Ezekiel 34 (BOECS)

1 Yehowa ƒe nya va nam be, 2 “Ame vi, gblɔ nya ɖi ɖe Israel ƒe alẽkplɔlawo ŋu. Gblɔ nya ɖi be nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Babaa na Israel ƒe alẽkplɔlawo, ame siwo léa be na woawo ŋutɔ ɖokuiwo ko! Ɖe alẽkplɔlawo makpɔ alẽhawo dzi oa? 3 Mienoa woƒe notsi, miedoa awu siwo wotsɔ woƒe alẽfu wɔe, eye miewua lã damitɔwo, ke mieléa be na alẽhawo o. 4 Miedo ŋusẽ alẽ siwo gbɔdzɔ o, mieda gbe le alẽ siwo dze dɔ la ŋu o, eye miebla abi na esiwo nu vevi wɔ o. Miekplɔ esiwo tra mɔ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu o. Miekplɔ wo kple dzimagbɔɖi, eye miewɔ funyafunya wo. 5 Ale wokaka, elabena alẽkplɔla aɖeke mele wo si o, eye esi wokaka la, wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo. 6 Nye alẽwo tsa tsaglalã le towo kple togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi. Wokaka ɖe afi sia afi le anyigba dzi, eye ame aɖeke medi wo o.’ 7 “Eya ta, mi alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nya. 8 ‘Nye Aƒetɔ Yehowa, meta nye agbe be, esi alẽkplɔla meli na nye alẽawo o, zi ale si woha nye alẽawo, eye wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo, eye esi nye alẽkplɔlawo medi nye alẽawo o, ke boŋ wolé be na woawo ŋutɔ ɖokui, eye menye na nye alẽawo o ta la, 9 eya ta o, alẽkplɔlawo, mise Yehowa ƒe nyawo.’ 10 Alea Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Metso ɖe alẽkplɔlawo ŋu, eye mana woana akɔnta tso nye alẽha ŋu. Mana woadzudzɔ alẽawo kpɔkplɔ ale be, alẽkplɔlawo magate ŋu ana nuɖuɖu wo ɖokuiwo o. Maɖe nye alẽha tso woƒe nu me, eye womaganye nuɖuɖu na wo o.’ 11 “Elabena esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye makpɔ wo dzi. 12 Abe ale si alẽkplɔla kpɔa eƒe alẽ siwo ka hlẽ dzi ne ele wo gbɔ ene la, nenemae makpɔ nye alẽawo dzii. Maɖe wo tso teƒe siwo katã woka hlẽ yi la le lilikpowo kple viviti ƒe ŋkeke aɖe dzi. 13 Maɖe wo tso dukɔwo me, maƒo ƒu wo tso anyigbawo dzi, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Mana woaɖu gbe le Israel towo dzi, le Israel ƒe baliwo me kple amenɔƒewo katã le anyigba la dzi. 14 Makpɔ wo dzi le lãnyiƒe nyui aɖe, eye Israel ƒe tonyigbawo anye woƒe gbeɖuƒe. Afi ma woatsyɔ akɔ anyi ɖe gbeɖuƒe nyui aɖe, eye afi ma woaɖu gbe le lãnyiƒe dama aɖe le Israel ƒe towo dzi. 15 Nye ŋutɔ makpɔ nye alẽwo dzi, eye mana woamlɔ anyi.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 16 Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye. 17 “Ke na mi, nye alẽawo la, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple alẽ bubu dome kple le agbowo kple gbɔ̃wo dome. 18 Ɖe mesɔ gbɔ na mi be miaɖu gbe le lãnyiƒe damawo oa? Ɖe wòle be miatu afɔ miaƒe lãnyiƒe si susɔ la dzia? Mesɔ gbɔ na mi be miano tsi nyui oa? Ɖe wòle be miatsɔ miaƒe afɔ ablu ba ɖe tsi si susɔ la mea? 19 Ɖe wòle be nye alẽha naɖu gbe si dzi mietu afɔe eye woano tsi si me miefa ba ɖo kple miaƒe afɔwoa?’ 20 “Eya ta nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na woe nye, ‘Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ damiwo kple alẽ ɖikuwo dome. 21 Esi mietsɔ axadame kple abɔta mimi lã ŋusẽmanɔŋutɔwo katã ɖo, eye mietu dzo wo va se ɖe esime mienya wo de gbe la, 22 maɖe nye alẽha la, eye womagaha wo azɔ o. Madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ ɖeka kple bubu dome. 23 Mana alẽkplɔla ɖeka nye dɔla David nakplɔ wo, eye wòakpɔ wo dzi abe woƒe alẽkplɔla ene. 24 Nye, Yehowa, manye woƒe Mawu, eye nye dɔla, David anye fiavi ŋutsuvi anɔ wo dome.’ Nye, Yehowae gblɔe. 25 “ ‘Mabla ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye maɖe lã wɔadãwo ɖa le anyigba la dzi, ale be woanɔ gbegbe, eye woadɔ alɔ̃ le avewo me le dedinɔnɔ me. 26 Mayra wo kpe ɖe teƒe siwo ƒo xlã nye to la ŋu. Mana tsi nadza le tsidzaɣi, yayra ƒe agbafie anɔ anyi. 27 Atiwo le gbedzi atse ku, eye anyigba ana nuku nyuiwo, eye amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woanya be nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkutimegawo, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la ƒe asi me. 28 Dukɔwo magaha wo azɔ o, eye lã wɔadãwo magavuvu wo o. Woanɔ anyi le dedinɔnɔ me, eye ame aɖeke magado ŋɔdzi na wo o. 29 Mana anyigba si xɔ ŋkɔ le eƒe nukuwo ta la wo, womagakpe fu le dɔwuame ƒe asi me le woƒe anyigba dzi o, eye dukɔwo magaɖu fewu le wo ŋu azɔ o. 30 Ekema woanya be nye, Yehowa, woƒe Mawu la meli kpli wo, eye woawo, Israel ƒe aƒe la me tɔwo, nye nye amewo. Aƒetɔ Yehowae gblɔe. 31 Mi, nye alẽwo, alẽwo le nye lãnyiƒe mienye, eye nyee nye miaƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”

In Other Versions

Ezekiel 34 in the ANGEFD

Ezekiel 34 in the ANTPNG2D

Ezekiel 34 in the AS21

Ezekiel 34 in the BAGH

Ezekiel 34 in the BBPNG

Ezekiel 34 in the BBT1E

Ezekiel 34 in the BDS

Ezekiel 34 in the BEV

Ezekiel 34 in the BHAD

Ezekiel 34 in the BIB

Ezekiel 34 in the BLPT

Ezekiel 34 in the BNT

Ezekiel 34 in the BNTABOOT

Ezekiel 34 in the BNTLV

Ezekiel 34 in the BOATCB

Ezekiel 34 in the BOATCB2

Ezekiel 34 in the BOBCV

Ezekiel 34 in the BOCNT

Ezekiel 34 in the BOGWICC

Ezekiel 34 in the BOHCB

Ezekiel 34 in the BOHCV

Ezekiel 34 in the BOHLNT

Ezekiel 34 in the BOHNTLTAL

Ezekiel 34 in the BOICB

Ezekiel 34 in the BOILNTAP

Ezekiel 34 in the BOITCV

Ezekiel 34 in the BOKCV

Ezekiel 34 in the BOKCV2

Ezekiel 34 in the BOKHWOG

Ezekiel 34 in the BOKSSV

Ezekiel 34 in the BOLCB

Ezekiel 34 in the BOLCB2

Ezekiel 34 in the BOMCV

Ezekiel 34 in the BONAV

Ezekiel 34 in the BONCB

Ezekiel 34 in the BONLT

Ezekiel 34 in the BONUT2

Ezekiel 34 in the BOPLNT

Ezekiel 34 in the BOSCB

Ezekiel 34 in the BOSNC

Ezekiel 34 in the BOTLNT

Ezekiel 34 in the BOVCB

Ezekiel 34 in the BOYCB

Ezekiel 34 in the BPBB

Ezekiel 34 in the BPH

Ezekiel 34 in the BSB

Ezekiel 34 in the CCB

Ezekiel 34 in the CUV

Ezekiel 34 in the CUVS

Ezekiel 34 in the DBT

Ezekiel 34 in the DGDNT

Ezekiel 34 in the DHNT

Ezekiel 34 in the DNT

Ezekiel 34 in the ELBE

Ezekiel 34 in the EMTV

Ezekiel 34 in the ESV

Ezekiel 34 in the FBV

Ezekiel 34 in the FEB

Ezekiel 34 in the GGMNT

Ezekiel 34 in the GNT

Ezekiel 34 in the HARY

Ezekiel 34 in the HNT

Ezekiel 34 in the IRVA

Ezekiel 34 in the IRVB

Ezekiel 34 in the IRVG

Ezekiel 34 in the IRVH

Ezekiel 34 in the IRVK

Ezekiel 34 in the IRVM

Ezekiel 34 in the IRVM2

Ezekiel 34 in the IRVO

Ezekiel 34 in the IRVP

Ezekiel 34 in the IRVT

Ezekiel 34 in the IRVT2

Ezekiel 34 in the IRVU

Ezekiel 34 in the ISVN

Ezekiel 34 in the JSNT

Ezekiel 34 in the KAPI

Ezekiel 34 in the KBT1ETNIK

Ezekiel 34 in the KBV

Ezekiel 34 in the KJV

Ezekiel 34 in the KNFD

Ezekiel 34 in the LBA

Ezekiel 34 in the LBLA

Ezekiel 34 in the LNT

Ezekiel 34 in the LSV

Ezekiel 34 in the MAAL

Ezekiel 34 in the MBV

Ezekiel 34 in the MBV2

Ezekiel 34 in the MHNT

Ezekiel 34 in the MKNFD

Ezekiel 34 in the MNG

Ezekiel 34 in the MNT

Ezekiel 34 in the MNT2

Ezekiel 34 in the MRS1T

Ezekiel 34 in the NAA

Ezekiel 34 in the NASB

Ezekiel 34 in the NBLA

Ezekiel 34 in the NBS

Ezekiel 34 in the NBVTP

Ezekiel 34 in the NET2

Ezekiel 34 in the NIV11

Ezekiel 34 in the NNT

Ezekiel 34 in the NNT2

Ezekiel 34 in the NNT3

Ezekiel 34 in the PDDPT

Ezekiel 34 in the PFNT

Ezekiel 34 in the RMNT

Ezekiel 34 in the SBIAS

Ezekiel 34 in the SBIBS

Ezekiel 34 in the SBIBS2

Ezekiel 34 in the SBICS

Ezekiel 34 in the SBIDS

Ezekiel 34 in the SBIGS

Ezekiel 34 in the SBIHS

Ezekiel 34 in the SBIIS

Ezekiel 34 in the SBIIS2

Ezekiel 34 in the SBIIS3

Ezekiel 34 in the SBIKS

Ezekiel 34 in the SBIKS2

Ezekiel 34 in the SBIMS

Ezekiel 34 in the SBIOS

Ezekiel 34 in the SBIPS

Ezekiel 34 in the SBISS

Ezekiel 34 in the SBITS

Ezekiel 34 in the SBITS2

Ezekiel 34 in the SBITS3

Ezekiel 34 in the SBITS4

Ezekiel 34 in the SBIUS

Ezekiel 34 in the SBIVS

Ezekiel 34 in the SBT

Ezekiel 34 in the SBT1E

Ezekiel 34 in the SCHL

Ezekiel 34 in the SNT

Ezekiel 34 in the SUSU

Ezekiel 34 in the SUSU2

Ezekiel 34 in the SYNO

Ezekiel 34 in the TBIAOTANT

Ezekiel 34 in the TBT1E

Ezekiel 34 in the TBT1E2

Ezekiel 34 in the TFTIP

Ezekiel 34 in the TFTU

Ezekiel 34 in the TGNTATF3T

Ezekiel 34 in the THAI

Ezekiel 34 in the TNFD

Ezekiel 34 in the TNT

Ezekiel 34 in the TNTIK

Ezekiel 34 in the TNTIL

Ezekiel 34 in the TNTIN

Ezekiel 34 in the TNTIP

Ezekiel 34 in the TNTIZ

Ezekiel 34 in the TOMA

Ezekiel 34 in the TTENT

Ezekiel 34 in the UBG

Ezekiel 34 in the UGV

Ezekiel 34 in the UGV2

Ezekiel 34 in the UGV3

Ezekiel 34 in the VBL

Ezekiel 34 in the VDCC

Ezekiel 34 in the YALU

Ezekiel 34 in the YAPE

Ezekiel 34 in the YBVTP

Ezekiel 34 in the ZBP