in the CCB

Ezekiel 11 in the CUV

Ezekiel 11 in the CUVS

Ezekiel 11 in the DBT

Ezekiel 11 in the DGDNT

Ezekiel 11 in the DHNT

Ezekiel 11 in the DNT

Ezekiel 11 in the ELBE

Ezekiel 11 in the EMTV

Ezekiel 11 in the ESV

Ezekiel 11 in the FBV

Ezekiel 11 in the FEB

Ezekiel 11 in the GGMNT

Ezekiel 11 in the GNT

Ezekiel 11 in the HARY

Ezekiel 11 in the HNT

Ezekiel 11 in the IRVA

Ezekiel 11 in the IRVB

Ezekiel 11 in the IRVG

Ezekiel 11 in the IRVH

Ezekiel 11 in the IRVK

Ezekiel 11 in the IRVM

Ezekiel 11 in the IRVM2

Ezekiel 11 in the IRVO

Ezekiel 11 in the IRVP

Ezekiel 11 in the IRVT

Ezekiel 11 in the IRVT2

Ezekiel 11 in the IRVU

Ezekiel 11 in the ISVN

Ezekiel 11 in the JSNT

Ezekiel 11 in the KAPI

Ezekiel 11 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 11 in the KBV

Ezekiel 11 in the KJV

Ezekiel 11 in the KNFD

Ezekiel 11 in the LBA

Ezekiel 11 in the LBLA

Ezekiel 11 in the LNT

Ezekiel 11 in the LSV

Ezekiel 11 in the MAAL

Ezekiel 11 in the MBV

Ezekiel 11 in the MBV2

Ezekiel 11 in the MHNT

Ezekiel 11 in the MKNFD

Ezekiel 11 in the MNG

Ezekiel 11 in the MNT

Ezekiel 11 in the MNT2

Ezekiel 11 in the MRS1T

Ezekiel 11 in the NAA

Ezekiel 11 in the NASB

Ezekiel 11 in the NBLA

Ezekiel 11 in the NBS

Ezekiel 11 in the NBVTP

Ezekiel 11 in the NET2

Ezekiel 11 in the NIV11

Ezekiel 11 in the NNT

Ezekiel 11 in the NNT2

Ezekiel 11 in the NNT3

Ezekiel 11 in the PDDPT

Ezekiel 11 in the PFNT

Ezekiel 11 in the RMNT

Ezekiel 11 in the SBIAS

Ezekiel 11 in the SBIBS

Ezekiel 11 in the SBIBS2

Ezekiel 11 in the SBICS

Ezekiel 11 in the SBIDS

Ezekiel 11 in the SBIGS

Ezekiel 11 in the SBIHS

Ezekiel 11 in the SBIIS

Ezekiel 11 in the SBIIS2

Ezekiel 11 in the SBIIS3

Ezekiel 11 in the SBIKS

Ezekiel 11 in the SBIKS2

Ezekiel 11 in the SBIMS

Ezekiel 11 in the SBIOS

Ezekiel 11 in the SBIPS

Ezekiel 11 in the SBISS

Ezekiel 11 in the SBITS

Ezekiel 11 in the SBITS2

Ezekiel 11 in the SBITS3

Ezekiel 11 in the SBITS4

Ezekiel 11 in the SBIUS

Ezekiel 11 in the SBIVS

Ezekiel 11 in the SBT

Ezekiel 11 in the SBT1E

Ezekiel 11 in the SCHL

Ezekiel 11 in the SNT

Ezekiel 11 in the SUSU

Ezekiel 11 in the SUSU2

Ezekiel 11 in the SYNO

Ezekiel 11 in the TBIAOTANT

Ezekiel 11 in the TBT1E

Ezekiel 11 in the TBT1E2

Ezekiel 11 in the TFTIP

Ezekiel 11 in the TFTU

Ezekiel 11 in the TGNTATF3T

Ezekiel 11 in the THAI

Ezekiel 11 in the TNFD

Ezekiel 11 in the TNT

Ezekiel 11 in the TNTIK

Ezekiel 11 in the TNTIL

Ezekiel 11 in the TNTIN

Ezekiel 11 in the TNTIP

Ezekiel 11 in the TNTIZ

Ezekiel 11 in the TOMA

Ezekiel 11 in the TTENT

Ezekiel 11 in the UBG

Ezekiel 11 in the UGV

Ezekiel 11 in the UGV2

Ezekiel 11 in the UGV3

Ezekiel 11 in the VBL

Ezekiel 11 in the VDCC

Ezekiel 11 in the YALU

Ezekiel 11 in the YAPE

Ezekiel 11 in the YBVTP

Ezekiel 11 in the ZBP