Ezekiel 22 (BOECS)

1 Yehowa ƒe nya va nam be: 2 “Ame vi, àdrɔ̃ ʋɔnuia? Àdrɔ ʋɔnu ʋukɔkɔɖi ƒe dua? Ekema tsɔ eƒe ŋukpenanuwɔnawo ɖo eƒe ŋkume, 3 eye nàgblɔ be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Du si he tsɔtsrɔ̃ va eɖokui dzi to ʋukɔkɔɖi le eƒe amewo dome, eye wòdo gu eɖokui to aklamakpakpɛwo wɔwɔ na eɖokui me. 4 Èɖi fɔ le ʋu si nèkɔ ɖi ta, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò le aklamakpakpɛ siwo nèwɔ la ta. Èhe nuwuwu na wò ŋkekewo vɛ, eye wò ƒewo ƒe nuwuwu va ɖo. Eya ta mawɔ wò nàzu fewuɖunu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã. 5 Kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa aɖu fewu le ŋuwò. O! Du maxɔŋkɔ, si yɔ fũu kple ʋunyaʋunya. 6 “ ‘Kpɔ ale si Israel dziɖula ɖe sia ɖe si le mewò la wɔa eƒe ŋusẽ ŋu dɔ be yeakɔ ʋu ɖi la ɖa. 7 Le mewò la, wodoa vlo fofo kple dada, le mewò la, wotea amedzrowo ɖe to, eye wosẽa ŋuta le tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ŋuti. 8 Miedo vlo nye nu kɔkɔewo, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. 9 Le mewò la, ameŋugblẽlawo li, siwo dina vevie be yewoakɔ ʋu ɖi. Le mewò la, amewo li, siwo ɖua nu le nuxeƒewo, le towo dzi, eye wowɔa ŋukpenanuwo. 10 Le mewò la, ame siwo doa vlo wo fofowo ƒe aba kple ame siwo dɔna kple nyɔnu siwo kpɔ dzinu, eye wo ŋuti mekɔ o la le. 11 Le mewò la, ŋutsu aɖe wɔ ŋukpenanu kple nɔvia ŋutsu aɖe srɔ̃, ŋutsu bubu dɔ eya ŋutɔ via ŋutsu srɔ̃ gbɔ, eye bubu dɔ eya ŋutɔ nɔvia nyɔnu gbɔ, ame si nye eya ŋutɔ fofovia nyɔnu. 12 Le mewò la, amewo xɔa zãnu be yewoakɔ ʋu ɖi. Woxɔa awɔbanu kple deme kɔkɔwo, eye wokpɔa viɖe madzemadze to wo nɔviwo baba me. Eye mieŋlɔm be. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 13 “ ‘Maƒo asikpe kplokplokpo kokoko le viɖe madzɔmadzɔ si miekpɔ kple ʋu si miekɔ ɖi le mia dome la ta. 14 Ɖe dzi anɔ mia ƒo alo miaƒe asiwo asẽ ŋu le ŋkeke si matu nu kple mi la dzia? Nye, Yehowae ƒo nu, eye mawɔe hã. 15 Makaka mi ɖe dukɔwo dome kple anyigbawo dzi, eye matsi miaƒe makɔmakɔnyenye nu. 16 Ne wodo gu mi le dukɔwo ƒe ŋkume la, mianya be nyee nye Yehowa.’ ” 17 Tete Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam. 18 “Ame vi, Israel ƒe aƒe blibo la zu aŋɔka nam; wo katã wonye akɔbli, gaɣi, gayibɔ kple tsumi si susɔ ɖe kpodzo me. Wole ko abe klosaloŋuka ene. 19 Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi mi katã miezu aŋɔka ta la, maƒo ƒu mi ayi Yerusalem. 20 Abe ale si amewo ƒoa ƒu klosalo, akɔbli, gayibɔ, tsumi kple gaɣi dea kpodzo me be woalolõ wo ene la, nenema maƒo mia nu ƒu le nye dɔmedzoe kple dziku me, eye mada mi ɖe du gã la me, alolõ mi. 21 Maƒo ƒu mia nu, eye matrɔ nye dɔmedzoe ƒe dzo akɔ ɖe mia dzi, eye woalolõ mi. 22 Abe ale si wololõa klosalo le kpodzo me ene la, nenema woalolõ mi le emee, eye mianya be nye, Yehowae trɔ nye dɔmedzoe kɔ ɖe mia dzi.’ ” 23 Yehowa ƒe nya gava nam be, 24 “Ame vi, gblɔ na anyigba la be, ‘Ènye anyigba aɖe si dzi tsi alo agbafie medza ɖo le dzikuŋkeke la dzi o.’ 25 Eƒe fiaviŋutsuwo bla nu le eme abe dzata si le gbe ɖem hele nu si wòlé la vuvum ene; wovuvua ame, tsɔa kesinɔnuwo kple nu xɔasiwo, eye wonana nyɔnu geɖewo zua ahosiwo le eme. 26 Eƒe nunɔlawo wɔa nu tovo ɖe nye se la ŋu, eye wodoa gu nye nu kɔkɔewo; womedea vovototo nye nu kɔkɔewo kple nu gbɔlowo dome o; wofiana be, vovototo aɖeke mele nu siwo dza kple nu siwo medza o la dome o. Woŋea aɖaba ƒua nye Dzudzɔgbe la ƒe ɖoɖowo dzi, ale wogblẽa kɔ ɖo nam le wo dome. 27 Woƒe amegãwo le abe amegaxiwo ene le eme, eye wovuvua nu siwo wolé. Wokɔa ʋu ɖi, eye wowua amewo be woawɔ viɖe madzɔmadzɔwo. 28 Woƒe nyagblɔɖilawo siaa akalo ɖe nu ŋu na wo to aʋatsoŋutegawo me, eye wogblɔa alakpanyawo na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi.’ Le esime wònye Aƒetɔ la meƒo nu o hafi. 29 Anyigba la dzi nɔlawo baa ame, eye wodaa adzo; wotea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe anyi, wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖe amedzrowo ŋu, eye womedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na wo o. 30 “Medi ame aɖe le wo dome, ame si atu gli la, eye wòatsi tsitre ɖe nye ŋkume le gbadzaƒe le ameawo teƒe, ale be nyemagblẽ nu o, gake nyemekpɔ ame aɖeke o. 31 Eya ta matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, mabi wo kple nye dɔmedzoe, eye mahe nu siwo katã wowɔ la va da ɖe woƒe ta dzi. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

In Other Versions

Ezekiel 22 in the ANGEFD

Ezekiel 22 in the ANTPNG2D

Ezekiel 22 in the AS21

Ezekiel 22 in the BAGH

Ezekiel 22 in the BBPNG

Ezekiel 22 in the BBT1E

Ezekiel 22 in the BDS

Ezekiel 22 in the BEV

Ezekiel 22 in the BHAD

Ezekiel 22 in the BIB

Ezekiel 22 in the BLPT

Ezekiel 22 in the BNT

Ezekiel 22 in the BNTABOOT

Ezekiel 22 in the BNTLV

Ezekiel 22 in the BOATCB

Ezekiel 22 in the BOATCB2

Ezekiel 22 in the BOBCV

Ezekiel 22 in the BOCNT

Ezekiel 22 in the BOGWICC

Ezekiel 22 in the BOHCB

Ezekiel 22 in the BOHCV

Ezekiel 22 in the BOHLNT

Ezekiel 22 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 22 in the BOICB

Ezekiel 22 in the BOILNTAP

Ezekiel 22 in the BOITCV

Ezekiel 22 in the BOKCV

Ezekiel 22 in the BOKCV2

Ezekiel 22 in the BOKHWOG

Ezekiel 22 in the BOKSSV

Ezekiel 22 in the BOLCB

Ezekiel 22 in the BOLCB2

Ezekiel 22 in the BOMCV

Ezekiel 22 in the BONAV

Ezekiel 22 in the BONCB

Ezekiel 22 in the BONLT

Ezekiel 22 in the BONUT2

Ezekiel 22 in the BOPLNT

Ezekiel 22 in the BOSCB

Ezekiel 22 in the BOSNC

Ezekiel 22 in the BOTLNT

Ezekiel 22 in the BOVCB

Ezekiel 22 in the BOYCB

Ezekiel 22 in the BPBB

Ezekiel 22 in the BPH

Ezekiel 22 in the BSB

Ezekiel 22 in the CCB

Ezekiel 22 in the CUV

Ezekiel 22 in the CUVS

Ezekiel 22 in the DBT

Ezekiel 22 in the DGDNT

Ezekiel 22 in the DHNT

Ezekiel 22 in the DNT

Ezekiel 22 in the ELBE

Ezekiel 22 in the EMTV

Ezekiel 22 in the ESV

Ezekiel 22 in the FBV

Ezekiel 22 in the FEB

Ezekiel 22 in the GGMNT

Ezekiel 22 in the GNT

Ezekiel 22 in the HARY

Ezekiel 22 in the HNT

Ezekiel 22 in the IRVA

Ezekiel 22 in the IRVB

Ezekiel 22 in the IRVG

Ezekiel 22 in the IRVH

Ezekiel 22 in the IRVK

Ezekiel 22 in the IRVM

Ezekiel 22 in the IRVM2

Ezekiel 22 in the IRVO

Ezekiel 22 in the IRVP

Ezekiel 22 in the IRVT

Ezekiel 22 in the IRVT2

Ezekiel 22 in the IRVU

Ezekiel 22 in the ISVN

Ezekiel 22 in the JSNT

Ezekiel 22 in the KAPI

Ezekiel 22 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 22 in the KBV

Ezekiel 22 in the KJV

Ezekiel 22 in the KNFD

Ezekiel 22 in the LBA

Ezekiel 22 in the LBLA

Ezekiel 22 in the LNT

Ezekiel 22 in the LSV

Ezekiel 22 in the MAAL

Ezekiel 22 in the MBV

Ezekiel 22 in the MBV2

Ezekiel 22 in the MHNT

Ezekiel 22 in the MKNFD

Ezekiel 22 in the MNG

Ezekiel 22 in the MNT

Ezekiel 22 in the MNT2

Ezekiel 22 in the MRS1T

Ezekiel 22 in the NAA

Ezekiel 22 in the NASB

Ezekiel 22 in the NBLA

Ezekiel 22 in the NBS

Ezekiel 22 in the NBVTP

Ezekiel 22 in the NET2

Ezekiel 22 in the NIV11

Ezekiel 22 in the NNT

Ezekiel 22 in the NNT2

Ezekiel 22 in the NNT3

Ezekiel 22 in the PDDPT

Ezekiel 22 in the PFNT

Ezekiel 22 in the RMNT

Ezekiel 22 in the SBIAS

Ezekiel 22 in the SBIBS

Ezekiel 22 in the SBIBS2

Ezekiel 22 in the SBICS

Ezekiel 22 in the SBIDS

Ezekiel 22 in the SBIGS

Ezekiel 22 in the SBIHS

Ezekiel 22 in the SBIIS

Ezekiel 22 in the SBIIS2

Ezekiel 22 in the SBIIS3

Ezekiel 22 in the SBIKS

Ezekiel 22 in the SBIKS2

Ezekiel 22 in the SBIMS

Ezekiel 22 in the SBIOS

Ezekiel 22 in the SBIPS

Ezekiel 22 in the SBISS

Ezekiel 22 in the SBITS

Ezekiel 22 in the SBITS2

Ezekiel 22 in the SBITS3

Ezekiel 22 in the SBITS4

Ezekiel 22 in the SBIUS

Ezekiel 22 in the SBIVS

Ezekiel 22 in the SBT

Ezekiel 22 in the SBT1E

Ezekiel 22 in the SCHL

Ezekiel 22 in the SNT

Ezekiel 22 in the SUSU

Ezekiel 22 in the SUSU2

Ezekiel 22 in the SYNO

Ezekiel 22 in the TBIAOTANT

Ezekiel 22 in the TBT1E

Ezekiel 22 in the TBT1E2

Ezekiel 22 in the TFTIP

Ezekiel 22 in the TFTU

Ezekiel 22 in the TGNTATF3T

Ezekiel 22 in the THAI

Ezekiel 22 in the TNFD

Ezekiel 22 in the TNT

Ezekiel 22 in the TNTIK

Ezekiel 22 in the TNTIL

Ezekiel 22 in the TNTIN

Ezekiel 22 in the TNTIP

Ezekiel 22 in the TNTIZ

Ezekiel 22 in the TOMA

Ezekiel 22 in the TTENT

Ezekiel 22 in the UBG

Ezekiel 22 in the UGV

Ezekiel 22 in the UGV2

Ezekiel 22 in the UGV3

Ezekiel 22 in the VBL

Ezekiel 22 in the VDCC

Ezekiel 22 in the YALU

Ezekiel 22 in the YAPE

Ezekiel 22 in the YBVTP

Ezekiel 22 in the ZBP